All posts by admin5

21-0919 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

Gbedasi: 65-0725m Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

PDF

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Ŋugbetɔ Tiatia Lɔlɔ̃a,

Susu si tae, Yesu gblɔ be, womaflu Ametiatiawo o la, enye be wonye Nya la. Womate ŋu anye nu bubu aɖeke o. Womate ŋu ase nu bubu o. Womenya nu bubua ɖeke o.

Nu gã bubu aɖeke meli le agbe me wu be ame na nya bena Mawu tia Eƒe nyagblɔɖila do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi bena wòagblɔ Nya siawo o. Emegbe la, Eɖemɔ be woalé Eƒe Gbe ɖi, ale be mí, Eƒe Ŋugbetɔ si woɖo ɖi la, míate ŋu agbɔ va dzi aɖase Eƒe Gbe si wolé ɖi hedzraɖo ɖi, elabena Edi be míanya be:

• Míenye Nya la.
• Womate ŋu flu mí o.
• Míate ŋu anyi nu bubu aɖeke o.
• Míate ŋu ase nu bubu aɖeke o.
• Míenya nu bubu aɖeke o.

Enyae be míava hĩa dzideƒo egbea wu ŋkeke ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Aʋawo anɔ ŋu sẽm wu gbeɖe tsã. Woade Eƒe Ŋugbetɔ la dodokpɔ me. Gake nèɖe ko Wòate ŋu aɖo ŋku amesiwo Eƒe Ŋugbetɔ la nye na wo la, woate ŋu dzɔdzi le woaƒe dziwo me esime woanyae be yewonye Eƒe lɔlɔ̃tɔwo le Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo me.

Nukakee Satana daa ɖo ɖe mí la, nukake me wòle be míato la, azɔ míenyae be, Ele Ŋugbetɔ Aɖe Tiam, ke míawoe nye Ŋugbetɔ ma. Ŋu mele míakpem le míaƒe Ɖeɖefia ŋu kuɖe Nya la ŋu o. Míele Agbagba Dze Ge kpɔ gbeɖe be Míatsɔ Dɔ Na Mawu Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Manɔmee o. Na míawo ya la, enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi. Míede dzesi be Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi Le anyi nɔ ge, gake míele ANYI NƆ ge KPLE NYA LA.

Ne kakaɖedzi kpɔkpɔ sia ke adzro wò la, va tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, aɖase : 65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi.

Nɔvi. Joseph Branham

Mateo Kɔkɔe 5:44-45/7:21/ 24:15-28

Luka Kɔkɔe 17:30 / 18:1-8

Yohanes Kɔkɔe 14:12

Efesetɔwo 1:5

Timoteo 3:1-8

Hebritɔwo 6:1-8 / 11:4

Revelation 10:1-7 / 16:13-14

Maleaxi 4:5

Fiawo I 22:1-28

Yeremia: Ta 27 & 28

21-0912 Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi

Gbedasi: 65-0718e Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi

PDF

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Alẽ Lɔlɔ̃awo Tso Mawu Ƒe Alẽkpɔ Me,

Le ŋkeke siwo me míaƒe Aƒetɔ Yesu nɔ anyigba dzi afisia le ŋutilã me la, ɖikelawo kple dzimaxɔsetɔwo gblɔ na Eyama be:

Va sẽ ɖe ɣekaɣie nàna míakeɖi mahã?
Ne wòenye Kristoa la, na eme nakɔ na mí ƒãa.

Zi ɖeka ake la, Ele nu ƒo ge na eme wòakɔ ƒãa nyuie na mí aɖagblɔ na nyahelawo kple Eƒe Ŋugbetɔ la siãa be, “Menye ame si tso Mawu gbɔ, si wodɔ tso Mawu gbɔ, si Mawu ɖo, kple ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI vavã. Menɔ Eƒe ŋkume eteƒe didi ŋutɔ, maƒo nu na mi abe Mawu Ŋutɔ ene.

Medi be ɖikeke aɖeke meganɔ me o, eye be miaxɔe se be, menye Mawu ƒe gbedasitsɔla na mi. Gbedeasi si gblɔm mele, kple gbedasitsɔla, le ɖeka. Edɔm ɖo ɖe mi be manye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI, Nya ɖe Nya dzi.

Miɖo ŋku dzi, Mawu ƒe Nya gblɔ be Mele naneke wɔ ge o sẽ ɖe esime Wòaɖe fiam gbã o. Amewo di be woatsɔ woŋutɔwo ƒe gɔmeɖeɖe kpe ɖe nusi gblɔm mele ŋu, gake Nya siwo gblɔm mele na mi mehĩa gɔmeɖeɖe o. Miawo la migblɔ nusi gblɔm mele KO.

Medi be mianya hã be Nya ma ke si ɖem mele gbɔgblɔm na mi la, hã le agbe le mía me. Mawu gbagbe la ƒe atsekpakpa le mia me. Mienye Hame Ŋugbetɔ gbagbe la.

Ne medzo vɔ megbe, gake hafi kuɖiɣi la nadze egɔme la, Mawu na mi ɣlaɣlaƒe aɖe be miaɣla hafi ʋɔnudɔdrɔ̃ na ƒo anyigba dzi. Mianɔ afima anɔ lalam, anɔ Nuɖuɖu ɣaɣla sia si Wòanɔ gbegblẽm ɖi na mi la ɖum. Mianɔ agbe nɔm le Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia ƒe dɔmenyonyo kple Nublanuikpɔkpɔ ŋu esime Wòanɔ kpe ɖom Eɖokui dzi na mi gbesiagbe.

Na miawo ya la, Anye gbɔgbɔme Nuɖuɖu le eɖuɣi. Ana dɔme aɖu ame mamleawo. Awu na wo akpa. Gake na miawo, Eƒe Alẽawo la, anye Agbe ƒe Abolo, Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Miga ŋlɔ be o, Manyi mi le “AFIMA”; menye le afi bubu o, “AFIMA”. Amewo aɖu fewu le mia ŋu aɖagblɔ be miedze aɖaʋa, gake nusi yɔm wole be aɖaʋa kple kutsu la, Mawu ayɔe be Gã.”

Egblɔ na mí be subɔsubɔdɔ gã si Mawu na ye la nye kpɔɖeŋu deblibo si sɔ kple Eliya ŋɔli. Esime kuɖiɣia yi na nu wu ge vɔ la, Eyɔ eyama do go hekplɔe yi ahosi aɖe ƒe AƑE me sẽ ɖe esime kuɖiɣi la wu nu.

Egblɔ be ahosi la mebɔ kple dzimaxɔsetɔwo alo xɔ lã la ƒe dzesi le kuɖiɣi la me o, eyata Wòyɔ Eliya be wòaxɔ eyama ɖe agbe. Enɔ gbesɔsɔ na ku esime tatali suea ɖe koe susɔ nɛ, nu sue ɖeka aɖe si ŋu wònɔ kukum ɖo.

Eliya yɔ eyama do go be, “Tsɔe nam, gbã gbɔ, Elabena ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI, wɔze la maɖi ƒuƒlu o eye amigoe la hã maɖi gbɔlo o, vaseɖe gbesigbe Yehowa Mawu adɔ tsi ɖe anyigba dzi.”

Elena eyama be wòatsɔ Mawu ɖo gbãƒe. Elena eyama be wòaxɔ se aɖaku ɖe Nya ɖe sia ɖe si gbedeasitsɔla gblɔ ŋu. Enyae be gbedeasitsɔla kple eƒe Gbedeasi la le ɖeka. Elebe Nya siwo wògblɔ nɛ la nava me, elabena Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi wonye.

Nenema kee nye egbe, bena Agbe-Bolo si ɖeviwo ɖuna la, kplɔa Mawu ƒe Gbedeasi la ɖo, be woalée ɖe asi ale be wòana woatsi agbe le kuɖiɣi.

Nya Ma ke va na mí hele mía me eye míele Mawu ƒe Nuɣaɣla siwo woɣla ɖe xexeame ɖum. Eɖe fia mí be Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla le ɖeka. Gbɔgbɔme Nuɖuɖu la sɔgbe, ke Ele azãgbe la me azɔ.

