Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
August 30, 2026

Dzimaxɔse Ƒe Nuvɔ̃
58-0517E

Nyuie kae wòwɔa be woaɖe gbeƒã Biblia ne Mawu nye mumui eye medi be yeaɖo Yeƒe ŋugbedodo ŋu o mahã? Nyuie kae wòawɔ be nànyi wò akpakpaxe kple B ƒe nunyiame, A ƒe nunyiame be wòawɔ eƒe aʋalawo woasẽ nu, emegbe be nàlé ɖi ɖe axadza me ɣeyiɣiawo katã? Meɖea asi le ŋu be wòado o. Nyuie kae wɔm wò nunyiameawo le? Nyuie kae míaƒe bibliasukuwo kple mawuŋunusrɔ̃ƒewo, kple míaƒe mawunyagblɔlagãwo kple D.D., Ph.D., kple L.D teƒe eve ɖaseɖigbalɛwo wɔ mahã? Nyuie kae ema wɔna ne nuakatã kuɖe ŋutinya Mawu aɖe ŋu ne mele agbe hele zɔ ɖem nenema ake egbea o, evɔ wofia nu kuɖe eŋu be edzɔ va yi hã?

Biblia gblɔ be Enye Eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Meku o, efɔ tso kukuawo dome hele agbe yiɖe mavɔmavɔ me, eli ɖaa, li le afisia afi yiɖe mavɔmavɔ me. Mawu si ŋu míedi be míase nu le ye ma. Mawu si ŋu Abraham ƒe vi vavã ɖe sia ɖe, si wotia dzi be yease nu le hedi be yeanya nu le ye ma

Gbesiagbebolo

Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!
Psalmo 1:3

An Independent Church of the WORD,