Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

24-0702

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0115

Azɔ amewo toa mɔ dzi, enye numame na wo tsã, tsyo, míelea míanɔewo ƒe asiwo heʋuʋua woaƒe asiwo alea, anɔ gbɔgblɔm be, “Aleke nèfɔ̃ ɖo, nɔviŋutsu?” Ke egbea ne wole mɔdzi tom la, woako movi alɔgbɔ nukoko sue aɖe, awu woƒe mo ɖe dzi le yame. Oo, míatɔwo. Mewɔ moyaa o be lɔlɔ̃ dzo.

Metsria amesiwo ƒomevi bua be yewowu amebubu aɖe. Le nuwo katã megbea, anyigba ƒe meta ɖeka kple blaenyi koe mienye. Nusi mienye koe ma. Esɔ gbe, amesiame.

Eteƒe medidi o, menɔ tsitre ɖe blemanudzraɖoƒe aɖe gbɔ. Ŋutsu aɖe ƒe nɔnɔmetata aɖe nɔ afima, pɔnd kpekpeme alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Ke wona eƒe ŋutilã ƒe atikenuwo ƒe dodokpɔ. Bo si ŋu wòle nye cents blaenyi vɔ ene. Nusi katã ƒe bo ŋu ŋutsu si ƒe kpekpeme de pond alafa ɖeka kple blaatɔ̃ la, yenye cents blaenyi vɔ ene. Gake akpɔ gbɔ nyuie be yeaɖɔ dɔla ewo ƒe kuku ɖe cents blaenyi vɔ ene ma dzi aɖasusui be yenye nu gã aɖe. Esɔ gbe. Nyɔnu aɖe axatsa cents blaenyi vɔ ene mawo ɖe dɔla alafa ɖeka ƒe lãfuwu me eye maƒo nu na ame afa le eƒe aƒelikawo dome o.

Nukae nye kuxi la? Mawu ƒe lɔlɔ̃ kplɔa mi dea afiaɖe. Esɔ gbe. Nukae wònye? Ekpɔtɔ nye cents blaenyi vɔ ene mawo. Mialé be na ema nyuie. Gake luʋɔ ma si le xexe akpe ewo ƒe bo ŋu ya la, miaɖe asi le nu sia nu ŋu wòage ɖe me. Esɔ gbe. Nyateƒe lae ma.

Gbesiagbebolo

..Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu! Mose I 3:19

24-0701

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Ƒe Ɖekawɔwɔ Makpɔmakpɔ La
65-1125

Mawu lɔlɔ̃tɔ, míebɔ le bubudede me azɔ, akpedavɔsa ŋkeke esia nye vavã, Aƒetɔ. Meda akpe, Aƒetɔ, be mele agbe le ŋkeke sia me. Esia nye ŋkeke gã kekeake. Paulo apostolo la di vevie be yeakpɔ ŋkeke sia. Blema ƒe ameŋkutawo di vevie be yewoakpɔe. Nyagblɔɖilawo di vevie be yewoakpɔe. Wokpɔ mɔ na ŋkeke sia. Abraham kpɔ mɔ na ŋkeke sia, elabena enɔ Dua ɖe dim si ƒe Tula kple Gɔmeɖoanyila nye Mawu; etɔ ɖe mía tame tututu, fiẽ sia. Yohanes kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ ɖiɖim tso Dziƒo, heɖi ɖase, enya be ema nye Mawu Vi la. Ke, misusu kpɔ azɔ, Ele Eƒe Ŋugbetɔ la tiam.

Mawu lɔlɔ̃a, le denyigbaa ƒe afisiafi la, ƒo nu na woƒe dziwo. Wò ɖeka koe nye Amesi ate ŋu atrɔ woƒe dzi. Ne ema menye Nuku si woda ɖe afima le gɔmedzedzea me o la, womele Ekpɔ ge gbeɖe o, Aƒetɔ. Ɖeko wole…“Ŋkuagbãtɔ lakplɔ ŋkuagbãtɔ. Woava dze ʋe me,” kakaɖedzitɔe wu nusianu, elabena Wò Nya gblɔe be woawɔe.

Gbesiagbebolo

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! Psalmowo 100:4

24-0630

Nuka Sem Nèle Eliya?
59-0412E

Menye nusiwoe wɔna hoo kokoko woenye nu gãwo o. Menye nusiwoe wɔna hoo woe o. Keteke aɖe ate ŋu to dze mɔ dzi; ne agbã mele me o la aʋuʋu, aɖe gbe hoo, awɔ hoo sɔgbɔ, ate ŋu trɔ gbɔ va to kpo mawo ke dzi esime wodo agbã nɛ kple nu nyuiewo, eye mawɔ gbeɖiɖi aɖeke ŋutɔ gɔ hã o. Nukata? Wodo agbã nɛ. Nusi hame la hĩa zã sia me lae nye be woado agbã nɛ, wòayɔ fũ kple Mawu ƒe Lɔlɔ̃.

Ɣe ate ŋu gbɔ̃ tsi galɔ̃ miliɔ̃ ɖeka howɔwɔ sɔgbɔ manɔmee wu alesi míate ŋu adu tsi ɖe tsinokplu me tso pɔmpi me. Esɔ gbe. Dzi—dziƒowo ate dza ahũ ɖe anyigba katã dzi howɔwɔ sɔgbɔ manɔmee wu alesi nàwu tsi ɖe gbewò dzi. Kakaɖedzitɔe. Ɖee miese ɣletinyigbawo ŋkɔ ne wole totrom kpɔa? Nu gãwo nye nu kpowo.

Milé ŋku ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu ne Wòge ɖe me le zã sia me, alesi Wònana nusianu zia kpoo. Gake míedzea seselelãmewo yome, anɔ du sim kplɔ nu suewo ɖo, esime míedana ƒu be míase gbe ma.

Gbesiagbebolo

Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me. Xabakuk 2:20

24-0629

Mawu Léa Eƒe Nya Me Ɖe Asi
57-0407M

Nye xɔse tu ɖe Agakpe sesẽ ma dzi. Naneke meli si ate ŋu wɔ vɔ̃ wò kpɔ ne nèku seke ɖe Teƒe ma o. Ahomwo ate ŋu ʋuʋui aɖadze dzi, gake nye seke li sesĩe le avɔ la me. Ne ŋutsu alo nyɔnu ku seke helɔ̃ xɔe la. Naneke meli si ate ŋu ʋuʋui ɖa le egbɔ o.

Tututu ko abe alesi woaƒe ɣeyiɣi nɔ na gaɖeɖe la, eye wodaƒu ekpɔkpɔ ene la, gaɖeɖe, Hame la ƒe azɔli ƒe gbeɖeɖewo ƒe ɣeyiɣi ke yenye esi. Etu aƒe.

Kpɔ ɖa, xɔ̃nye. Nukae nɔ wosi? Gbã, Nya la. Evelia, nyagblɔɖila. Etɔ̃lia, Dɔla aɖe si akplɔ wo, afia mɔ wo. Ɖe sia ɖe lɔ̃ ɖe dzi kple kemea; woame etɔ̃awo. Nya la lɔ̃ ɖe dzi kple nyagblɔɖila la; eye nyagblɔɖila lɔ̃ ɖe dzi kple Nya la; Dɔla lɔ̃ ɖe dzi kple etɔ̃awo katã, wokatã. Nya la; nyagblɔɖila; Dɔla! Wonɔ gbesɔsɔ na azɔli la.

Oo, woayra Aƒetɔ Mawu la ƒe Ŋkɔ! [ Nɔviŋutsu Branham ƒo asikpe zi ɖeka—Tala.] Míele nuwuɣi; Nya la, nyagblɔɖila, kple Dɔla, etɔ̃awo katã ɖe du, ɖaseɖiɖi gã ɖeka. Mawu gblɔna kokoko be, “Le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya ŋu la, mina woaɖo nya ɖe sia ɖe anyi.” Ke nyagblɔɖila vavã ɖe sia ɖe la alɔ̃ ɖe dzi kple Nya la kokoko; eye Dɔla ɖe sia ɖe aɖiɖase le Nyateƒe la ŋu. Amen. Míele gbesɔsɔ na azɔli ƒe gbeɖeɖeawo. Kakaɖedzitɔe

Gbesiagbebolo

Ke ne ame ma na woxlɔ̃ nui la, aɖe eƒe agbe. Xezekiel 33:5

24-0628

Mawu Ŋusẽtɔ Si Dzi Woklo Nu Le Le Mía Ŋkume
64-0629

Eye numae Mawu wɔ. E—Etrɔ Eɖokui, tso Yehowa Mawu nyenye me, heva zu mía dometɔ ɖeka, bena Wòakpe fu, bena Wòaɖɔ ku kpɔ, bena Wòanya nusi ku ƒe ti nye, atsɔ ku ƒe toheƒe ada ɖe Eɖokui dzi. Etsɔ Eƒe—Eƒe fiakuku kple Eƒe fiawu la da ɖe aga, heva zu mía dometɔ ɖeka. Eklɔ afɔ kple—kple—amegblɔe. Enɔ agbadɔwo te, kple amedahe. Emlɔ gbe—gbeme kple mɔdodowo dzi, kple amesiwo nye numanɔsitɔwo. Ezu mía dometɔ ɖeka, bena Wòate ŋu ase mía gɔme nyuie geɖe wu, eye bena míawo hã míate ŋu ase Egɔme nyuie geɖe wu.

Gbesiagbebolo

Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta. Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna. Hebritɔwo 2:16-17

24-0627

Kakaɖedzi Kple Kpeɖodzi 62-0610E

Mekpɔ kakaɖedzi be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Mekpɔ kakaɖedzi, le subɔsubɔdɔ kple Gbedeasi , si ƒe gbeƒã ɖem mele me, mekpɔ kakaɖedzi be Enye Nyateƒe. Mekpɔ kakaɖedzi be ŋutega siawo tso Mawu gbɔ. Mekpɔ kakaɖedzi be míele agbe le ŋkeke mamleawo me. Mekpɔ kakaɖedzi be Gbɔgbɔ sia si tututu le dzinye fifia nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Ŋutikɔkɔe!

Mekpɔ kakaɖedzi kplikpã. Mekpɔ kakaɖedzi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe mɔ la le eteƒe. Mekpɔ kakaɖedzi be Biblia ƒe mɔ nye Nyateƒe. Mekpɔ kakaɖedzi be Yesu Kristo yenye Esia le afisia fifia. Mekpɔ kakaɖedzi. Ne míexɔ Eyama dzi le miniti sia me la, mekpɔ kakaɖedzi be Ayɔ dɔ dɔlela ɖe sia ɖe le ɣeyiɣi ɖeka, aɖabaƒoƒo ɖeka me. Mekpɔ kakaɖedzi be Akɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe anyi ɖe afisia, sẽ ɖe esime ɣlidodo tɔgbe aɖe anɔ anyi, sẽ ɖe esime asesẽ be woagblɔ nusi ate ŋu dzɔ.

Mekpɔ kakaɖedzi. Mexɔe se kple nye dzi blibo…

Gbesiagbebolo

Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o! Psalmo 62:6

24-0626

Gbedeasi Na Laodikea Ƒe Hame La
58-0609

Ke mele esia tɔgbe susum, be zi geɖe la hamea le eƒe fafa me la wɔa nuwo, hesusua nuwo, he–hetsɔa nuwo abe alesi wole ko, esime wòle be míada nusi míewɔna kple gblɔna kpɔ. Elebe míabu susu afi aƒo nu.

Enye numame na Dadanye nyiehetɔ tsitsia wògblɔa nam be, “Bu tame zi eve eye ƒo nu zi ɖeka.” Ɣeaɖewoɣia, nu vi siwo, míegblẽna ɖi mawɔmawɔ la, woe nɔa vevie na mí ŋutɔ. Míetina dzi aƒu du dze nuwo dzi le tagbɔgbegblẽ ƒe agbenɔɣi sia si me míele agbe le. Akpɔ ŋkume na mí, abe Mawu ƒe Hame le zã sia me ene, be míatɔ aɖalala miniti ɖeka, akpɔ afisi míele.