Miawoe ga zɔ va ŊKUƉODZI ŊKEKE BUBU ME NA ŊUGBETƆ LA. Míalé míaƒe Amigoe la sesiẽ, eye anɔ yɔyɔm gbã go. Emegbe la míalé Wɔze la, ke Ayɔ taŋ. Míanɔ anyi ɖe du tso xexea katã me ɖe Dziƒo nutowo me, esime woaɣla mí ɖe míaƒe ɣlaɣlaƒe, anɔ dzidzɔ kpɔm le Mana ɣaɣla ŋuti esime Mawu anɔ kpe ɖom Eɖokui dzi na mí.

Va ƒo ƒu kpli mí le Alẽkpɔ la me Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Mawu ƒe gbedeasitsɔla wòahe Mawu ƒe Gbedeasi: Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi 65-0718E vɛ na mí.

Míawo si dɔlla ɖeka kple peni enyi pɛ koe nye ga le mía si na agbadɔ sia ƒe tutu la, ʋudzraɖoƒeɖolawo tso nya me xoxo be teƒe sia ava zu yewo ƒe ʋudzraɖoƒe. Gake hã ezu alẽkpɔ na Mawu ƒe Alẽwo kokoko.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Fiawo I 17:1-7
Amos 3:7
Yoel 2:28
Maleaxi 4:4
Luka 17:30
Yohanes Kɔkɔe 14:12

21-0905 Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O

Gbedasi: 65-0718m Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Mawu Ƒe Gbe Ƒe Hame Lɔlɔ̃a,

Míenye Eƒe Mawu Ƒe Gbe Ƒe Hame, Eƒe Nya Ŋugbetɔ lɔlɔ̃tɔ, eye bebli hafi míate ŋu alala be míase nusi Fofo le gbɔgblɔ ge aɖaɖe fia mí Kɔsiɖagbe sia.

Mawu Ƒe Gbe Gbagbe la le míaƒe asibidɛwo nu. Ne míenya ka asii kple míaƒe asibidɛ la míate ŋu ase Mawu si le Agbemavɔ ƒe Nyawo gblɔm, to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi. Le asibidɛ ɖeka nu la Eƒoa nu na mí heɖea nyaɣlaɣlawo katã siwo nɔ ɣlaɣla tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke fia mí.

Le asibidɛ ɖeka nu la Eɖoa biabia ɖe sia ɖe si le míaƒe dziwo dzi ŋu. Le asibidɛ ɖeka nu la Egblɔa nusianu si wòle be míanya na mí. Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu se Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí aɖana mí Kɔkɔdzoe le Xɔse me. Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu ase Mawu wòaƒo nu aɖagblɔ na mí be, miekpɔ dɔyɔyɔ.

Ne futɔ la le gbɔgblɔm na mí be míenye Mawu ƒe Ŋugbetɔ o, gegevi koe mienye la, le asibidɛ ɖeka nu la míezina play hesena Fofo ƒoa nu na mí henana mí kakaɖedzi be, “MIENYE nye Ŋugbetɔ tiatia. Meɖo mi ɖi do ŋgɔ na Xexeame ƒe Gɔmeɖoɖo anyi ke.”

Ne míeɖiɖi le gbɔgbɔme eye futɔ la le ƒoƒom ɖe míadzi le akpa sia akpa la, le míaƒe asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu ase Eyama wòaƒo nu na mí aɖagblɔ ko be, “ŋdi na mi Xɔ̃nyewo,” ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋutifafa ayɔ xɔa me taŋ.

Ne míese FUTƆ LA GBLƆ be ame do ko kplɔm míele hele gbe tem ɖe edzi akpa la, le asibidɛ ɖeka nu la míesea Mawu ƒe Gbe wògblɔa na mí be:

Egblɔ nam be ne mena amewo xɔ dzi nye se. Esia wɔ saga nam be elebe magblɔ esia, “Ɖee miexɔ dzi nye sea?” Egblɔ be, “Meɖee wòle be miaxɔ Mawu dzi sea?” Edze be miaxɔ ema dzi se. Edze be miaxɔ Mawu dzi se aɖaxɔ Kristo dzi se, aɖaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe dzi se. Ke ne miexɔ wokatã dzi se vɔ la, Mawu di be miaxɔ dzi nye se.

Ne futɔ la le agbagba dzem be yeagblɔ na mí be, “Mele Ŋɔŋlɔa me o eye mele eteƒe be woakpe ɖedu le ɣeyiɣi aɖe me tututu aɖase nyaƒokawo o la,” le asibidɛ ɖeka nu la míesena Mawu ƒe Gbe wògblɔa na mí be:

Ke na hame sia, eye na nyaƒokawo, amesiwo le esem to nyaƒokawo dzi, kple na amesiwo le ka me le dukɔa ƒe afi vovowo me la, medi be miase esia nyuie ŋutɔ, ke migadae ƒu o.

Ne futɔ la le gbɔgblɔm be Nɔviŋutsu Branham gblɔ bena minɔ anyi kple Nya la, menye kple nyaƒokawo o la, le asibidɛ ɖeka nu la míesena Mawu ƒe Gbe WÒDOAƔLI SESIẼ hegblɔa bena:

Nenema ke nye hã mele egblɔm, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me be: Migatsɔ nu ɖeka kpee o, migatsɔ o, de mia ŋutɔ ƒe susuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka mawo dzi ko, miawo la miwɔ nusi Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ ko; migatsɔ Kpee o!

Gbe Ma le gbɔgblɔm na mí gɔ hã alesi Míasɔe kple Nya la alebe míegawɔ vodada o.

Miaƒe dzizizi atɔ̃awoe ma. Elebe wòanye mɔ ma dzi.
•Eƒe ɣeyiɣi.
•Eƒe azã gbe.
•Ame si Wòtia la.
•Edze be wòava na nyagblɔɖila la.
•Edze be nyagblɔɖila la nanye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe.

Yesu Kristo ye nye míaƒe Nyagblɔɖila.

Nya si dzi woɖo kpe na gaƒoƒo la! Nya si dzi woɖo kpe le Mose ƒe ŋkekewo me nye Yesu. Nya si dzi woɖo kpe le Yesaya, Eliya, Yohanes, wokatã ƒe ŋkeke me la, nye Yesu. Ke Nya si dzi woɖo kpe egbe la nye Yesu, eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Le asibidɛ ɖeka nu la míate ŋu azi play aɖase Yesu Kristo Ŋutɔ wòaƒo nu aɖaɖe fia mí be:

•Ɣeyiɣi lae nye esi,
•Azã gbe lae nye esi,
•Ame si Metia ye nye esi,
•Nye nyagblɔɖila ye nye esi,
•Woɖo kpe nyagblɔɖila sia dzi wu Nye nyagblɔɖila bubu ɖe sia ɖe.

Egbe la, menye Dziƒo Mawu la ɖeɖeko ye le nuƒom na mí o, gake Ele mía me, xɔ anyi nɔ, hele Eƒe Agbe nɔm to mía me. Egbɔ míaƒe nugɔmesese ta.

Mina míadzra míaɖokuiwo ɖo. Game la tu aƒe. Míekpɔ Ŋɔŋlɔ la eme vam gbesiagbe. Gbedeasi la le abe egbe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ ene:

“Ɣeyiɣi la ƒe tɔtɔtɔtɔ, xaxa le dukɔwo do me, anyigba ʋuʋuwo le teƒe vovovowo, atsiaƒu le adãwɔm, vɔvɔ̃ ɖe to ɖe amegbetɔ ƒe dzi ŋu.”

Dzɔdzɔmea ŋutɔ gɔ hã le egblɔm na mí egbe, esime míekpɔ dukɔwo le gbagbãm, anyigba le to yim, nuŋɔŋlɔ le gli la ŋu.

Míele Ŋugbetɔ la kpɔm kple nɔnɔme si me Wòle la. Ke míenyae, to dzɔdzɔme la dzi, be Hame la le dzradzraɖo wɔm hena dzodzo.

