23-1210 Xɔse Deblibo

Gbedasi: 63-0825E Xɔse Deblibo


BranhamTabernacle.org

Xɔse Deblibo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Míaƒe XƆSE vaa tso nu sese me, Nya la sese me. Nya la vana na nyagblɔɖila.

Nyagblɔɖila nye:

Nya La zu ŋutilã! Aleluya! Nya La le dɔwɔm le amegbetɔ ŋutilã me, to ŋutilã me dzesiwo me, to nulékpɔ dzesiwo me, to Ŋɔŋlɔme dzesiwo me, blibodedetɔe, be yeahe Xɔse Deblibo va na wò hena Kɔkɔdzoe Deblibo.

Míele nusi tututu Nya la gblɔ na mí be míawɔ la wɔm to Mawu ƒe Gbe ɖeka si dzi woɖo kpe la sese dzi be wòaƒo nu aɖaɖe Eƒe Nya fia to amegbetɔ ŋutilã dzi be wòana mí Xɔse Deblibo.

Mieɖo…miaƒe towo ku na nububu ɖe sia ɖe negbe nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le. Mikpɔea? “Amesi si to le (si le esem la), mikpɔea nusi gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo”; amesi si nusemɔ̃ le, si léna nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm na hameawo. Mikpɔea?

Míenye Eƒe nusémɔ̃ si le Nya ɖe sia ɖe lém hele exɔm le sesem. Ne Wòna mí ɖoɖo be: “Migblɔ nusi le nyaƒoka mawo dzi. MENYE Mawu ƒe Gbe na mi. Mieyɔam be miaƒe kplɔla, eye miele egblɔm nyuie, elabena eyae menye.” Míele woŋuti ŋudɔ wɔm. Nukake gblɔm Wòle la, ɖikeke ƒe vɔvɔli aɖeke mele afi aɖeke o; míeyia azɔli dzi ko. Nukake Aƒetɔ le gbɔgblɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi la, ame aɖeke meli le xexeame si ate ŋu ƒo nu na mí aɖe mí ɖa le me o, míeyina dzi nenema ke ko.

Azɔ míele gegem ɖe Xɔse Deblibo me, blibodede blibo si mate ŋu da ƒu o la me. Xɔse ma medana ƒu gbeɖe o.

Azɔ Xɔse Deblibo le míasi le Eƒe Nya me. Míele míaɖokuiwo dzi kpɔm o. Míele naneke vɔ̃m o, abe Hiob ene. Míele vɔvɔm esime míele ƒutsotsoe gãwo kpɔm hele toyim le tsi me abe Petro ene o. Ŋkeke mawo ŋu va yi.
AZƆ, míele Nya Deblibo ma si le agbe hele míame la dzi kpɔm. Míele gegem ɖe Ŋugbetɔ la ƒe nulékpɔ me. Míele gegem ɖe kɔkɔdzoe ƒe nɔnɔme me.

Ne míele gbedom ɖa la, míexɔna se be míexɔna nusi biam míele la, eye asu míasi; wole etsɔ ge na mí. Ɣeyiɣi, teƒe, nububu aɖeke mele etrɔ ge o. Míenyae bena wowɔe vɔ. Ekpan. Aleke míewɔ henyae? Elabena menye míaƒe Nya ye o, gake EƑE NYA, si Wòɖe gblɔ hetsɔ na mí ye. ŊUSẼ KPLE XƆSE DEBLIBO LE míasi be MÍAƉEE GBLƆ.

Tututu ko abe alesi Yesu wɔe na Eɖokui ene la, míele dzesi dem míaƒe tsitrenɔƒe; amesi míenye. Nu ɖeka si wòle be míawɔ ekema, yenye be míaɖo xɔse ɖe nusi míenye la me. Aɖo xɔse ɖe nusi NYA la le gbɔgblɔm be míenye la me! Ekema Mawu ƒe Nya la ava míame aɖaɖe Eɖokui ɖe go; elabena míenye xɔsetɔ. Eye xɔsetɔ nye “Mawu ƒe xɔse si le zɔ̃ ɖem le míame.”

