22-0918 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La

Gbedasi: 64-0802 Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La


BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Xɔlɔ̃ Lɔlɔ̃awo,

Nye dzi le fiafiam kple dzidzɔ ne mele susu bum kuɖe míawo si le ƒu ƒo ge ɖe du Kɔsiɖagbe sia be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí. Dzidzɔ gã wu aɖeke mele nye agbe me wu be manɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkume aɖase Eyama wòaƒo nu na Eƒe Ŋugbetɔ la, tso nuɣi me yi ɖe to me o.

Nububu aɖeke mele xexe sia me si hea dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa va nam o, negbe Eƒe Nya la. Ne menya se, “Ŋdi Na Mi Xɔ̃nyewo,” ko la ɖeko menɔ anyi, hevona, henona tsi tso Agakpeme Tsivudo la me esime Wòle Agbe Mavɔ ƒe Nyawo nam. Be mabui be, Mawu dɔ eyama ɖo ɖe NYE KPLI WÒ, eye míenye XƆLƆ̃WO kple Mawu ƒe nyagblɔɖila kple gbedeasitsɔla la.

Elɔ̃a mí alegbegbe be Edɔ Eƒe nyagblɔɖila ɖo ɖe mí be wòagblɔ nu sia nu na mí kuɖe míaƒe Tsɔme Ƒe la ŋu. Ekpɔ dzidzɔ alegbegbe be yeagblɔ nu sia nu na mí kuɖe Eŋu, ŋutɔ gɔ hã le nɔnɔme deto me wu alesi wògblɔe na Yohanes. Eɖe fia mí, menye dzogoe ene ƒe dukɔ aɖe o, gake tohɔ ƒe dukɔ aɖe, afisi Alẽvi la anɔ ta me eye anye xexeame ƒe Kekeli le.

Ena míenya be wole mɔawo do ge kple sika eye aƒe siwo me míanɔ la anye ahũhɔ̃e sika tɔ. Ele nu sue ɖe sia ɖe wɔm tututu ko le míatɔ ŋu, nusi míalɔ̃ ko. Megblẽ naneke ɖi mawɔmawɔ o. Xɔtuɖaŋunyala Mawumetɔ la Tae na MÍ, Eƒe Lɔlɔ̃tɔwo ko.

Agbe ƒe atiawo Anɔ afima, eye woatse ku vovovo wuieve. Du la ƒe agbowo manɔ dodo le zã me o, elabena zã mele afima o, Anye míaƒe Kekeli.

Amekawoe le afima nɔ gee?

Amekawoe do go ɖe anyigba yeye la dzi kple nyagblɔɖila Noa ? Amesiwo ge ɖe eme kple eyama le aɖakaʋu la me ye. Esɔ gbea? Amesiwo do go zɔ edzi woe ma. Mikpɔea? Amesiwo ge ɖe eme kple Noa, to eƒe gbedeasi dzi, woenye amesiwo do go zɔ anyigba yeye la dzi le nyɔnyrɔ̃ le tsi me megbe.

Ele nuƒom na MÍ xɔ̃nyewo! Míele míaƒe egbe ƒe Aɖakaʋu la me; Eƒe Nya, Gbedeasi Sia, kple míaƒe nyagblɔɖila Noa la. Ke le go kemea le Anyigba ma dzi la, le Du ma me afisi Alẽvi la nye Kekeli le la, anya MÍ. Míenye eƒe dukɔ, eƒe dzonuwo le fiakuku la me. Míeva tso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, va Du si wotsu ɖe dzogoe ene dzi me. Du Ma si Abraham nɔ didim.

Esime mekpɔ Nya la le kpeɖom Eɖokui dzi la, menyae, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee be, nye fiakuku ƒe dzonuwo woaklẽ wu nu ɖe sia ɖe le xexeame, le Gbemagbe.

Ɖee míate ŋu adze eŋuti bubu ŋutɔ gɔ hã…Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ be, YENYAE, ɖikeke ƒe vɔvɔ̃li aɖeke manɔmee, be MÍ enye dzonuwo le eƒe fiakuku me, eye míaklẽ wu nu sia nu le xexeame gbemagbe. Aleluya… Ŋutikɔkɔe…Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ.

Xɔ̃nyewo, ne míesusu be enyo fifia, esime míenɔ anyi ɖe du tso xexea katã me, le toɖom hele Eƒe Nya ɖum le nyaƒoka siawo me la, nukae wòanye ne míele Du ma me Kplii!

Mawu ƒe nyagblɔɖila anye míaƒe aƒelika si ate ɖe mía ŋu wu. Míaɖu nu tso ati mawo me kple eyama, eye míazɔ le mɔ mawo dzi ɖe du. Míalia sika mɔ mawo dzi ayi ɖe vudo la gbɔ, ano tsi tso vudo la me, azɔ ayi ɖe Mawu ƒe paradisowo me, kple Mawudɔlawo siwo anɔ agbasam le anyigba dzi, anɔ hawo dim.

Oo, Ŋkeke kae wòanyee!! Ehĩa míatɔ sinu ɖe sia ɖe. Mɔ la dze be esesẽ, ɣeaɖewoɣi la esesẽa, gake, oo, anye nu sue aɖe alegbegbe ne mekpɔ Eyama, sue alegbegbe. Nukae anye ŋkɔ baɖa kple nu siwo wogblɔ, nukae ema anye ne mekpɔ Eyama le Mawu ƒe Du nyakpɔ, nyakpɔ ma mee?

Xɔ̃nyewo, mele sɔsɔm nam be makpɔ, eye manɔ Du ma me o. Medi vevie be manɔ afima kple míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Eƒe nyagblɔɖila, kple miadometɔ ɖe sia ɖe.

Made Du nyakpɔ ma me kokoko
Nye Aƒetɔ dzrae ɖo ɖi na Etɔwo;
Afisi agbenɔɣi la ƒe Ɖeɖekpɔlawo katã
Dzia “Ŋutikɔkɔe!” le Fiazi Ɣi la ŋu.
Ɣeaɖewoɣi la Dziƒo yiyi dzro nam vevie,
Ke makpɔ eƒe ŋutikɔkɔewo le afima;
Dzidzɔ kae wòanye ne mekpɔ nye Ɖela,
Le sika Du nyakpɔ ma me!

Mele xexeame kpem be wòava tu mí, nyagblɔɖila ƒe xɔ̃lɔwo, esime míaƒoƒu ɖe du le Eƒe Fiazi la ŋu be míase Mawu ƒe Gbe wòaƒo nu na mí le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Eyama wòagblɔ nu sia nu na mí ku ɖe : Dziƒo Ŋugbetɔsrɔ̃ Kple Anyigba Dzi Ŋugbetɔ La Ƒe Tsɔme Ƒe La 64-0802 ŋu. Mate ŋu ado ŋugbe na mi be, anye Ŋkuɖoɖodzi Ŋkeke le miaƒe agbe me.

Nɔvi. Joseph Branham

Mateo Kɔkɔe 19:28
Yohanes Kɔkɔe 14: 1-3
Efesotɔwo 1:10
Petro II 2:5-6 / Ta 3lia
Nyaɖeɖefia 2:7/ 6:14/ 21:1-14
Mose III 23:36
Yesaya Ta 4lia / 28:10 / 65:17-25
Maleaxi 3:6