Gbesiagbebolo

Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; Luka 21:34

24-0624

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
53-0906A

Mawu aƒo nu, eye naneke mate ŋu ɖe Mawu ƒe Nya ɖa o. Mawu ƒe Nya lia ke ɖaa. Ne Mawu ɖee gblɔ la, woɖo kpe dzi le dziƒo yiɖe mavɔmavɔ me. Ele afima tututu le gbesɔsɔ, tututu abe ɖe wowɔe vɔ ene, ne Mawu ɖee gblɔ.

Oo, be mí amesiwo ŋu ku le la míate ŋu gblɔ be, “ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI; evɔ,”
atsɔ Mawu le Eƒe Nya ŋu aɖanɔ tsitre ɖe afima, meka nusi adzɔ o, mɔxenu nenie anɔ akpa sia akpa o. Míenɔ anyi kple Mawu ƒe Nya la. “Mawu gblɔe nenema. Mexɔe Se. Evɔ.” Amen.

Gbesiagbebolo

Wò nya ƒe taƒoƒo enye nyateƒe, eye wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo li tegbee. Psalmo 119:160

24-0623

Mawu Le Dɔyɔyɔ Nam Dzidzime Sia
54-0719E

Elebe anyigba nàxɔ lu la alebe wòagbugbɔ tse agbe ƒe ku. Ke elebe nàxɔ Mawu ƒe Nya ɖe wò dzi me be nàtse nusi Nya la gblɔ be anye ƒe ku.
Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe nye Nuku. Yesu gblɔ be eyae wònye. Nukuƒãla yi le nukuwo ƒãm;

Egblɔ be nuku la nye Mawu ƒe Nya. Ke azɔ mide dzesi, bliku atse bliku, lu lu, ƒo ƒo. Nukake wòɖanye la, atse ku. Ke ne Mawu ƒe Nya nye Nuku, abe alesi Yesu gblɔ be Enye, eye Wodee amegbetɔ ƒe dzi me, kple afima, wui tsi kple xɔse la, Atse nu ɖe sia ɖe si Mawu gblɔ le Eƒe Nya me be awɔ ƒe ku. Atse ku. Ne miehĩa ɖeɖekpɔkpɔ la, “Mite va Gbɔnye mi amesiwo le agbagba dzem, Mana mi gbɔɖeme.” Ne miehĩa dɔyɔyɔ la, “wode abi Eyama ŋu ɖe miaƒe dzidadawo ta, to Eƒe kabiawo me miekpɔ dɔyɔyɔ.” Mawu na vɔsasa ɖe nuvɔ̃ kple dɔyɔyɔ ta. Ke dzitsitsi, kple xaxa, kpakple konyifafawo, kple nusiawo katã la, Mawu na Vɔsasa la. Ele afisia le zã sia me.

Gbesiagbebolo

Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme… Mateo 13:23

24-0622

Xɔse Nye Nu Vavãtɔ La
47-0412

Ke amewo gblɔna nam be xɔse le yewo si eye wogblɔna be yewo mate ŋu xɔ Mawume Dɔyɔyɔ dzi se oa? Xɔ̃wo, ne miexɔ Mawume dɔyɔyɔ dzi se o la, miebu. Esɔ gbe. Aleke yi ge nèle, ne xɔse mate ŋu nɔ asiwò kakaka be Mawu wòapati ŋutilã sia be wòakɔ Eɖokui ŋuti le me o la, aleke gbegbe xɔse le asiwò nɔ ge be nàxɔ se be Mawu atsɔ kuku xoxo sia aɖatsɔe wɔ makumaku be wòakɔe dzo mahã. Mawume dɔyɔyɔ tẽ ye ma. Oo, míatɔwo, dziɖeleameƒo dziŋɔwo le anyi nɔ ge le ʋɔnudrɔ̃gbe, le tsitretsitsi gbe. Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la. Yakobo 1:6

24-0621

Nukata Èle Ɣli Dom? Ƒo Nu!
63-0714M

Xɔse mekpɔa esia le afisia o ɖe. Xɔse kpɔa nu be yeakpɔ nusi dim Mawu le, ke ewɔa dɔ sɔ ɖe eŋu. Numae xɔse wɔna. Ekpɔa nusi Mawu dina, kple nusi Mawu di be woawɔ, eye xɔse wɔadɔ to ema me.

Xɔse nye didiƒe nukpɔmɔ̃. Meɖiɖia eƒe nukpɔkpɔ dzi kpɔtɔ o. Ekua ɖe nusi wòdzidze la ŋu. Amen! Tudala nyuie ɖe sia ɖe nya ema. Mikpɔea? Ema, enye nukpɔkpɔ tso didiƒe. Enye aɖe—enye yamenutomekpɔmɔ̃ aɖe. Enye didiƒekpɔmɔ̃, si wometsɔ kpɔa afisia ƒo xlã o. Miezãna didiƒekpɔmɔ̃wo be miakpɔ nu aɖakpɔ ga nenie ƒo o; mikpɔea, miewɔa ema o. Gake miezãna didiƒekpɔmɔ̃wo tsɔ kpɔa didiƒe ɖaa ke.

Ke xɔse wɔa ema. Xɔse tsɔa Mawu ƒe didiƒekpɔmɔ̃, eveawo, akpa eveawo siaa, Nubabla Yeyea kple Xoxoa, hekpɔa ŋugbedodo ɖe sia ɖe si Wòwɔ. Ke xɔse kpɔnɛ ɖaa, eye xɔse tiana ema meka nusi fifi ƒe ɣeyiɣi la le gbɔgblɔm le afisia o. Ekpɔa nuwuwu. Meɖiɖia eƒe nukpɔkpɔ dzi kpɔtɔ be yeakpɔ mɔ sia dzi o. Ekpɔa nu ɖaa. Edzidzea dzidzenu la ɖe Nya la ƒe dome dome tututu. Nusi xɔse wɔna ye ma.

Gbesiagbebolo

Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. Korintotɔwo II 5:7

24-0620

Mawu Ƒe Mawu Si Wòna Na Egbea
64-0206E

Ati si wotɔtɔ la, elebe miake be aɖawu atike nɛ, eye mianya nudzodzoewo kple adzɔ̃ewo le eŋu. Gake menye na ati akuakua si le nyuie o; edzɔtsu, sẽ ŋu, nudzodzoe aɖeke mevana edzi o. Geɖe le me be wòanya nudzodzoe la ɖa.

Ke nenemae Kristotɔ akuakua le! Mele be nàkebe aɖalili asi kpo me nɛ, aɖagblɔ esia, ema, alo kemea nɛ o. Nane le eme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃, si ɖea susɔeawo katã le eŋu ƒua gbe. Mele be nàɖe kuku nɛ ƒo xlã o, elabena enye Mawu ƒe ati vavã. Nane le me si wɔa aʋa. Kristotɔ ʋlina ɖe anyigba si dzi wòtsitre ɖo ƒe kakɛ ɖe sia ɖe ta. Elebe wòawɔ ema, ne wòle mɔkpɔm gbeɖe be yeanɔ anyi. Eye, le ewɔwɔ me la, Nane le eyama me si léa be nɛ.

Xawa dze agbagba be yeatsaka Nya la, le gɔmedzedzea me. Mawu gblɔ nɛ be, “Gbe si gbe ke nàɖui la, gbemagbe ke nàku.” Edze agbagba be Yeatɔtɔe kple sidzedze si Satana nɛ. Ke esime wòwɔe la, ena agbetɔ ƒomea katã bu, le afima tututu, le abosam ƒe viɖe ta, esime wòdze agbagba be yeatsaka Mawu ƒe Nya tsimatɔe la kple sidzedze.

Metsoa Nya la ƒe sidzedze me o, evaa to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ dzi ye!

Gbesiagbebolo

Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Zaxaria 4:6

24-0619

Lã La Ƒe Dzesi Kple Mawu Ƒe Nutrenu La 1
61-0216

Abel ku le agakpe ma ke dzi kple eƒe alẽvi la. Elebe xɔsetɔ ɖe sia ɖe nawɔ numa ke: aku ɖe agakpe la dzi kple miaƒe Alẽvi la. Alẽvi meɖo naneke o negbe nu ɖeka, eye eyae nye fu.
Ke elebe wòagblẽ nusiwo katã le eyama si. Mehea dzre kuɖe ŋu o. Tsɔ nu sue la eye ƒui gbe ɖe afima, abe alesi megblɔe ene be, alẽvi la nye mumui le eƒe fukolawo ŋkume. Wokoa eƒe fuwo. Mehea dzre kuɖe ŋu o. Nu ɖeka koe le esi lae nye be, egblẽa eƒe lɔlɔ̃nu ɖi.

Eye míegblɔa be míenye Kristotɔwo. Ameaɖe ŋlɔ leta vi aɖe nam nyitsɔ kple—nuŋɔŋlɔ vi aɖe, kple ɖikokoe menye nenema, ele asinye le afima, egblɔ be, “dzena le asinye; Amerika dumevi menye; medoa awu ƒomevi ɖe sia ɖe si medi.” Yi dzi tẽ, esɔ gbe. Efia be gbɔtsu ye nènye. Esɔ gbe. Wò la yi dzi eye do wo ne nèdi. Gake ɖo ŋku dzi be, ne nènye alẽvi la, dzena aɖe le asiwò le eta, gake wò la gblẽ wò dzenawo ɖi ɖe Kristo ta. Dzena le nye hã asinye be mamu aha le zã sia me; Amerika dumevi menye. Dzena le asinye be mayɔ sigaretiwo; Amerika dumevi ye menye. Ele miawo hã miasi, gake míegblẽ míaƒe dzenawo ɖi. Mina woako numawo le míaŋu. Miwɔ nu abe aƒetɔwo ene, abe aƒenɔwo ene, mido awu nenema, eye miwɔ nu nenema aɖanɔ agbe nenema. Migblẽ miaƒe dzenawo ɖi.

Gbesiagbebolo

Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. Romatɔwo 12:1

24-0618

Da Ƒe Nuku La
58-0928E

Ekae sesẽ wu, (megblɔe be,) Ɖela loo alo nuvɔ̃wɔla? Eka ŋue ŋusẽ le wu? Ekema, ele be amesi sesẽ wu la naɖe mɔ na esi nye suetɔ wu, eye Ewɔe ko na Eƒe ŋutikɔkɔe. Esime Wòwɔ Luxifa la, Enya xoxo bena anye abosam. Ele be wòaɖe asi le eŋu wòawɔe be wòatsɔ fia bena Yenye Ɖela, Kristo la. Ele be wòaɖe asi le eŋu wòava eme nenema.

Azɔ, ɖe Biblia megblɔ, bena, “Nuwo katã tim hea nyuie vɛ na amesiwo lɔ̃a Mawu oa”? [Ƒuƒoƒea gblɔ bena, “Amen.”—Tala.] Ekema nuka vɔm miele?

Mina míatsite anɔ dɔ dzi,

Aɖo dzi hena aʋawɔwɔ.

Migaɖi nyi maƒonu si wo hena be woaɖe kuku na aƒoe ɖe mia nu o!

Ke boŋ mizu kalẽtɔ!

Melɔ̃ esia. Minɔ tsitre!

Gbesiagbebolo

Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu. Romatɔwo 8:28

24-0617

Mawu Si Le Eƒe Ŋugbedodo Wɔm
56-1209A

Ke alea, ekpɔ mía ŋkume abe xɔsetɔwo ene, be míegayi vavã le tagome nukpɔsusu aɖe dzi alo le seselãme aɖe dzi, alo le nu nyuie aɖe si dzɔ dzi be:
“Míewɔ esia alo míewɔ ema” o. Elabena abosam ate ŋu srɔ̃ numawo katã. Gake mɔnu ɖeka si míate ŋu anya be míekpɔ ɖeɖe lae nye esime míewɔ ɖe Mawu ƒe dziziziwo dzi. Mikpɔea, mikpɔea? Mèkpɔ ɖeɖe gbeɖe to wò seselelãmewo dzi o; èkpɔ ɖeɖe to wò xɔse dzi ye. Mikpɔea? Èkpɔ ɖeɖe kokoko to wò xɔse dzi. Wò xɔse ye wɔnɛ ke emegbe la wò agbe ɖoa kpe dzi be èxɔe alo mèxɔe o.

