23-0430 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi

Gbedasi: 60-1205 Efeso Hamea Ƒe Agbenɔɣi



BranhamTabernacle.org

Sika Dzadze Lɔlɔ̃tɔ Si Woƒo,

Alegbegbe mele akpe dam be mewɔ ɖeka kple miadometɔ ɖe sia ɖe, esime míele gegem ɖe Gbɔgbɔ la me hele toɖom Mawu wòle nuƒom na mí, tso nuɣi me yiɖe tome. Ɖeko nuwuwu meli na nusi ɖem Wòle fia mí o. Míaƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ. Míaƒe luʋɔwo le fiafiam gbago. Aleke ame aɖe ate ŋu ase nusi sem míele la gɔmee?

Miɖo to nusi Aƒetɔ la Ŋutɔ le gbɔgblɔm na mí la ɖa ko: “Mienye Nye Hame vavãtɔ la, Nye Ŋugbetɔ. Na Nyea la, miele abe sika DZADZE ene. Miaƒe dzadzenyenye nye Nye dzadzenyenye. Miaƒe nyenyewo nye NYE ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyenyewo. Miaƒe dzesidede ŋutɔŋutɔ la Menyee wòle. Nusi MENYE, lae ɖem miele ɖe go. Nusi le ASINYE lae ɖem miele ɖe go.
Na NYEA la, vodada aɖeke mele miame o, miaŋutikɔ kɔ le me kple le egodo. Tso gɔmedzedze yiɖe nuwuwu la, Nye dɔwɔwɔ mienye…eye Nye dɔwɔwɔwo katã deblibo.

Miava ʋɔnudɔdrɔ̃ me kpɔ gbeɖe o, elabena womate ŋu abu nuvɔ̃ na mi o. Do ŋgɔ na anyigba ƒe gɔmeɖoɖoanyi gɔ hã la, Nye taɖodzinu yenye be mama Nye Agbe Mavɔ kpli MI.

Aleke ame aɖe ate ŋu alé Nya siawo ɖo? Aleke miaƒe susuwo ate ŋu se nusi le eme vam la gɔmee? Nuka ɖem wòle fia? Mibu eŋu, míehĩa be míafa avi le míaƒe dzime agblɔ be, “Oo, ɖee menɔ anyi le megbe afima le agbenɔɣi gbãtɔa me esime wodɔ apostoloawo zi gbãtɔ ɖe.” Mehĩa na mí be míakpɔ megbe o, Elabena Eyama, amesi metrɔa le dzɔdzɔme alo le Eƒe mɔwo ŋu o la, le mía titina FIFIA, le nuƒom na mí hele gbɔgblɔm na mí be Enye Eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Esiae nye ɣeyiɣi GÃTƆKEKEAKE le xexeame ƒe ŋutinya me be míanɔ agbe.

Woƒo mí hekɔ míaŋu, yɔ fũ kple Kristo ƒe fukpekpe siwo tsi megbe. Wobu mí abe alẽ siwo wokplɔ yina wuƒe ene. Wowua mí ŋkeke blibo la katã. Míekpea fu geɖe, gake le wokatã me la, míehea ɖe megbe, míehea ɖe megbe o, nenema ke míenana amebubuwo kpeafu o. Na Eyama la, sika dzadze si woƒo míenye, míeglɔ̃ o, míegbã o, míetsrɔ̃ o, gake wome mí abe atsyɔ nane ene kple dzidzɔ mavɔ to agbe sia ƒe dodokpɔwo kple tetekpɔwo dzi.

Ele toklã nam amemamleawo katã azɔ be, “mitrɔ gbɔ va miaƒe Gbã Lɔlɔ̃ gbɔ.” Aleke gbegbe wòle be woakpɔ nyuie le esime ame mate ŋu atrɔ NYA ƉEKA, nu sue ɖeka alo fli ɖeka gɔ hã o. Emae nye Satana ƒe mɔtetre gɔmedzedzetɔa le Eden Bɔ la me. Nya ɖeka si wotsɔ kpe ko, Nya ɖeka si woɖe ɖa ko la, ekema ezu Nya ƒe futɔ.

Le agbenɔɣi mamle sia me la ele toklã nam mí be alakpa nyagblɔɖila geɖewo woava, anɔ gbɔgblɔm na amewo be ne womexɔ yewo dzi se o kple nusi gblɔm yewole dzi se o la, miabu.

