Egbe Ƒe Numegbe
July 13, 2026
Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ̃
65-0123
Azɔ Mawu ƒe Nya la le abe kɔsɔkɔsɔ ene, èle edzi zɔm be nàtso dzota la ayi; eye kɔsɔkɔsɔ sia ƒe nyonyo katã le eƒe kɔsasa gblɔe tɔa si me, eye Mawu di be míalé Nya sia nya si le eme la me ɖe asi. Azɔ emae nye Biblia me ƒe gbãtɔa; Nya ɖeka pɛ dzi mawɔmawɔe, he ameƒomea katã de ku ƒe viviti la me.
Yesu va le Biblia ƒe domedome, eye Wògblɔ bena, “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, ke boŋ Nya sia nya ŋutie.” Menye Nyawo ƒe akpa ɖe ko o, alo blaasieke vɔ asieke to le alafa ɖeka me o; gake Nya sia nya, sigbe alesi Adam kple Xawa wonɔ ene.
Eye le mlɔetɔa me le Biblia me hã, Nyaɖeɖefia 22:18 me, Egagblɔ bena, “Amesiame si aɖe Nyaa ɖe le Eme la, alo atsɔ Nyaa ɖe akpe Esia la!”
Ekema nukata wòhiã be míatsɔ ame tutɔa ɖe ƒe susuwo kuɖe nuwo ŋuti atra ɖe eme le Afisia, esime esia nye Mawu Ŋutɔ ƒe Susuwo kuɖe eŋuti?
Gbesiagbebolo
Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee,
Hebritɔwo 4:12