23-1203 Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?

Gbedasi: 63-0825M Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?


BranhamTabernacle.org

Ta Me Dzogbenya Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe míaƒe dziwo dzokpo kple dzidzɔ Kɔsiɖagbe esime míese míaƒe Aƒetɔ ƒo nu hegblɔ nusi le emevam fifia la na mí. Míele ɖeka wɔm kple Nya la eye míele ƉEKA zum kple Eyama. Madidi kura o míele ɖeka wɔ ge kple amekɔkɔe siwo dzo doŋgɔ na mí be míanɔ ƉEKA kpli wo. Emegbe míakatã le ƉEKA wɔ ge kple Kristo abe ƉEKA ene hena Alẽvi la ƒe Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la.

Dzidzɔ kae yɔ míaƒe luʋɔwo fũ esime Wògblɔ na mí be míasusui le ɣeyiɣi ɖeka me, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, xexeame gɔ hã manya nusi le dziyim o; gake kasia la, míele míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo dzo yi la kpɔ ge le míaƒe ŋkuwome, eye míagale ɖeka wɔ ge kpli wo ake.

Mɔkpɔkpɔ kae yɔ míaƒe dziwo me be míasusui be, kasia la, míele míatɔwo, míanɔwo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, viwo, gɔ hã míaƒe nyagblɔɖila kpɔ ge. MÍELE WO KPƆ GE, LE ŊUTILÃ ME!!

Míele enya ge tututu le ɣeyiɣi ma me be, yenye ESI; Ɣeyiɣi la de, míeva ɖo, EVƆ. Numuame to Ɖeɖefia me ƒe nya gblɔm mielea!! Esi mele susum bum hele nuƒom le eŋu fifia la, mele mia ŋkɔ sem miele ɣlidom, ŊUTIKƆKƆE, ALELUYA, WOAKAFU AƑETƆ LA ƑE ŊKƆ.

Ɣeyiɣi kae nye esia le míasi sum, míele azãɖum le lɔlɔ̃ leta sia siwo wogblẽ ɖi na mí ŋu. Lɔlɔ̃ leta siwo míate ŋu ɖe do go ɣesiaɣi si míedi aɖaxlẽwo ɖe dzi kple ɖe dzi ake kple ake. Menye ema ɖeɖeko o, gake ELOLOWU gɔ hã, míete ŋu le míaƒe Aƒetɔ la ŊUTƆ sem wòle nuƒom na mí to amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi hele gbɔgblɔm na mí be, “Medzra lɔlɔ̃ leta siawo ɖo ɖi na miawo ko, Nye dzi lɔlɔ̃tɔ. Menyae xoxo be ɣeyiɣi aɖe avava be ahĩa be yease Nye magblɔ alesi gbegbe Melɔ̃na wò eye nènye Tɔnye la na wò.”

“Medi be magblɔ na wò be gbe sia gbe ne futɔ la le ƒoƒom ɖe dzi wò, ne èle wò dodokpɔ kple tetekpɔwo me tom la, TƆNYEE NÈNYE.
Mexe fe la vɔ. Meɖu ɖe sia ɖe si wòɖanye dzi la vɔ…ɖee nèɖo TOMA lɔlɔ̃tɔ? NUKAKEE nèhĩa la, meɖudzi na wò vɔ, elabena melɔ̃na wò “.

“Menya mi do ŋgɔ hafi xexea aɖe nava nɔ anyi gɔ hã. Enye Nye akpa aɖe tso ƔEYIƔI ma me. Mele ŋku ɖom ema dzi fifia o, gake Meɖo ŋkui. Mègaŋlɔ nusi megblɔ na wò be o, ènye Ŋutilã tso Nye Ŋutilã me, Gbɔgbɔ tso Nye Gbɔgbɔ me, Ƒu tso Nye Ƒu me”.

“Ɣeyiɣi si ƒe nya Menɔ gbɔgblɔm na mi la va ɖo. Vevesesewo maganɔ anyi o, dodokpɔwo kple tetekpɔwo; ŋkekemawo ŋu va yi. Azɔ míawo ɖeɖeko ɖe du wònye le Mavɔmavɔnyenye me”.

“Milé dzi ɖe ƒo. Mikpɔtɔ nɔ dzi yim. Agudzedze la tu aƒe. Xaxaɣi siwo katã me tom nèle gbe sia gbe la ɖeko wòle wò tem ɖe Eyama ŋu wu ye.”

“Ne nane va dzi wò, eye èdze sese le ɖokuiwò me be ègbã gudugudu alegbegbe, ɖeɖi te ŋu wò eye nu tikɔ na wò, eye èdze abe ɖeko màgate ŋu kpɔtɔ ayi dzi o la, mele be nàŋlɔe be gbeɖe o, mele afima kpli wò tututu. Nye Nya le agbe le me Wò. Nye Nya ye nènye.”

“Megblɔ na wò be, ɖe Nya la gblɔ. Nusiwo katã dim miele la, ne miedo gbeɖa la, mixɔese bena Miaxɔe eye Asu miasi. Woatsɔe na mi. Meɖudi na mi vɔ”.

Gɔmesese kae le Nya siawo si na mí. Wolé na mí ɖe te gbe sia gbe. Ekɔa míaƒe Gbɔgbɔ dzi henana mí teƒe le Dziƒo nutowome kple Eyama. Agbe ko nɔm míele na Mawu kple Eƒe Nya la. Taɖodzinu ɖeka ye le míasi, eyae nye Yesu Kristo. Ema Godo la, nu bubu aɖeke megale vevie o.

Míelé Ŋutega la. Xɔmetsovɔ la heyi ɖe megbe eye míele Eyama Kpɔm, Eƒe Nya si zu ŋutilã, le nuƒom na mí to eƒe amegbetɔ ƒe nuɣiwo dzi. Míele lɔlɔ̃ me kple Nya sia, Gbedeasi sia, Gbe ma.

Va wɔ ɖeka kpli mí Kɔsiɖagbe sia le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, eye nàwɔ wò agbe me ƒe numetoto gãtɔ kekeake. Ase alesi nàɖu aʋa ɖe sia ɖe si Satana tsɔa ɖona wò mɔ dzi. Nàyɔ wò dzi fũ kple dzidzɔ kpakple dzikpɔkpɔ esime nànyae be yenye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ.

Nɔvi. Joseph Branham

63-0825M Aleke Mawɔ Aɖaɖudzii?

Nyaɖeɖefia 3:21-22