All posts by admin5

22-1218 Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?

Gbedasi: 65-0418E Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?



BranhamTabernacle.org

Mesia-vi Lɔlɔ̃awo,

Mawu ƒe Amesiaminawo míenye; amesiwo wosi ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ ma ke, to dɔwɔwɔ mawo ke dzi, to Ŋusẽ ma ke dzi, to dzesi mawo ke dzi. Edzo tso hɔ̃ dzi yi hɔ̃ dzi, tso Nya dzi yi Nya dzi, sẽ ɖe esime woaɖe Yesu Kristo ƒe blibodede ƒe ɖe go le míadometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutilãwo me, le ŋutilãme, gbɔgbɔme hiahĩa, alo nu ɖe sia ɖe si míehĩa la ta. Ŋusẽ Ma si gbɔagbe nu la le agbe hele anyi le míame. Mawu ƒe Mesiaviwo míenye.

Kɔsiɖa sia kɔsiɖa Ɖeɖefia kuɖe Gbedeasi sia ŋu; amesi míenye, afisi míetso, kple afisi yim míele la, zua gã ga zua gã ɖe dzi wu. Míebiana míaɖokuiwo se kple mɔkpɔkpɔ gã aɖe be, aleke Wòateŋu aga nye ŋutikɔkɔetɔ wu? Aleke eme Agate ŋu akɔ wu mahã? Gake kple nyaƒoka yeye ɖe sia ɖe si míesena la, Mawu ƒoa nu na mí tso nuɣi dzi yiɖe to me heɖea Eƒe Nya geɖe fia na mí wu, hekana ɖe edzi AMESIWO MÍENYE.

Xɔsetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzimedidi yenye be yeanɔ Mawu ƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO me. Míedina kpɔ gbeɖe be míanɔ Eƒe Lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le me o. Míaƒe dziwo gbãna eye woguduna ne míese be míewɔ nane si madze Eyama ŋu o. Míenyae be Lɔlɔ̃nu Deblibo le Mawu si, eye ɖeko míedi be míanɔ EƑE ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ LA ME.

Le nye agbe me la, mexɔ tsitrenɔƒe sesẽ aɖe le gbɔgblɔme be mexɔe se be nu vevietɔ kekeake si Ŋugbetɔ la dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ, hamevi kple mawunyagblɔla siaa nenema ke la, yenye be WOAZI PLAY. Mexɔe se be Eyae nye Mawu Ƒe Gbe ƉEKA si dzi woɖo kpe na míaƒe Ŋkeke si me wòle be miase Nya ɖe sia ɖe aɖawɔ ɖe edzi le.

Megblɔ be mexɔe se be ehĩa be mawunyagblɔlawo nagbugbɔ de Nɔviŋutsu Branham woƒe nyagblɔtiwo dzi eye woaƒo nyaƒokawo le woƒe hameawo me, esime Wònye Gbe ɖeka vevietɔ kekeake si wòle be amewo nase.

Mexɔ nyaheɖeamenu geɖe le nye agbe me le tsitrenɔƒe sia xɔxɔ me ɖe nusi mexɔe se be enye Eƒe ɖoɖo kple Lɔlɔ̃nu Deblibo ta. Wose egɔme baɖa eye wogblɔ bena nyemexɔ Efesotɔwo 4 ƒe mawunyagblɔla atɔ̃awo dzi se o.

Meɖe gblɔ zi geɖe, geɖe be alakpae. Nyemegblɔe kpɔ o, nenema ke nyemexɔe se kpɔ o. Geɖewo tsaka nye nyawo hegblɔ nusiwo nyemegblɔ gbeɖe kpɔ alo xɔse na amewo, gake elebe woakpɔmɔnɛ.

Elebe Biblia Nya ƒe nyateƒe aɖe nanɔ anyi. Ne miele gbɔgblɔm be miexɔ Gbedeasi sia dzi se la, ekema elebe míaxɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ, esime Enye Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔ ŋutɔ la. Elabena enye Nya ma ƒe gɔmeɖela ƉEKA la.

Ne ɖe wòle be mabia miadometɔ ɖe sia ɖe be, “Amekae di be yeanɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me mahã la?”
Miadometɔ ɖe sia ɖe agblɔ be, “Ẽ, emae nye nye dzimedidi.” Alea la ele be míakpɔ nusi nyagblɔɖila gblɔ be enye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo dzi.

Mana nànya: Ne Gbedeasi le nyaƒoka dzi menye wò Tɔɖoƒe o, eye mèxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se o la, DZUDZƆ LETA SIA XEXLẼ. Na nyea la, menye xɔsetɔ o, alea la menye tɔwò ye o. Nusi Mawu gblɔ le nyaƒoka dzi ko mate ŋu anɔ anyi kpli.

Nusi Wògblɔ ye dim míele; menye nusi hame la gblɔ, nusi Ɖokta Jones gblɔ, nusi amebubu aɖe gblɔ o. Míele nusi ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI gblɔ la dim, nusi Nya la gblɔ.

Elebe míabɔbɔ míaɖokuiwo ɖe Eƒe Lɔlɔ̃nu kple Eƒe Nya te. Mele be míakeɖi le Eŋu o. Ɖeko wòle be Míaxɔe se. Migadze agbagba be miakpɔ mɔ aɖe le Eŋu o. Mixɔe Ko abe alesi Wòle.

