22-0529 Xɔse Deblibo

Gbedasi: 63-0825E Xɔse Deblibo


BranhamTabernacle.org

Xɔse Deblibo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃a,

Zi ɖeka ake la, mekpɔe be gbɔgblɔ mele eŋu be woagblɔ nusi Gbedeasi sia, Mawu ŋutɔ ƒe Lɔlɔ̃ letawo, si woŋlɔ kple Eƒe Ʋu, si woɖe gblɔ kple Eƒe Gbe, nye na mí o. Nububu ɖe sia ɖe menye naneke na mí o. Míelɔ̃a Eyama tso míaƒe dzi ƒe gogloƒewo me eye Esia na mí Lɔlɔ̃ Deblibo na Eyama. Naneke mate ŋu ate mí ɖa le Nya ma gbɔ o. Dzidzemekpɔkpɔ aɖeke mele míaƒe agbewo me wu be míase Eyama wòadoka kpli mí abe Xɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ ene o.

Menye míawo ŋutɔ gɔ hã wònye o, Eyae wònye le agbenɔm le míame, le ameyɔm do go va Eɖokui gbɔ. Enye gogloƒe si le gogoƒle yɔm. Dzidzɔkpɔkpɔ be míele nyaƒoka dzi zim eye be míase Mawu wòazã amegbetɔ ƒe gbe aɖagblɔ na mí be, míenye Eƒe ametiatiawo. Be wòagblɔ na mí be Yelɔ̃ mí do ŋgɔ xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi; elabena Enyae be míele Ye lɔ̃ ge kple nusiwo katã le mía me, eye míawɔ nuteƒe na Eyama kple Eƒe Nya la.

Nusiwo katã míehĩa la, Etsɔe na mí. Naneke meʋete o. Eŋlɔ Eƒe Nya le leta ƒe nɔnɔme me heli ɖi na ƒe akpe akpewo alebe wòate ŋu gblɔ Lɔlɔ̃ sɔŋ si nɔ Eƒe dzi me na mí.
Emegbe la Eƒe lɔlɔ̃ zu gã wu na mí ŋutɔ gɔ hã esime Wògblɔ na mí be: “Magatrɔ gbɔ va le ŋutilã me zi ɖeka ake aɖaƒo nu tso nuɣi me yi to me na mi alebe nugɔmemasemase, tsakatsaka maganɔ anyi o, gɔmeɖeɖe magahĩa o. Matsɔ Nye ɣeyiɣi aɖaɖe Nye Lɔlɔ̃ gblɔ na mi, eye nutete asu miasi be miagbugbɔ se aɖase agase ake. Medi be mianyae be, Fofo la le Menye, Mele miame, miele Menye, míele ƉEKA. Miaƒe ŋutilã nye nye Ŋutilã, miaƒe ƒu nye nye Ƒu, miaƒe gbɔgbɔ nye Nye Gbɔgbɔ.

Magblɔ nusiwo katã le Nye Dzi me na mi la tsitotsito. Mana eme nakɔ ƒãa alegbegbe be mianyae ɖikeke aɖeke manɔmee be, Nya siwo meŋlɔ heɖegblɔ la nye miatɔ, eye womadaƒu kpɔ o.

Mana mi Xɔse Deblibo, eye Anye Aƒetɔ na nɔnɔme ɖe sia ɖe. Meka nusi futɔ la gblɔ o la, Aɖu dzi esime Xɔse Deblibo le mia si le nusi Nye Nya gblɔ be mienye la me. Meka nusi futɔ la le agbagba dzem be yeagblɔ na mi o la, miawo la migaɖotoe gɔ hã o. Miaƒe towo ku na nububu ɖe sia ɖe negbe nusi Nye Gbɔgbɔ gblɔ na mi vɔ ko. Eku seke ɖe miaƒe dziwo me, eye naneke mele miate ge ɖa le Egbɔ o.”