ŊUTIKƆKƆE, míele dzradzraɖo wɔm hena dzodzo. Le asibidɛ ɖeka ko nu la àte ŋu adzra ɖokuiwò ɖo. Melewò kpem be nàva tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 Woale me, le Jeffersonville ƒe game, aɖase : Agbagba Dzedze Be Woawɔ Dɔ Aɖe Na Mawu Si Menye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu O 65-0718M.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose Atɔ̃lia 4:1-4 / 4:25-26
Kronika I 13
Kronika I 15:15
Psalmowo 22
Marko Kɔkɔe 7:7
Yoel 2:28
Amos 3:7
Maleaxi 3
Mateo Kɔkɔe 11:1-15
Korintotɔwo I 13:1

21-0829 Akpe Ŋu

Gbedasi: 65-0711 Akpe Ŋu

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Branham Ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃a,

Míede akpe alegbegbe be Eɖo mí ɖi be míatia hame nyuietɔa si me míade míaƒe ƒomeawo.

Ne ele be matia hame aɖe la, matia Nyanyuie Blibo, hame vavãtɔ, si tuna ɖe Biblia dzi, ne meyina eɖe tia ge be makplɔ nye ƒome ayiie.

Míede akpe alegbegbe be míele amesi nye míaƒe kplɔla gblɔm na xexeame, hã be míewɔna nu tututu abe eyama ene.

Ne èle ŋku ɖe hame ma ƒe agbenɔnɔ ŋu la, Nàlé ŋku ɖe kplɔla la ŋu sẽ ko, ke enuenu la miakpɔ be hame la wɔa nu abe kplɔla la ene.

Míede akpe alegbegbe be meka afisi míele le xexeame o la, Ekpea kpli mí.

Edo ŋugbe be yeakpe kpli mí le afisiafi si ame eve alo etɔ̃ woƒo ƒu ɖo. Nyateƒee. Afimae xɔsetɔ vavã ƒe mɔkpɔkpɔwo dzudzɔna ɖo, ɖe Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpee le Nyateƒe la me dzi.

Míede akpe alegbegbe be míexɔ Eƒe nyagblɔɖila, kple Nya ɖe sia ɖe si wogblɔ dzi se.

Ne miexɔ dzinye se be menye Mawu ƒe nyagblɔɖila la, miɖo to nusi megblɔ na mi la.

Nuka wòle be Eƒe nyagblɔɖila na ɖe gbeƒãa?

Gbedeasi debliblo aɖe, si gbugbɔ va Nya la gbɔ,

Nuka ŋutie woɖoe ɖaa?

“Yi nàkplɔ Ŋugbetɔ ma vɛ! ” Emae nye dɔdeasi. Emae nye nusi ta mele afisia ɖo. Emae nye nusi mele agbagbadzem be mawɔ, ye nye be mayɔ Ŋugbetɔ aɖe dogoe.

Ne míedo le fli la me ɖe?

Ke emae nye nusi wòle be mawɔ, alé Ŋugbetɔ ma ɖe fli me.

Azɔ nukae le Fofo la si le nudzraɖoƒe na Eƒe Ŋugbetɔ la?

Meyi na ɖe aƒe me, awɔ nye adzɔgbewo yeye ake, eye magagbugbɔ dze egɔme yeyee. Ke emae nye nusi ɖom míele ɖi be míawɔ, ema tae mele afisia ɖo.

Woakafu Aƒetɔ la, ɣekaɣie míadze míaƒe subɔsubɔ yeyeawo gɔmee?

Ke azɔ, ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, Kɔsiɖagbe ŋdi si gbɔna la míadze subɔsubɔ gɔme. Ke mi katã mikpe ɖe ŋunye, eye míado gbeɖa, elabena enɔ nye dzi me be madze agbagba… Wogblɔ be, “Enyo, míate ŋu ayi ɖe Louisville alo míate ŋu aɖi yi New Albany.” Gake elebe takpekpe la nava me le Jeffersonville. Mayi ɖe Louisville kple New Albany, le game vovovowo dzi, gake elebe esia nanye afisia le Jeffersonville.

Míele gbesɔsɔ Fofo. Wò Hɔ̃wo anɔ ƒuƒom ahenɔ toɖomee. Nukae adzɔ le ɣeyiɣi sia mee?

“… Mehĩa xɔse geɖe wu.” Ema tae mele aƒe azɔ ɖo eyae nye be nye xɔse na—na ga do gã ɖe dzi wu.

Woakafu Aƒetɔ la, ema dim míawo hã míele Fofo, XƆSE naga do gã ɖe dzi wu. Míenyae be xɔse tsoa nusese me, Wò Nya sese me, ke Wò Nya vaa na nyagblɔɖila la.

Gbedeasi sia, Mawu Ŋusẽwokatãtɔ ƒe Ŋusẽ, kaka ɖe xexeame ƒo xlã, gake azɔ mamã ƒe ɣeyiɣi le eme vam. Mawu le Ŋugbetɔ aɖe yɔm, ke abosam le hamea ɖe yɔm. Míenye Gbedeasi Sia, Eƒe Nya, Eƒe Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe!

Kakaɖedzi su mía si eye míenya nusi gblɔm míele. Ŋu mele míakpem be míexɔ Gbedeasi Sia kple Eƒe Gbedeasitsɔla dzi se o, elabena wole ɖeka. Ŋu mele míakpem be míagblɔ be: “míexɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se” o. Ŋu mele míakpem be míagblɔ be: “Míeƒona Nyaƒokawo le míaƒe hamea me” o. Ŋu mele míakpem be míagblɔ be: “Míenye Nyaƒoka Dukɔ” o.

Esesẽ na mí be míase egɔme be xɔsetɔ ɖe sia ɖe, alo mawunyagblɔla atɔ̃awo ɖe sia ɖe, si gblɔa be yexɔ Gbedeasi sia dzi se, hegblɔa be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe nyagblɔɖila kple gbedasitsɔla la, ava xɔse emegbe aɖagblɔ na amewo be egblẽ eye mele Nya ŋu be woaƒo Mawu ƒe Gbe si ŋutɔ dzi woɖo kpe le woƒe hamea me o.

Mina míanɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, aka mo, agbe nya, kple…le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woaŋutɔwo ƒe nudzrodzrowo la nu; Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ.

Esi kuɖe Mawu ƒe Nya vavã, tsimatɔe, si dzi Mawu ɖo kpe, Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe ŋu la, Edze na ko abe ɖe wòle fuɖem na hatsotso kemea gɔ hã ene. Wokpɔa fuɖeɖe le Eŋu hexɔe se be Etsi tre ɖe Nya ŋu be woanye Nyaƒoka Hame.

Ke na míawo la, Nu vavã Ye wònye. Ŋu mele míakpem o. Esime míexɔ Ɖeɖefia Ma la, nane xɔ anyi nɔ ɖe mía me, ke azɔ naneke mate ŋu axɔ Eƒe teƒe o. Dzidzɔ wònye na mí be woayɔ mí be Wo Dometɔ Ɖeka, Nyaƒoka Ƒe Hame, Nyaƒoka Ƒe Hatsotso, Nyaƒoka Dukɔ.

Míele miakpem be miava se Mawu ƒe Nyaƒoka subɔsubɔdɔ kple Branham ƒe Agbadɔ la, Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, esime míele ƒuƒom le mɔkpɔkpɔ gã aɖe me; hele míaƒe adzɔgbewo ɖem yeyee, ahe dze egɔme yeyee, le Ashamed 65-0711 [Akpe Ŋu] sese me.

Nɔvi. Joseph Branham

Marko Kɔkɔe 8: 34-38

21-0822 Ŋugbetɔ Aðe Tiatia

Gbedasi: 65-0429E Ŋugbetɔ Aɖe Tiatia

PDF



BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Mawu Ƒe Ŋugbetɔ Tiatia Lɔlɔ̃a,

Fofo tia Eƒe Ŋugbetɔ doŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖo anyi ke. Edi Ŋugbetɔ aɖe si aɖe Yeŋutɔ ƒe ade tututu ɖe go. Edi Ŋugbetɔ aɖe si ahe Eƒe susu va esime Wòale Nya me ɖe asi.

