Egbe Ƒe Numegbe
June 9, 2026
Dzesifiati
62-0119
Azɔ, wowɔ ame wònye ameti etɔ̃: luʋɔ, ŋutilã, gbɔgbɔ.
Azɔ, gota lae nye ŋutilã la. Agbo atɔ̃wo ye yia ŋutilã ma gbɔ, ke eyae nye nyanyananu atɔ̃awo, ẽ ɖe: nukpɔkpɔ, nuɖɔɖɔse, asikakaŋuti, nuʋeʋese, kple nusese.
Ememe la, le abe nuku aɖe si woƒã ene, ema ƒe ememe le abe nuku la ƒe lã ene, ke eyae nye luʋɔ. Agbo atɔ̃ le ema ŋu, miage ɖe : dzitsinya, kple susu , kpakple etɔeawo me.
Gake ekema ke le do ƒuƒlu ma me la do ƒuƒlu etɔ̃lia, si nye gbɔgbɔ la le.
Ke eyae kplɔa nu susɔea. Mɔ ɖeka koe toa ema me, ke eyae nye ame ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu. Àte ŋu alɔ̃ axɔe alo atrɔ adzo, ke mɔ ɖeka si yi ema gbɔ yema. Ne èlɔ̃ xɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu to gbɔgbɔ ma dzi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ axɔ Eƒe teƒe le wò dzi me eye akplɔ wò ameti susɔea. Eye ne melɔ̃ xɔ Ema o la, ekema futɔ la axɔ akpa ma eye wòakplɔ wò ameti susɔea.
Gbesiagbebolo
Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye.
Romatɔwo 8.14