Azɔ, ne èle agbagba dzem ko be yeasrɔ̃e la, ekema e—ɖeko èle wɔwɔm—ɖeko èle ɖokuiwò wɔm ayemenuwɔla aɖe—aɖe. Mikpɔea? Elabena mà—màte ŋu wɔ ema o. Kristo subɔsubɔ nye nane si le be wòatso dzi me.

Gbesiagbebolo

ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“ Hebritɔwo 10:38

24-0615

Patmos Ƒe Ŋutega La
60-1204E

Ɖee menya kpɔ esime nàte ŋu ku seke wò luʋɔ vavã ɖe Kristo me, le nɔnɔme aɖe me tɔgbe be nàte ŋu azi kpoo le eƒe Ŋkume oa? Eye nàse Eƒe Gbe wòaƒo nu na wò be, “Nyee nye Yehowa si yɔna dɔ wò. Nyee nye Yehowa si nana wò Agbe Mavɔ. Melɔ̃a wò. Menya wò do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi. Mede wò ŋkɔ Agbalẽ la me, Tɔnyee nènye. Mègavɔ̃ o, Nyee. Mègavɔ̃ o, meli kpli wò.” Ekema medzia ha be:

Nye luʋɔ ku se ke ɖe gbɔɖemeƒe

Nyemaganɔ ƒu vlotɔ dzi o;

Ne ya vɔ̃wo ƒo, eye ƒu dzagbo hã la;

Le Yesu me manɔ dedie le tegbee.

Ɖo ŋku dzi be, Gbe ma si tututu ƒoa nu na wò ŋaŋeŋaŋe la, adrɔ ʋɔŋu nuvɔ̃wɔla. Tsiɖɔɖɔ ma si tututu xɔ na Noa la, tsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla la. Mikpɔ nusi medi be magblɔa?

Gbesiagbebolo

Eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ… Hebritɔwo 6:19

24-0614

Hiob
55-0223

Woezɔ si wodo na mi zã sia me yenye esi. Esime Mawu, Ŋutɔ ɖi ƒuƒlu Eɖokui, nɔ ɖiɖim va do go tso nyiɖu fiasawo me, tsɔ nuvɔ̃ ŋutilã ɖe Eɖokui ŋu, be yeaɖiɖi Yeɖokui ɖe anyi, be yeanye Ƒometɔ kple nubiala dahɛtɔ kekeake si le xexeame, be yeazu Ƒometɔ nɛ, Yehowa Ŋutɔ, si wɔ eɖokui Ƒometɔ na nubiala la. “Dowo le abeyiwo si, eye atɔ le xeviwo si, gake teƒe aɖeke mele Amegbetɔ Vi la si be wòaziɔ Eƒe ta ɖo o.” Wodzii le lãnuɖunu me, woxatsɛ ɖe avɔ me, evɔ Ŋutikɔkɔe ƒe Fiavi la tututu, agudzedze ƒe Ɣe tso dzi ke wònye. Eɖiɖi Eɖokui ɖe anyi, he eɖokui ɖe anyi, lɔ̃ faa ɖi gbɔ eɖokui, ɖi va anyi, be yeawɔ yeɖokui Ƒometɔ kple nuvɔ̃wɔla. Mibu eŋu amewo. Aleke miate ŋu gbe lɔlɔ̃ si naneke mesɔ kpli o?
Nukae wònye? Esime Mawu zu nuvɔ̃wɔla, kɔ míaƒe nuvɔ̃wo. Yesu zu nye, alebe nye mate ŋu zu Eyama. Mawu ƒe Alẽvi maɖifɔ La Si menya nuvɔ̃ aɖeke o, zu nuvɔ̃wɔla, alebe woate ŋu wɔm Mawu ƒe vi si woxɔ vi.

Gbesiagbebolo

Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o. Yohanes 1:10

24-0613

Míekpɔ Eƒe Ɣletivi Eye Míeva Be Míasubɔ Eyama
63-1216

Azɔ ɣeaɖewoɣi la míesusuna be, míaƒe agbãwo. Mate ŋu ade esia me le afisia tututu dzro, be, míesusuna be míaƒe agbãwo kpena akpa ɣeaɖewoɣi, wɔe be naneke mesɔ kplii le xexeame o. Ɖee mienyae be nusiawo katã nyo na mia? Wokatã li be yeawoa me mi ye, awɔ mi. Wome nyagblɔɖilawo kple nunyalawo le gbedadaƒo la ƒe megbe, le ŋdɔkutsu dzatsɛ, xɔdzo te, to xaxawo kple dodokpɔwo, kple yometitiwo me. Ke nusiawo siwo metom míele egbe la, naneke medzɔ ɖe míadzi kpɔ si medzɔ ɖe Kristotɔ bubuwo dzi, vayi o ɖe. Kristotɔ siwo vayi do dzi le blukɔ ƒe gaƒoƒo me alea, eye wotsɔwo na dzatawo ɖu gɔ hã, ɖe woƒe ɖaseɖiɖi ta.

Gbesiagbebolo

Bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me; Petro I 1:7

24-0612

Kpeɖodzi Kple Ɖeɖefia
62-0621E

Miɖo ŋku dzi, be mele gbeɖe be míade sɔleme be míawɔ nu abe kɔnyilawo ene o. Mele be míava be, ko, be míawɔ kɔnyila ƒe nuwɔna be míele sɔleme dem o. Elebe míava be míasubɔ le Gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elebe nɔnɔme deto aɖe kple aŋkwaretɔ la, elebe míawɔ nusita míevana afisia ŋuti dɔ vavã. Ŋkekeawo le vɔ̃ dzem vavã. Ɣeyiɣia nye vɔ̃. Eye míedi be–míedi be míana ɣeyiɣi ɖe sia ɖe nanɔ vevie, eye tɔxɛɖe esime míele Aƒetɔ la ƒe aƒeme.

Gbesiagbebolo

Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“ Mateo 4:10

24-0611

Lã La Ƒe Dzesi La
56-0715

Azɔ, egbe, ne ame se du nyuie la be, “Kristo ku le tewòƒe; naneke meli si àte ŋu wɔ kuɖe eŋu o. Kristo xe fe la,” Nyanyuie la le ɖiɖim.

Àte ŋu gblẽ sigareti ɖe sia ɖe ɖi, atamaɖuɖu ɖe sia ɖe, whiskey ƒe atukpa ɖe sia ɖe nu—nusianu si le wòblam, eye nàgblɔ be, “mevo. Du nyuie lae nye esi, Kristo na mevo.” Mienye amesiwo kpɔ vovo. Megale be nàgayi ake o. Megale be nàgasubɔ abosam ake o. Àte ŋu vo ne nèdi be yeavo. Azɔ mele be nàno aha o. Mele be nàƒu du ƒo xlã o. Mele be nàwɔ fu srɔ̃wò nyɔnu o. Mele be nàƒofi de ame o. Mele be nàda alakpa o. Mele be nàfifi o. Mele be ɖeɖi nàte ŋuwò o. Nukata, nunɔamesiwo le asiwò, le dzigbe ɖaa, siwo ŋu womeka asi kpɔ haɖe o, Mawu yayra sɔgbɔwo, si ŋu xexeame menya naneke le o.

Miegblɔa be, “Elebe mase vivi vi aɖe.”

Nukata, nɔviŋutsu, ne nèse kpẽ la ƒe du nyuie kpɔ la, xexeame ƒe vivisesewo ɖia nu sue alegbegbe, wonye ayawagbã si ɖina kple gakogoe. Mègahĩae ake o.

Gbesiagbebolo

Eyata ne Vi la wɔ mi ablɔɖeviwo la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã.Yohanes 8:36

24-0610

Nubube
62-0117

Ame aɖe gblɔ be, “ɖi ƒuƒlu wò susu me ko azɔ. Kpɔ yame teŋ ɖo ɖe dziŋgɔliawo gbɔ. Na wò susu naɖi ƒuƒlu. Nàwɔ numetoto aɖe.” Eɖe asu asiwò ɖikeke aɖeke mele me o. Esɔ gbe. Gake, nàwɔ numetoto aɖe, ke numetoto ka? Mikpɔea, ne nèwɔ ema la, wò luʋɔ koe nèʋu na Satana. Ana wò nane. Nyateƒee.

Gake, mesusui be, ame aɖe si gbɔna Kristo gbɔ la elebe wòava kple eƒe nunya katã si le esi, aɖanɔ nyaxlẽm le eƒe susu me, ne wòva Eyama gbɔ, ŋugbedodo ɖe sia ɖe si le Ŋɔŋlɔa me. Wò susu nènɔ ŋudzɔ. Mègana wòaɖi ƒuƒlu o. Abosam ana nàwɔ nusianu. Mikpɔea? Woana wò seselelãme. Ate ŋu wɔ ema, hã. Gake numetoto aɖe ye dim nèle, nane si Biblia fia , nane si le vavã.

Gbesiagbebolo

…elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma. Timoteo II 1:12

24-0609

Kristo Ƒe Nutrenu La
55-0312

Ameaɖewo dena sɔleme le seselãme ƒe akpa ta ko. Ameaɖewo dena sɔleme be yewoadzi ha ɖeɖeko ta. Ameaɖewo dena sɔleme be yewoase vivi le hadzidzi nyuie ŋu ko, esɔ gbe. Ameaɖewo dena sɔleme, hewɔa ɖeka kple hamea be yewoaɣla yewoƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye, awɔ ŋkɔ nyuie na yewoɖokui vie wu le aƒelikawo dome. Ameaɖewo dena sɔleme movevietɔ, gake Mawu meka asi woŋu gbeɖe kpɔ o. Gake ne Mawu yɔ ame aɖe la, “Ame aɖeke mate ŋu va Gbɔnye o negbe Fofonye he va gbã. Ke amesiwo katã va la Mana wo Agbe mavɔ, afɔ̃wo ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me.”

Oo, mekpɔ mɔ be miekpɔe. Nɔviŋutsu, enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ be yeana ɖeɖefia ame aɖe, menye le seselãme aɖe dzi o, menye le nane si wòle be nàwɔ dzi, alo si mele be nàwɔ dzi o, alo esia, ema, alo bubu o. Numawo katã nyo keŋkeŋ, zɔɖeɖeawo kple dɔwɔwɔwo, kpakple ɣlidodo kple ɣeɖuɖu , kple aɖeyeyewo dodo; numawo katã nyo keŋkeŋ. Gake nu gbãtɔ lae nye be, elebe wòanye gbɔgbɔme ɖeɖefia si Mawu na amea, be Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi si le, yɔyɔm. Esɔ gbe. Ema manɔme la, ame ko srɔ̃m nèle, ɖeko èle nuwɔm abe ɖeɖeko ye.

Gbesiagbebolo

Amesi tso Mawu me la, sea Mawu ƒe nyawo; Yohanes 8:47

24-0608

Hoɖoɖo
63-0803E

Enyo, esime Dɔla do go Maria ŋdi ma me le mɔ dzi yina vudo la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be “Vidzĩ le esi su ge, ŋutsu manyamanya,” la ede eyama zɔɖeɖe me. Edzo kaba, nɔ gbɔgblɔm na amesiame be “Vidzĩ le yesi su ge ŋutsu manyamanya me.” Metsɔ ɖeke le me na nusi gɔme wònye na amewo nusi gblɔm wole o. Edo go Mawu ƒe Dɔla aɖe vavã, eye wòdee zɔɖeɖe me. Enyae be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le ye dzi, le Agbe wɔm le ye me.

Oo, ne ɖeko míate ŋu ade dzesi ema, be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le míadzi, le xɔse wɔm le míame, le agbagba dzem be yeatsɔ Yeɖokui fia le mɔnu kple nunana geɖe vovovowo me, be yeawɔ xɔse na Hame la ƒe kɔkɔdzoe. Ele be wòade mí zɔɖeɖe me.