MƆNU ƉEKA KOE li be woaka ɖe edzi be wometsɔ NANEKE kpee, be womeɖe naneke ɖa le eme eye wometrɔ naneke le me o…to MAWU ƑE GBE dzadze sese dzi ye…MIZI PLAY.

Akpe na Aƒetɔ la ɖe mawunyagblɔla vavã, si wofia nu nuteƒewɔwɔtɔe ta, amesiwo megblɔa Gbedeasi la sese gbesiagbe le woƒe aƒewo me ƒe vevienyenye na woƒe alẽawo ko o, gake le esime wonye kplɔla vavãwo ta, wole Gbedeasi Sia, Gbe Sia, Nyaƒoka Siawo ɖom, GBÃ KPLE ŊGƆ WU amewo ŋkume le woƒe hameawo me.

Le nusiawo gbɔgblɔ me la, wosem gɔme baɖa hetsɔ nya ɖe ŋunye be mele hamewo gbãm hele gbɔgblɔm na amewo be womegade sɔleme o. Gblɔe ɖe ko la ema menye nyateƒe o. NYA La le amewo ɖem ɖa le hame siawo siwo mele nyaƒokawo ɖom GBÃ le woƒe hameawo me o. Dɔ le wowum be woase Nya la tso Mawu ƒe Nyagblɔɖila gbɔ. Wole ESIA sem be enye Gbedeasi kple Gbe vevietɔ kekeake si dim yewole be yewoase. Wole esem be Enye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo be yewoaƒo nyaƒokawo le yewoƒe hame me.

Megblɔa na amewo kokoko be, “MIDE SƆLEME”. NE wole biabiam be: “Ɖe nèle esem be gbeƒãɖelawo woagate ŋu ɖegbeƒã?” “Ẽ.” Nyemegblɔ kpɔ gbeɖe alo susu be mele be woawɔe o. Megblɔa na gbeƒãɖelawo, nufialawo, pastɔawo be, “Miwɔ nusi Mawu yɔ mi be miawɔ la, GAKE MEƉEKUKU, mide Mawu ƒe Gbe ŋutɔ si le Nyaƒoka dzi GBÃ, MENYE MIAƑE SUBƆSUBƆDƆ O”.

Emae nye NYE ƉEƉEFIA. Ele be woawɔ alesi WOSE BE WOKPLƆ YEWO BE YEWOAWƆ ene. Dzena le asinye be maɖe gbeƒã kple mafia nusi sem mele le ɖokuinye me la. Ne wodi be yewoa gblɔ be Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ gbeɖe be Woazi Play le Hame me o, Mawu ƒe Gbe si tututu ɖo wobe yewole kpɔkplɔm la, eka wo.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le, eye wòkplɔna, Eƒe Ŋugbetɔ la kokoko. Míexɔese be Ele gbɔgblɔm na MÍ be, “MIZI PLAY, MINƆ KPLE NYE NYAGBLƆƉILA, NYE GBE, NYE GBƆGBƆ KƆKƆE LA.”

Enyo, ekema, míaɖo aɖika ɖe edzi, sigbe Eliya nyagblɔɖila ene si do ŋgɔ na ema ene. Eye ne ènye Mawu-vi la, ànɔ anyi kple nyagblɔɖila si le Biblia sia me. Nya lae. De dzesi gaƒoƒo la, azãgbe la hã.

Amekae nye Biblia me ƒe nyagblɔɖila la, Nya la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae nye Nyagblɔɖila na gaƒoƒo sia; Ele kpe ɖom Eƒe Nya dzi, hele Eɖem fia. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mose ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye Nyagblɔɖila le Mixa ŋɔli. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ŋlɔ Nya la, va heɖo kpe Nya la dzi.

Gaƒoƒo sia ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le míakplɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi, abe alesi Wòwɔ le agbenɔɣi ɖe sia ɖe me ene. Mawu metrɔna Eƒe ɖoɖo gbeɖe o.

Alea, wokpemi be miava wɔ ɖeka kpli mí le nusi míese be enye Mawu ƒe Ɖoɖo na mí to toɖoɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe me esime wòaƒo nu na mí to Eƒe nyagblɔɖila dzi, aɖakplɔ mí esime Wòahɛ Gbedeasi la vɛ na mí: Efeso Hame Ƒe Agbenɔɣi La 60-1205, le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game.

Nɔvi. Joseph Branham

Dɔwɔwɔwo 20: 27-30
Nyaɖeɖefia 2:1-7