Geɖewo alegbegbe dina be yewoato akpa nɛ aɖato mɔ bubu aɖe ayie. Ne miewɔe la, Mawu anɔ miayram, gake miele dɔ wɔm le Eƒe Lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le me, ke menye le Eƒe Lɔlɔ̃nu, deblibo Mawumetɔa me o. Mawu aɖemɔ na wò be nàwɔ nane, eye ayrawò ŋutɔ gɔ hã le ewɔwɔ me, gake kokoko la menye Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo ye o.

Mawu dɔ Eƒe dɔla kple gbedeasitsɔla adrelia ɖo ɖe anyigba be wòayɔ Yeƒe Ŋugbetɔ do go. Míexɔe se be Amegbetɔ Vi la wònye le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me. Mawu ƒe Gbe ŋutɔ ŋutɔe Wònye wolé ɖe mɔ̃ dzi hedzraɖoɖi na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Mawu Ŋutɔ gblɔna eƒe nyagblɔɖila be, “ne nena amewo xɔ dzi WÒ se la, naneke matɔ ɖe mɔwò dzi o.” Eyae nye amesi Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Ame aɖeke mate ŋu axɔ eƒe teƒe o. Meka Kora neni siwo woatso, alo Datan neni o la, William Marrion Branham ye Mawu yɔ be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Esiae nye Mawu ƒe ɖoɖo kple Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO.

Ne amewo medi be yewoazɔ le Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me o la, lɔlɔ̃nu si ŋu woɖemɔ le la le Eyama si Aɖemɔ na mi be miazɔ le eme.

Azɔ, Mawu nye nyuie…Edɔa Eƒe Nya ɖa. Ne miedi be miaxɔ Eƒe Nya dzi se o la, ekema Ede dɔwɔƒe vovovo atɔ̃ Eƒe Hame la me: Gbã, apostolo, nyagblɔɖilawo, nufialawo, pastɔwo, nyanyuiegblɔlawo. Woli hena Hame la ƒe blibodede.

Alea la, wofɔ̃ subɔsubɔdɔ la ɖe tsitre ko elabena amewo le agbenɔɣiawo me la medi be yewoaxɔ Mawu ƒe ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ la o; Eƒe Nya si Eƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ. Ɖeko wòle be míaxɔ Nya si Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ dzi se gblɔeɖe. Míehĩa amebubu aɖeke alo nu bubu aɖeke o.

Ekema subɔsubɔdɔ la ƒe dɔ yenye be woahe amewo GBƆ va Eƒe Ɖoɖo Lɔlɔ̃nu Deblibotɔ gbɔ, si nye: MINƆ ANYI KPLE NYAƑOKAWO, ELABENA MAWU ƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO YE. Ekema milé ƉOƉO LƆLƆ̃NU DEBLIBOTƆ ma me ɖe asi le woƒe ŋkume ɣesiaɣi to: PLAY ZIZI me.

Elebe miatrɔ gbɔ va aɖadze egɔme le afisi mietɔ edzi le, alo afisi miegblẽ ɖi le, eye miaxɔ Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe.

Eyata nuka wòle be miawɔ be mianɔ EƑE LƆLƆ̃NU DEBLIBO Me: Mizi Play.
Nuka wòle be pastɔwo woawɔ be woanɔ Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO me: Mizi Play.

Nukae Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔna ne wòyi takpekpeawo me mahã? Ɖeko wòdoa gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta, kple nuwo nenema tɔgbea? Agblɔ nyawo le nɔnɔme godo aɖe me be alẽaviawo nasee, elabena míenya nusi ke gblɔm wòle. Le nyagbe bubu me la, ɖeko wònye akpom le tɔƒodeti la ŋu. Efiawo dzesiwo abe dzesidede ene, eye wònya woƒe dziwo me ƒe nyaɣaɣlawo, be yeatsɔ nyɔwo ko. Gake emegbe la egblɔ nusi nu vevietɔ kekeake la nyi:

kaka miava nya la, nyaƒoka aɖe ge ɖe woƒe aƒe me. Edzɔ vɔ yenye, ekema. Ne enye alẽvi la, elɔ̃na ɖe dzi tututu. Ne enye gbɔ̃tsu la, etua fɔ nyaƒoka la do go.

Alẽvi ye nènye alo gbɔ̃tsu ye nènyea? Mawu ƒe hatsotso sue la tu ɖe Nya ma dzi. Míele Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblibo me to Play Zizi dzi abe alesi wònɔ, kple wòle, Eƒe gɔmedzeɖoɖo la.

Minɔ anyi kple Eƒe Nya la tututu, elabena nusi avado le nuwuwu lae ma, Nya la, Nya ɖe Nya dzi. “Amekake aɖe Nya ɖeka le Eme, alo atsɔ nya ɖeka Akpee la!”
Ele be wòanɔ anyi, Nya ma.

Meda akpe na Aƒetɔ la alegbegbe be menya, to gbɔgbɔme Ɖeɖefia me be, mele Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo la me le Eƒe Nya ŋu. Nyemele nye gɔmeɖeɖe tsɔm le Ekpem, alo nye nugɔmesese tsɔm le Ekpem o, gake mele nusi nye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI kple Eƒe Lɔlɔ̃nu Deblib la sem kple nyeŋutɔ nye towo.