Gbesiagbebolo

Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o! Yakobo 1:22

24-0607

Dawid Avawɔla Gã Sia
55-0118

Eye na Mawu metia wò be nànye Kristotɔ o la, manye Kristotɔ o. Mawu ƒe tiatia ye, menye tɔwò ye o. Ame aɖeke medina Mawu o. Ame aɖeke medina Mawu le ɣeaɖekeɣi o. Mèdi Mawu o, gake Mawu di wò. Menye wòe nɔ Mawu yɔm o, Mawu ye nɔ wò yɔm.

Ke emegbe esime Mawu yɔ wò la, efia be Etiawò. Èlɔ̃ xɔ yɔyɔ la, afiatsotso ye ma. Emegbe ètsɔ wò dzi na Kristo eye nèyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Ke azɔ la wona wò teƒe ɖe Kristo ƒe ŋutilã me. Azɔ, ne ena nèɖe asi le wò nuwɔna vɔ̃ɖiwo ŋu hewɔ nu abe alesi wòle be Kristotɔ nàwɔ ene la, ne wòwɔ ema na wò la, ayɔ dɔ wò ŋutilã, elabena ŋugbedodo wònye. Amen. Yenye enye ma.

Gbesiagbebolo

Esia nye be: Menye ŋutilã ƒe viwoe nye Mawu ƒe viwo o, ke ŋugbedodo ƒe viwo boŋ woabu be ƒome. Romatɔwo 9:8

24-0606

Ka Ɖe Mawu Dzi
59-0125

Le Germania, gbeɖeka la, mekpɔ nutata aɖe, esi tsi susu me nam. Germania nutalaa ɖe ta…nutata aɖe si—si woyɔ be “Alilikpo Nyigba.” Eye ne èkpɔe la, le adzɔge le didiƒe la, eɖi blukɔ vɔ̃ɖi kekeake si li nàte ŋu akpɔ. Alilikpo dodo ɖeɖe ko, nenye be ele ekpɔm tso didiƒe. Gake ne ète ɖe eŋu tututu la, atrɔ. Azu Mawudɔla siwo le aʋala ƒom ɖe du, hele aleluya ha dzim na Aƒetɔ la. Eyata numae blukɔwo nyena ga ɖewo me. Ne ekpɔe, le adzɔge ʋĩ la, eɖina blukɔ kple tsizi. Gake tsɔ Mawu ɖe Eƒe Nya la nu eye naka ɖe dzi be Eyae nye Mawu, ne nàte ɖe eŋu tututu, àva kpɔe be Mawudɔlawo ƒe aʋalawo ko wonye le ƒoƒom ɖe du.

Gbesiagbebolo

Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menyɔ le zã, eye mebu ŋuwò la, Psalmo 63:7

24-0605

Nubube
62-0408

Migabu nu be o, minɔ anyi kple Nya la. Migaxɔ naneke si tovovo o, mikpɔtɔ nye nusi tututu Mawu be mianɔ anyi kpli tututu, minɔ anyi kple Nya la. Amen.

Ekpɔ ŋkume na Mawu, Mawu ƒe Nya kpɔ ŋkume Nɛ, eye ne Nya la le mia me la, miawo kple Eƒe Nya kpɔ ŋkume Nɛ. Gake ne miewɔ abe Xawa ene, ke ɖi le Eƒe vi kakɛ aɖe ŋu heɖe nane xɔ eteƒe la, miedo go, le afima tututu. Minɔ anyi kple Nya la. Migana miabu nane be o, mina míatsɔ nusi Nya la gblɔ ko eye Míaxɔe se. Ɖee miawɔea?

Gbesiagbebolo

Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwɔ ŋutsu, eye mise ŋu! Korintotɔwo I 16:13

24-0604

Amegãwo, Míedi Be Míakpɔ Yesu
61-1224

Nye Kristmas ƒe Gbedeasi ye, nye, mina matsɔ asi fia atsitsoga la na mí le zã sia me. Amen. Ke mi, bli ku la, mi dze ɖe Kristo me ɖe afima eye miaku. Afima miakpɔ Eƒe Agbe le Eƒe Nya me, esime wònye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Mina ema wòanye nye Kristmas ƒe Gbedeasi na mi. Nyemele asi fiam lãkpo aɖe, vidziƒe aɖe, hame aɖe, kɔmahatsɔŋkɔ aɖe mi o. Gake, “amegãwo, míedi be míakpɔ Yesu,” ekema mafia asi Eyama na mi. Efia asi Eƒe ku, ɖiɖi kple tsitretsitsi mi. Ke miawo la mina miaŋutɔ ƒe bli ku nadze ɖe me le afima, eye mina Eƒe Nya nazu vavã le miame, ke miele ekpɔ ge be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. “Amegãwo, míedi be míakpɔ Yesu.” Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Gbesiagbebolo

Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. Hebritɔwo 13:8

24-0603

Menyae Be Nye Xɔnametɔ Le Agbe
58-0406S

Mawu ƒe taɖodzinu Wònye be yeana mí Gbɔgbɔ Kɔkɔe yayra la. Mawu ƒe taɖodzinu Wònye be yeafia mí dzesiwo kple nu dzɔatsuwo kple nukunuwo. Mawu ƒe taɖodzinu Wònye, eye naneke mate ŋu tsrɔe o. Dzota me ƒe ŋusẽwo katã woate ŋu tso ɖe eŋu, gake aɖu dzi. Mawu ƒe ŋugbedodo Mavɔ la le míasi. Nufialawo woate ŋu nɔ anyi, izmwo woate ŋu tso, ɖoɖo gãwo woate ŋu tso, nuwo woate ŋu nɔ anyi si woate ŋu dze abe atsrɔ̃ ene, gake mate ŋu tsrɔ̃ kpɔ gbeɖe o. Mawu ƒe taɖodzinu Wònye be wòakpɔ gbɔ be wòaɖu dzi. Ekema, menye nyee wòka o, eye menye miawo ye wòka o, ne atsrɔ̃ alo o. Mawu ye Wòka. Ke míate ŋu dzudzɔ ɖe dzi kakaɖedzitɔe, bena Mawu maɖe mɔ kpɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ míaƒe domenyinu o, elabena Eƒe taɖodzinu wònye be yeatsɔe na mí.

Gbesiagbebolo

Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko! Samuel I 3:18

24-0602

Zi Ɖeka Ake Ko Aƒetɔ
63-0120E

Mawu fɔ hame la ɖe tsitre be wòanye kelidzɔƒe, be wòaɖe Yeƒe ŋusẽwo ɖe go, be wòayɔ dɔ dɔnɔwo, afɔ̃ kukuwo ɖe tsitre, anya gbɔgbɔvɔ̃wo do goe, anɔ agbe kɔkɔe, aɖe gbeƒã Nyanyuie blibo la, Aɖee ɖe go, gake míedze tatra ɖe me heɖiɖi mɔxetiawo.

Míetsɔ kpɔɖeŋu gbegblẽawo. Nyɔnuwo wɔ nu abe kplɔla ƒe srɔ̃ ene. Eɖe asi le eŋu wòheyi ɖoɖomanɔ ŋu, akpa eƒe taɖa, ado awu ƒomevi ɖe sia ɖe si adzro ŋutsu, maka mo nɛ gbeɖe o. “Ne Nɔvinyɔnu Ale kple ale woate ŋu wɔe la, nye hã mate ŋui.” Mègatsɔ ema wɔ wò kpɔɖeŋu o ɖe. Mikpɔea? Mawu gblɔ nusi nàwɔ na wò, nɔ anyi kple Ema.

Gbesiagbebolo

Elabena Mawu meyɔ mí na makɔmakɔnyenye o, ke boŋ na kɔkɔewɔwɔ. Tesalonikatɔwo I 4:7

24-0601

Hebritɔwo, Ta Adre #2
57-0922E

Ke mi amesiwo ƒe dziku ɖa wu saka ƒe nume, siwo tua nya ɖo ɖe ame ŋu, womate ŋu ado dzi atsɔ ame o, kple nuwo nenema. Mikpɔ nyuie. Eɖi fɔ ne ègblɔ nya ɖeka pɛ ɖe nɔviwòŋutsu ŋu si mele teƒe o, si mesɔ gbe o, anɔ tsa ɖim ahanɔ eŋu gblẽm. Mehiã be naƒo hɛ ɖe ame ƒe dzime be nàwui o. Nàte ŋu agblẽ nɔnɔme si le esi ke èwui, èwu hoɖoɖo si le esi la. Ƒo nu tsitre ɖe wò kplɔla si le afisia ŋu, gblɔ nya gbegblẽ aɖe kuɖe eŋu, egasɔ kple ne èda tui. Egblɔ nane si mele teƒe o tso eŋu, enyo, esia awu eƒe hoɖoɖo le amewo gbɔ kple nuwo nenema, ke èɖi fɔ le eme. Eyae nye nusi Yesu gblɔ.

Gbesiagbebolo

Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu! Luka 3:14

24-0518

Gbemagbe Le Kalvaria 60-0925

Fe si woxe la, eye Satana ƒe ga la tso. Mawu gatrɔ mɔ si yi nusi dim ame le gbɔ la, de asi nɛ. Megale be wòafa avi o. Etu nui, esime Wòŋe Satana ƒe dzimeƒu, le Kalvaria afima, nuvɔ̃ ƒe dzimeƒu, dɔlélétɔ hã! Eye esia gbugbɔ amegbetɔ kukua ɖesiaɖe, si le anyigba dzi, la yi Mawu ƒe Ŋku me, eye wotsɔ nuvɔ̃ kee. Aléluya! Wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke. Satana magate ŋu ahe mí ɖe megbe ɖa tso Mawu gbɔ o.

Wota mɔgã aɖe daɖi. Eye kaƒoƒo le afima. Ka li yi ɖe Ŋutikɔkɔe me, si akplɔ amesiame si ake ɖe ka ma ŋuti la ayii. Ne nuvɔ̃ yɔ amea ɖe me fũ la, etsyana ka nɛ le eƒe titina. Ate ŋu akpɔ nuvɔ̃ ma ƒe keke. Menye ema ɖeɖe ko o, ke woxe nuvɔ̃ ma ƒe fe hã. Oo! Mele be nàgblɔ be, “Yemedze o.” Nyateƒee, mèdze o, mate ŋui hã gbeɖe o. Gake Amesi dze la xɔ tewòƒe. Èvo. Mele be nàgatsa tsaglãla azɔ o. Mele na wò be nànye nudzodzrowo yometila le anyigba dzi afii o.

Elabena Ʋutɔsisi aɖe do go tso,

Emanuel ƒe kabiwo me,

Nuvɔ̃wɔlawo dze tɔ sia me,

Bu woƒe fɔɖiɖiwo keŋ.

Mele be nàbu kura o. Mɔgãa ɖe li, eye Mɔtata ɖe hã li, eye woyɔe be kɔkɔenyenye ƒe Mɔtata. Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o. Elabena, eto tɔsisi la me, gbã, hafi dze mɔgã la dzi.

Gbesiagbebolo

Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahade bubu eŋu. Psalmo 91:15

24-0516

Xɔse Nye Míaƒe Dziɖuɖu 58-1004

Xɔse nenɔ miasi. Menye xɔse si tsana ko o, menye xɔse si wokpawɔ ko o, gake xɔse vavã.
Azɔ xɔse nye aʋdziɖula. Xɔse nye dziɖula. Ɖeko menye ŋutifafa nala aɖe—aɖe o. Eɖua dzi ye. “Xɔse nye dziɖuɖu si ɖua xexeame dzi.” Nukae wòwɔna? Nukae nye xɔse? Nukae nye be, “woaɖu dzi”? Aɖu dzi kple dziɖuɖu la ɖeka wole, egɔme yenye be “amu nu ƒu anyi; anɔ nu tame; ade ga asiwo na nu; atsɔ nu ƒugbe ɖe gaxɔ me.” Egɔme yenye be nuvɔ̃ si ɖu dziwò kpɔ la, èle edzi ɖum azɔ. Egɔme yenye be eɖu edzi. Ènye…èbɔbɔe ɖe ɖokuiwò te. Èlolo wu alesi wòle.

