26-0426 Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O

Gbedasi: 65-0718M Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O


BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ Si Wokebe,

Gaƒoƒo la ŋu yi. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Ele be woawɔ nyametsotso la. Mawu le tokla nam Eviawo. Aƒetɔ mía Mawu gblɔe eye wòɖo kpe nusi Eƒe Nyateƒe la nye dzi na mí to Eƒe Nya dzi, kple to Eƒe Gbɔgbɔ me. Menye ŋusẽ o, menye kalẽ o, ke boŋ to Nye Gbɔgbɔ me, eye Wò Nya la nye Nyateƒe.

Eɖo kpe edzi kɔtɛ na Ŋugbetɔ la egbea be Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Efia mí eye wòɖee fia mí be Gbedeasi la kple gaƒoƒo la ƒe gbedeasitsɔla la le ɖeka. Eɖe Eƒe nya ɣaɣla siwo katã woɣla ɖe Nya la me la fia mí. Eɖo kpe Edzi na mí to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. Biabia aɖeke mele míaƒe susu, alo luʋɔ me o. Eƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi la nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI NA EƑE ŊUGBETƆ.

Mawu ɖea mɔ ɣesiaɣi be mɔ geɖewo nava Ye gbɔ. Ewɔa Eƒe mɔɖeɖe Lɔlɔ̃nu wòzua Eƒe lɔlɔ̃nu Deblibo. Enaa LƆLƆ̃NU DEBLIBO KPLE MƆ DEBLIBO EVIAWO hã ɣesiaɣi. Ame geɖe dzea agbagba be yewoato mɔ bubu dzi to agbagba dzedze me be yewoawɔ dɔ na Mawu evɔ menye Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo o. Ate ŋu adze abe Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo ene eye wòaɖi nenema, gake menye le Eƒe Nya nu o.

Ame gã aɖe gɔ̃ hã, si wosi ami na yeyee, si tso Mawu ƒe Ŋkume ŋutɔŋutɔ la, xɔ ɖeɖefia be yeawɔ nane na Mawu, eye wòdi be yeawɔe na Mawu; gake ɖeɖefia si su esi la mesɔ o.

Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ Eƒe mɔ deblibo si wona mí. Aleke míawɔ anya be míele Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me ne ame aɖe si wosi ami na vavã, si tso Mawu ŋkume tututu, kple ɖeɖefia aɖe, be ele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo me?

MƆ ÐEKA KOE li BE NÀNYA KPLE KAKAÐEDZI, eye Mawu na mɔ ma na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu ƒe Gbe Ŋutɔ gblɔ na hame sia, kple mi ame siwo katã le nyaƒokawo dzi, kple ame siwo le ka dzi le xexeame ƒe akpa bubuwo, ɣemaɣi kple FIFIA. Egblɔ na mí be míaɖo to nya si gblɔm wòle nyuie ŋutɔŋutɔ, eye be MÍAGADA ƑU o.  

Nenema ke mele egblɔm, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: Migatsɔ nu ɖeka kpe o, migaɖe o, migade miaŋutɔ ƒe susuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka mawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi tututu Aƒetɔ Mawu de se be miawɔ ko; migatsɔ Kpe o!

Megblɔ be, nenema ke mefia hã be, mawunyagblɔlawo mateŋu aɖe gbeƒã Nya la o, nufialawo mateŋu afia Nya la o, alo pastɔwo alo nyagblɔɖilawo awɔ nusi woyɔ mí be míawɔ o; ele be woawɔe, ele nam be mawɔe. Woyɔ mí eye woɖo mí be míawɔe nenema. Ele be míafia asi Gbedeasi kple gbedeasitsɔla sia aɖaxlẽe na amewo, elabena Enye Nya na míaƒe ŋkeke la.
Gake egblɔ na mí eme kɔ ƒãa be woate ŋu asi ami na mía katã, kple amisisi vavãtɔ, ayɔ mí fũ kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe, kple ɖeɖefia yeye, eye míanɔ Eƒe lɔlɔ̃nu godo. Le míaƒe ŋkeke me la, Ena MƆ DEBLIBO aɖe si dzi miato anya kakaɖedzitɔe be miele Mawu ƒe Gbe sem, tso Mawu Ŋutɔ gbɔ. Eyae nye mɔ ÐEKA si de blibo.

