Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
August 20, 2026

Lã La Ƒe Dzesi Kple Mawu Ƒe Nutrenu La #1
61-0216

Kain susu nusiawo be, matsɔ nusiawo amenui.”

Gake mele eŋu bum be Habel ƒe numeme menyo kakaka o, kakaɖedzitɔe la gbekui menɔ anyi le ɣeyiɣi ma me o, eyata ele nɛ be wòatsɔ weinti axatsa alẽvi xoxo sue la kɔ, akplɔe yi dzi afima, eye wòatsɔe mlɔ agakpe la dzi. Akplɔ alo hɛ menɔ esi le ɣeyiɣi ma me o, eyata ele nɛ be wòatsɔ agakpe kakɛ aɖe—aɖe, ahe eƒe ta sue la va megbe, eye wòdze eƒe kɔ sue la tsotso.

Eye esi wòdze xɔxlɔ̃, nɔ afɔ dam, eye ʋu la nɔ gbagbam ɖe eŋu keŋ, wònɔ ʋu dzam, nɔ xɔxlɔ̃m, nɔ kukum le agakpe la dzi, nuka teƒe wònɔ? Ƒe akpe ene megbe la, woxlã nu na Mawu ƒe Alẽvi la yi ɖe ku me ke le Dzodzimewo ƒe Agakpe la dzi, enɔ ʋu dzam, nɔ xɔxlɔ̃m, nɔ aɖe yeye dom esime Wònɔ kukum le Kalvaria.

Oo, alevi si Ku, Wò Ʋu xɔasi la

Mabu eƒe ŋusẽ gbeɖe o,

Sẽ ɖe esime Mawu ƒe Hame si woƒle la

Navo, tso vɔ̃ me keŋ.

Míaƒe Sukudede ɖoɖowo, kɔmahatsɔŋkɔ ɖoɖowo maɖo gɔmesese aɖe nenema gbegbe o, ehĩa Yesu Kristo ƒe Ʋu, eye nububu aɖeke mawɔe o. [ Nɔviŋutsu Branham te eƒe asibidɛwo—Tala.] Ẽ.

Gbesiagbebolo

Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me…
Nyaɖeɖefia 12:11

An Independent Church of the WORD,