Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
July 15, 2026

Mawue Nye Ye Ŋutɔ Ƒe Gɔmeɖela
64-0205

Lot nye kpɔɖeŋu na kɔmahatsɔŋkɔa ƒe hame si gakpɔtɔ le Sodom balia me. Milé ŋku ɖe eŋu, Biblia gblɔ nenema, “Sodom ƒe nuvɔ̃wo ɖea fu na ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ gbesiagbe.” Nukaŋuti mete ŋu do dzi tsi tre ɖe eŋuti o mahã? Ame geɖewo li nye ame nyuiwo henɔ anyi ɖe hamea me egbe, eye woda ŋku ɖi le nyɔnuwo kpɔm wole atakpui me eye ŋutsu hã le nenem nuwo wɔm, eye woƒe hameviwo yina, ɖaƒoa golfu le Kwasiɖagbe, kpakple pikinikiwo, tsiƒuƒewo kple nuwo keŋ, le esi wole be woayi sɔleme. Wotsia aƒe me le Kuɖagbe fiẽ, anɔ televizin kpɔm le esi wòle be woayi ɖe sɔleme. Edzro wo be woagblɔ nya ɖe kuɖe eŋuti, gake tatɔwo lava ɖe wo do goe ta. Nukae le dzɔdzɔm? Eganye Lot ake, si ɖe ŋku kpɔ eƒe frese nu hele nuvɔ̃ kpɔm gãã, gake hele vɔvɔ̃m be yeayɔ nuvɔ̃ la be “nuvɔ̃e”!

Abraham mele woƒe hũnyahũnya ma me o, ele adzɔge nɛ. Eyae nye kpɔɖeŋu na gbɔgbɔme Hamea. Azɔ mikpɔ nusi dzɔ le nuwuwu ɣeyiɣia me tututu la ɖa, hafi ne dzo nage dze anyi teti la. Ke ame mawo nye Trɔ̃subɔlawo. Nusia nye vɔvɔ̃li na dzo si le dzadza ge ɖe Trɔ̃subɔsubɔ xexeame dzi egbe, esi fiaɖuƒewo agbã eye woafiã. “Dziƒo alé dzo,” Yehowae gblɔe, “eye dzo bibi gã lafiã wo.” Ema nye esia ƒe kpɔɖeŋu.

Gbesiagbebolo

Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.
I Samuel 12:25

An Independent Church of the WORD,