Ŋugbetɔ aɖe si adzra eɖokui ɖo na Eyama alegbegbe kple Eƒe ŋugbedodo Nya la, sẽ ɖe esime Susu si tututu nɔ Eyama me la, anɔ wo me. Woanye Yeŋutɔ ƒe ŋutilã ake, ƒuwo ake, Gbɔgbɔ ake, nusianu ma ake, woatui ɖo tututu alegbegbe be woame eveawo katã woazu Ɖeka.

Edi be yeame Yeŋutɔ ƒe de ɖe wo me, elabena ɖeko wôlebe Wòanɔ abe Eyama ene. Elala tso esime Wòde Eƒe Adam kple Xawa gbãtɔ anyigba dzi be yeaɖɔ Yeƒe Ŋugbetɔ debliboa ɖo. Enɔ agbasam le Eyama dzi, hele Egbugbɔm va Eƒe ɖeɖeɖego deblibo gbɔ; elabena woanye Eƒe Ŋugbetɔ Nya si woɖe Gblɔ la.

Esime Wòkpɔ Eyama la, Ekpɔ dzidzɔ alegbegbe, azɔko Ŋugbetɔ aɖe si mele ŋku ŋɛ ge aƒu Nya Ɖeka dzi o su Eyama si. Ŋugbetɔ aɖe si make ɖi vie le Ŋu kura o, gake Atsɔe ko abe alesi Wòle ene. Woagblɔ na xexeame be Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o, elabena Mawu Ƒe Gbe Dzadzɛ ye Wònye.

Esime Wòkpɔ Eƒe Srɔ̃nyɔnu deblibo lɔlɔ̃tɔ suea la, Ekpɔ ŋudzedze le Eyama ŋu alegbegbe, ɖeko wôle be Wôatsɔ Eyama afia. Eyata Wòyɔ Eƒe dɔla 7lia sesẽa, alebe wòate ŋu akpɔ Eyama do ŋgɔ. Edi be eyama Nakpɔe, Hetsɔe fia eyama, alebe wòate ŋu agblɔ alesi Wòdze tugbe ɖo. Alebe Wòate ŋu ado dziƒo na Eyama aɖana Wòanya be Yenya amesi Wònye ko.

Eyata Wòkɔ Eƒe dɔla gã hedae ɖe teƒe kɔkɔ aɖe alebe wòate ŋu akpɔ Eyama do ŋgɔ. Esime wòkpɔe la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu na eyama hegblɔ be, “Ŋugbetɔ lae nye Ekem.” Eɖe ŋku, eye wòkpɔ MI le afima. Eƒe dzi dzɔdzi.

MIA dometɔ ɖesiaɖe do miaƒe de du me wu tso afisi mietso va: Switzerland, Germania, xexeame ƒo xlã, du ɖesiaɖe me. Ɖa didi legbe ŋutɔ si wobla nyuie ɖe megbe, awu ƒe abɔwo, kple kpoyokpoyoawo didi yi gɔme nyuie. Ke MIA katã mienɔ azɔlizɔha ƒe gbeɖiɖi ŋu, “Kristo ƒe asrafowo, miɖo ta Ŋgɔgbe abe aʋa me ene. ” Esime wòkpɔe la, Míedze azɔli dzi ɖo ta dziŋgɔliwo me; Nya lae Míenye.

Akpe na Wò Fofo. Alegbegbe esia dedzi ƒo na míaƒe dziwo egbea. Míelɔ̃ Wò kple Wò Nya kple nusiwo katã le mía me. Míexɔ Nya ɖesiaɖe dzi se. Gbedeasi sia sɔ kple mí ta abe asiwui kple asi ene.

Míedi be míanye Wò Ŋugbetɔ Nya Deblibo. Míenya mɔnu bubu aɖeke si míate ŋu ato awɔe le o negbe míanɔ anyi kple wò Nya la, Mana si wodzra ɖo ɖi sia si nègblẽ ɖi na Wò Ŋugbetɔ la alebe Wòadzra Eɖokui ɖo.

Míele ekpɔm be ɣeyiɣi la tu aƒe. Xexeame le ʋuʋum le mîate kple Anyigbaʋuʋuwo. Wò dɔla ŋkutsalawo li ƒo xlã vɔ. Xexeame trɔ ta agu. Aʋawo, ʋliʋli, amewuwu, dɔlekuiwo kple dɔlelewo le afisiafi. Futɔ la le adãdzi madzudzɔmadzudzɔe, hele agbagba dzem be yeawɔ fu Wò Ŋugbetɔ la, gake Srɔ̃wònyɔnu Lɔlɔ̃a si Nètia la LIKE hele Wô Nya me lém ɖe asi.

Kpeɖe mía ŋu Fofo be míega do le fli me o. Na míaƒe ŋku nanɔ dzi Wò be míaɖa lé Wòa Asi Matrɔmatrɔ la. Do míaƒe XƆSE ɖe dzi, tsɔ nusi hĩa mí la na mí. Va nɔ anyi kple Wò Ŋugbetɔ Kɔsiɖagbe sia, le ga 2 woale me Jeffersonville ƒe game, esime mîaƒo ƒu ɖe Wò Gbe na egbe ŋu aɖase Wò naƒo nu: Ŋugbetɔ Aɖe Ƒe Tiatia 65-0429E.

Esiae nye míaƒe gbedodoɖa Fofo:

Oo Dziƒo Mawu, kpɔ nublanui na nuvɔ̃ xexeame kple nuvɔ̃ mewo, Aƒetɔ, siwo míenye le fiẽ sia dzro. Mawu, medze agbagba be manɔ tsitre ɖe gbagbaƒe le Mawume nublanuikpɔkpɔ biam, bena Nàƒo nu na ameha sia fiẽ sia eye Nàhe Wò Ŋugbetɔ ƒe susu vɛ, Aƒetɔ, bena woazɔ menye ɖe dzesi alo kredo aɖe nu o, ke boŋ ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe Nyanyuiea ƒe gbeɖeɖe nu. Na wòava me dzro, Oo Mawu. Na woanyae, le zã sia me, bena Wòe nye Mawu, eye Wò Nya lae nye Nyateƒe. Esime, míetsɔ vevienyenye, le amesiawo ŋku me, le amewo ƒe susu hem va Wò Nya la gbɔe.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo Woaxlẽ:

Mose Gbãtɔ 24:12-14
Nyaɖeɖefia 21:9

21-0815 Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O

Gbedasi: 65-0429b Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Ŋutilã Tso Eƒe Ŋutilã Lɔlɔ̃a,

Dzidzɔm alegbegbe be Mawu metrɔa Eƒe Susu kuɖe Eƒe Nya ŋu o. Enye Eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.
Alesi Wòwɔ nuwo le gɔmedzedzea me la, Ele ewɔm nenema ke egbea. Mawu, Ŋutɔ ɖe eɖokui ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, to Yesu Kristo ƒe Ʋu la me, be yeakɔ agbea ɖe ŋuti alebe Wòateŋu ɖe Eɖokui ɖe go le eyama me.

Míaƒe gbedasitsɔla ɖo Ŋɔŋlɔ la ƒe dzesidodo kuɖe eɖokui ŋu le míado me egbe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Ŋutɔe, le Eŋutɔ Ƒe Gɔmeɖeɖe wɔm. Mehĩa be woagadzo le amesia dzi ayi ɖe ame kemea dzi be woakpɔ nyateƒea alo gɔmeɖeɖea o; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na Eƒe Hame la Efesotɔwo 4, wokatã le ame ɖeka me, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe la.

Apostolo: Apostolo gɔmee nye “amesi wodɔ,” alo “dɔgbedela.” Dɔgbedela menye.

Nyagblɔɖila: Ɖee miexɔe se be menye Mawu ƒe nyagblɔɖila?

