Egbe Ƒe Numegbe
August 7, 2026
Tso Ɣemaɣi La
60-0302
Ame aɖe mate ŋu do go Mawu gbeɖe eye wòaganye ame ma ke kpɔ o, lo nàzu ame nyuie wu alo ame vɔ̃ɖi wu. Nànyo wu, alo nàvɔ̃ ɖi wu ne nèdo go Mawu vɔ megbe, eku ɖe nusi nèdi ƒe yeawɔ kuɖe eŋu ŋu. Gake ame mate ŋu do go Mawu gbeɖe eye wòaganye ame ma ke kpɔ o.
Nukake nye wò nuwɔna ɖe Mawu gbɔ la, etréa wò dzeƒe
Mavɔ ŋu. Àte ŋu ade ata fli si le amenuveve, nublanuikpɔkpɔ, kple ʋɔnudɔdrɔ dome, eye ne nègbe amenuveve zi geɖe ale gbegbe la àte ŋu ama ɖokuiwò ɖa le Mawu ƒe Ŋkume yi mavɔ, alo àte ŋu alɔ̃ axɔ Eyama eye nàxɔ Agbe Mavɔ, eye maku gbeɖe o, gake nàfɔ ɖe tsitre le ŋkeke mamlea gbe le hahoo tsitretsitsi la me.
Gbesiagbebolo
Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.
Romatɔwo 6:23