Mele miakpem be miava aɖadinu kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12, Jeffersonville ƒe game, esime míase: Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa? 65-0418E. Nyakɔ̃ nyakɔ̃ geɖewo le Gbedeasi sia me alegbegbe, miele KESINƆTƆ zu ge le Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me ne míekpa.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose II ta 19lia
Mose V 22:31
Mateo Kɔkɔe 28:19
Luka 17:30
Nyaɖeɖefia ta 17lia

22-1211 Ɣe La Ƒe Dodo Yee

Gbedasi: 65-0418M Ɣe La Ƒe Dodo Yee



BranhamTabernacle.org

Dzodoŋusẽ La Ƒe Gbedɔxɔ Lɔlɔ̃a,

Agbetɔ di vevie kokoko le eƒe dzi me be yeanɔ abe Abraham ene esime wònɔ anyi ɖe eƒe aƒeme le ga 11 lɔƒo.
Ewu mo dzi hekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna eyama gbɔ kple ʋuʋu dedi le woƒe awuwo ŋu keŋ. Esi du kaba yi wogbɔ, hegblɔ be, “Nye Aƒetɔ.” Melxizedek Gã Lae nye ema, nɔ tsitre ɖe eŋkume, le amegbetɔ ŋutilã me le nuƒom.

Kɔsiɖagbe Sia la, didi vevie ma le míaƒe dziwo me ava me na míadometɔ ɖe sia ɖe. Míawo katã míele ƒuƒoge ɖe du le xexea katã me, anɔ toɖom Melxizedek gã ma ke wòaƒo nu na MÍ. Ame aɖe si si tɔ me le o, nɔ mele o, ŋkeke ƒe gɔmedzedze aɖeke alo agbe ƒe nuwuwu o, Mawu, en morfe, le nuƒom na mí to agbetɔ ƒe nuɣiwo dzi, tututu ko abe alesi Wòwɔe gbemagbe na Abraham ene.

Mɔnu aɖeke meli be woase Gbe ma o negbe nè ZI PLAY. Ɣeyiɣi aɖeke menɔ anyi kpɔ le ŋutinya me be wowɔ Ŋugbetɔ la ɖekae tso xexea katã me be wòase Melxizedek ƒe Gbe wòaƒo nu le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me tututu o. Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ la wɔm ɖekae kple Gbe ma.

Mawu ƒe Nya, nɔ mía si, hena ƒewo. Azɔ Nya la ƒe Mawu ye su mía si, mikpɔea, eye le afisia tututu la ele Eƒe Nya ƒe agbe ɖem ɖe go. Alea enye nyateƒe, dzesi gã mamleawo siwo ƒe ŋugbe wodo na Hame la do ŋgɔ na Aƒetɔ la ƒe Vava la dometɔ ɖeka.

Kɔsiɖagbe sia la, Ŋugbetɔ la le Easter ƒe Gbedeasi aɖe xɔ ge le Dzome me; ke Gbedeasi kae nye esi se ge míala.

Gbededɔwɔwɔa. Dzodoŋusẽa. Ŋusẽ si gbɔagbe nu. Kristo si wofɔ̃ ɖe tsitre. Mawu ƒe Viwo siwo woɖe ɖe go. Gbɔgbɔ ma ke si nɔ Kristo me la le mía me. Agbe ma ke, ŋusẽ mawo ke, viɖe mawo ke, siwo nɔ Eyama si la, le míasi. Nyenye ƒe agbalẽ la. Nuku gbãtɔ si tsi la wonyè le amewo ŋkume. Azɔ míenye ŋutilã tso Eƒe ŋutilã me, ƒu tso Eƒe ƒu me; Agbe tso Eƒe Agbe me, Ŋusẽ tso Eƒe Ŋusẽ me! Míenye Eyama!

Yesu Kristo si fɔ ɖe tsitre la; Melxizedeka Ŋutɔ, le ɣli do ge sesĩe aɖagblɔ na MÍ be, “Mena wolé nye Gbe ɖi ɖe mɔ̃ dzi hedee nyaƒoka dzi alebe Mate ŋu ahe mi va Gbɔnye, eye maƒo nu na mi tututu ko abe alesi Mewɔe na Abraham ene. Medi be miawo la miase tẽ tso Gbɔnye.”

Mienye Nye Hame si woɖo ɖi, si dzi woda asi ɖo do ŋgɔ! Miaƒe ŋutilãwo nye Dzodoŋusẽ la ƒe gbedoxɔ, elabena tso gɔmedzedzea me la mienye Gbededɔwɔwɔa ƒe akpa aɖe.

Nya si zu ŋutilã la ƒe Mawume ɖeɖefia lae nye ma. Ne Enye ŋutilã le ŋkeke ma me to Vi la, Ŋugbetɔsrɔ̃ la dzi la, Enye ŋutilã egbe to Ŋugbetɔ la dzi. Mikpɔea?

