22-0612 Dzodzodzoetsitsi

Gbedasi: 63-0901E Dzodzodzoetsitsi


BranhamTabernacle.org

Mawu ƒe Ʋu kadodo, Dzesi kadodo, Nubabla dukɔ lɔlɔ̃a.

Miɖo ŋku dzi ko be, míenye Xawa o, míenye ɖikela siawo dometɔ ɖeka siwo le ƒoƒose wɔm kple Satana o. Xɔse maʋamaʋa le mía si ɖe Nya sia me! Míelé Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe si Wòŋlɔ hegblɔ ɖe Nyaƒokawo dzi me ɖe asi sesĩe. Ena mí XƆSE DEBLIBO.

Míele xɔse gã aɖe si wòdze be wòanɔ míaŋutɔwo me dzi kpɔm o. Míele agbagba dzem be míanyo kakaka o; míete ŋu le nyonyo ge kakaka kpɔ gbeɖe o, míele ƒu da ge kokoko. Menye nu ma mee Wògblɔ na mí be míaɖo xɔse ɖo o. Egblɔ be xɔse nanɔ mia si eye mixɔ NYA ƉE SIA ƉE si Wògblɔ dzi se be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. MÍELE EWƆM eye Wòna mí XƆSE DEBLIBO ƉE EƑE NYA ME.

Mina míase nusi Gbɔgbɔ Kɔkɔe le nanam abe akɔŋta hele gbɔgblɔm na Fofo la kuɖe mía ŋu la ɖa.

“Meɖo to wò sededeawo. Medi hekpɔ ame ƒe hatsotso sue aɖewo siwo kaka ɖe xexea katã me. Medɔ nyaƒokaƒola aɖewo ɖo ɖe woƒe aƒe me eye woƒo nyaƒoka aɖewo. Esime wose nyaƒokawo la, woxɔ Nya ɖe sia ɖe dzi se. Azɔ wotrɔ woƒe aƒe zu hame be wòaxɔ Gbedeasi la. Wonye Wò Hɔ̃wo siwo le ƒuƒom be yewoase Wò Nya la.

Megblɔ na wo be amesiwo katã ava Dzesi La, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la te la, woakpɔ ɖeɖe. Megblɔ na wo bena woazu Ɖeka kpli Wò kple Wò Nya la. Ne Wòwɔ dɔ ɖe wodzi la, ekema zã Dzesi ma ɖe woviwo dzi. Zãe ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi eye kplɔwo va Dzesi ma te ke woawo hã woakpɔ ɖeɖe.

Megblɔ na amesiwo nɔ nyaƒoka la sem be: Mebia wo na Mawu. Woxɔ Esia se esime Megblɔ Esia, kple woƒe dziwo kple luʋɔwo katã.
Tɔnye wonye, amesiwo melɔ̃na siwo le nyaƒokawo sem.

Megblɔ na wo be woalé ŋku ɖe nusi ava le Nutrenu Adreawo megbe ŋu: amewo ƒe ɖekawɔwɔ, dzesiwo ƒe ɖekawɔwɔ, dzodzĩ si le keklẽm mĩamĩamĩa le ŋkeke mamleawo me, wotsyɔ ta na wo le nu ɖeka sia me, Dzesi la.”

Oo, Hame, tso eye ʋuʋu ɖokuiwò! Do fetsu wò dzitsinya, nyo ɖokuiwò, le gaƒoƒo sia me! Edze be míatsi dzodzodzoe! Nane gbɔna tso Aƒetɔ la gbɔ! Menyae abe ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ene. Nane gbɔna, eye anyo na mí wu be míatsi dzodzodzoe. Ele Agbe kple ku do me. Ato mía ŋu eye míakpɔe o.

Míenya bena nane le dzadzraɖo wɔm be yeadzɔ. Aƒetɔ la ƒe vava anye dzodzo kpata, kple aɖzametɔ. Míezu amesiwo tsi dzodzodzoe. Ɣeyiɣi la tu aƒe. Míede dzesi Dzesi la na míaƒe ŋkeke la eye wozãe.

Míele ŋutititozã ƒe dzesiwo ŋuti dɔ wɔm le Kɔsiɖagbe sia esi woɖu le nɔnɔme kpata aɖe me, le dzodzodzoetsitsi ƒe ɣeyiɣiwo me. Míele ƒuƒom ɖe du le xexea katã me, le Eƒe Nya ŋu.

Va kpɔ gome le nudzɔdzɔ gã sia me Kɔsiɖagbe sia le wòtrɔ ga 4 me, Jeffersonville ƒe game, esime míaƒoƒu be míase Nya : 63-0901E —Dzodzodzoetsitsi.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose II 12:11
Yeremya 29:10-14
Luka Kɔkɔe 16:16
Yohanes Kɔkɔe 14:23
Galatiatɔwo 5:6
Yakobo Kɔkɔe 5:16