Nyanyuiegblɔla: “Wɔ Nyanyuiegblɔla ƒe dɔ. Ɖe wò subɔsubɔdɔ ƒe kpeɖodzinuwo fia nyuie eŋuti nakɔ. Ɣeyiɣia aɖe ava va esime womele nufiafia nyuie la tsɔ ge o.”

Kplɔla: Mieyɔm be, “Miaƒe kplɔla”; ke miegblɔe nyuie, elabena yae menye.

Nufiala: Medi be maƒo nu le Nya ŋu, alo mafia Kɔsiɖasuku nufiafia, le Dzesia ɖe ƒe Nya ŋu.

Sɔsɔminasɔe= Menyae be mi, mía nɔviŋutsuwo, míekpɔnam abe míaƒe tɔɖoƒe si nusi…zi alesi medze Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔ le Ŋɔŋlɔa me ene la, “Mizu srɔ̃nyelawo abe alesi menye Kristo srɔ̃la ene.”

Gbedeasi sia nye míaƒe Tɔɖoƒe, alea míedzea eyome abe alesi wòdzea Kristo yome ene.

Nyemegbe be Efesotɔwo 4 ƒe amewo si Mawu yɔ li si nye amesiwo Mawu ɖo heyɔ be woawu dɔwɔƒe mawu ŋu; to Eƒe Amenuveve me la, menye wodometɔ ɖeka. Gake suewo míenye, Mawu ƒe dɔla nyagblɔɖila yae nye GÃTƆ la.
Na amesiwo le xexeame siwo yɔa “Branham ƒe Agbadɔ” la be yewoƒe “ha gã me” la: míaƒe kplɔla, míaƒe subɔsubɔdɔ gbagbe, míaƒe Tɔɖoƒe, míaƒe Efesotɔwo 4 la katã le Nyaƒoka dzi. Míexɔe se be Enye gɔmedzedze ƒe subɔsubɔdɔ si nɔ Eyama si esime Wònɔ afisia le anyigba dzi.

Ŋutifafa kae nye esi, dzudzɔ kae nye esi, mele be míavɔ̃ alo anɔ ŋudzɔ alo azã nutsyɔnu kpɔ gbeɖe, ne míele Nya la sem o. Enye Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe heda asi ɖo, mana yeye si míesena ɣesiaɣi eye nusi wòle be míawɔ koe nye be míanɔ anyi aɖadzɔdzi esime míaƒe dziwo anɔ bibim le mía me esime Wòle nuƒom na mí le mɔa dzi.

Ke amesiwo katã Fofo Nye tsɔ Nam la, woava. Nye alẽwo, Nye ahɔnɛwo sea Nye Gbe. Womadze ame tutɔa ɖeke yome o.” Ke nukae nye Mawu ƒe Gbe la? Mawu ƒe Nya ye wònye. Nukae nye ame ɖesiaɖe ƒe gbe ne menye eƒe nya o mahã? Mawu ƒe Nya wònye; woase Mawu ƒe Nya.

Ekema GEƉE WU kpɔtɔ li na Eƒe Hame la. Menye ŋkeke sia kple eƒe gbedasitsɔla, Nya la na egbe koe, míedena dzesi o, gake dzidzɔ gãtɔ kekeake si wona ŋutsu la va me mlɔeba. MÍENYE Eƒe Gbɔgbɔ ƒe akpa aɖe, Ŋutilã ƒe akpa aɖe; ŋutilã tso Eƒe Ŋutilã me, ƒu tso Eƒe ƒu me; Nya tso Eƒe Nya me, Agbe tso Eƒe Agbe me, MÍENYE Kristo ƒe Ŋugbetɔ la!

Ŋutikɔkɔe!! Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ!! Aleluya!! Eƒe Ŋugbetɔ de dzesi Eɖokui hele Eɖokui dzram ɖo kple Eƒe Nya la.

Numae wɔm Hame la le egbea, elabena Yesu ye nye Nya la eye Eyae Ŋugbetɔsrɔ̃ la, ke Ŋugbetɔ la nye Srɔ̃a ƒe akpa aɖe. Eyata Nya si ŋu wòle be woawu ŋkeke sia la nye akpa ma ke na Nya si ŋu wòle be woawu le Eƒe ŋkeke me, ke enye Nya ma ke, numetoto ma ke, agbe ma ke.

Va eye nawɔ Nya ma ke ƒe numetoto, numetoto ma ke, Agbe ma ke Kɔsiɖagbe sia ga 2, woale me Jeffersonville ƒe game, aɖase: Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O 65-0429B.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo Woaxlẽ:

Mateo 1:18-20/ 24:24
Luka 17:30
Yohanes Kɔkɔe 5:24
Galatiatɔwo 4:27-31
Mose I 2:15
Yesaya 9:6
Maleaxi 4

21-0808 Ɖee Mawu Trɔa Eƒe Susua?

Gbedasi: 65-0427 Ɖee Mawu Trɔa Eƒe Susua?

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Lɔlɔ̃nu Deblibo Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

O Mawu lɔlɔ̃a, míele Wò lɔlɔ̃nu faa dim o, Fofo. Na míazɔ le Wò lɔlɔ̃nu deblibo me. Megana ko— míatsɔ Nya ɖeka le afisia kple afima ko, aɖawɔ Esia asɔ kple nuɖoanyia ɖe alo dzixɔsea ɖe, alo nane o. Na míatsɔ Nya la abe alesi Wòle ene, axɔ Nyanyuie blibo la dzi se, nusiwo katã Yesu fia mí be míawɔ.

Esiae nye míaƒe didi gãtɔ kple deto kekeake, be míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo me. Míedi kpɔ gbeɖe be míawɔ nusi medze Eyama ŋu o, bɔŋ be míadze Eyama ŋu le nusiwo katã míegblɔna hewɔa me. Míedi be míanye Evia ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siwo woxɔ Viwoe heɖe ɖe go.

Afikae kpɔm míele be míele Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me hele Eyama ŋu dzem mahã? Edze be míayi Eƒe Nya gbɔ, elabena míenyae be Eƒe Nya nye Nyateƒe kple agbe. Eƒe Nya nye nenema ke ɣesiaɣi, Eƒe ɖoɖo nye nenema ke ɣesiaɣi, elabena Mate ŋu trɔ o.

Nya la gblɔ na mí be, alesi Wòwɔ nuawo zi gbãtɔ la, Awɔ wo nenema ke ɣesiaɣi. Anɔ nenema ke ɖaa. Eƒe taɖodzinu nye nenema ɣesiaɣi. Eƒe nuwɔnawo nye nenema ke ɖaa. Alesi Wòwɔna nuwo, alesi Wòyɔna dɔ amewo, alesi Wòkplɔ na Etɔwo la, nenema ko Wòanɔ ɖaa.

Biblia gblɔ na mí le Eƒe Nya matrɔmatrɔ me be Aƒetɔ la ƒe Nya vaa na Eƒe Nyagblɔɖilawo ɖeɖe ko. Meɖefia hanunɔla alo bibliasukudela aɖe Kpɔ gbeɖe o, Eƒe nyagblɔɖilawo ɖeɖe ko. Egblɔ hã be Yemewɔ naneke kpɔ sẽ ɖe esime Yetsɔe fia Yeƒe nyagblɔɖilawo gbã o.

Ame di kokoko be nuɖoanyi ametɔwɔwɔea, amewo ƒe hatsotso nakplɔ yewo. Gake ema menye Mawu ƒe mɔ kpɔ gbeɖe o, Edɔa kplɔla si Mawu yɔ kokoko ɖa, amesi woɖo nyagblɔɖila kple Nya la be wòatsɔ kplɔ Eƒe dukɔ. Woɖo kpe nyagblɔɖila ma dzi hetia eyama be wòanye woƒe kplɔla hena gaƒoƒo la.

Mawu tia hena tsitrenɔƒe kplɔla geɖe bubuwo si woɖo heyɔwo fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la; ke woƒe teƒewo le wosi, gake Ena toklã kplɔla mawo be, “mite ɖe aga le Dzo Lilikpo ma gbɔ.” Nukae Dzo Lilikpo ma wɔna…EKPLƆA DUKƆ LA LE ŊKEKE KPLE ZÃ ME SIAA.