Menye ɖeko wòle be subɔsubɔdɔ la naxlẽ Gbedeasi sia ahaɖe gbeƒãe ko o, ele be míaƒo Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi na amewo. AMISISI GÃTƆ aɖeke meli wu be woase Mawu ƒe Gbe o. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi míato anya ɖikeke ƒe vɔvɔli aɖeke manɔmee be nusi sem míele la nye nusi TUTUTU Mawu gblɔ o.
Le ŋkeke sia me, tovovo na ŋkeke bubu ɖesiaɖe le xexeame ƒe ŋutinya la, Mawu na mɔ aɖe si ana be manɔ bɔbɔe be woada ƒui gbeɖe o, nenye be ènye Eƒe Ŋugbetɔ si Woɖo ɖi. Dzosɔti la Ŋutɔe ɖo kpe edzi eye wòɖee fia be enye Mawu Ŋutɔ ƒe Gbe si le nu ƒom na Eƒe Hame la tẽ.

Le ƒe akpeawo katã me la, Mawu viwo di vevie eye dɔ wu wo be yewoase Mawu ƒe Gbe na yewo ɖokui. Aleke gbegbe wodzro be yewoanɔ afima gbemagbe esime Yesu ɖe gbeƒã na ame akpe geɖe siwo nɔ toa dzi hafi. Be woase alesi Wògblɔ Eƒe Nya la kple lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ. Be woase alesi Wòte gbe ɖe Nya ɖesiaɖe dzii. Alesi Wòaƒo nu ahade dzi ƒo na woƒe dziwo.

Míele agbe fifia eye míele Mawu ƒe Ŋkume hele Mawu ƒe Gbe sem.

Gbeɖeka eteƒe madidi kura o, míagatrɔ ayi agbe sia ƒomevi me ake o. Míatrɔ ava abe nuwɔwɔ makumaku ene. Woaɖe nuvɔ̃ ɖa. Woabla Satana hena ƒe akpe ɖeka eye míanɔ anyigba sia si Aƒetɔ mía Mawu na mí la dzi.
Míede blibo 100%. Míekpɔ dzidzɔ alo ɖikeke mebu ale gbegbe le míaƒe agbe me kpɔ o. Míele Ðeka kple Eyama kpakple Eƒe Nya. Míenye Eƒe Nya. MÍELE EƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO ME TO ANYINƆNƆ KPLE EƑE GBE, EƑE NYA ME. Atrɔ ava ŋkeke ɖesiaɖe fifia be yeakplɔ mí adzo kple Eyama.

Akpe na Wò Aƒetɔ Yesu!

Aƒetɔ mia Mawu gblɔ nusi nye Nyateƒe la na mi. Aƒetɔ mia Mawu la ɖo kpe nusi nye Nyateƒe la dzi na mi, to Eƒe Nya kple to Eƒe Gbɔgbɔ dzi. “Menye ŋusẽ o, menye kalẽ o, gake nye Gbɔgbɔ lae.” Eye, Gbɔgbɔ la, “Mawu dia amesiwo subɔa Eyama le Gbɔgbɔ kple Nyateƒe la me.” “Wò Nya nye Nyateƒe.” Eye Wòɖo kpe edzi kɔtɛ be Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Efia fĩeɣi Nukuwo mi. Eɖe Esia fia mi, le Nya la me. Eɖo kpe Edzi na mi, to Eƒe Gbɔgbɔ la dzi.

Kple nye dzi blibo la mele mia dometɔ ɖesiaɖe kpem be miava wɔ ɖeka kple Eƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe esi míawɔ ɖeka tso xexeame ƒe akpa vovovowo le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase Eƒe Gbe wòaƒo nu to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia dzi eye wòahe Gbedeasi la vɛ na mí: Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O 65-0718M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasia:
Mose V, 4:1-4 / 4:25-26
Kronika I ta 13 lia
Kronika I, 15:15
Psalmowo ta 22 lia
Marko Kɔkɔe 7:7
Yoel 2:28
Amos 3:7
Maleaxi Ta 3 lia
Mateo Kɔkɔe 11:1-15
Korintotɔwo I, 13:1