Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
August 6, 2026

Yehowa – Yire
61-0209

Mekpɔ ŋutega aɖe kpɔ le Tulsa, le Oklahoma, afisi menɔ takpekpe aɖe wɔm ko le takpexɔ gã aɖe me. Eye—eye ŋutsu aɖe, nye mawunyagblɔla le afi aɖe, woyɔe le takpekpe la me (mexɔe se be mawunyagblɔla Baptistetɔ ye), eye medze nyagbɔgblɔ nɛ kuɖe eƒe agbe ŋu.

Nutoame ƒe pastɔwo dometɔ ɖeka si le fe xem ɖe takpekpeawo ta yɔ ŋutsu sia biae bena, “nenema Wòlea? Ɖee nènya Nɔviŋutsu Branham kpɔa?” esi menyae bena manya nu sia nu kuɖe eŋu le nye amedzrodzeƒe xɔa me o. Mikpɔea? Gake la…Ke esime Aƒetɔ la ɖe nusi wòwɔ fiam la, enyo, ekema mekpɔ, eye–esime ŋutsuawo ƒe dometɔ ɖi va hegblɔ bena, “Azɔ, Nɔviŋutsu Branham la, ne wòle amisisi te la enye Aƒetɔ la ƒe dɔtsɔla, gake eƒe mawuŋunusɔsrɔ̃ la menyo o.” Egblɔ be, “Enye nyagblɔɖila ne amisisi la le edzi.” Gake egblɔ be, “Ne amisisi la dzo ɖa le edzi la,” egblɔ be, “oo, eƒe mawuŋunusɔsrɔ̃ la menyo o.”
Ame aɖe si awɔ nyameʋuʋu ma tɔgbe la menya nusi gɔme nyagbe nyagblɔɖila nye gɔ hã o. Nyagblɔɖila gɔmee nye “Amesi ɖena Nya la fiana to Mawu dzi.” Mikpɔea? Ke dzesi siawo nye kpeɖodzinu bena emae nye nusi nye nyateƒe la.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la, dzi ase.
Luka 24:25

An Independent Church of the WORD,