Xɔse Deblibo ma si le mía si le sidzedze Gbedeasi sia me be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi la, míele XƆSE DEBLIBO ma ke zãm na ŋugbedodo ɖe sia ɖe si Wògblɔ na mí be enye míatɔ le Eƒe Nya me. Ne míedze dɔ hehĩa dɔyɔyɔ la, enye míatɔ. Ne míehĩa nu ɖe sia ɖe la, ate ŋu asu mía si, elabena míezu amesiwo wo si ami na kple Eƒe Gbɔgbɔ la. Míenye Eƒe mesiya ŋkeke mamlea tɔ siwo wosi ami na, siwo le Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi fiam.

Enye lɔlɔ̃ ƒe nya Esime Wòle Eɖokui kɔm ɖe mía me. Míele ƉEKA zum kple Eyama hena Srɔ̃ɖeɖe Nuɖuɖu la. Eƒe Gbɔgbɔ le afisia kpli mí kple le mía me. Nu ɖeka koe le mía si be míawɔ, ke eyae nye be Miaxɔe se, alɔ̃ Axɔe.

Míenye Mawu ƒe dɔla kple Gbedeasitsɔla 7lia o, gake míenye Eƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuviwo. Míaƒe asiwo nye Eƒe Asiwo. Míexɔ nusi wogblɔ le nyaƒoka dzi be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Enye Nya gbagbe la.

Eƒe nyagblɔɖila nye míaƒe kplɔla. Esi míele Nya si wolé ɖe mɔ̃ dzi sem la, míexɔe se be Enye Mawu si le nu ƒom na mí teŋ. Xɔse Deblibo le míasi le emadzi xɔxɔ se me.

Esime míele ƒuƒom ɖe du le xexea katã me be míase Mawu wòaƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi la, míaƒe xɔse le dzi dem bobobo esime Mawu le Eƒe Ŋugbetɔ hem va ɖe du le Eƒe Nya si dzi woɖokpe la ŋu.

Ŋkeke aɖeke manɔ anyi abe etsɔ ene o. Míele míaƒe Xɔse Deblibo si Wòna mí tsɔ ge eye míele Ezã ge na nukake hĩa mí, eye míele exɔ ge esime Dzo Lilikpo la anɔ nuƒom to Eƒe gbedeasitsɔla tiatia la dzi aɖagblɔ na mí be:

Ɖee mienya nusi mewɔ na mi laa? Mieyɔm be, “miaƒe kplɔla”; eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. Ne Yesu Kristo de dzesi nye, miaƒe kplɔla, be Mele Eƒe dɔ wɔm la, ekema mixɔ nye Nya dzi se. To xɔse ƒe dɔ sia wɔwɔ me, to nye asiwo dada ɖe mia dzi la, mebufɔ̃ dɔvɔ̃ kple teteɖeanyi sia si le nuƒo dom na mi. Mixɔe se, ke miaxɔe, meka nusi wònye o, elabena nusianu le bɔbɔe na amesiwo xɔase. Eye ne miele gbedom ɖa la, mixɔe se be miexɔ nusi miebia la. Ke mexɔe se vavã be mexɔe, eye le nye dzi me la melɔ̃ xɔ miadometɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔyɔyɔ, melɔ̃ xɔe, be eva me. Mexɔe se, Mexɔe se kple nusiwo katã le menye.

Míexɔe se kple nusiwo katã le mía me be, Gbedeasi sia nye Mawu Ƒe Gbe, si woɖe gblɔ, lé ɖi ɖe mɔ̃ dzi, ɖo kpe dzi hedzraɖo ɖi na ŋkeke sia. Míexɔe se be nukake míebia la, míele exɔ ge, elabena Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI MÍATƆ WÒNYE.

Va tu mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, be nàxɔ nukake nèhĩa esime míaɖo to Mawu ƒe nyagblɔɖila wòagblɔ na mí alesi míawɔ axɔ: Xɔse Deblibo 63-0825E

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:

Marko Kɔkɔe 11:22-26/ 16:15-18
Yohanes Kɔkɔe 14:12/15:7
Hebritɔwo 11:1/4:14
Yakobo 5:14
Yohanes I 3:21