Gbedasi: 60-1204M Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 26-0712 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 24-1006 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 23-0416 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 20-1025 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 19-0106 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
- 16-0306 Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia
Nyagblɔɖimewo Ƒe Hatsotso Lɔlɔ̃tɔwo,
Aleke gbegbe míelɔ̃a nya, ƉEƉEFIA enye si! Womate ŋu ate gbe ɖe Ɖeɖefia Vavã ƉESIAƉE ƒe vevienyenye dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi na xɔsetɔ vavãtɔ wòagbɔ eme gbeɖe o. Ɖeɖefia wu agbe na Ŋugbetɔ la; elabena le nenem KPE, ƉEƉEFIA SIA, dzi la, Matu ye Hamea ɖo, eye to Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me la, míenye Eƒe Hame la si si Eƒe Ɖeɖefia Vavãtɔ la le.
Menye amesiamee woɖo Nyaɖeɖefia ƒe Agbalẽa na o. Ame aɖeke meli si ate ŋu ase Egɔme o. Enye Nyagblɔɖigbalẽ si woŋlɔ na, kple nyagblɔɖimewo ƒe hatsotso aɖe koe ateŋu ase egɔme: MÍ, Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la.
Enye Agbalẽ ɖeka kolia si Kristo Ŋutɔ ŋlɔ le Biblia katã me, gake Edɔe ɖa eye wòɖee fia to Eƒe dɔla dzi na Eƒe dɔtsɔla Yohanes. Nusrɔ̃lawo menya nyateƒenya siawo siwo woŋlɔ ɖi o. Womeɖee fia wo do ŋgɔ o. Yesu gɔ̃ hã mete ŋu gblɔ Eƒe nɔƒe le Eme ŋu nya na wo o; elabena Fofo la meɖee fiae o.
Gake fifia, le Eƒe ku kple tsitretsitsi megbe, kple le ɣeyiɣi tɔxɛ sia me la, ete ŋu tsɔ Eya ŋutɔ ƒe Nyaɖeɖefia sia ɖo ŋgɔ na Yohanes, nusi Eƒe ŋutikɔkɔe kple anyinɔnɔ le hamea me anye kple awɔ.
Gake fifia gɔ̃ hã, le ƒe akpe eve megbe la, xexeame de ŋugble, mawuŋunusrɔ̃lawo srɔ̃ nu hetso nyame, gake nyaɣaɣla siawo siwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe Agbalẽa me la gɔmeɖeɖe kple Nyaɖeɖefia nyuitɔ mele ame aɖeke si o vaseɖe egbe, vaseɖe ɣeyiɣi sia me, esime Mawu dɔ dɔla ma ke ɖe anyigba dzi be wòaɖe Eƒe ɖe sia ɖe afia MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ tiatia.
Be madze agbagba ase alesi gbegbe Mawu tiam, eye Wòtia wò la gɔme; be Eƒe Nya la ƒe Ɖeɖefia Vavãtɔ nanɔ ame si la gbɔ amegbetɔ ƒe nyagbɔgblɔ ŋu. Togbɔ be ame geɖewo li siwo gblɔna be yewodze Gbedeasi la yome eye wogblɔna be yewoxɔe se be Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa hã la, Ɖeɖefia bliboa mele wosi le nusi dona tso eme be womawɔ Eƒe Gbe wòanye gbe vevitɔ kekeake si WÒLE BE YEWOA SE o la nyanya me o. Eƒe Gbe ƒe Ɖeɖefia sia ƒe amesinɔnɔ le ŋkeke sia me nye Dzonu si xɔ asi ŋutɔ vavã.
Mawu tia mí be yeaɖe ƉEƉEFIA VAVÃTƆ la fia mí. Eyata míenye Eƒe HAME VAVÃTƆ la, Eƒe aʋakɔ si dzi womate ŋu aɖu o si ƒe ŋkume ŋusẽ aɖeke mele Satana si le o, eye woxe mɔ nɛ godoo. Esi Eƒe Ɖeɖefia Vavãtɔ le míaƒe agbe me ta la, dzomavɔ ƒe agbowo mate ŋu aɖu mía dzi o, gake míaɖu wo dzi. NANEKE MELI si ate ŋu anɔ te ɖe mía ŋkume o.
