22-0327 Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me

Gbedasi: 63-0623m Anɔ Tsitre Le Gbagbãƒe La Me

PDF



BranhamTabernacle.org

Ame wɔnuteƒe Lɔlɔ̃awo,

Kɔsiɖa siawo siwo vayi la nye ŋutikɔkɔe ƒe ɣeɣiyi kekeake le míaƒe agbeawo katã me. Enye kɔkɔƒe gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka be woawɔ ɖeka kple Eƒe Ŋugbetɔ la le xexea katã me, le toɖom Mawu wònɔ Nutrenu Adreawo ɖem fia.

Nukae míawo katã míenɔ du henɔ toɖom mahã?

“Le toxɔ ma me la, Kpe ɣi aɖe nɔ anyi si dzi womeŋlɔ nu ɖo o.” Susuma tae wòle be mayi ɖe ɣetoɖoƒe ɖo, be matsa kple Dɔla siawo ƒe Gbedeasi la, be matrɔ gbɔ va afisia eye Maɖee fia hame la.

Elenɛ be wòayi ɖe ɣetoɖoƒe be yeatsa kple Dɔla 7 mawo, be wòatrɔ gbɔ va aɖaɖe nusi womeŋlɔ ɖi ŋutɔ gɔ hã o; gake azɔ la, to Ɖeɖefia me la, woɖe fia mí eye wòle Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse nam mí.

Míese Gbedeasi siawo míaƒe agbeawo katã, gake azɔ woɖewo fia abe gbeɖe tsã ene; ŋkeke lae nye esi azɔ, ɣeyiɣi lae nye esi azɔ. Míele nusi Wògblɔ na mí be ava dzɔ, le xexeame kple le Gbedeasi la me siaa, kpɔm hele esem eye azɔ wole eɖem ɖe go le míaƒe ŋkuwo me tututu.

Ɖee míaƒe dɔla kple gbedeasitsɔla 7lia nye nyagblɔɖila aɖe ko abe gbaɖegbe nyagblɔɖilawo enea? Kpao, woyɔe na dɔ aɖe si kɔkɔ geɖe wu nyagblɔɖilawo katã tɔ do ŋgɔ na eyama. Elabena Enye Amegbetɔ Vi la si le Eɖokui ɖem fia le amegbetɔ ŋutilã me tututu ko abe alesi Wòwɔe ƒe 2000 woenye esi ene. Woyɔ míaƒe nyagblɔɖila be WÒAKPLƆ ŊUGBETƆ LA le mɔ la katã dzi yi míaƒe Aƒe yeye la me, emegbe la aɖo mí Aƒetɔ la ŋkume.

Egblɔ na mí be yeƒe subɔsubɔdɔ la sɔ kple Mose ƒe agbe blibotɔe. Esime Mose nɔ eƒe mɔzɔzɔ me le Dzo Lilikpo la yome la, amewo tso hekpe nya kple eyama. Woyɔ amesiawo do go eye wole mɔdzi yina ɖe ŋugbedodonyigba la dzi. Wokpe akɔ kple Mose le esia gbɔgblɔ me be etena gbe ɖe eɖokui dzi akpa; me eyae nye ame kɔkɔe ɖeka si woyɔ o, yewo hã yewole kɔkɔe eye yewohĩa be yewoaɖe gbeƒã nane hã.

Egblɔ be wonye amekɔkɔewo, eye be nane le wosi be woawɔ hã le nyateƒe me, gake Mawu yɔ EYAMA, MOSE, AME ƉEKA, be wòakplɔ amewo.

Woƒe teƒe li na wo. Wosi ami na wo. Wonɔ nusi woyɔ wo heɖowo be woawɔ wɔm le esia gbɔgblɔ me na amewo be, “miɖo to Mose”, gake wodi be yewoagblɔ NANE WU, ALO AƉE NUSI MOSE NƆ GBƆGBLƆM GƆME. Womekpɔ kɔɖiɖi le asi fiafia amewo ɖeɖeko me be woaɖo to Mose o. Wodi be yewoawɔ nane wu, alo tovovo, wu nusi wodo dɔ asi na wo be woawɔ.

Ne miele ɖi kem le miaƒe susume kuɖe amesi míaƒe nyagblɔɖila nye, alo nusi woyɔe be wòawɔ ŋu la, mele miakpem be míayi ɖe ɣetoɖoƒe be míakpɔ to aɖe le ɖoɖo me si Mawu ŋutɔ wɔ abe dzesi mavɔ ene ɖe anyigba dzi, to míaƒe nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ, B-R-A-N-H-A-M, dede to ma dzi.

Mienye Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la. Etia mi heɖo mi ɖi. Eƒe Nya le agbe hele mia me. Mienye Nya gbagbe la si zu ŋutilã. Ena mi Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia. Satana meɖo ŋusẽ ɖeke ɖe miadzi o. Kɔkɔdzɔe ƒe Xɔse ma le agbe hele mia me.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe le Eƒe Ŋugbetɔ la kplɔm le Eƒe mɔ ɖeka si wona na egbe la dzi, Eƒe Nya si woɖe gblɔ to Eƒe dɔla kple nyagblɔɖila 7lia dzi. Nyagblɔɖila mae nye míaƒe kplɔla.
Míaƒe kplɔla do ŋugbe na mí be nyaƒoka gbedeasi yeye ɖe sia ɖe ado tso Nuɖuɖudzraɖoƒe la me gbã, sẽ ɖe esime Aƒetɔ la Atrɔe. Elabena afimae woadzra nyaƒokawo ɖo ɖi.

Ede dɔ asi na eƒe kplɔla kpeɖeŋutɔ Nɔviŋutsu Neville, azɔ fifia to Eƒe Amenuveve me la, na nyeŋutɔ hã, kuɖe nusi wòle be míawɔ le sɔleme ŋuti.

Mele gbedom ɖa be Nàkpe ɖe míaƒe kplɔla lɔlɔ̃tɔ, Nɔviŋutsu Neville ŋu. Wɔ eyama, Aƒetɔ, wòayɔ fũ kple amenuveve eye wòayɔ fũ kple nugɔmesese, alebe wòate ŋu atsɔ Nuɖuɖu sia si wodzraɖo ɖi aɖa nyi Mawu ƒe alẽviawo.

Nyaƒoka siawo nye amesiwo woyɔ nyagblɔɖila be wòakplɔ tɔ. Ne nèdi be yease ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI LA, va se: Anɔ Tsitre Ɖe Gbagbãƒe 63-0623M, kpli mí Kɔsiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime míase Nuɖuɖu si wodzraɖo ɖi na Ŋugbetɔ la.

Míadze Gbedeasi la gɔme tso xexlẽme 27 la dzi.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔawo
Mose IV 16:3-4