Ke azɔ, míezu amesiwo wosi ami na kple Gbɔgbɔ ma ke, mesia siwo wosi ami na; ŋkeke mamlea ƒe mesiawo, be míana Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi la nadze woakpɔ; be míatsɔ afia be Meku o, gake le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nɔnɔme me la, Ele Eƒe dukɔ me; le agbasam le Eƒe Ŋugbetɔ dome, kple lɔlɔ̃ ƒe nuwɔna Nɛ, le Eɖokui trɔm ɖe, Eya me. Wole ɖeka zum na Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la; eye dzesi mawo ke, si ƒe ŋugbe Mawu ma ke do, le Nya ma ke me la, le Eƒe ɖeɖeɖego mawo ke wɔm.

Naneke megasusɔ na mí be míawɔ o negbe be Míaxɔe se; eye le Exɔxɔ se me la Enye nuvavã la si wɔna Xɔse Deblibo la. Migase ema, LE EXƆXƆ SE ME LA ENYE NUVAVÃ SI WƆNA XƆSE DEBLIBO LA.

Ɖe lãmeka falɛfalɛ aɖe le wò ŋutilã me si keaɖi le Nya ɖeka ŋua: KPAO
Ɖee nèxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi sea: Ẽ
Ɖee Wòna wò Gbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia: Ẽ
Ɖee Ŋugbetɔ la ɖeka ko si Ɖeɖefia vavã la anɔa: Ẽ
Ɖee nènya be yenye Eƒe Ŋugbetɔa: Ẽ
Ɖee Wògblɔ be le Nya ɖe sia ɖe xɔxɔ se me la ana wò Xɔse Debliboa: Ẽ
EKEMA ENYE XƆSE DEBLIBO ŊUGBETƆ NYA LA!!

Oo Aƒetɔ dzra mí ɖo abe ɖe medzɔ kpɔ o ene esime míaƒoƒu ɖe du Kɔsiɖagbe be míase Wò Nya la. Kpeɖe mía ŋu be míagakpɔ míaɖokuiwo dzi gbeɖe ake o, gake míaxɔ Wò Nya si Nèɖe gblɔ na mí ko dzi se. Míekpɔ Hehe ƒe Ŋusẽ Etɔ̃lia le zɔɖeɖe me eye Míenyae be Ele míame. Elebe míanɔ Wò Nya ɖem anɔ gbɔgblɔm eye míanɔ edzi xɔm nɔ sesem.

Míenyae be Egbɔna le madidi me na Wò Ŋugbetɔ Nya Deblibo la. Nukakee míehĩa la, Fofo, NUKAKEE MÍEHĨA LA, míenya be míele Exɔ ge. Elabena Enye Wò Nya si Nèɖe gblɔ na mí vɔ xoxo. Naneke meli be woawɔ o negbe be WOAXƆESE. Míexɔese Fofo, míexɔse. Azɔ na míaɖezɔ ɖe WÒ NYA dzi.

Míele míaƒe gegewo, nuvɔ̃wo kple dzidadawo katã me ʋum. Kpɔ mí to Vi Wò ƒe Ʋu me afisi wotso afia na mí le to Wò Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ dzi.
Nà be tɔtrɔ aɖe nava Wò Ŋugbetɔ me abe esi medzɔ kpɔ gbeɖe o ene. Trɔ Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe míadzi eye tsɔ nusiwo katã hĩa mí la na mí.

Dɔlelelawo ahaya tso woƒe fukpekpewo katã me. Megbedela atrɔ gbɔ va Nya la gbɔ. Wò Ŋugbetɔ le xexea katã me akpɔ wò mɔ si wona na egbe eye wòaxɔse.

Ne ame aɖeke mele asiwò si ada asi ɖe dziwò o la…da asi ɖe ɖokuiwò dzi…xɔsetɔ ye nènye. Èzu Nya la, esime nèxɔ Nya la.

Va Aƒetɔ Yesu, Wò Ŋugbetɔ le eɖokui dzram ɖo le eɖokui siasia ɖe Wò ŋkume dzi, le tsitsim. Míedi be Wò Nya na do awu na mí aɖawɔ leke na mí.

Va si ami na mí abe esi medzɔ kpɔ o ene Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime wò Ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe aƒoƒu ɖe du be yease WÒ naƒo nu aɖaɖe alesi míaxɔ: Xɔse Deblibo 63-0825E fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na takpekpe la:

Marko Kɔkɔe 11:22-26/ 16: 15-18
Yohanes Kɔkɔe 14:12 / 15:7
Hebritɔwo 11:1 / 4:14
Yakobo 5:14
Yohanes I 3:21