Egbe Ƒe Numegbe
August 19, 2026
Hebritɔwo, Ta Etɔ̃
57-0901M
Kuɖe kɔnyinyi ɖeka kple ɖeɖekpɔkpɔ si le mía si la ŋu, ke lɔlɔ̃, le mawuvɔ̃la vavãwo dome. Minyaa, Biblia gblɔ be ava va me. [Ƒuƒoƒea gblɔ bena, “Amen.”—Tala.] Uh-huh. Mi Biblia xlẽlawo, mese miedo ɣli be “Amen,” eye wò mawunyagblɔla si le megbe afima hã. Ele teƒe. Lɔlɔ̃ anɔ didiƒe ke, le ŋkeke mamleawo me; lɔlɔ̃ ɖeka si akpɔtɔ la, anye Mawu ƒe dukɔ ƒe Ametiatiawo. “Vifofo atsi tre ɖe vidada ŋu, eye vidada atsi tre ɖe vifofo ŋu, eye ɖeviwo atsi tre ɖe dzilawo ŋu, eye ame vovovowo ɖe wo nɔewo ŋu.” Eye lɔlɔ̃ ɖeka si akpɔtɔ la, anye Ametiatiawo ɖeɖe ko, Amesiwo wotia ɖeɖe. Nyagbe “Ametiatia” le afima dzɔ tso nyagbe “Si wotia,” me amesiwo Mawu tia.
Gbesiagbebolo
Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.
Mateo 24:12