Egbe Ƒe Numegbe
August 14, 2026
Subɔsubɔ Teƒe Si Mawu Tia
65-0220
Mide dzesi, dedienɔnɔ la le Eƒe teƒe tiatia la ɖeɖeko me, le Eƒe alẽvi la me, eye le alẽvi la ƒe ŋkɔ me.
Mide dzesi be, enye, alẽvi “atsua”, ŋutsu, menye nyɔnu o. Menye hame, nyɔnu o; ke boŋ Ŋutsu Ŋkɔ, menye nyɔnu ŋkɔ o. Afisi wòle be Wòado go amewo le la menye nyɔnu ŋkɔ me o, ke boŋ le Eƒe Ŋkɔ me, Ŋutsu tɔ, Alẽvi la!
Azɔ míegblɔ be, “Hame, gã, kpɔŋusẽ la, ewɔ esia hegawɔ ekemɛ. Ekpe akɔ ahomuwo. Míede dzi le agbɔsɔsɔ me. Míaƒe xexlẽme kpe. Míenye hame kpɔŋusẽa ɖe. Enye nu gãa ɖe.”
Gake Mawu megblɔ nyaa ɖeke kuɖe nyɔnu ŋu o. Egblɔ be, “Eyama.” “Eyama,” enye gododo teƒe la, Alẽvi la, menye hame la o. Menye nyɔnua ƒe ŋkɔ o, ke boŋ Ŋutsua ƒe Ŋkɔ. Meda eƒe ŋkɔ ɖe teƒea ɖeke o. Eda Eƒe Ŋkɔ ɖe “Eyama me”!
Numatae, “Nusianu si wòle be míawɔ la, le nya me alo le wɔna me la, ele be míawɔ yekatã le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me.” Ne míele gbedom ɖa la, ele be míado gbeɖa le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Ne míeɖe kuku la ele be míabiae le Yesu Ŋkɔ me. Ne míele azɔli zɔm la, ele be míazɔ le Yesu Ŋkɔ me. Ne míele nu ƒom la, míaƒo nu le Yesu Ŋkɔ me. Ne míele amenyrɔ̃m la, ele be míanyrɔ̃e le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me. Elabena, “Nusianu si míewɔ le nya me alo le wɔna me la, míawɔe le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me
Gbesiagbebolo
Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.
Kolosetɔwo 3:17