Ŋusẽ ma si Gbɔna Agbe nu la le agbe le mía me. Mele be míavɔ̃ NANEKE o. Gbɔgbɔ Ma ke si nɔ Eyama me la, le mía me azɔ eye Ele agbe nam míaƒe ŋutilã kuku la. Míele mɔ kpɔm be ele nenema o, MÍENYAE BE NENEMAE. Míewɔe vɔ, Ewɔe na mí.

Emegbe la, be woaɖo tatsyɔkpe ɣetrɔ la dzi la, Melxizedek gale nuƒo ge zi ɖeka ake aɖagblɔ be;

Amesiawo, siwo nye Fiaɖuƒe la ƒe havi dumeviwo, Ŋusẽ si gbɔagbe nu si nɔla, Gbɔe agbe na wo, Aƒetɔ, fifi laa. Eye Gbɔgbɔ la nedzo tso hɔ̃ dzi yi hɔ̃ dzi, tso Nya la gbɔ yi Nya gbɔ, sẽ ɖe esime woaɖe Yesu Kristo ƒe blibodede la ɖe go le ŋutilãwo me ɖeka ɖeka, hena kodzogbeme, gbɔgbɔme, alo hĩa ɖe sia si wohĩa la, esime míeda míaƒe asiwò ɖe míanɔewo dzi. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.

Tso hɔ̃ gbɔ yi hɔ̃ gbɔ, Nya gbɔ yi Nya gbɔ, wole Yesu Kristo ƒe blibodede ɖe ge ɖe go le míaƒe ŋutilãwo me ɖeka ɖeka. ŊUTIKƆKƆE!!

Esia ate ŋu ava me to PLAY ZIZI ko dzi, eyata miva wɔ ɖeka kpli mí aɖakpɔ gome le yubili nuɖuɖu le Nuɖuɖu Si Wodzraɖo Ɖi me, esime míase Gbe Ma, Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12, Jeffersonville ƒe game, wòahe Gbedeasi, Ɣe La Ƒe Dodo Yee 65-0418M vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo

Mose III 23:9-11
Mateo 27:51/ 28:18
Marko 16:1-2
Luka Kɔkɔe 17:30/ 24:49
Yohanes Kɔkɔe 5:24/14:12
Dɔwɔwɔwo 10:49 / 19:2
Romatɔwo 8:11
Tesalonikatɔwo I 4:16
Hebritɔwo 13:8
Nyaɖeɖefia 1:17-18

22-1204 Amekae Nye Melxizedek Sia?

Gbedasi: 65-0221E Amekae Nye Melxizedek Sia?


BranhamTabernacle.org

Mawu Ƒe Susu Lɔlɔ̃a,

Mekpɔmɔ be miele gbesɔsɔ na Kɔsiɖagbe sia. Mele nuƒom kuɖe alesi míaƒe dziwo le bibi ge le mía me esime Wòanɔ nuƒom na mí le mɔa dzi le míaƒe aƒewo kple hameawo me ŋu…MILALA KO!

Le ɣleti mamle sia me la Egblɔ na mí be míakpɔ gbɔ nyuie be míaɖo tɔdziʋu nyuietɔ la me…eye míele eme. Egblɔ na mí be Mawu ƒe Nuku vavã la manyi dome kple tsro la o… emegbe la Egblɔ be, MÍENYE NUKU MA. Emegbe la, míese kple míaƒe towo, Mawu ƒo nu to ame dzi heɖe gblɔ na mí bena, Egbe Sia, Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Ŋu le míaƒe ŋkuwo me tututu.

Egblɔ na mí le Kɔsiɖagbe si dze eyome bena míele Teƒe Si Mawu Na Hena Subɔsubɔ me, eye esi míele eme ta, míewɔ ahasi kple Eƒe Nya O. Alea la, míenye Eƒe Ŋugbetɔ Nya Dzadze si le Aƒe la.

Kɔsiɖagbe sia, Ele míakatã nu ƒo ge ɖe du zi ɖeka ake aɖa ƒonu to Eƒe dɔla gã nyagblɔɖila dzi aɖagblɔ na mí bena, NYEE NYE MELXIZEDEK SIA, ke mele Ɖokuinye ɖem fia wò le agbetɔ ŋutilã me, tututu abe alesi megblɔe be mawɔe ene le Nye Nya me.

ŊUTIKƆKƆE! Ɖee mietsi dzodzodzoea? Ɖee woyra mi Gbɔgblɔ mele eŋu oa? Enyo, GEƉEWU GALI GBƆNA GƆ HÃ. Ele ŋutinya gã sia nuwuge.

Mibu eŋu kpɔ ko, MÍE nɔ Mawu ƒe susuwo ŋutɔ me tso gɔmedzedzea me. Ƒe akpe ene hafi Yesu nava anyigba dzi, kple ƒe akpe geɖewo hafi miava anyigba dzi la, Yesu, le Mawu ƒe Susu me la, ku ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta. KE EMEGBE LA, wode MÍAƑE ŊKƆWO Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ me.

Ɖee ema le yiyim ɖe miaƒe susu me nyuiea? Mawu ɖo míaƒe ŋkɔwo hedewo Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ la me do ŋgɔ xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi anyi ke. Enya míaƒe ŋkuwo, míaƒe kɔkɔme, nukake míenye. Míenɔ Eƒe susume tso gɔmedzedzea me….le Mawu ƒe susume! Ekema, nu ɖeka si míenye lae nye Mawu ƒe Nya si woɖe gblɔ. Esime Wòsusui vɔ la, Eɖee gblɔ, ke míawoe nye esi.