Emegbea Nya la gblɔ na mí be, “Abe alesi wònɔ le Sodom ƒe ŋkekewo me la, nenema ke wòanɔ le ŋkeke siwo me woaɖe Amegbetɔvi la afia le.” Le Eƒe Nya ŋu le Maleaxi 4, kple Ŋɔŋlɔ geɖe bubuwo me la, elebe wòatrɔ gbɔ Eƒe Hame la me le ŋutilã me; le amewo dome, le amegbetɔwo dome, to nyagblɔɖila nyenye ƒe mɔnu dzi.

Aleke míawɔ anya nyagblɔɖila siae? Aɖo kpe amesi wònye dzi kple Nya la. Anya dzi me nyaɣlaɣlawo ŋutɔ gɔ hã. Aɖe Nya katã afia amewo. Dzo Lilikpo la aɖo kpe Eyama dzi be nekplɔ Ŋugbetɔ la. Mawu ana ŋutɔ gɔ hã be woaɖe Ye foto kple Yeƒe nyagblɔɖila.

Ameaɖewo woanɔ abe Yohanes le Patmos ƒukpo dzi ene eye woadze agbagba be yewoasubɔ eyama, gake agblɔ bena, “kpɔ ɖa megawɔe o, elabena wò hadɔla, kple nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka menye, de ta agu na Mawu ko.” Ŋugbetɔ la anyae be mele be woasubɔ eyama, ame la o, bɔŋ be woasubɔ Mawu LE AMEMA MEE.

Anyae be yee nye amesi Mawu tia be wòaɖe Nya siwo medanaƒu kpɔ o la gblɔ. Anyae be yee nye dɔla kple gbedasitsɔla 7lia si Mawu tia. Xexeame akpɔ aɖase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu to Ye dzi eye yeakpɔ Adam gbã si woɖɔdo blibotɔ.

Akplɔ Ŋugbetɔ la kple Dzo Lilikpo la. Anɔ yeƒe nyanyananawo xɔm tso Logos la gbɔ aɖanɔ tsɔm na Ŋugbetɔ la le woƒe mɔdzi yina Ŋugbedonyigba dzi. Ɖeɖefia asu Ŋugbetɔ la si eye anyae be esiae nye gbedasitsɔla si Mawu na la. Mɔ si Mawu nae ma. Esiae nye Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game, aɖase : Ɖee Mawu Trɔa Eƒe Susua? 65-0427.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose Enelia 22:31

21-0801 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

Gbedasi: 65-0426 Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Vidzĩ Lɔlɔ̃awo Siwo Di Be Yewoasrɔ̃ Nu,

Dziƒo ƒe yaƒoƒo ka mee míenɔ anyi ɖo Kɔsiɖagbe esime Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ƒoƒu ɖe ɖu le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Ŋkume. Míete ŋu See esime wònɔ agbegbɔm míaƒe ŋutilã kukuwo.

Amisisi gã wu, yaƒoƒo gã wu, wu esime Nàzi Play aɖase Mawu ƒe Gbe wõaƒo Nu na wò meli o. Mawu dzra míaƒe towo ɖo be míase aɖaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se, elabena menye ame bubu aɖeke wu El, Elah, Elohim, Amesi li le eɖokui si, Amesi su le nusianu me, Amesi sẽ ŋu la o, si le nuƒom na mía dometɔ ɖe sia ɖe be míenye Yeƒe viŋutsu kple vinyɔnu siwo woɖe ɖe go.

Alegbegbe ŋusẽ nɔ me esime Mawu ƒe Nuku si woɖoɖi, tso xexea katã me, da woƒe asi Kɔkɔeawɔ ɖe wonɔewo dzi. Míaƒe aƒewo me kple hamewo me yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Amegbɔnɔnɔ la. Wotu míaƒe Xɔse ɖo, elabena míenya amesi nɔ nuƒom na mí. Emegbe la Egblɔ na mí ŋusẽ si gbɔagbe nu ma le MÍA ME. Míexɔe se kple míaƒe dzi blibowo kple luʋɔwo, elabena Egblɔe nenema.

Emegbe egblɔ na mí be míagblɔ be, “Aƒetɔ Mawu, mexɔe se kple nye dzi blibo.” Míegbugbɔ gblɔ Nya ɖe sia ɖe tso míaƒe dziwo me ke ɖaa. Egblɔ be, “Dɔlelea ɖeke mate ŋu tɔ ɖe hatsotso ale tɔgbi ŋu o.” Míaƒe gbɔgbɔ dzɔdzi esime míese Nya siawo, elabena míenya nusi nɔ me vam.

Egblɔ be, “Amesiame si hĩa Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, nedo eƒe asiwo ɖe dzi, MEKA AFISI NÈLE O, wò si le Edim… Mexɔe se be Mawu ayɔ miadometɔ ɖe sia ɖe fũ, FIFI LAA, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe.”
Le ɣemaɣi me tututu la, woyɔ mí fũ, gagbugbɔ yɔ mí fũ, kple Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Mawu ƒe Gbe ye gblɔe nenema teti ko.

Emegbe na amesiwo hĩa dɔyɔyɔ le woƒe ŋutilã me la, Egblɔ be, ”Mede se na mi, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, be miatso ɖe miaƒe afɔwo dzi aɖalɔ̃ axɔ miaƒe dɔyɔyɔ.” Le ɣemaɣi me tututu la, xɔsetɔ ɖe sia ɖe, tso xexea katã me, si si XƆSE le hexɔe se la, kpɔ DƆYƆYƆ.

Afika esia va me le? Le amesiwo ƒo ƒu ɖe du ƒe hatsotso suea ɖe mea? Kpao, eva me le XEXEA KATÃ ME esime Ŋugbetɔ la nɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me henɔ to ɖom Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke la.

MATE ŊU AVA ME be amea ɖe alo ame ƒe hatsotso aɖe, nawɔ Ŋugbetɔ la ɖekae nenema o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka koe ate ŋu awɔ ema kple nuƒoƒo to Eƒe gbedasitsɔla na ŋkekea dzi. Gbedeasi Sia nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI. Nyabiabia ameɖokui se meli o, ŋutibubukpɔ meli o, Mawu ɖo kpe esia dzi be enye Yeƒe mɔ si wona na egbe.

Dzudzɔ kple ŋutifafa kae nye esi le mía si. Medze be míati dzimaɖi alo akeɖi le nusi wogblɔ na mí ŋu kura o. Mele be míagbugbɔ yi Nya la gbɔ aɖa dzi kpɔ be ele eteƒe mahã kura o, elabena míele Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke sem. Ɖeko míenɔa anyi, ʋua míaƒe dziwo, míaƒe susuwo kple luʋɔwo, heɖea AMEN, AMEN, AMEN.

O, míedze o. O, míese nu sia nu gɔme o. Gake MÍEXƆ Nya ɖe sia ɖe dzi SE. Egblɔ be emae nye dzesi vavãtɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le miasi, eye Eƒe Ŋugbetɔ ɖeka koe axɔese aɖanɔ anyi kple Nya ɖe sia ɖe. MÍAWOE NYE ŊUGBETƆ MA….ALELUYA!.

Egbɔ ta boo na amegã, si woyɔ woɖokuiwo be tamebula gãwo, heɖee fia vidzĩwo siwo di be yewoasrɔ̃ nu.

Mede akpe alegbegbe be menye vidzĩ si di be yeasrɔ̃ nu.

Eɖo kpe amesi Wònye dzi le ƒe alafawo me le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me. Eɖo kpe dzi to Eƒe nyagblɔɖilawo dzi. Eɖo kpe dzi esime Wòva le ŋutilã me, dro míaƒe nuvɔ̃wo eye woklãe ɖe atsitsoga aɖe ŋu, ke egafɔ ɖe tsitre hedɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖa.

