Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
October 21, 2026

Miyi Ɖagblɔ Na Nye Nusrɔ‌lawo
53-0405S

Azɔ esime nyagblɔɖila sia geɖe Gbɔgbɔ me la, Mawu dze nusi le me va ge fiafia eyama; bena Ame aɖe Si atsɔ xexeame ƒe nuvɔ‌ ayi la le anyinɔ ge, eye agafɔ‌ ɖe tsitre ake. Ekpɔ Aƒetɔ la ƒe tsitretsitsi. Ekema, melɔ‌ ema, ne mesusui. Egblɔ be etso. Eʋuʋu eɖokui.

Enɔ anyi ɖe dzowɔ kpo dzi. Míatɔwo! Nusi míeyɔna, egbea, be dzɔgbevɔ‌e tu aƒe nɛ. Wowu Eƒe viwo katã. Eƒe kesinɔnuwo bu keŋ. Eƒe lãmesẽ gblẽ. Eya nɔ anyi, Kristotɔ, alo xɔsetɔ aɖe, si nɔ anyi, amesi wogblẽ ɖi. Ŋutsua, eƒe hame gɔ hã, trɔ woƒe megbe ɖee. Eya nɔ anyi ɖe afima, le eƒe ƒoƒoawo kum.

Ke azɔ, esime Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va eyama dzi, eye wòkpɔ tsitretsitsi ŋdi sia, mienyae be, etso, eye wògblɔ be, “Menyae be nye Xɔnametɔ le agbe, eye le ŋkeke mamleawo me la Atso ɖe anyigba la dzi. Eye togbɔ be agbadzeme nyẽwo woatsrɔ‌ ŋutilã sia hã, kokoko le nye lãme la makpɔ Mawu; Amesi makpɔ na nye-…” Enyae be yele Ekpɔ ge le ŋkeke mamleawo me, elabena tsitretsitsi aɖe le anyi nɔ ge, hahoo tsitretsitsi aɖe.

Gbesiagbebolo

Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.

Hiob 19:25-26

An Independent Church of the WORD,