Esesẽ be woase egɔme. Mawu le nusiawo katã gblɔm na mí. Elɔ̃ mí alegbegbe eye wòdi be yeakpɔ egbɔ nyuie be Míasee tẽ tso Yeŋutɔ gbɔ, alea la Ena Wolée ɖe mɔ̃ dzi alebena le Kɔsiɖagbe, Dzome 4, 2022 dzi la, Yeagate ŋu ahe Yeƒe Ŋugbetɔ la ɖe du aɖagblɔ na mí be: “Mewɔ esia katã na mi. Medi be Míasee tẽ tso Gbɔnye. MELƆ̃A MI. NYE ŊUGBETƆ MIENYE. MEGBƆNA NA MI LE MADIDI ME ŊUTƆ.”

Ematae míenyae be ne míele zɔzɔm le Mawu ƒe Ŋkume la, nane le mía me le gbɔgblɔm na mí bena míetso afiaɖe, eye míegbugbɔ yina to Ŋusẽ ma si le míahem dzi.

Mawu ɖe amemo ɖa le nua katã dzi eye míele Ekpɔm. Mawu, en morfe, wotsɔnumo nɛ le Dzo Lilikpo la me. Mawu, en morfe, le Ŋutsu aɖe si woyɔ be Yesu me. Mawu, en morfe, le Eƒe Hame la me. Mawu le míata me , Mawu li kpli mí, Mawu le mía me; Mawu ƒe ƒuƒoƒo ɖeka.

Naneke meli si wòle be míavɔ̃ kura o. Naneke si ta wòle be míatsi dzimaɖi o, ku ŋutɔ gɔ hã. Ne míedzo le afisia la, míekuna ŋutɔ gɔ hã o. Ne anyigba gbadɔ sia gblẽ la, bubu le míasi XOXOXO si le míalalam, En morfe.

Metsidzi be mase Eyama wòaƒo nu na mí eye wòaɖe nusiawo katã fia mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game. Miva wɔ ɖeka kpli mí le teƒe ɖeka si miate ŋu ase MAWU ƑE GBE si dzi woɖo kpe wòagblɔ na mi tso nuɣi dzi yi ɖe to me amesi Wò NYE, amesi míe NYE, kple afisi míeyina. MIZI PLAY.

Amekae Nye Melxizedek Sia? 65-0221E

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ

Mose I ta 18lia
Mose II 33:12-23
Yohanes Kɔkɔe 1:1
Romatɔwo 8:1
Korintotɔwo II 5:1
Tesalonikatɔwo II 4:13-18
Timoteo Gbãtɔ 3:16/ 6:15
Hebritɔwo 7:1-3/13:8
Nyaɖeɖefia 10:1-7 / 21:16

22-1127 Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe

Gbedasi: 65-0221M Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe

PDF


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Alẽha Lɔlɔ̃a,

Miɖo ŋku dzi, mele esia gblɔm na nye hatsotso la ɖeɖeko. Eye amesiwo le yanu le egodo la, mele esia gblɔm na nye ŋutɔ yonyemedzelawo ɖeɖeko. Woawo ɖeɖe tɔe nye Gbedeasi sia, kple nusi gblɔ ge mala le afii.

Osɔfo ɖesiaɖe, eya, esia nye etɔ, ẽ ɖe, enye lãhawo ƒe kplɔla, miɖe asi le eŋu wòawɔ nusi wòdi be yeawɔ. Ema le eya ŋutɔ kple Mawu gbɔ. Nunɔla ɖesiaɖe, mawunyagblɔla ɖesiaɖe la, ele wò ŋutɔ gbɔwò, nɔvinyeŋutsu.

Mele nu ƒom le Jeffersonville afii ɖeɖeko, teƒe ɖeka si li magblɔ esia le, elabena esia nye nye lãha la. Eyae nye lãha si Gbɔgbɔ Kɔkɔe tsɔ nam be wòase egɔme be manye dzikpɔla na, eye Eyama abia nyam ɖe eta. Eye amesiawo sinye tɔnye siwo trɔ dzime le afii tso anyigba la ƒe afisiafi, siwo mekplɔ vɛ na Kristo.

Tatsyɔkpe kae nye si na Akpedavɔsa ƒe kɔsiɖa ƒe nuwuwu. Mele akpe dam be mele alẽha sue ma si dzi wòkpɔtɔ le kpɔkpɔm la me kple miadometɔ ɖe sia ɖe. Teƒe bubu aɖeke meli si míate ŋu ayi o.

Fofo la dɔ hɔ̃ gã aɖe si le dzodzom ɖe mí be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. Gbe geɖewo le siwo doa ŋusẽ dukɔ la hegblɔa Nya siwo Eƒe nyagblɔɖila gblɔ la, gake GBE ƉEKA koe li si wodɔ be wòakplɔ Eƒe Ŋugbetɔ la aɖawɔe ɖekae.

Nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ le nyaƒoka dzi la nye míaƒe Tɔɖoƒe. Wose míagɔme baɖa elabena míele gbɔgblɔm be míexɔ NYA ƉE SIA ƉE dzi se, gake Mawu ƒe nyagblɔɖila ye de se na mí be míawɔ ema tututu.

Nenema ke gblɔm nye hã mele, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me: Migatsɔ nu ɖeka kpe, aɖe, ade miaŋutɔ ƒe susuwo Eme o, miawo la migblɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka mawo dzi, miawo la miwɔ nusi tututu Aƒetɔ Mawu de se na mi be miawɔ dzi; migatsɔ Kpee o!

Nyɔ̃ xexeme. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Nya Siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ la, MAWU DE SE na mí be; míaxɔwo se, agblɔwo aɖawɔwo dzi, nusi TUTUTU wògblɔ le nyaƒokawo dzi. Menye nusi gblɔm mele o, menye nusi miaƒe nunɔla alo mawunyagblɔlawo gblɔ o, gake nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ ɖe NYAƑOKA DZI.

Naneke megale vevie wu be woase Gbe Ma le nyaƒoka dzi o, NANEKE O. Wole ʋɔnudrɔ̃ge mí kple nusi woɖe gblɔ ɖe NYAƑOKAWO DZI. Menye nusi megblɔ o, gake nusi EYA GBLƆ.

Mele NYUIETƆA KEKEAKE dim na mi. Nye nya ʋeawo li be yewoa do ŋusẽ mi, tututu ko abe alesi kplɔla ɖe sia ɖe awɔ ene, be miaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Nyemele miafiam: be miake ɖi le nane si sem míele le nyaƒoka dzi, be vodadawo le nyaƒokawo dzi, ele be miaɖo tom tututu ko abe alesi wòle be miaɖo to nyagblɔɖila hã ene o. Meŋlɔna nya ʋewo na mi be mado ŋusẽ mi be MIANƆ ANYI KPLE NYA GƆMEDZEDZETƆ LA, MIZI PLAY. Medi be mianye Nya Ŋugbetɔ maƒoɖi, si le dzadze.

Mawu na wolé Eƒe Nyawo ɖe mɔ̃ dzi le ŋkeke sia dzi alebena nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le agbe la hã nase Eƒe Gbe. Le Paulo ƒe ŋkekewo me la, agbalẽŋlɔlawo koe nɔ wosi be woaŋlɔ nusi wònɔ gbeƒã ɖem la, esi nye Biblia. Gake EGBEA, Mawu di be wòaga LOLOWU ŋutɔ gɔ hã. Míate ŋu azi play eye míase Yesu Kristo si fɔ ɖe tsitre kple míaŋutɔ ƒe towo wòaƒo nu na mí, tso nuɣi dzi yi ɖe to me.

Ŋkeke kae nye esi me míele agbe le. Kple xexeame si le gbagbam nyateƒetɔe ƒoxlã mí keŋkeŋ la, teƒea ɖe le míasi si wona mí si míate ŋu ayi aɖagbɔ ɖe me ko. Ele míasi le NYAƑOKA dzi. Míenɔa anyi ɖe míaƒe hɔwo ƒe fafa me heɖuna azã le Nuɖuɖu Si Wodzraɖo Ɖi esi wodzraɖo ɖe nudzraɖoƒe la dzi. Míaƒe nyagblɔɖila ate ŋu anɔ adzɔge ɖaa, gake míekpɔtɔ le ŋku ɖom dzi be nusiawo nye nyateƒe, eye míele wɔwɔm ko abe alesi Mawu de se na mí be míawɔ ene, MINƆ ANYI KPLE NYAƑOKAWO.

Miva ɖu Akpedavɔsa ƒe azã nyuietɔ kekeake si mieɖu kpɔ Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime Mawu ƒe Gbe aɖe Gbedeasi: Srɔ̃ɖeɖe Kple Srɔ̃gbegbe 65-0221M gblɔ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Mateo Kɔkɔe 5:31-32/16:18/19:1-8/28:19
Dɔwɔwɔwo 2:38
Romatɔwo 9:14-23
Timoteo Gbãtɔ 2:9-15
Korintotɔwo Gbãtɔ 7:10-15/ 14:34
Hebritɔwo 11:4
Nyaɖeɖefia 10:7
Mose I ta 3
Mose III 21:7
Hiob 14:1-2
Yesaya 53
Xezekiel 44:22

22-1120 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia

Gbedasi: 65-0220 Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia

PDF


” class=”wp-block-file__button wp-element-button” download “>pakua – mp3

BranhamTabernacle.org

Aƒn. Yesu Kristo Lɔlɔ̃a,

Ale gbegbe míelɔ̃na be míase be woyɔ míaƒe ŋkɔwo. Be míasusu ko bena, míawoe nye Amesiwo Wògbɔna na. Fiaƒome Ŋugbetɔ na Fiaƒome ŋugbedodo ƒe Vi. Eƒe Abraham ƒe Fiaƒome Nuku si nyota sinye nyateƒe hewɔ nuteƒe na Nya ɖe sia ɖe.

Míewɔ ahasi, alo dze ahĩa ŋutɔ gɔ hã, kple Nya bubu aɖeke o; ɖeko míelé míaɖokuiwo ɖi dzadze henɔ anyi kple Nya ɖe sia ɖe.