Gbesiagbebolo

Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, Nyaɖeɖefia 21:7

24-0515

Agbe Ŋutinya 52-0720A

Azɔ agbe aɖe le míadometɔ ɖe sia ɖe si si Mawu na mí, ke elebe míanɔe. Ke me…Le nye nukpɔsusu gblɔe ŋu, ne miase esia gɔme la, mexɔe se be agbe nyuietɔ kekeake le xexeame, meka ne ezɔ nyuie alo o la, yenye be ne míekpɔ Mawu ƒe mɔ hezɔ le edzi afisi Mawu ɖo ɖi na mí be míazɔ le.

Gbesiagbebolo

Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. Lododowo 3:6

24-0513

Eƒe Ŋugbedodo Nya Siwo Medana Ƒu o
64-0120

Yesu Ŋutɔ, esime Wòva la, Enyae be Yenye Nya la. E, Eka ɖe ema dzi. Elabena, E, esime Wòxɔ ƒe wuieve ko, Ŋutsuvi dzaa aɖe la, míekpɔ Eyama ( abe alesi menɔ nuƒom etsɔ vayi ene) le gbedoxɔ la me, le nyahem kple nunɔlawo. Eƒe sidzedze te ŋu gbɔ woƒe kɔnuwo ta, eye Wònɔ nufiam wo, ŋutsumawo. Eye esime Eŋutɔ ƒe nɔ va Eyama gbɔ, hewɔ…gblɔ nya aɖe si mele eteƒe o, milé ŋku ɖe Nya si le vodada ɖɔm ɖo ŋu.

Nya la ɖɔna vodada ɖo kokoko. Eye ne ɖeko amewo ate ŋu kpɔe egbea la, Nya la ɖɔna vodada ɖo! Nua katã le vodada zum. Gake Mawu ƒe Nya nye nusi le eteƒe. Egblɔ be, “Dziƒowo kple anyigba ŋu avayi, gake Nye Nyawo ŋu mava yi o.”

Ke Nya si wogblɔ ɖi na egbe sia, ɖɔna ŋkeke la ƒe vodada ɖo. Miese emea? Nya la Ŋutɔ ɖɔna vodada ɖo.

Gbesiagbebolo

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe mia ƒe zɔzɔme ŋu! Xagai 1:7

24-0512

Miɖe Ʋewo Ɖe Bali La Me
56-0728

Fiam wò hadodo, magblɔ amesi nènye na wò. Na mazɔ geɖe wò aƒe me. Na makpɔ nusi le ʋuʋu ɖi ɖe kplɔ dzi. Na makpɔ alesi wode dzesi Biblia ma. Na makpɔ afisi Eƒe Nyateƒe
Ŋutinya xoxoawo li.
Nà mase hagbe si ƒomevi nèƒona le wò radio dzi. Nà makpɔ foto si ƒomeviwo le asiwò le wò aƒe me. Magblɔ nusi wotsɔ wɔwò na wò. Ẽ, amegã. Nusi ɖum wò luʋɔ le ye ma. Meka nusi wò ɖaseɖiɖi nye o la, wò kutsetsewo ɖea nusi nènye fiana. Esɔ gbe.

Oo, nyateƒe ye ɖe. Wò luʋɔ ɖua nane. Eye kakee nye wò luʋɔ ƒe dzesidede la, numae nye nusi wòa—wòafia. Susumatae Yesu gblɔ be, “Mianya wo to woƒe kutsetse me.”

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe! Mateo 7:20

24-0511

24-0509

Hebritɔwo, Ta Eve #2
57-0825E

Oo, ɖe miate ŋu atɔ te minuti ɖeka! Ameka koŋ nènye, ya? Gɔmesese kae le dɔ ma si wɔm nèle si? Alo gɔmesese kae le aƒe si le mía si la si? Gɔmesese kae le ʋu si le mía si la si?
Ɖetugbui sue nyakpɔ ma, wò nu sue mabuame ma, nuka nyakpɔnyakpɔ ma si le asiwò fifia la nye? Wò ɖekakpui si ƒe ɖawo zrɔ, nyakpɔ la, wò abɔta dzɔ, ke gbeɖeka wole ŋɔŋlɔ̃ ge, ne ƒewo na èɖo kpo.

Gake, woayra Aƒetɔ la! Luʋɔ aɖe le asiwò si wogbugbɔ gadzi. Nàva nɔ agbe tso mavɔ yi mavɔ, elabena Eva zu wò, bene wò to Eƒe amenuveve me nàzu Eyama, eye wòwɔ nɔƒe ɖi na wò.

Oo, mí amesiwo buna be awuwo le mía si mía ɖɔli, eye nuɖuɖu le míaƒe aƒe me, nuka míenye? Mawu ate ŋu axɔe le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Wò gbɔgbɔ la ŋutɔ hã le Eƒe asi me. Ke Eyama le mía dome be yeayɔ dɔ dɔnɔwo, aɖe gbeƒã ahaʋu eme, eye yeagblɔe doŋgɔ, ke ɣesiaɣi la esɔa gbe pɛpɛpɛ. Ke etsɔ ɖe le me ƒã be ena akpa sue, si ku hã gbɔ agbe ake, le mía dome. Yehowa le mía gbɔ, Yehowa le mía me, nye MENYE gã ŋusẽtɔ la.

Gbesiagbebolo

Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? Mateo 6:25

24-0508

Abe Alesi Hɔ̃ Ʋuʋua Eƒe Atɔ Ene
59-0815

Ewɔ nublanui wu be woakpɔ Mawu ƒe viŋutsu, si wodzi be wòanye Mawu ƒe viŋutsu alo vinyɔnu, wòanye kluvi na xexeame, wu alesi wòle be woakpɔ hɔ̃ le gadza me.

Xexeame lé amewo ɖe gadza me. Kɔmahatsɔŋkɔ mɔxenuwo le wolém dzo ɖa le nusi Mawu da wo ɖe anyigba dzi be woanye gbɔ: Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Ke ema nye nublanui nukpɔkpɔ aɖe, be woakpɔ amegbetɔ si ŋu Kpekpeɖeŋu aɖeke meli o, le dzedzeme, si nuvɔ̃ bla, hele tame bum ko atraɖie le tsa ɖim tso biyanoƒe yiɖe biya noƒe, tso teƒe yi teƒe, tso modzakaɖeɖe me yiɖe modzakaɖeɖe me, le agbagba dzem be yeakpɔ kɔɖiɖi, esime Mawu ɖeɖeko si ye akɔfafa si ate ŋu fa akɔ nɛ le.

Mawu wɔ ame be Yeƒe tsikɔ ne wui ye.

Gbesiagbebolo

Amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwo katã la, nue wòwɔnɛ, ke womefaa nudzodzro nu gbeɖe o. Nyagblɔla 6:7

24-0507

Mose
50-0110

Nyeme tsitre ɖe sukudede ŋu o ɖe. Sukudede nye nu nyuie keŋ. Gake amewo dea suku akpa, sẽ ɖe esime wosusunɛ be yewonya geɖe wu alesi Mawu nya. Ke emegbe la wodana taɖodzinu la ƒu.

Elebe miaŋlɔ nusiwo katã mienya kpɔ le miaŋutɔ ƒe sidzedze me be mianya Kristo.
Enyo, miva ko abe ɖevi ene eye milɔ̃ xɔ Eyama. Ekpan. Nenemae wolɔ̃na xɔna Mawu. Eye ne nàte ŋu zu gblɔeɖe wu, abɔbɔ ɖokuiwò wu, eye nàte ɖa le ɖokuiwò gbɔ, wò ŋutɔ wò susuwo gbɔ, axɔ Mawu ƒe Nya le nusi ƒe bo wòle ŋu ko, Aɖaxɔe se. Azɔ le xɔse mee nusiawo vana le, menye nusi ŋu nàte ŋu bu kpɔ o. Màte ŋu asu te gbeɖe o. Amegbetɔ aɖeke menɔ xexeame kpɔ, ame kɔkɔe aɖeke, nenema ke ame aɖeke bu Mawu ŋu kpɔ o. Màte ŋui o. Eyata migasusui be miate ŋu wɔ nane si miate ŋu wɔ o, elabena wo…mate ŋu va me o. Esɔ gbe. Mixɔ Eyama dzi se ko. Nusi dim Wòle be miawɔ ye ma, menye be adze agbagba abu Ye ŋu kpɔ o.

Gbesiagbebolo

Mawu ɖea gbe nukutɔe, ewɔa nu gã, si mele nyanya me o. Hiob 37:5

24-0506

Nuŋeŋe Ƒe Ɣeyiɣi La
64-1212

…Agbe Mavɔ ƒe nɔnɔme ɖeka koe li, ke eyae nye Mawu. Eyata ne Agbe Mavɔ le míasi la, míenɔ anyi kple Mawu tsã ekema tututu, Mawu ƒe akpa aɖe. Míenye Eƒe nyenye tsã. Azɔ míenyɛ Eƒe nyenye. Eye, elabena, “le gɔmedzedzea me la Nya la li.” Ke nya nye susu aɖe si woɖe gblɔ. Eyata míenye Eƒe susuwo tsã, emegbe la woɖe mí gblɔ to nya me eye míezu nusi míenye. Susumatae míaƒe ŋkɔwo, ɖewomahĩ menye esi le míasi fifia o, gake wode míaƒe ŋkɔwo Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Mikpɔea? Ke ɖee menɔ afima ekema o la, manɔ afima gbeɖe o. Mikpɔea? Eye Yesu va be yeaxɔ amemawo katã, ema nye, siwo ƒe ŋkɔwo le Agbalẽ ma me ƒle.

Gbesiagbebolo

Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Yohanes I 2:17

24-0505

Xɔse Nye Nuvavãtɔ La
51-0508

Ke Mawu ma tututu, le megbe le afima le gɔmedzedzea me si mli xexea, ɣleti, ɣletiviwo, hewɔwo tso nusiwo medze na o me, alo wɔwo tso nusiwo dze na me. Tso nusiwo…Ke afikae Wòkpɔ dɔwɔnu le tsɔ wɔe? Egblɔe wòdzɔ to Eƒe Nya dzi. Egblɔ be, “Esia neva me.” Ke nenemae wònɔ: Mawunyenye.

Ke ema— mawunyenye ma ƒe akpa aɖe le Kristotɔ ɖe sia ɖe si wogbugbɔ dzi be dzi me. Aleluya. Ekema nukae Wògblɔ, “Mibia nusi dim miele, eye woatsɔe na mi.” Yenye ekem.

Mawunyenyea, ege ɖe anyi le Pentekoste gbe. Ekpɔtɔ le gegem ɖe anyi.

Gbesiagbebolo

Eye kasia gbea ɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Dɔwɔwo 2:2

24-0503

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0716

Ɖee mianya Amesi nye Yesu gbeɖe vavã la, ekema míate ŋu akpɔ ŋudzedze le Eƒe vɔsasa gã la ŋu geɖe wu alegbegbe. Ele be mianya Amesi Wònye, gbã.

Menye ame dzɔdzɔe aɖe ɖeɖeko wònye, alo ame nyuie aɖe o. Enye Mawu ƒe Vi la. Ame aɖeke o, Mawudɔla aɖeke o, nububu aɖeke mate ŋu xɔ teƒe la negbe Eya. Eye Enɔ didim be yeaɖi va ɖe míata.

Ke esime Wodii la, Wodii ɖe anyigba dzi le afisia, eye wòva to lãnuɖunu ƒe mɔ dzi, eye wòdzo yi to kufiatsotso ƒe mɔ dzi. Ke kokoko la, míexana nu ɣeaɖewoɣi elabena míeɖo dodokpɔ kple xaxa sue aɖewo. Enyo, mikpɔ nusi Wò—nusi dzɔ ɖe Eyama dzi ɖa.

Minya nusi ta Wodii ɖe lãnuɖunu mea? Elabena Enye Alẽvi. Womedina Alẽviwo le aƒewo me o; wodina wo ɖe avawo me. Ke Enye…Ɖee miede dzesi Kalvaria, Wokplɔe dzo yina wuwuƒe. Nenemae wowɔna na Alẽviwo. Wokplɔna wo dzo yina. Enye Mawu ƒe Alẽvi, Alẽvi si wona, si wona mí, alebe mí nuvɔ̃wɔlawo míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu to Eyama dzi.

