Gbedasi: 65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 26-0517 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 24-0804 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 23-0115 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 21-0919 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 20-0405 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 18-1021 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
- 17-0115 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
Hɔ̃ Lɔlɔ̃tɔwo Siwo Le Ƒuƒom,
Kwasiɖa sia ƒe Gbedeasi ƒe tanya ɖeɖe dzaa ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋudzɔnɔnɔ aɖe fia Ŋugbetɔ la. Be woasusui be amesiamina vavã woatso le ŋkeke sia me, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke ƒe amisisi vavãtɔ si nɔ míaƒe nyagblɔɖila dzi, gake woanye alakpa.
Nya la gblɔ na mí be woawɔ dzesiwo kple nukunuwo, woaxɔ tsidzadza ma ke, yayra ma ke abe nyagblɔɖila vavãtɔ la ene. Amewo atrɔ tso Nya vavã si dzi woɖo kpe la gbɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzodzrowo ŋu, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, eye to anɔ wofiem. Ate ɖe Nya vavã ŋu ale gbegbe vaseɖe esime wòaflu ame Tiatiawo kloe.
Aleke gbegbee amisisi ma ate ɖe wo nɔewo ŋui? Ðe wòanɔ bɔbɔe be woade dzesi nusi nye nyateƒe kple nusi nye alakpaa? Nyagblɔɖila la gblɔ na mí be Fia Dawid, si nye ame si le Mawu ŋutɔ ƒe dzi nu, kple amisisi le dzi la, xɔ ɖeɖefia vavãtɔ; gake menɔ eteƒe o.
NUKA!! Mina ema nage ɖe eme vie. Amisisi vavã kple ɖeɖefia vavãtɔ nɔ Mawu ƒe Fia tiatia la si, gake menɔ eteƒe o! Ele be Mawu ƒe alẽviwo nanɔ ŋudzɔ ale gbegbe hafi anya be nusi sem yewole lae nye amisisi vavã alo alakpa; elabena woƒe dzeƒe mavɔ la tu ɖe nyametsotso siawo dzi.
Míenyae be Mawu ɖo mawunyagblɔla geɖe siwo wosi ame na vavã be wòafia mɔ aɖalé Ŋugbetɔ la ɖe Nya la me Eƒe Nya gblɔe nenema, eye míede akpe na Aƒetɔ la ɖe wodometɔ ɖe sia ɖe ta. Woyɔ wo be woanye kplɔlawo na woƒe alẽhawo. Elebe woalé wo ɖe Nya la me. Le ema wɔwɔ me la, mele be woada ƒu Gbe ƉEKA si dzi woɖo kpe la ƒoƒo na woƒe alẽhawo o.
Abe alesi míese fifia ko ene be ame ɖesiaɖe awɔe baɖa, gɔ hã kple amisisi vavã kpakple ɖeɖefia vavã. Gake Ŋugbetɔ la ate ŋu kpɔ kakaɖedzi, elabena Mawu na mɔ debliblo aɖe wɔe be woate ŋu ase AMISISI VAVÃTƆ LA, ƉEƉEFIA VAVÃTƆ LA, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI VAVÃTƆ LA ɣesiaɣi; MIZI PLAY KO.
“Afisi Nu kuku le la,” Manna le la, Nya la le la, “afimae hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo.”
Afisi Nukuku la le la, afimae woaƒo ƒu mí Hɔ̃wo ɖo. Afisi Nuɖuɖu yeyea le la, azãgbea ƒe Nya la, gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi la. Eye teƒe yeye aɖeke meli si woaɖu Manna ma le wu Mawu ƒe Gbe sese wòaƒo nu le Eɖokui si o.
Eyae nye Eƒe Nya. “Ame manɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, negbe ɖe Nya sia nya ŋu.” Mikpɔea? Amesi woɖo ɖi la dzea si esia. “Nya tutɔ, alo gbe tutɔ la, womadze eyome o.”
Susu si ta wome, eye woate ŋu aflu mí o la, yenye be míenye Nya kple Ɖeɖefia sia. Míate ŋu anye nu bubu aɖeke o. Míate ŋu ase nu bubu aɖeke o. Míenya nu bubu aɖeke o.
“MENYE!” Menye “Menɔ anyi o, alo manye o.” “MENYE,” fifi ɣeyiɣi, Nya la le fifi me. Menye Nya si nɔ anyi, Nya si le vava ge o; Nya si li fifi. Mikpɔea? Mise emea? “MENYE!” “MENYE” enye Nya la. “Le gɔmedzedzea me la Nya la li, eye Nya la li kple Mawu.” Ele eteƒea? “MENYE.” “Mawu dɔm ɖa abe Eƒe nyagblɔɖila ene, be wòaɖo kpe edzi be enye nyateƒe. Nyee nye ŋuɖoɖo na Nya sia, egblɔ nam be mava afisia ne mawɔ nusia.”
Eye esi wòwɔe la, Farao gblɔ be, “Enyo, ŋutsuviwo sɔgbɔ le míaƒe hatsotsoa me amesiwo hã, ate ŋu awɔ numa,” amesrɔ̃lawo.
Yesu gblɔ be, “Azɔ, esia agava eme ake le ŋkeke mamleawo me,” mikpɔea, wole gbɔgblɔm be nu ɖeka ma ke yewonye. Milé ŋku ɖe amesi yi afima gbã la ŋuti. Milé ŋku ɖe amesi nɔ anyi kple Nya la ŋuti. Yee ma. Nenema wodzea siie, ekema mikpɔe.
Woakafu Aƒetɔ la. kakaɖedzinya aɖe na Ŋugbetɔ la gblɔm mielea. Ne Ɖeɖefia sia le asiwò la, ekema ànya be yenye Eƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ si wotia, si woɖo ɖi do ŋgɔ.
To toɖoɖo Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi me la, míele to ɖom Amegbetɔvi la, si nye Kristo. Eyae nye Ame si ɖum míele. Menye ame aɖee ɖum míele o; ame la, eƒe nyawo ada ƒu. Gake Amegbetɔvi la ƒe Ŋutilã-Nya si medana ƒu o lae ɖum míele.
Ne èdi be yeaka ɖe edzi 100% be yele to ɖom Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi la, va wɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le Kwasiɖagbe sia le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Mawu ƒe Gbe wòaɖe nusianu fia mí kuɖe amesiaminawo ŋu le nuwuwu ɣeyiɣi la me.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: Amesiaminawo Le Nuwuɣi 65-0725M
Ŋɔŋlɔawo:
Mateo Kɔkɔe 5:44-45 / 7:21 / 24:15-28
Luka Kɔkɔe 17:30 / 18:1-8
Yohanes Kɔkɔe 14:12
Efesotɔwo 1:5
Timoteo II, 3:1-8
Hebritɔwo 6:1-8 / 11:4
Nyaɖeɖefia 10:1-7 / 16:13-14
Maleaxi 4:5
Fiawo I, 22:1-28
Yeremya: Ta 27 & 28 lia