Nyɔnu Kristotɔ nyuie geɖewo le xexeame egbea, nyɔnu wɔnuteƒewo; gake Aƒn. Yesu Kristo ɖeka koe li. Míawoe nye Amesiwo le Aƒe me yi ge kple Eyama. Míenye Eƒe Srɔ̃nyɔnu tiatia la.

Egblɔ na mí bena Yeaga trɔ gbɔva ake, tututu abe alesi Yeva tsã ene. Ke eyae nye ema nɔ tsitre, hele Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me, nɔ Nya la xlẽm hele gbɔgblɔm na mí bena, “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia ŋu le miaƒe ŋkuwo me,” ke míede dzesi Eyama, eye míezu Eƒe Aƒn. Yesu Kristo Ŋugbetɔ la.

Woɖe fia mí be Mawu ƒe V-i ma ke si va le ɣedzeƒe heɖokpe Eɖokui dzi abe Mawu si woɖe ɖe go le ŋutilã me ene lae, nye Mawu ƒe V-i ma ke le ɣetoɖoƒe kpadzi, Si de dzesi Eɖokui le Eƒe Ŋugbetɔ la dome. Vi la ƒe fĩeɣi Kekeli la va ɖo.

Azɔ ne mabia nya aɖe kuɖe nane ŋu la, ele be ŋuɖoɖo vavã nanɔ anyi. Nane ate ŋu anɔ anyi si ate ɖe eŋu; gake elebe ŋuɖoɖo vavã, tẽ aɖe nanɔ anyi na biabia ɖe sia ɖe. Ke, eyata, biabia ɖe sia ɖe si doa mo ɖa le míaƒe agbewo me la, elebe ŋuɖoɖo nyuie, nyateƒetɔ nanɔ anyi nɛ.

Le míaƒe ŋkeke me la biabia geɖewo kple nyahehe geɖewo le amewo do me.

Aleke gbegbe wòle vevie be woaɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒe nyaƒokawo?

Aleke gbegbe wòle vevie be woase aɖaxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi see?

Nukae nye míaƒe Tɔɖoƒe laa? Nusi wògblɔ le nyaƒoka dzi Yea, alo ɖee Gbɔgbɔ Kɔkɔe kplɔa ame sia ame be woatso nyame agblɔ nusi nye kple nusi menye Nya la oa.

Ɖee wòle be ame aɖe nanɔ míasi, alo amewo ƒe hatsotso, be woaɖe Egɔme na mí titotitoa?

Ɖee Nya la le gbɔgblɔm be ne Wòdɔ nyagblɔɖila Eliya ɖa vɔ la, Adɔ amewo ƒe hatsotso aɖe si Wòle be wòaɖe Egɔme na mia?

Ɖee míehĩa ame aɖe be wòaɖe Nya la gɔme na mí alo aɖe Egɔme na mí titotitoa?

Ɖeko wòle be míase nyaƒokawo le míaƒe aƒewo, ʋuwo, kple amidzeƒewo me, eye miaɖoto mawunyagblɔla ne míeyi sɔlemea?

Ɖee wòle be míaƒo nyaƒokawo le míaƒe hameawo mea?

Mawu ƒe Gbe Wònye na míaƒe ŋkeke alo oa?

Azɔ, ne nyabiase wònye le Biblia ŋu la, ekema ele be ŋuɖoɖo nanɔ esi le Biblia ŋu. Mate ŋu ava tso amewo ƒe hatsotso aɖe gbɔ, tso subɔsubɔ teƒe aɖe ƒomevi gbɔ, alo tso nufiala aɖe gbɔ, alo tso kɔmahatsɔŋkɔ aɖe gbɔ o. Ele be wòava tẽ tso Ŋɔŋlɔ la me…

Eyata ne míedi be míakpɔ ŋuɖoɖo nyuietɔ na míaƒe biabiawo la, ele be míayi ɖe Ŋɔŋlɔawo gbɔ. Emegbe la, ele be míatso nya me, kuɖe amesi nye Ŋɔŋlɔawo ƒe mawume gɔmeɖela la ŋu. Ɖee ame sia ame tsoa nya me na eɖokuia?

Menye nyagblɔɖila gɔme ɖeɖeko yenye be woaɖe Nya la gblɔ o, gake hã be woagblɔ nya ɖi do ŋgɔ, kple Nya la gɔmeɖela Mawumetɔ, Mawume Nya si woŋlɔ ɖi.

Eyata ne nyagblɔɖila nye Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖela Mawumetɔ la, ekema nusi nyagblɔɖila ma gblɔ la nye Mawu ƒe Nya si gɔme woɖe vɔ xoxo na Eƒe Ŋugbetɔ la, ETƆ ƉE AFIMA.

Esia metea ame ɖe aga le mawunyagblɔla gbɔ, alo le tsitrenɔƒe si ta Mawu yɔwo la gbɔ o. Mawu yɔ wo be woalé Nya ma si Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ ɖi le woƒe alẽha la ƒe ŋkume. Ele be woatsɔ asi fia gbedasitsɔla ma kple gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la.

