Gbeƒãɖeɖe: 60-0515E Vixɔxɔ #1
Nuteƒewɔla Lɔlɔ̃tɔwo le Kristo Yesu me,
Ŋutikɔkɔe ƒe ɣeɣiɣi ka gbegbee nye si me tom míele. Míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me kwasiɖa sia kwasiɖa esi míele ɖeka wɔm ɖe du ƒo xlã Eƒe Gbe la. Míaƒe gbɔgbɔmesusu katã me kɔ. MÍENYA Amesi tututu Wònye. MÍENYA nusi tututu Wònye. MÍENYA amesiwo tututu míenye; ƒome gã ɖeka KPLE EYAMA!
“Ena ame be wòanye mawu suetɔ.” Elabena Enye Fofo Mawu, Eye Wòtsɔ ame wɔ mawu suetɔ, eyata Meganye amesi li le eɖokui si azɔ o, Eli kpakple Eƒe ƒome. Elah, Elah, Elohim. Azɔ, azɔ Enye Yehowa. Yehowa, si gɔme enye, “Eya Amesi li kpakple Eƒe ƒome.”
Yehowa Ŋutɔ ƒe Gbe le Eƒe Ŋugbetɔ ƒomea wɔm bliboe. Efia mí alesi míawɔ aʋa kple futɔ ɖesiaɖe si aƒo ɖe mía dzi la; ale si míate ŋu agee ahaɖu edzi kple Nya la, elabena Eƒe Nya la le agbe eye wòle mía me. Eka ɖe edzi na mí be, “MÍENYE NYA LA”. Ale nusianu si míebia le Eƒe Ŋkɔ me la, míate ŋu akpɔe ne míexɔe se….KE MÍEXƆE SE!
Eƒo nu eye wòɖe alesi míawɔ azu ŋutsu kple nyɔnu deblibo ƒe nɔnɔmewo ale be míate ŋu anye nɔƒe si me Wònɔna la fia mí. Exlɔ̃ Gaxlɔ̃ be yeaƒo yeƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a nu ƒu be yeana míanya be Yenye míaƒe Mɔfiala, eye Wònɔ míakplɔm henɔ mɔ fiam mí to Eƒe anyigba dzi dɔla mɔfiala, William Marrion Branham dzi.
Fifia nufiame tɔxɛ bubu aɖe le esi Wòdi be yeafia mí ahaɖee fia mí. Edi be yeaɖe gbeƒãe be míenye Yeƒe vi siwo woxɔ. Míaƒe ŋkɔ nyo ko abe Eƒe Ŋkɔ ene. Míedo tso Kanaan, do le xexeame, eye FIFIA míebɔbɔ nɔ anyi ɖe du le Dziƒo nutowo me, le Manna ɣaɣla, si wodzra ɖo ɖi la ɖum.
Azɔ Ele nusi wòle be míawɔ be míadzra ɖo na Eƒe Gbedeasi si kplɔe ɖo la, kple nusi ate ŋu adzɔ ne míewɔe la gblɔ ge na mí.
Ele be míado gbe ɖa ʋuu eye míanɔ klalo na Gbedeasi la; Miƒo mía ɖokui nu ƒu abe amekɔkɔewo ene be míase Eƒe Gbe, Wonyrɔ̃ mí le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, woyɔ mí fũ kple Mawu ƒe yayrawo; Susuvɔ̃ ɖeɖe ɖeke o; Ame aɖeke meɖo nyaa ɖeke ɖe nɔvia ŋu o; Nuƒoƒo le lɔlɔ̃ kple nusɔsɔe me; Anɔ dzi ƒe ɖekawɔwɔ me, le teƒe ɖeka ɖe du le Dziƒo nutowo me le Dziƒo ƒe yaƒoƒo te; Míaƒe nuvɔ̃wo katã le Ʋu la te, le subɔsubɔ deblibo me; Míaƒe asiwo kple dzi kɔ ɖe dzi yi Mawu gbɔ, míele subɔsubɔ wɔm ɖe du le Dziƒo nutowo me.
Ne míewɔ nusiawo la, nusi adzɔ Kwasiɖagbe sia yenye esi:
•Mawume dɔyɔyɔ
•Nyanyaɖi
•Ɖeɖefia
•Ŋutegawo
•Ŋusẽwo
•Aɖeyeyewo
•Gɔmeɖeɖewo
•Nunya
•Sidzedze
•Dziƒo yayrawo
•Dzidzɔ manyagblɔ si yɔ fũ kple Ŋutikɔkɔe
Dzi ɖesiaɖe ayɔ fũ kple Gbɔgbɔ la. Eye kasia gbea ɖe aɖi tso Dziƒo va abe yaƒoƒo sesẽ ene eye Ayra ɖe mía dzi kpakple Gbɔgbɔ me yayrawo.
Emae nye nusi adzɔ le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game, afisi Mawu na teƒe tɔxɛ aɖe si Ŋugbetɔ la ate ŋu aƒo ƒu ɖe du le be míase Eƒe Gbe le dzi ƒe ɖekawɔwɔ me, le teƒe ɖeka, kple míaƒe asiwo kpakple dziwo ɖo ɖe dzi na Mawu, anɔ subɔsubɔ wɔm ɖe du le Dziƒo ƒe ayaƒoƒo me.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi Vixɔxɔ#1 60-0515E
Ŋɔŋlɔ:
Yoel 3:1
Efesotɔwo 1:1-5
Korintotɔwo I, 12:13
Petro I, 1:20
Nyaɖeɖefia 17:8
Nyaɖeɖefia 13