Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

Egbe Ƒe Numegbe
October 12, 2026

Nuka Sem Nèle, Eliya?
59-0412E

Menye nusiwo wɔna hoo woenyea nu gãwo kokoko o ɖe. Menye nusiwo wɔa hoo woe o, tasiaɖam ate ŋu do yi agble me, ne agba mele me o la adze ʋe me, aʋuʋu, aɖawɔ hoo sɔgbɔ, ate ŋu trɔ gbɔ va ʋe mawo ke me esime woado agba nɛ kple nu nyuiwo, eye maɖe gbe hã teti o. Nukata? Wodo agba nɛ. Nusi hame la hĩa egbea yenye be woado agba nɛ, wòayɔ fũ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃.

Ɣe ate ŋu ayɔ tsi galɔn miliɔn ɖeka gake eƒe gbeɖeɖe made esinu míawɔ ne míeku tsi kplu ɖeka le pɔmpi nu o. Esɔ gbe. Dzi-dziƒowo ate ŋu adza ahũ ɖe anyigba katã dzi gake eƒe gbeɖeɖe made esinu miawo ne miewu tsi ɖe gbemumu si le mɔnu na mi dzi o. Kakaɖedzitɔe. Ɖee miese dzinuwo ŋkɔ kpɔ ne wole tɔtrɔma? Nu gãwo nye nusiwo zia ɖoɖoe.

Milé ŋku ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu ne Wòge ɖe me zã sia me, alesi Wòwɔa nusianu zia ɖoɖoe. Gake míele seselelãmewo yome, le du sim le nusuewo yome, míedo kpo Gbe ma sese.

Gbesiagbebolo

Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.
Xabakuk 2:20

An Independent Church of the WORD,