Egbe Ƒe Numegbe
July 14, 2026
Mekpɔe Be Nyagblɔɖila Ye Nènye
53-0614E
Ke ŋu nɔ nye kpem le kotu xoxo ma ŋu. Eye ne meyi be mado go mawunyagblɔlawo, malé nye ɖusibɔ ɖe kotu sia dzi alea aɖa ɖo nye míasi ɖa, ana asi wo. Magblɔ be, “Taflatse ɖe miasi la ta; esɔ nye dzi gbɔ.” Eye ma—mana wo asi. Nua yenye be, nyemedi be woakpɔ kotu vuvu xoxo ma o.
Gake numa ƒe hatsotso…Arkansas tɔwo, siwo nɔ tsitre ɖe afima hekpɔ Mawu ƒe Dɔla nɔ zɔ ɖem le amewo do me la, wonɔ agbagba dzem be yewoa ka asi kotu vuvu xoxo ma ŋu. Ke esi ame geɖewo nɔ asi kam kotu vuvu xoxo ma ŋu la, wonɔ dɔyɔyɔ kpɔm, menye esi wònye kotu vuvu ta o, le esi woxɔe se be Mawu le yewo dome ta ye.
Mina magblɔ esia zã sia me be ɖewomahĩ kotu xoxo ma mele ŋunye o, gake Mawu ma ke si nɔ afima zã ma me la, le afisia zã sia me be yeawɔ numa ke. Enye eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me. Mɔ ɖeka si dzi ŋutete ate ŋu asu asiwò be nàkpɔ viɖe tso nu ɖe sia ɖe si nye Mawu tɔ me la, ele be xɔse nanɔ asiwò le eme, be nàgogoe nyuie, be nàxɔe se. Susuma tae wonɔ dɔyɔyɔ kpɔm, elabena wonɔ vavam kple tagome nɔnɔme nyuitɔ, nɔ exɔm nɔ sesem be nyateƒe la le afima, eye ne yewoate ŋu gogoe la, yewoakpɔ dɔyɔyɔ. Eye Mawu nɔ kpeɖom Eƒe Nya dzi na wo.
Gbesiagbebolo
Eye wògblɔ nɛ bena: Tsi tre, nadzo, wò xɔse la ɖe wò.
Luka 17:19