Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
August 27, 2026

Xɔse Le Zɔɖeɖe Me
55-1003

Mabia tso miagbɔ be mianɔ bubu ƒe nɔnɔme me, mizi kpoo, migaʋanya o. Nyemetsɔ ɖeke le me na miaƒe Mawu kafukafu o, ẽ ɖe…miate ŋui. Nu ɖeka aɖe li ɖea fu nam; nukata wòle be amewo le Amerika la, woate ŋu kpɔ Aƒetɔ la le dɔ wɔm eye woaku ɖe anyinɔƒe eye womaʋã gbeɖe o aɖanɔ anyi kpoo ɖeke matsɔlemetɔe. Nye—nyemate ŋu se ema gɔme o, edze nam ko abe…

Edoa dzidzɔ na nye luʋɔ sẽ ɖe esime me…Oo, ele nam ko abe mate ŋu deɣli sesĩe ŋutɔ kple nye gbe be “Yesu le agbe.” Nukata, kuku menye; mele afisia le xexeame. Nukae menye? Afikae metso? Afikae yim mele?

Tete Yesu va hegblɔ be, “Manye wò Taɖoƒefianu; manye wò Mɔfiala.” Efɔ tso kukuawo dome, migavɔ̃ o. “Ne tsitsi…?…migavɔ̃ kuɖe ema ŋu o. Ne dɔlele dze te la, migavɔ̃ o, mele afisia. Ŋɔ megadzi mi o; migavɔ̃ hã o, elabena Yehowa Wò Mawu la li kpli wò le afisiafi si nàyi.” Amen.

Gbesiagbebolo

…Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.
Nyaɖeɖefia 1:17-18

An Independent Church of the WORD,