Kristmas ƒe Ðoɖowɔɖi

Nɔviŋutsu Kple Nɔvinyɔnu Lɔlɔ̃tɔwo,

Esime Kristmas dze Kɔsiɖagbe dzi ƒe sia me ta la, mese le nye dzi me be nyemagatia game aɖeke na mí be míase Gbedeasi la gbemagbe o. Ƒome geɖewo ɖo ɖevi suewo siwo tsina dzodzodzoe alegbegbe be yewoaʋu yewoƒe nunanawo le Kristmas ŋdi me, ke asesẽ na wo ŋutɔ be woanɔ anyi aɖase Gbedeasi la alo be woana woalala sẽ ɖe game aɖe megbe.
Ke, kokoko, le Kristmas la, mienya, ɖevi suewo, miate ŋu agblɔe na wo woase eme o. Wo, ɖeko, enye Kristmas ɣeyiɣi na wo. Ke womatsɔ woƒe afɔwui suea aku nu ŋu o, nane anɔ anyi. Kɔnue, ŋutɔ gɔ hã le míaƒe dukɔ la me, bena wokuna afɔwui aɖe, kple nububu aɖe ŋu. Tsyo, mewɔe, esime menye ɖevi, ke—ke togbɔ be e—edzo ɖa le Ŋɔŋlɔa gbɔ, mɔ dodo la gbɔ abe alesi wòle. Kokoko la, ɖeviwo le, wosena ɖevi bubuwo gblɔa be, “Enyo, mexɔ esia na Kristmas. Mexɔ esia.” Ɖevi sueawo nɔa tsitre ƒo xlã, kpɔa nu, minyae. Miawo, miate ŋu ana woase egɔme o. Mikpɔea? Eyata, ɖeko, Kristmas le afisia be yeatsi anyi ye. Ẽ ɖe.

Bubuwo hã woate ŋu adi boŋ be yewoanyɔ kaba aɖase Gbedeasi la, esime ɖoɖowo le wosi kple ƒometɔ bubuwo emegbe le ŋkeke ma ke dzi ta. Eyata metso nyame bena ƒome ɖe sia ɖe netia game si asɔ nyuietɔ wu kple woƒe ɖoɖowɔɖi hena Gbedeasi la sese. Míele Gbedeasi la ƒo ge le Lifeline dzi le game etɔ̃ vovovowo dzi le Kristmas Ŋkeke dzi: Ŋdi ga 9 – Ŋdɔ ga 12 – Ɣetrɔ ga 5. Meɖe kuku megase le ɖokuiwòme be ele be nàse le game siawo ƒe dometɔ ɖeka dzi o, gake tia game nyuietɔ la na wò kple wò ƒomea. Nu vevietɔ lae nye, ZI PLAY.


Ate ŋu aɖi kokoe aɖe tɔgbe, ŋdi sia, be medo nye awuʋlaya le kpeadzi, gake dzidzɔm alegbegbe be ma- matsɔ awuʋlaya nyuie ma si hame la nam afia. Mekpɔ nɔviŋutsu Neville le dzi le afisia etsɔ, kple kotu nyuie ma le eŋu, esɔ kplii nyuie alegbegbe, ke mesusu be, enyo, me—me…enyo alegbegbe, eye esi ƒuƒoƒea le nuƒom kuɖe eŋu ta la, mesusu be, “ɖeko mado nye awuʋlaya atsɔ va kpea dzi.” Ɖeko me…
Mienya, mexɔe se be míetsina kpɔ gbeɖe o. Míe kokoko…Ke nyemedi be matsi o. Kae kuɖe ema ŋu, nɔviŋutsu Luther? Kpao, nyemedi kpɔ gbeɖe be matsi o. Ɖeko míele didim be míakpɔtɔ anyi ɖeviwo ɖaa.

Aƒetɔ la nena mi mɔkeke dzeanyi aɖe si yɔ fũ kple Eƒe Amegbɔnɔnɔ.

Nɔvi. Joseph Branham