Gbesiagbebolo

Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu! Nyaɖeɖefia 5:12

24-0502

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0115

Eƒe didi, esime wodi Yesu ɖe anyigba dzi la, ŋkɔ baɖa nɔ Eŋu be woatsɔ dze egɔme. Ame gbɔlowoe Xɔnɛ kokoko, eye woaƒe ŋkeke mawo ƒe amewo ƒe subɔsubɔ kɔmama la—la Konɛ vevie, kple—kple ame siwo ƒe susu ɖa ŋutɔ ta kple dadalawo. Ke nenema ke wògale egbea. Nenema ke wòle.

Menye ɖe mele agbagba dzem be magblɔ be kesinɔtɔwo alo susu ɖaɖɛtɔwo mate ŋu kpɔ ɖeɖe o; woate ŋui, ne wobɔbɔ woɖokuiwo heva abe wo ame susueawo ene. Gake elebe míakatã míava le mɔ ɖeka dzi: yenye be ava, le esime míanyae be míenye naneke o ke Eyae nye nu sia nu; eye míanɔ didim be míatsɔ míaɖokuiwo na Eyama keŋkeŋ alebe míaxɔ viɖewo tso Eyama gbɔ.

Ne nèxɔ nane tso Mawu gbɔ kpɔ la, ɖee wòle be nábɔbɔ ɖokuiwò azu naneke o le Eyama ŋkume, eye manya naneke o, negbe taɖodzinu ɖeka; emae nye be, èle agbagba dzem be yeakpɔ Yesu. Ekema ne èbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi la, Mawu ado wò ɖe dzi. Gake ne èdo ɖokuiwò ɖe dzi la, Mawu akpɔ gbɔ be woahe wò va gɔme. Esɔ gbe. Egblɔe nenema le Eƒe Nya me.

Gbesiagbebolo

Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi. Luka 14:11

24-0501

24-0430

Nyametsotso Ƒe Ɣeyiɣi
59-0418

Ke miɖo ŋku dzi, Rebeka, bebli hafi wònya nusi wɔm wònɔ, kokoko la ena tsi lã ma ke, kposɔ la, si wòle wòakɔe ayi ɖe eƒe ŋugbetɔsrɔ̃, yi ɖe esrɔ̃a ŋutsu gbɔ, eƒe lɔlɔ̃tɔ gbɔ.
Eye kokoko la lã si drona agbã le Biblia me la ŋusẽ aɖe teƒe wòle. Abe lã si do tso atsiaƒu me le Nyaɖeɖefiawo me ene, ŋusẽ aɖe wònye do tso amewo dome.

Ke wonɔ tsi nam lã sia. Rebeka nɔ tsi nam lã ma ke si wòdo, si kɔ eyama dzo tso eƒe teƒe le afisia yiɖe eƒe aƒe yeye la me, nye egbe ƒe Hame la ƒe kpɔɖeŋu, si le tsi nam hele Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si le Eyama kɔ ge dzi aɖakɔ yi Eƒe aƒe yeye la me yram. Hame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kafum hele eyram hele tsi name kple akpedada na Eyama si he Nya la va na mi…

Gbesiagbebolo

Ne nye bubu nadzi kafukafuha na wò, eye mazi ɖoɖoe o. Yehowa, nye Mawu, makafu wò tegbee! Psalmo 30:12

24-0429

Akpeŋu
65-0711

Ŋutsu aɖe si ge ɖe katsatsa me kpɔ kple Mawu, sinye Nya la, eye wona Nya la me kɔ heɖe ɖe go nɛ la, ŋukpe aɖeke mele ema ŋu o.

Maɖe fu na wò o. Meɖea fu nam be magblɔ be mexɔ Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe dzi se o ɖe. Meɖea fu nam ne Aƒetɔ la gblɔ be magblɔ nane o, wò yi nàgblɔe aɖawɔe o; meɖea fu nam be magblɔ be meyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe o; meɖea fu nam be magblɔ be meƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo o; meɖea fu nam be magblɔ be míaƒe Aƒetɔ la fiam ŋutegawo o; meɖea fu nam be magblɔ be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ o ɖe.

“Ne wohe mi yi dziɖulawo kple fiawo ŋkume, le Nye Ŋkɔ ta la, migabu susu aɖeke kuɖe nusi miagblɔ ŋu o, elabena wole etsɔ ge na mi le gaƒoƒo ma dzi. Menye miawoe le nuƒom o, gake Fofonye si le miame lae. Gake amekake akpeŋu le Nye kple Nye Nya ŋu, le didime sia me la, Makpe ŋu le eyama ŋu le Fofonye kple Dɔla kɔkɔewo ƒe ŋkume.” Mawu kpe ɖe míaŋu be ŋu na ga kpe mí o, gake kpeɖe míaŋu be míanye ɖaseɖiɖi gbagbe.

Gbesiagbebolo

Eyata ŋu nagakpe wò le mía Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; Timoteo II 1:8

24-0428

Nubabla Si Se Aɖeke Meku O Si Mawu Wɔ Kple Eƒe Dukɔ
54-0306

Màte ŋu awɔ ɖokuiwò nane si mènye gbeɖe o. Ne ɖeko nèle Kristo subɔsubɔ srɔ̃m la, meka be nèle gbeƒã ɖem Nyanyuie la o la, èhĩa vɔsamlekpui ƒe yɔyɔ le wò luʋɔ me. Esɔ gbe. Ne ɖeko èle agbagba dzem ko be yeawɔ nu abe amema si nye Kristotɔ ene la, wòŋutɔ ènye nublanuitɔ, le esime ènyae le wò dzi me be mènyee o.

Eye ne Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsewo: dzigbɔɖiblewu, dɔmenyonyo, tufafa, dɔmetrɔtrɔ, dzigbɔɖi, meklpɔ wò ɖo o la ekema èhĩa vɔsamlekpui ƒe yɔyɔ le wò dzi me. Dzota koe nèvɔ̃ eye nèdze agbagba dzedze be yeanye Kristotɔ. Elebe Mawu nayɔ wò be nànye Kristotɔ. Mawu yɔ Abraham. Na eyama…tia eyama.

Gbesiagbebolo

Elabena nuka nye ame vlo ƒe mɔkpɔkpɔ, ne Mawu lã eƒe luʋɔ, eye wòhoe ɖaa? Hiob 27:8

24-0427

Hoɖoɖo
63-0803E

Mexɔe se be Paulo ye gblɔ be, “míenye Mawu ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ, siwo amewo katã xlẽna.” Ne nèle mɔdzi, eye ne nèle dɔme, kple afikake nèle la, ame aɖe le ŋku lém ɖe ŋuwò.

Eye tɔxɛ ɖe esime nègblɔ vɔ hewɔ wò nyameʋuʋu bena yènye Kristotɔ la, woalé ŋku ɖe ŋu wò geɖe wu ekema, ke emae ɖoa hoho ɖe—ɖe amesiwo ƒo xlã wò dzi kuɖe ŋu. Eye elebe míalé ŋku ɖe nusi míewɔna ŋu. Elabena ne míena hoɖoɖo gbegblẽ la, ekema ŋukpe ye míehe va, menye ɖe míaŋutɔ dzi kakaka o, gake ɖe nusi míegblɔa be míenye dzi sinye: Kristotɔwo. Míehenɛ vana Kristo dzi. Eye ame aɖeke, ne míasusui la, màdzi kpɔ gbeɖe be yeahe ŋukpe va Kristo dzi o. Gake nuwɔna gbegblẽ, le ɣeyiɣi gbegblẽ me, afia dzedzeme gbegblẽ amesi le ŋku lém ɖe ŋuwò. Eye woléa ŋku ɖe ame sia ame ŋu, ne wòʋu eme be yenye Kristotɔ.

Gbesiagbebolo

Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me; Luka 12:8

24-0426

Xɔse Nye Nuvavãtɔ La
47-0412

Mose, gaɖela ŋutɔ, Mawu ƒe nunana na amewo, womese eya gɔme o. Mikpɔ nusi gblɔm melea? Womese Mose gɔme o. Ke Mose susui be, kakaɖedzitɔe la, be wole egɔme se ge be yenye woƒe nunana be yeaɖega wo. Gake womese egɔme o.

Ke azɔ, xɔ̃nyewo, migasem gɔme baɖa o. Mina magblɔ esia kple bubu le nye dzi me dzro, esime menyae be menye Mavɔmavɔme si anɔ tsitre ɖe ʋɔŋudɔdrɔ ŋu gbeɖeka.

Ame akpe akpewo le ƒudam woƒe nunana. Mikpɔea? Womete ŋu le egɔme sem o. Ke woakpɔ nu agblɔ be, “Oo, ame koe wònye.”

Nyateƒee. Mawu ye loo Mose wònye ɖe ga amewo mahã? Mawu wònye nɔ Mose me. Mikpɔea? Wode ɣli bia gaɖela. Eye esime Mawu dɔ gaɖela ɖo ɖe wo la, wodaƒu ekpɔkpɔ, elabena to ame dzi ye. Gake menye ame ye o ɖe; Mawu wònye nɔ ame la me.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodɔ Mawu ƒe xɔxɔ sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe. Dɔwɔwɔwo 28:28

24-0425

Trɔsubɔlawo Ƒe Agbenɔɣi Ƒe Gɔmedzedze Kple Nuwuwu
55-0109E

Midzro Ŋɔŋlɔ la me.

“Mawu ƒe Nya nye akaɖi na míaƒe afɔwo,” alebe mí—alebe woafia mɔ mí, ekem. Enye Kekeli si tsɔa afɔmɔ si kplɔa mí tso dziɖuɖu me yi ɖe dziɖuɖu me.

Azɔ, hafi dziɖuɖu nasu miasi la, elebe aʋa nanɔ anyi. Ke ne aʋa aɖeke meli o la, dziɖuɖua aɖeke meli o. Eyata elebe míada akpe ɖe aʋawo kple dodokpɔwo ta, ke Mawu wònye le gomekpɔkpɔ nam mí be dziɖuɖuwo nasu míasi. Oo, míatɔwo! Ɖee ema mena wòka ɖe me na mi vie teti azɔ oa? Mikpɔea? Aʋa va do; ameaɖe le nya baɖa aɖe gblɔm tso ŋu o; dɔlele va dzi wò. Ɖewomahĩ Mawu le fukpekpe sue mawo nam wò, alebe Wòate ŋu ayɔdɔ wò aɖafia wò Eƒe dɔmenyonyo, aɖana nàkpɔ nusi wodi be Yeagblɔ to dzi be, Yelɔ̃ wò.

Gbesiagbebolo

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Kronika I 29:11

24-0424

Abraham Kple Eƒe Nuku Le Eƒe Megbe
61-0416

Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o; kpɔ wò Vɔsasa la dzi. Mawu mele dziwò kpɔm o; Ekpɔa wò Vɔsasa si nye Kristo dzi. Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o. Nyemedze o; mèdze o; ameaɖeke medze o; gake Eyae nye Amea. Nyemele nuɖom ɖe nusi mewɔ, nusi menye ŋu o, lo madze dzi nam—nam gbeɖe o.

Gake mele nusi Wòwɔ dzi kpɔm. Afimae mele kakam ɖe dzi le: Nusi Wòwɔ. Enye nye Vɔsasa. Nyemedze na dɔyɔyɔ o. O, amegã. Aƒetɔ, anye ne meku xoxo, anye ne womedzim gbeɖe o. Gake mele agbe; Agbe Mavɔ su asinye; meɖo ta Dziƒo. Nukata?

Elabena Ewɔe nam. Eyae nye Amea. Exɔ tenyeƒe. Nye atawo xa tsã, ŋkuwo traxa le nɔnɔme ƒomevi ɖe sia ɖe me, gake Exɔ tenyeƒe. Le gbɔgbɔme nuƒoƒo ŋu la, metsaka keŋkeŋ tsã, hetsaka keŋ; gake Exɔ tenyeƒe; ke Ewɔm Mawu ƒe viŋutsu debliblo, Mawu ƒe vinyɔnu debliblo. Eƒe vɔsasa ye wɔe, menye tɔnyee o. Nyemeɖo naneke awɔ le me o. Wodzim esime nɔnɔme aɖeke menɔ asinye o alekekee hã. Gake nye—nyemele kakam ɖe nusi mewɔ dzi o. Meka ɖe nusi Wòwɔ dzi (Mikpɔea?), nusi Wònye tsã, nusi wònye ema.