Ele bena woadrɔ ʋɔŋu Nya ɖe sia ɖe si woɖea gbeƒã kple Nya siwo Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ le nyaƒoka dzi. Womateŋu trɔ, alo woaɖe NYA ƉEKA, gɔme ŋutɔ gɔ hã o. Mawu ƒe Ŋɔŋlɔawo la Eƒe nyagblɔɖila ƉEƉEKO ye ɖena wogɔme.

Azɔ, wodometɔ ɖe sia ɖe, ẽ ɖe, miate ŋu akpɔ woƒe tamesusu, eye nyemate ŋu abufɔ wo o. Wodometɔ ɖe sia ɖe gblɔna be yewonye nyateƒe la, nyateƒe la le yewosi. Ke ele be amesiwo nye hamemawo me tɔwo la naxɔ ema dzi se, elabena woda woƒe—woƒe dzeƒe, dzeƒe Mavɔ, ɖe hame ma ƒe nufiafia dzi. Ke wotovovo alegbegbe, eɖe le kemea gbɔ, sẽ ɖe esime wòwɔ biabia vovovo alafa asieke kple edzivɔwo.

Ne Gbedeasi sia si Mawu ƒe nyagblɔɖila ɖe gblɔ menye miaƒe Tɔɖoƒe o, gake enye be nusi ameaɖe alo amewo gblɔna nye Nya la, ekema miaƒe dzeƒe Mavɔ la le dzudzɔm ɖe nusi GBLƆM WOLE la dzi.

Nye nyawo le dzedzem ko abe ɖe wotsitre ɖe mawunyagblɔla ɖe sia ɖe kple wokatã ŋu ene. Nyemetsitre ɖe woŋu o. Mexɔese be Mawu ɖo ame vavãwo ɖe Eƒe Hamea kple ɖe Eƒe Alẽhawo dzi be woalé Gbedeasi sia ɖi le woƒe ŋkuwo me. Mexɔese be woɖea gbeƒã Gbedeasi sia hexɔnɛ edzi sena. Gake nukata womagbugbɔ Nɔviŋutsu Branham va woƒe nyagblɔtiwo dzi abe Gbe si le vevie wu be woase ene mahã ? Nukata wole woƒe subɔsubɔdɔ tsɔm le sɔsɔm, hã be ele vevie ko abe, Gbe ma ene mahã?

Maleaxi 3 bena, “Madɔ Nye gbedasitsɔla ɖo ɖe Ŋgɔnye be woadzra mɔ la dzi ɖo.” Eye amesi wodɔ ɖo ɖa be wòdzra mɔ la dzi ɖo la, de dzesi Eyama, teƒe la. “Eyae nye Ema! Vodada aɖeke mele eme o. Eyae nye Ema! Mekpɔ dzesi la le Eyome dzem. Menyae be Eyae nye ema; Kekeli aɖe si le ɖiɖim tso Dziƒo heɖi gbɔna Eyama dzi.” Enɔ eteƒe, Eyama wònye.

Ekema, nɔvinyeŋutsu, medi be mabia wò nane, esime mele kpakpam. Míate ŋu agblɔ esia. Le Maleaxi 4 me la, ɖee womedo hɔ̃ bubu aɖe ƒe ŋugbe na míawo hã, Dzo Lilikpo aɖe adze eyome, atsɔ fia hame si le tsaglalatsam egbe sia bena Enye Hebritɔwo 13:8, “eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me ” mahã? Ɖee womedo bubu si adzo tso gbedadaƒo me ƒe ŋugbe na mí oa?

Nukae do wòle be míanɔ kpɔkplɔm? Kekeli ƒe Alilikpo ma. Amekae nye Dzo ƒe Alilikpo ma? Hɔ̃ mae, Maleaxi 4. Ameka ƒe tame Dzo Lilikpo ma nɔ be woaɖo kpe amesi wònye la dzii? William Marrion Branham ye.

Ɣesiaɣi si míeƒoa ƒu la, ele be míale Gbe ma ɖe amewo ŋkume. Elebe míaɖo Mawu ƒe Gbe GBÃ. Menye be míasubɔ amema o, gake be míasubɔ Mawu si le ame ma me.

Ame si Mawu tia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ lae ma. Amema yenye amesi Mawu tia be wòaɖe Yeƒe Nya gɔme. Amemae Mawu tia be yeaɖe Yeƒe nyaɣlaɣlawo katã fia. Amemae nye amesi Mawu gblɔ na be, “Na amewo NAXƆ DZI WÒ SE” , MENYE AME BUBU AƉE ALO NUSI AME BUBU AƉE LE GBƆGBLƆM O, WÒ, WILLIAM MARRION BRANHAM. Amemae nye amesi le míafia ge Yesu Kristo.

Ŋutsu ɖe sia ɖe alo nyɔnu ɖe sia ɖe si tsɔa nane kpena nusi megblɔna la, mexɔ nusi gblɔm mele la dzi se o.

Va eye nàzu Aƒn. Yesu Kristo kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, esime míase Mawu nyaŋuɖela si wotia wòaƒo nu aɖagblɔ : Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia 65-0220 na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose V 1:3
Mose II 12:3-6
Maleaxi Ta 3 kple 4
Luka 17:30
Romatɔwo 8:1
Nyaɖeɖefia 4:1