21-0905 Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O

Gbedasi: 65-0718m Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Mawu Ƒe Gbe Ƒe Hame Lɔlɔ̃a,

Míenye Eƒe Mawu Ƒe Gbe Ƒe Hame, Eƒe Nya Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ, eye bebli hafi míate ŋu alala be míase nusi Fofo le gbɔgblɔ ge aɖaɖe fia mí Kɔsiɖagbe sia.

Mawu Ƒe Gbe Gbagbe la le míaƒe asibidɛwo nu. Ne míenya ka asii kple míaƒe asibidɛ la míate ŋu ase Mawu si le Agbemavɔ ƒe Nyawo gblɔm, to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi. Le asibidɛ ɖeka nu la Eƒoa nu na mí heɖea nyaɣlaɣlawo katã siwo nɔ ɣlaɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke fia mí.

Le asibidɛ ɖeka nu la Eɖoa biabia ɖe sia ɖe si le míaƒe dziwo dzi ŋu. Le asibidɛ ɖeka nu la Egblɔa nusianu si wòle be míanya na mí. Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu se Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí aɖana mí Kɔkɔdzoe le Xɔse me. Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu ase Mawu wòaƒo nu aɖagblɔ na mí be, miekpɔ dɔyɔyɔ.

Ne futɔ la le gbɔgblɔm na mí be míenye Mawu ƒe Ŋugbetɔ o, gegevi koe mienye la, le asibidɛ ɖeka nu la míezina play hesena Fofo ƒoa nu na mí henana mí kakaɖedzi be, “MIENYE nye Ŋugbetɔ tiatia. Meɖo mi ɖi do ŋgɔ na Xexeame ƒe Gɔmeɖoɖo anyi ke.”

Ne míeɖiɖi le gbɔgbɔme eye futɔ la le ƒoƒom ɖe míadzi le akpa sia akpa la, le míaƒe asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu ase Eyama wòaƒo nu na mí aɖagblɔ ko be, “ŋdi na mi Xɔ̃nyewo,” ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋutifafa ayɔ xɔa me taŋ.

Ne míese FUTƆ LA GBLƆ be ame do ko kplɔm míele hele gbe tem ɖe edzi akpa la, le asibidɛ ɖeka nu la míesea Mawu ƒe Gbe wògblɔa na mí be:

Egblɔ nam be ne mena amewo xɔ dzi nye se. Esia wɔ saga nam be elebe magblɔ esia, “Ɖee miexɔ dzi nye sea?” Egblɔ be, “Meɖee wòle be miaxɔ Mawu dzi sea?” Edze be miaxɔ ema dzi se. Edze be miaxɔ Mawu dzi se aɖaxɔ Kristo dzi se, aɖaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi se. Ke ne miexɔ wokatã dzi se vɔ la, Mawu di be miaxɔ dzi nye se.

Ne futɔ la le agbagba dzem be yeagblɔ na mí be, “Mele Ŋɔŋlɔa me o eye mele eteƒe be woakpe ɖedu le ɣeyiɣi aɖe me tututu aɖase nyaƒokawo o la,” le asibidɛ ɖeka nu la míesena Mawu ƒe Gbe wògblɔa na mí be:

Ke na hame sia, eye na nyaƒokawo, amesiwo le esem to nyaƒokawo dzi, kple na amesiwo le ka me le dukɔa ƒe afi vovowo me la, medi be miase esia nyuie ŋutɔ, ke migadae ƒu o.

Ne futɔ la le gbɔgblɔm be Nɔviŋutsu Branham gblɔ bena minɔ anyi kple Nya la, menye kple nyaƒokawo o la, le asibidɛ ɖeka nu la míesena Mawu ƒe Gbe WÒDOAƔLI SESIẼ hegblɔa bena:

Nenema ke nye hã mele egblɔm, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: Migatsɔ nu ɖeka kpee o, migatsɔ o, de mia ŋutɔ ƒe susuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka mawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ ko; migatsɔ Kpee o!

Gbe Ma le gbɔgblɔm na mí gɔ hã alesi Míasɔe kple Nya la alebe míegawɔ vodada o.

Miaƒe dzizizi atɔ̃awoe ma. Elebe wòanye mɔ ma dzi.
•Eƒe ɣeyiɣi.
•Eƒe azã gbe.
•Ame si Wòtia la.
•Edze be wòava na nyagblɔɖila la.
•Edze be nyagblɔɖila la nanye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe.

Yesu Kristo ye nye míaƒe Nyagblɔɖila.

Nya si dzi woɖo kpe na gaƒoƒo la! Nya si dzi woɖo kpe le Mose ƒe ŋkekewo me nye Yesu. Nya si dzi woɖo kpe le Yesaya, Eliya, Yohanes, wokatã ƒe ŋkeke me la, nye Yesu. Ke Nya si dzi woɖo kpe egbe la nye Yesu, eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu azi play aɖase Yesu Kristo Ŋutɔ wòaƒo nu aɖaɖe fia mí be:

•Ɣeyiɣi lae nye esi,
•Azã gbe lae nye esi,
•Ame si Metia ye nye esi,
•Nye nyagblɔɖila ye nye esi,
•Woɖo kpe nyagblɔɖila sia dzi wu Nye nyagblɔɖila bubu ɖe sia ɖe.

Egbe la, menye Dziƒo Mawu la ɖeɖeko ye le nuƒom na mí o, gake Ele mía me, xɔ anyi nɔ, hele Eƒe Agbe nɔm to mía me. Egbɔ míaƒe nugɔmesese ta.

Mina míadzra míaɖokuiwo ɖo. Game la tu aƒe. Míekpɔ Ŋɔŋlɔ la eme vam gbesiagbe. Gbedeasi la le abe egbe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ene:

“Ɣeyiɣi la ƒe tɔtɔtɔtɔ, xaxa le dukɔwo do me, anyigba ʋuʋuwo le teƒe vovovowo, atsiaƒu le adãwɔm, vɔvɔ̃ ɖe to ɖe amegbetɔ ƒe dzi ŋu.”

Dzɔdzɔmea ŋutɔ gɔ hã le egblɔm na mí egbe, esime míekpɔ dukɔwo le gbagbãm, anyigba le to yim, nuŋɔŋlɔ le gli la ŋu.

Míele Ŋugbetɔ la kpɔm kple nɔnɔme si me Wòle la. Ke míenyae, to dzɔdzɔme la dzi, be Hame la le dzradzraɖo wɔm hena dzodzo.

ŊUTIKƆKƆE, míele dzradzraɖo wɔm hena dzodzo. Le asibidɛ ɖeka ko nu la àte ŋu adzra ɖokuiwò ɖo. Melewò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 Woale me, le Jeffersonville ƒe game, aɖase : Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O 65-0718M.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose Atɔ̃lia 4:1-4 / 4:25-26
Kronika I 13
Kronika I 15:15
Psalmowo 22
Marko Kɔkɔe 7:7
Yoel 2:28
Amos 3:7
Maleaxi 3
Mateo Kɔkɔe 11:1-15
Korintotɔwo I 13:1