Gbesiagbebolo

Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me. Luka 9:56

24-0423

Mawu Le Eƒe Dukɔ Me
50-0227

Tɔsisi aɖe le ʋuʋu, le sasram faa le afisiafi. Minoe ko sẽ ɖe esime miagate ŋu noe o. Atia la, ne ɖeko wònona etɔ gome la, tsyo, ɖeko wòakpɔtɔ anɔ, kuɖiɣi me ɣesiaɣi. Numae nye kuxi la kple Kristotɔwo. Womenonɛ akpa o. Elebe mianoe sẽ ɖe esime miatsi ko eye miana amebubu nakpɔe. Mikpɔea? Mitse ku. Mixɔ ɖaseɖiɖi aɖe. Mide asi na Mawu. Mixɔe se. Miɖe zɔ ɖe dzi. Mibia miaƒe ŋugbedodo ta se. Gblẽ—gblẽ ɖe Mawu dzi ko. Xɔe se. “Gblẽ wò mɔwo ɖe Yehowa dzi.” Ana nukakee dim nèle la wòavame.

Gake Mate ŋu wɔe o sẽ ɖe esime…zi geɖe alesi miele eme lém ɖe asi la. Miegblɔa be, “Azɔ, makpɔeɖa be ne wòle kakam ɖe me nam mahã, eye makpɔe be esia awɔ dɔ hã.” Wò la dee asi na Eyama; ŋlɔ eƒe susuɔea be. Yi aɖanɔ ɖaseɖim kuɖe nusiwo mele kpɔkpɔm o gɔ hã ŋu. Wò la xɔe se. Menye nusi kpɔm nèle ye o; nusi nèxɔ se ye. Menye nusi sem nèle le lãme ye o. Megblɔ kpɔ be, “Ɖee nèse le lãme mahã?” gbeɖe o. Egblɔ be, “Ɖee nèxɔe sea?”

Gbesiagbebolo

Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe. Psalmo 37:5

24-0422

24-0421

24-0420

24-0419

24-0418

24-0417

24-0416

24-0415

24-0414

24-0413

Tɔɖoƒe
62-1230M

Ɛ̃ ɖe. Nusiawo ƒe ɖeke meʋãm o, elabena woblam ɖe seke aɖe ŋu. “Oo, tso esime medo Goe la,” Paulo be, “le mɔ ma dzi, woblam ɖe seke aɖe ŋu. Egbugbɔm le mɔa dzi. Ena megadze egɔme nyuie.” Miɖo ŋku dzi, Paulo nye ɖoɖowɔha gãtɔ kekeake, si le anyigba la dzi me nɔla, ke ɖeko wòbla eɖokui ɖe tɔɖoƒe la ŋu.

Miɖo to. Medi be magblɔ nane na mi. Tameɖoɖo aɖe le esi si ta wòɖem. Tameɖoɖo aɖe le esi si ta wòɖe wò. Eye meɖoe kplikpã, to Eƒe lɔlɔ̃nu me, be mawɔe; menye be matsɔ akpe ɖe Eŋu o, alo aɖe le Eme o. Nyaɖeɖefia 22:19, ne miedi be miaŋlɔe daɖi la. Esɔ gbe. “Amesiame si ɖe le…” Meɖoe kplikpã. Mele dzadzram ɖo be madzo le hamea gbɔ, ke mienya nenema. Ke eyata meɖoe kplikpã be manɔ anyi kple Nyanyuie sia zi alesi mele agbe, to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Huh! Miɖo ŋku dzi, afii amenuveve le. Ame millionwo nɔ kukum le nuvɔ̃ me esime Wòɖem. Ameka nyea menye be Wòaɖem? Tameɖoɖo aɖe le esi, ta wòɖem, eye meɖoe kplikpã be mawu tameɖoɖo ma nu. Nyemetsɔ le eme o. Ɖewohĩ, ate ŋu anye nye nuwuwu, si gbɔna kpuie tso fifia dzi. Gake, ɖesiaɖe wòanye la, meku ɖe eŋu kokoko. Nyemetrɔ kpɔ o.

Gbesiagbebolo

Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti. Dɔwɔwɔwo 20:24

24-0412

24-0411

Bartimeo Ŋkugbagbãtɔ
57-0301

Minya nane li kuɖe ameɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu.
Ame geɖewo medoa gbeɖa gbeɖe o sẽ ɖe esime woava sɔleme.
Ame geɖewo susunɛ bena teƒe ɖeka si li be woado gbeɖa le lae nye sɔleme, gake Biblia gblɔ be amewo nado gbeɖa le afisia afi, esime woado asi kɔkɔewo ɖe dzi. Ke emegbe ne míeɖe míaɖokui ɖe aga la, enuenu la míedoa gbeɖa wòtoa vovo wu alesi míawɔe ne míedo gbeɖa le sɔleme. Eyae nye adzame gbedodoɖa si ŋu Yesu ƒo nu le, nɔ gbɔgblɔm be, “Mige ɖe ɣaɣlaƒe, eye mido ʋɔtru la, ke ne miewɔe nenema la, mido gbeɖa na mia Fofo Si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe; eye Amesi kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la laɖo teƒe na mi.”

Ke ne míele gbedom ɖa nenema la, edze abe nane le gbedodoɖa ŋu si ɖea ayemenuwɔwɔ la katã le me. Edzea abe míegena ɖe katsatsa nyuie aɖe me wu kple Mawu, ne míele aga. Ke ɣeyiɣi geɖewo li le nye agbe me, ɖewomahĩ le miaƒe agbe me nenema ke, si wòle be miaɖe miaɖokui ɖe aga ɣeaɖewoɣi kple Yesu.

Gbesiagbebolo

Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò. Mateo 6:6

24-0410

Ame Deblibo La Ƒe Nɔnɔme
62-1014M

Ne amea ɖe ku, eye mieɖe ʋu le lãme nɛ, hedee amatsi me la. Kuxi lae nye bena, womede wo dome ame geɖewo amatsi me o. Ne woɖe ʋu le amea me la, ekema etɔ vɔ. Ke nu ɖeka si woawɔ la enye be woatsɔ ame bubu ƒe ʋu ade eme; ekema aganɔ agbe. Miɖe eƒe ʋu le eme.

Eye azɔ míetsɔ Yesu Kristo ƒe Ʋu de eme, mikpɔea, eye esia ahe Yesu Kristo ƒe xɔse vɛ, Yesu Kristo ƒe amewɔwɔ, Yesu Kristo ƒe sidzedze, Yesu Kristo ƒe ɖokuidziɖuɖu, Yesu Kristo ƒe dzidodo, Yesu Kristo ƒe mawusosroɖa, Yesu Kristo ƒe nɔvilɔlɔ̃, kple Mawu ƒe lɔlɔ̃, si enye Yesu Kristo la vɛ. Eyamae nye Ta si le dziwò ɖum. Eye wò afɔwo nye gɔmeɖoɖo, si nye xɔse. Amen! Èle Ta la ƒe kpɔkplɔ te, ehiã be…?…Eyae nye ma. Esiae nye Mawu ƒe ame si deblibo la, nenye be amewɔŋusẽ siawo le eme.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene. Mateo 5:4

24-0408

Tɔtrɔ Ƒe Ŋusẽ
65-1031M

Ke mexɔe se be Dawid ye gblɔe be, “anyo nam wu be manye afɔtutunu le Aƒetɔ la ƒe aƒe me, wu be manɔ agbadɔwo me kple ame vɔ̃ɖi.” Mikpɔea, meka nusi wònye o la, “maxɔ nye nɔƒe.”

Ɣeaɖewoɣi la elebe nàma ɖokuiwò ɖa le nusianu si le vevie le anyigba dzi, na wò, gbɔ be nàxɔ wò tsitrenɔƒe si gbɔ Mawu yɔ wò ɖo. Mekaɖedzi be miate ŋu axlẽ fliawo dome. Mikpɔea? Ɣeaɖewoɣi la ame vevietɔ kekeake na wò le anyigba dzi la, elebe nána asiwo; aɖaxɔ wò tsitrenɔƒe le Kristo me, yi afisi Mawu yɔwò ɖo gbɔ. Mikpɔea? Gake nukae wɔm Mawu le? Le miatrɔm tso nusi mienye va yi me, ɖewomahĩ vinyɔnu alo viŋutsu, alo nukake wònye la, tso ƒome lɔlɔ̃tɔ me ɣeaɖewoɣi la, ede na mi afiaɖe. Elabena Nenemae Wòwɔnɛ, mikpɔea, to miaƒe susu ƒe yeyewɔwɔ me, be miaɖo to Mawu ƒe Nya la, meka nusi fetu la nye o. Mikpɔea? Nusiawo mevana o…Meyɔ o…

Míaƒe xɔxɔƒle la menye xokpɔtsɔ nu ye o, ɖe wònɔ be elebe Mawu ƒe Vi la naku ɖe míata. Mikpɔea? Menye…Nusiwo ŋu asixɔxɔ gã le la vana kple fetu gã.

Gbesiagbebolo

Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Marko 8:37

24-0407

Fia Fofo La Mí Ke Aɖikɔ Na Mí
53-0611

Enyo, ne ku ƒo flawa sue aɖe la, miade dzesi be edea eƒe ta sue la to, bubutɔe ko. Seƒoƒoawo gena, eye aŋgbawo gena, kple nuku yibɔ sue aɖe gena. Ekema wowɔa ameɖiɖi kɔnu. Tsi dzana hefana avi ɖe anyigba dzi le ƒea ƒe kele me heɖina nu sue la.

Ke emegbe kasia mianya la fafa miamiamia vana. Ɖewomahĩ nuku sue la le gu me si de gogloƒe alea le afisi tsidzadza la ɖi le, eye emegbe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nuk-…fafa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi vana eye wòzua kpe. Emegbe la nuku sue xoxo la zua kpe. Lã si nɔa kua ŋu la wona, hedoa le ŋu. Nukua wona gbo eye lã si nɔa kua ŋu la dona. Ke vuvɔŋɔli la yia dzi to ya sesẽwo kple ya sesẽ ɖe ya sesẽ megbe me.

Emegbe le ɣeyiɣi vi aɖe megbe le Dzove me, Dzove ƒe ŋkeke mamlea me, Tedoxe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, atia bu, bɔlb la bu, seƒoƒo la bu, flawa la bu. Nusianu si li la bu. Ɖee ema nye seƒoƒo ma ƒe nuwuwua? Kpao, amegã; mina ɣe ma nadze dzodzo nana anyigba ma ake eye flawa ma aganɔ agbe ake. Nukata? Agbe nuku aɖe le flawa ma si ame aɖeke mate ŋu kpɔ alo vuvɔŋɔli aɖeke mate ŋu na wòazu kpe o me. Mawu wɔe le Eŋutɔ Ƒe mɔ ŋu, eye agbe nuku sue ma wokpɔe ta le gu ma me, ke flawa ma aganɔ agbe ake.

Enyo, ne Mawu ta mɔ aɖe na flawa aɖe be wòaganɔ agbe ake la, kae kuɖe ame si wowɔ le Eŋutɔ ƒe nɔnɔme me ŋu? Mɔ aɖe le afi aɖe na ema be wòaganɔ agbe ake.

Gbesiagbebolo

Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. Hiob 14:14

24-0406

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
51-1003

Meka alesi gbegbe esia, ema, kple kemea o la, elebe nane naƒo wò, nɔviŋutsu, vevie; ema ɖɔnɛ ɖo ɖaa. Xɔse ye ma.

Yesu nye Nunɔla Gã na miaƒe nyameʋuʋu. Nukake me ʋum miele be Wòle wɔwɔm la eyae Wòawɔ. Mi…

Ame geɖewo kpɔa dɔlelea ƒe dzesiwo dzi. Miegblɔa be, “Enyo, Nɔviŋutsu Branham, nye asi mevlu o.” Mele ewɔ ge gbeɖe zi geɖe alesi nànɔ edzi kpɔm o. Míekpɔa ema dzi o; míekpɔa Mawu ƒe ŋugbedodo dzi ye.