Azɔ Eɖo kpe Esia dzi le míaƒe ŋkeke me esime wòtrɔgbɔ hele Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilãgbalẽ me ake abe alesi wòdo ŋugbe be Yeawɔe le Eƒe Nya me ene. Eɖo kpe Eɖokui dzi be yenye Amegbetɔvi la, Yesu Kristo Ŋutɔ ƒe subɔsubɔdɔ, si woɣla ɖe agbetɔ ŋutilãgbalẽ me.

Ke azɔ, Eƒe agbalẽ ƒe ta mamlea, susu si ta kɔŋ wòle be ɖoɖo gã sia, nava na mí, Eƒe Ŋugbetɔ si woɖɔ ɖo blibotɔe, si dzi woɖo kpee, sinɔ anyi kple Nya la.

Ɖee wòdzro mi be mianɔ to la dzi gbemagbe esime Yesu ƒo nu na 5000 woa? Ɖee wòdzro mi be miakpɔ Eyama wòaɖo kpe amesi Wònye dzi na xexeame esime wòna wo abolowo kple lãmemewoa? Ɖee wòadzro mi be mianɔ anyi le amisisi ma te, anɔ Eƒe Gbe ɖeɖeko sem wòafa akɔ na miaƒe dzi kple Eƒe Agbemavɔ Nyawoa?

Miate ŋui, ne miexɔ Gbedeasi Sia dzi se kple miaƒe dzi blibo.

Miva nɔ anyi le amisisi ma te le toa dzi kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ga 2 me, Jeffersonville ƒe game, aɖase Mawu wòaɖo kpe amesi Wònye na xexeame dzi le míaƒe ŋkeke me. Luka 17:30 si le nuƒom na mi hele gbɔgblɔm be na mi be B-R-A-N-H-A-M nye Nye Gbe si dzi meɖo kpe hetia na mi. Miva ɖotoe: Kpe Ɖoɖo Eƒe Nya Dzi 65-0426.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Mateo Kɔkɔe 11:4-19 / 28:20
Marko Kɔkɔe 11:22-26
Luka Kɔkɔe 8: 40-56 / 17:30
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Hebritɔwo 4:12-15 / 13:8
Maleaxi 4

21-0725 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Na

Gbedasi: 65-0524 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Na

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Lɔlɔ̃tɔwo Siwo Wogbɔ Agbe,

Alegbegbe míelɔ̃a be míaƒo ƒu ɖe du kɔsiɖa sia kɔsiɖa aɖa ɖu azã le Gbɔgbɔme Mana si Wòna Eƒe Ŋugbetɔ la ŋu. Enana mí ŋusẽ si míehĩa na míaƒe mɔzɔzɔ la. Míaƒe Mesia ƒe Agbe tututu, si woɖe ɖe go, hele Eƒe Hame la dzram ɖo hena Kɔkɔdzoe la ye.

Dzo Lilikpo la yɔ mí do go, hele míakplɔm yiɖe Ŋugbedonyigba dzi, le Eƒe nyagblɔɖila sesẽ William Marrion Branham, ƒe amisisi te.

Nɔviŋutsu Branham menye Dzo Lilikpo la o. Enye kplɔla si wosi ami na, le Dzo Lilikpo ma te. Ɖeko Dzo Lilikpo ma ɖoa kpe eƒe Gbedeasi la dzi kple dzesiwo kpakple nukunuwo, Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã si woɖe ɖe go le mía dome ye Wònye eye ewú nyagblɔɖila mamleawo katã si wodo ŋgɔ zigbɔ zi akpe ɖeka.

Ɖee miate ŋu kpɔ Amegbetɔvi la, Amegbetɔvi la le nyagblɔɖi Gbedeasi ƒe nɔnɔme me, si hele gbugbɔm va Eƒe Hame la me ake, le nyagblɔɖi me, hele Yesu Kristo eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me ɖem fia oa? Womewɔe kpɔ gbeɖe le agbenɔɣia me, sẽ ɖe ɣeyiɣi sia me o.

Míaƒe Gbɔgbɔme susuwo lé Esia. Míekpɔ Esia hexɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Gbedeasi sia, Nyaƒoka Siawo, nye Mɔ si Mawu ta be wòatsɔ lé susu ma si le egodo le afima afisi woƒã nuku ma ɖo. Míese Gbe ma eye Kekelia ƒo mí ke míexɔ Agbe.

Ena míele anyinɔm ɖe Dziƒo nutowo me, FIFIA TUTUTU. Menye míava nɔ o, míele fifia. Wofɔ̃ mí ɖe tsitre vɔ xoxoxo, dzo la kple gakpoa dze dɔ dzi vɔ. Egbɔ agbe mí yi ɖe Mawu ƒe Ŋkume, afisi Eƒe Gbɔgbɔ la le. Menye nusi nyege miala ye o, mienye vɔ! Abosam koe le agbagba dzem be yeafi mí le Egbɔ.

B: Ɖee wogbɔ Agbe mia?
Ŋ: Ẽ

B: Ɖee Kristo zu vavã na mia?
Ŋ: Ẽ

B: Ɖee woɖe Mawu ƒe ŋusẽ ɖe goa?
Ŋ: Ẽ

B: Ɖee miele Hame ma mea, Hame si Mawu na laa?
Ŋ: Ẽ

B: Aleke miele le Mee, aleke miewɔ henyae be wogbɔmi agbe le Mee?
Ŋ: Míaƒe susu blibowo; míaƒe ameti blibo la, le Kristo me. Kristo le mía dome, hele kpeɖom Eɖokui dzi be yele agbe, hele kpeɖom dzi be Yele afisia.

Míenye ŋutilãgbalẽ tso Eƒe ŋutilãgbalẽ me, kple ƒu tso Eƒe ƒu me, ŋutilã tso Eƒe ŋutilã me, Ŋkɔ tso Eƒe Ŋkɔ me, Eƒe Ŋugbetɔ. Míenye Eƒe ŋutilãgbalẽ kple Eƒe ƒuwo.

Míate ŋu ku o, wogbɔmí agbe. Ŋusẽ si gbɔ agbe ame si fɔ mí ɖe tsitre tso nuvɔ̃ gbe me, hetrɔ míaƒe ameti la, fɔ̃ mí ɖe tsitre vie le Kristo Yesu me, nusi, tsitretsitsi ahe va na mí wòade blibo aɖatsi.

Wodi mí hegbugbɔ mí di, wonyrɔ̃ mí kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, ɖe Yesu Kristo me. Wogbɔ agbe mí na Nya ɖesiaɖe. Míeɖe “amen” ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi.

Esime míele ƒuƒom ɖedu le Yesu Kristo me; le susu ɖeka, kple tame ɖeka me la, nu sia nu si hĩa mí, ne XƆSE asu mía si aɖaxɔ se la, Atsɔe na mí.
Mina míade dzesi be Anɔ míaƒe aƒewo, míaƒe hamewo dometɔ ɖe sia ɖe me, alo afika ke míeƒo ƒu ɖo, elabena míenye Eƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, Eƒe Hame Ŋugbetɔ la.

Menyae be Ele afisia. Mekaɖedzi be Ele afisia. Menyae be fifia la ŋusẽ si gbɔagbe nu la sɔgbɔ le Hame la me be wòayɔdɔ ame ɖe sia ɖe si nɔ anyi ɖe afisia.

Ɖee miexɔ Gbedeasi Sia dzi sea? Ɖee míexɔe se be Enye Mawu ƒe Mɔ na egbea? Ɖee miexɔe se be Amegbetɔvi si le Eɖokui ɖem fia le agbetɔ ŋutilãgbalẽ me ye wònyea? Ɖee miexɔ Nya ɖesiaɖe dzi sea?