Ɖeɖefia Vavãtɔ si de blibo na egbe enye be míade dzesi Mawu ƒe Gbe ƒe vevienyenye na míaƒe ŋkekea. Ne sɔlemedede, hamevi nyenye, vɔsawowɔwɔ, gbedodoɖa, kple Mawu subɔsubɔ koe nye nusi Mawu bia la, ekema Mawu anye madzɔmadzɔtɔ be ebufɔ Kain le esi wòwɔ nusi tututu Wògblɔ be wòawɔ ta.
Esiae nye nusi Gbe si le nyaƒokawo dzi nye na mí:
Nu blibo la ƒe Nyaɖeɖefia woda ɖe afisia kpakple yayra na amesi le Exlẽm kple amesi le Esem, kpe ɖe fiƒode ŋu na amesiwo atsɔ akpee alo aɖe le eme. Eyae nye tometi blibo la, oo, tɔɖoƒe la. Womate ŋu atsɔ naneke Akpee o. Eye ne amea ɖe di be yeaɖe nane le Eme, alo atsɔ nane Akpee la, Mawu gblɔ be Yeaɖe etɔ gome ɖa le Agbe Gbalẽ la me. Mikpɔea? Aɖe etɔ gome ɖa le Agbalẽ la me, ne etsɔ ɖe kpe ɖe Eŋu.
Tovo kura na alesi wònɔ tsã la, Mawu na MƆ DEBLIBO aɖe be míagatsɔ akpe ɖe Eƒe Nya ŋu alo aɖee le eme o. Ena mɔnukpɔkpɔ mí be míase Eƒe Gbe esime Wòle nu ƒom hele Eƒe Nya la ɖem fia mí. Ðeko naneke mate ŋu anɔ anyi si lolo wu ema o.
Esiae nye ƉEƉEFIA VAVÃTƆ la na egbe.
Dzi le dzɔyem ŋutɔ eye mele mɔkpɔkpɔ gã aɖe me na nusiwo katã Aƒetɔ la dzra ɖo ɖi na mí esi míanɔ to ɖom, anɔ nu xlẽm, anɔ nu srɔ̃m tso Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo ŋu. Mawu Ŋlɔe, dɔ Eƒe dɔla ɖa be Wòaɖee afia Yohanes, emegbe elala kpɔ mí be míanɔ anyigba dzi afisia le ɣeyiɣi sia tututu me ale be Wòate ŋu adɔ dɔla ma ke ɖe mía gbɔ be Wòaɖee afia!
Ŋutikɔkɔeɣeyiɣi aɖeke meva le xexeame ƒe ŋutinya me wu egbea o. Bubu gã aɖeke meli si wotsɔ na amegbetɔ wu be mɔnukpɔkpɔ nasu esi be woase Mawu ƒe Gbe na wo ɖokui kpɔ o. Ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ si me Eƒe Ŋugbetɔ ate ŋu awɔ ɖeka to Eƒe Gbe dzi ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me o.
Minɔ klalo, Mawu le Eŋutɔ kple amesiwo míenye ƒe Ɖeɖefia geɖe wu na ge mí: Eƒe aʋakɔ si dzi womate ŋu aɖu o, Eƒe Aƒenɔ si wòtɔ asi, tia, Eƒe Lɔlɔ̃tɔ si Wòlala tso ɣeyiɣi ƒe gɔmedzedze me ke.
Naneke mate ŋu axɔ ema le mía si o. Eku seke ɖe míaƒe dzi kple luʋɔ me geɖe wu tsã. Fifia ezu nu vavã si le kɔkɔdzoe nam mí le Xɔse me.
Míadze míaƒe mɔzɔzɔ gã la gɔme le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Gbedeasi gbãtɔ la: 60-1204M Yesu Kristo Ƒe Ɖeɖefia.
Medi be made dzi ƒo na wò be nàtsɔ wò Hame Ƒe Agbenɔɣi Adre ƒe agbalẽa, axlẽe le wò xɔ ƒe tomefafa me eye nàsrɔ̃e, ta ɖe sia ɖe, kwasiɖa sia kwasiɖa. Míele ɖeka wɔ ge anɔ Eƒe Gbe sem, emegbe míasrɔ̃ Eƒe Nya.
Nɔvi. Joseph Branham