Ne miehĩa ŋutilã ƒe dɔyɔyɔ, gbɔgbɔme dɔyɔyɔ, alo NU SIA NU si ate ŋu hĩa mi la, ekema meka ataŋu na mi be miaxɔ Mawu Ƒe Gbe, si wosi ami na, heɖo kpe dzi na míaƒe ŋkeke la:

Wɔe dzro azɔ be ŋusẽ si gbɔa agbe nu ma nagbɔ agbe woƒe xɔse, Aƒetɔ, na nusi wɔm wole la. Xɔsetɔa ɖee nye ma da asiwo ɖe xɔsetɔa ɖe dzi, ŋutilã aɖe ɖe ŋutilã aɖe dzi, ŋusẽ aɖe ɖe ŋusẽ aɖe dzi. Ke Mawu ƒe ŋusẽ wònye, to Mawu ƒe viŋutsu alo Mawu ƒe vinyɔnu dzi, to Mawu ƒe Vi la dzi. O Mawu, nà be Satana ne ɖe asi le dukɔ sia ŋu! Nà be woakpɔ dɔyɔyɔ ɣetrɔ sia, to Yesu Kristo, ƒe Anyinɔnɔ si wode dzesi ƒe tsitretsitsi, ŋusẽ si gbɔna agbe dzi. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, na wòava me nenema!

Va tu mí le; Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Na 65-0425, aɖaxɔ wò dɔyɔyɔ, woasi ami na wò kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe, nàna wò luʋɔ nadzɔdzi esime nànɔ anyi le Dziƒo nutowo me aɖase Amegbetɔvi la wòaƒo nu Kɔsiɖagbe sia le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mɔse Atɔ̃lia 16:1-6
Maleaxi 4:5
Mateo Kɔkɔe 1:23
Marko Kɔkɔe 16:17
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 4:23/ 10:1-7
Romatɔwo 8:1-11
Korintotɔwo I 12:13
Efesetɔwo 1:21
Tesalonikatɔwo I 4:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 22:19

21-0718 Dodo Etɔ̃lia

Gbedasi: 63-0630m Dodo Etɔ̃lia


BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Mawu Viŋutsu kple Vinyɔnu Lɔlɔ̃awo Siwo Woɖe Ɖe Go,

Bebli hafi ame nate ŋu anya afisi wòadze egɔme le. Be míabu eŋu be míenɔ anyi ɖedu le Dziƒo yaƒoƒo me, tso xexeame katã, hele tsi nom tso Tsi Gbagbe ma me, hele Eƒe viŋutsu kple Vinyɔnu siwo woɖe ɖe go zum. Gbedeasi sia le gɔmesese deblibo nam mí, le míadam ɖe tsitrenɔƒe, hele amesi MÍENYE le Kristo Yesu me gblɔm na mí.

Nuka wɔm Gbedeasi Sia le?

“Elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matsɔ ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.”

Ŋutikɔkɔe, Mawu dɔ Eƒe dɔla kple gbedasitsɔla 7lia be wòado mía ŋugbe na Eyama abe ɖetugbui dzadzɛ ene. Woatsɔ nya ɖe sia ɖe si WÒGBLƆ LA adrɔ̃ʋɔnu mí. Ema gɔmee nye be edze be MIAZI PLAY.

Eŋlɔ Eƒe Biblia gbãtɔ ɖe dziŋgɔli me. Emegbe la Eŋlɔ Eƒe Biblia evelia ɖe kpe me. Eŋlɔ Eƒe Biblia etɔ̃lia ɖe agbalẽ dzi na xexe gã, tagbɔ zɔzrɔetɔ kple agbalẽnyala si ava la. Gake egbe, ɖeɖefia gã ƒe ŋkeke la, Eƒe Aɖaŋudɔwɔwɔ si nu wowu kple deblibo la su mía si, Mawu ƒe Gbe ŋutɔ si le Eƒe Ŋugbetɔ la yɔm doe, to Nyaƒokawo Dzi:

“Eye natsɔ mí ɖo Aƒetɔ Yesu Ŋku me ne Eva, abe wò subɔsubɔdɔ ƒe aboyonuwo ene.”

Eye míakatã míede ɣli kple gbe ɖeka be,

“Míenya nenema! Mílala kple kakaɖedzi.” Wobe, “Nakplɔ mí ɖe Eŋku me, eye emegbe mí katã míatrɔ yi anyigba dzi, be míanɔ agbe tegbetegbe.”
Amekae Kristo ƒe Ŋugbetɔ do ɣli sesiẽ hegblɔ be akplɔ mí fia Mawu? Mawu ƒe Nyagblɔɖila to EƑE SUBƆSUBƆDƆ dzie. Aleke miate ŋu adi be míaƒo nyaƒoka siawo le miaƒe hamea me mahã?

Gbedeasi Sia Koe, nyaƒokasiawo, ate ŋu he Hame la va ɖekawɔwɔ aɖe me kple Mawu alegbegbe, sẽ ɖe esime woaɖe Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe ɖeɖeɖego fia le mía me. Aleke wɔ menyae be elebe magblɔ na mi be “minɔ anyi kple Nyaƒokawo,” megbugbɔ yi ɖe ɖoɖo la me be makpɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ ye.

Mekpɔmɔ be gbɔgbɔme susu la nate ŋu lé. Mekaɖedzi be míewɔe. Gake mele ɖokuinye biam se, le egodo le afima. Alekekee hã, miate ŋu asrã dukɔ ɖe sia ɖe o. Miate ŋu aɖo nyaƒokawo ɖee. Mɔ aɖe anɔ Mawu si le egodo le afima be yealé susu ma le afisi woƒã nuku ma ɖo. Esɔ gbe. Ke zi alesi Kekelia nya ƒoe ko la, edzo, gbɔ Agbe. Abe nyɔnu sue si le vudo la to ene, egblɔ be,”Yee nye Esi.” Elé Esia.

Na míawo ya la, anyitsi wònye le agakpe me, dzidzɔ manyagblɔ ye, kakaɖedzi yayra la ye, luʋɔ ƒe seke ye, míaƒe mɔkpɔkpɔ kple ziɔɖeŋu ye, Dzidzimewo ƒe Agakpe ye, enye nusianu.

Míaƒe gbɔgbɔme susume kɔ keŋkeŋ. Míenya amesie Wònye tututu. Míenya nusi Wònye tututu. Míenya amesiwo míenye tututu. Míenya afisi yim míele tututu. Míenya amesi Dzie míexɔse eye míexɔ nyaƒoɖe amenu be nutete le Eyama si be wòalé nusi míede Eyama si sẽ ɖe ŋkeke ma dzi.

Ke ekema ne Mawu ɖe fia mí be míenye Eƒe teƒenɔlawo la, ŋusẽ siwo katã le Dziƒo, nusi katã Mawu nye la, Eƒe Dɔlawo katã kple Eƒe ŋusẽ katã le tsitre ɖe MÍAƑE NYAWO megbe. Ele be Mawu nade bubu Nya la ŋu, elabena Egblɔ, bena “Nusianu si nàbla le anyigba dzi la, Nye la mablae le Dziƒo. Nusianu si nàtu le anyigba dzi la, Nye la matui le Dziƒo. Eye matsɔ Fiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò.”

Game su be míayi Aƒe. Dodo la tu aƒe. Mawu le amesi nye amesi fiam mí. Woaɖe Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la, do go, yi ɖe Anyigba si ƒe ŋugbe wodo la dzi.

Le Eƒe dodo gbãtɔ me la, Eɖewo do le kodzogbemenyigba dzi, yi ɖe kodzogbemenyigba dzi. Le dodo evelia me la, Eɖewo do go le gbɔgbɔme ƒe nɔnɔme me , yi ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ me, azɔ ele mîaɖem do go le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ me yi ɖe Mavɔmavɔ la me, to Dzo Lilikpo ma ke dzi, to nuɖoanyi ma si wosi ami na ake dzi, Mawu ma ke si le numawo ke wɔm!

Yawo neƒo fãa. Ahomwo te ŋu tu fãa, míele dedie ɖaa. Míele dzudzɔm ɖe afima tututu ɖe Nya sia Nya dzi.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ga 2 woale me, Jeffersonville ƒe ga me, aɖadudzɔ ɖe Nya sia Nya si Mawu gblɔ na míaƒe ŋkeke la dzi. Dzra ɖokuiwò ɖo na Eƒe vava si tu aƒe la aɖase: Dodo Etɔ̃lia 63-0630M.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ doŋgɔ na Gbedeasi la sese:

Mose II 3:1-12
Mose I, Ta 37
Mose I, Ta 43