Le dɔlele ƒe dzesiwo ŋu la, mikpɔ Yona, le bosro ƒe dɔme ɖaa. Ne ame aɖe te ŋu ɖo dɔlele dzesiwo la, wonɔ esi: ede megbe; asiwo le babla ɖe megbe nɛ; ele egodo le atsiaƒu dzi, ahom aɖe tso; wokɔe ƒu gbe; bosro mii gbla, eyi ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe. Akpa ɖe sia ɖe, ne wò—… ne wòɖunu vɔ la, eyina ɖa dzudzɔa eƒe adza—adzawo le atsiaƒua ƒe gogloƒe. Ke eyae nye ema le afima kple eƒe dɔme si yɔ fũ kple mawunyagblɔla megbedela, emlɔ anyi ɖe afima le goawo dzi, la…eme ɖa le afima le atsiaƒu la te, ahom nɔ tsotsom le atsiaƒu la dzi. Ede megbe, nɔnɔme kae nye esi me wònɔ. Ekpɔ mɔ sia dzi, enye bosro ƒe dɔme; ekpɔ mɔ ma dzi, enye bosro ƒe dɔme; afisiafi si wòkpɔ la, enye bosro ƒe dɔme. Minya nusi wògblɔa? Egblɔ be, “Nyemele bosro ma ƒe dɔme dzi kpɔm o.” Egblɔ be, “Wonye yakanu dzodzrowo.” Egblɔ be, “Aƒetɔ, zi ɖeka ake la magakpɔ Wò gbedoxɔ kɔkɔe la dzi.” Aleluya. Mekpɔ bosro ƒe dɔme o, ekpɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la.

Gbesiagbebolo

Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi. Yona 2:9

24-0405

Ɖasefowo
53-0405E

Yesu nyae be, hafi apostolo siawo nate ŋu do go aɖanye ɖasefo nyuie aɖe la, be elebe woawɔ numetoto kuɖe nusi ŋu wole ɖasefo nyem le. Ɖee ema manyo, egbea, ne biblia suku ɖe sia ɖe wɔ numa ke, ne Kristotɔ ɖe sia ɖe wɔ numa kea? Ɖeko mialɔ̃ ava sɔleme ko agblɔ be, “Azɔ mele Yesu xɔm abe nye Ɖela tɔxɛ enea. Mele afisia tsi ge anɔ sẽ ɖe esime maxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃, ke emegbe la medo yina be manye ɖasefo.” Mikpɔea? Nuwo woato vovo. Ɖee miebui nenema oa? [ Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.”—TALA]
Ɖaseɖiɖi tutu, kaka mawo manɔ míasi o.

Amewo ɖia ɖase hegblɔa be yewonye Kristotɔ, hedoa go ɖanɔa agbe bubuwo. Ke dzimaxɔsetɔ la gena ɖe me hekpɔa ema, egblɔa be, “Enyo, kpɔ afima ɖa! Nenemae wo…” Ke abosam le asi fia ge wo kokoko, hã. Ɖeko miate ŋu aku ɖe ema ŋu. Enye asitsala. Eye migaɖigbɔ eƒe ŋutete kple asitsaɖoƒewo o, elabena enya nusi ŋu nua katã ku ɖo.

Gbesiagbebolo

elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ. II Korintotɔwo 3:3

24-0404

24-0403

Nukata?
61-0128

Esime Mawu wɔ ame la, enae…Eɖeasi…Abosam xɔ eƒe ta. Mawu tia eƒe dzi. Abosam to eƒe nububukpɔ dzi la naa eyama bu nusianu ŋu–na eyama Ŋɔŋlɔ la ƒe tagome nukpɔsusuwo. Gake Mawu gea ɖe eƒe dzi me hekplɔa eyama to Gbɔgbɔ la dzi; nana eyama xɔ nusiwo ŋu eƒe tagomenunya menya naneke kuɖo o. Amen! Ema wɔam be mesea ɖokuinye subɔla vie ne mele susu bum kuɖe ema ŋu, mikpɔea.

Esime Mawu ƒe asi su ame dzi la, ege ɖe eƒe dzi me. Mawu ƒe teƒe si wònɔa kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ye ma. Eye susu si tae amewo noa aha, yɔa siga, daa tsatsa, daa alakpa, fiafi, heyia dzi abe alesi wowɔnɛ ene la, wole agbagba dzem be yewoana kɔɖiɖi didi vevie ma le yewoƒe dzi me. Nenemae Mawu wɔwo, alebena Yeateŋu geɖe me le afima aɖana kɔɖiɖi didi vevie ɖe sia ɖe si le miame. Gake, aleke ameaɖe akatse adze agbagba be yeati nu xɔasi ma ŋu kple xexeame nuwo mahã?

Gbesiagbebolo

Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me. Filipitɔwo 4:7

24-0402

Agbe Nye Dɔyɔla
56-0612

Abosam mate ŋu wɔ naneke o. Ɖeko abosam troa gbo nu. Mate ŋu wɔ nu o; etroa gbo nu ye. Eye gbã la ele be mɔ aɖe nanɔ esi. Bia ɖɔkita se. Ne wò ŋutilã debliblo hele abe alesi Mawu wɔe le gɔmedzedzea me ene la, anye ne mava be nàlé dɔ gbeɖe o. Gake ele be abosam nakpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le afi aɖe be wòatro gbo.
Nenema kee wòle kple wò luʋɔ.
Susu si ta miexɔa Mawume dɔyɔyɔ dzi se o la, abosam kpɔ teƒe gbɔdzɔ aɖe le miame, eye wòtro gboe. Mawu nye Dɔyɔla la. Eye míenye Mawu ƒe viwo, Mawu ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo siwo le xɔm le sesem abe alesi mía Fofo xɔna sena ene.

Gbesiagbebolo

Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo. Yesaya 40:29

24-0401

Mawu Ƒe Nunana Si Woxatsa
60-1225

Ke, wogbe Kristo ke ko egbea abe alesi wowɔe Nɛ le megbe afima ene. Teƒe aɖeke meli, le zã sia me, le míaƒe hame nyuiawo, míaƒe hame gãwo, míaƒe hame nyuiawo me o. Teƒe aɖeke mele míaƒe subɔsubɔ nutowome, egbea, na Gbɔgbɔ Kɔkɔe takpekpe aɖe o. Womele Edim o. E, Eɖiɖiawo kpɔtɔ le dua ƒe hatsotsowo ŋkume. Eɖiɖiawo kpɔtɔ be yewoasusui be yewoabɔbɔ yewoɖokuiwo aɖi va vɔsamlekpui aɖe gbɔ, afavi aɖalala le afima sẽ ɖe esime woayɔ fũ kple Ŋusẽ tso Dziƒo, be woafɔ̃ ɖe tsitre tso afima le Agbe ƒe yeyewɔwɔ me; be woaɖe asi le nyɔnuwo ŋu woaɖe asi le woƒe ɖa ŋu woatsi, aɖawɔnu abe alesi wòle be nyɔnuwo nawɔ ene; be woana be ŋutsuwo naƒu woƒe sigaretiwo gbe, adzudzɔ woƒe ahanono, aɖakpɔ woƒe ƒomeawo gbɔ nyuie. Eglo wo. Eyata wolé woƒe dzixɔsea me ɖe asi, woƒe hamea tɔ, le esime wòle be woaxɔ Mawu ƒe Nunana, Mawu ƒe Krismas Nunana la.

Gbesiagbebolo

Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Yohanes 1:11

24-0331

Alẽvi Kple Ahɔnɛ
60-0805

Esime Mawu wɔ ame gbã la, ewɔ eyama atsu kple asi siaa le gbɔgbɔme. Ewɔ eyama le Eya Ŋutɔ ƒe Nɔnɔme ŋu, azɔ Mawu nye Gbɔgbɔ. Esime Woma eyama, hede ŋutilã me la, ede atsu ƒe gbɔgbɔ la ŋutsua me, eye asi ƒe gbɔgbɔ la nyɔnu la me. Ke nane tovo na ema la, gbototro vi aɖe le afima. Tututu. Miekpɔ nyɔnu aɖe le agbagba dzem be yeawɔ nu abe ŋutsu ene la, nu sue aɖe li si gblẽ le afima. Lãme nugbagbeviawo tsaka le afi aɖe. Esɔ gbe. Miekpɔ ŋutsu aɖe si nye nyɔnugbɔme alegbegbe be medi be yeaɖe gbeƒã tsitre ɖe nuvɔ̃ alo nububu aɖeke ŋu nenema, be yeade abi ame aɖe ƒe seselelãmewo ŋu o la, tsakatsaka aɖe le afiaɖe hã, menye eƒe kodzogbeme dzidzi ɖeɖeko o, gake gbɔgbɔme dzidzi hã.
Oo, nusi míehĩa egbea la yenye be ŋutsi nanye ŋutsu, nyɔnu, aƒenɔ.
Mawu ɖo wo be woanɔ nenema: ado awu wòato vovoe.
Miegblɔ be, “Èle nu xlãm ɖe mí nyɔnuwo dzi.”
Azɔ mele nuƒo ge na mi kuɖe ŋutsu ŋu. Ŋutsu ɖe sia ɖe si ɖe asi le esrɔ̃a ŋu wòyɔa sigaretiwo, eye wòdoa atakpui mawo, hewɔa nu nenema la, ŋutsu ƒe sue aɖe ŋutɔ koe le eya me, le nye nukpɔsusu ŋu.

Gbesiagbebolo

Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ._ Mose I 1:27

24-0329

Mina miaƒe Kekeli Neklẽ Nenema Ke Le Amewo Ŋkume
61-0903

Gake ele abe ne ʋu xoxo aɖe le asiwò ene eye ènɔ to aɖe dzi yim, eye menyae be esi nèdze egɔme le anyi me le akpa kemea la brake aɖeke mele asiwò o. Nyemele tsitre tsi ge ɖe ame la ŋu o, nyemele ɣli dom ɖee o, menye eyae o, ʋu si me wòle la ye; ele abi xɔ ge.

Eye nenema ke wòle kuɖe ɖoɖowɔhawo ŋu. Mesusui be amesiwo kuna ɖe ɖoɖowɔha mawo ŋu, abe ɖee wònye Mawu ŋutɔ ene, eye wotena ɖa le Mawu ƒe Nya gbɔ, be yewoaku ɖe ɖoɖowɔha la ŋu.
Enyo, ne wowɔ ema la, mele vɔvɔ̃m be wole vodada vevi aɖe wɔ ge. Ke menye ɖe meɖo nane tsitre ɖe ame la ŋuti o, gake tɔdziʋu si me wòle le kukum lae, mikpɔea, mekaɖedzi be mele edzi dze ge nɛ o. Mele edzi dze ge na ɖoɖowɔha kpɔ gbeɖe o, gake adze dzi na Kristo ya. Eyata midzo ɖa—midzo ɖa le ɖoɖowɔhanyenye ƒe tɔdziʋu ŋɔŋɔ la me, ayi ɖe Zion Tɔdziʋu dedie la me, Tɔdziʋu xoxo si mekpɔ daƒu kpɔ gbeɖe be yeade go ɖe game dzi o, Kristo.

Gbesiagbebolo

elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke wometɔ o. Yeremia 35:17

24-0328

Mawu Si Le Eɖokui Ɖem Fia Le Gblɔenyenye Me Emegbe Le Eɖokui Ɖem Fia Nenema Ke
63-0317M

Azɔ, Kɔkɔenyenye ƒe mɔ gã aɖe, amewoŋutɔ le agbagba dzem be yewoawɔ yewoɖokuiwo kɔkɔe. Eye ne miele ewɔm la, ele ko abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene, ele abe…Anɔ abe gbekãga si le agbagba dzem be yeado ahɔnɛ fuwo le yeɖokuisi ene, be yeawɔ yeɖokui ahɔnɛ, esime eƒe dzɔdzɔme kpɔtɔ nye gbekãga. Mikpɔea? E, enye…Anɔ abe akpaʋĩa si le agbagba dzem be yeado a—akpakpafuwo, alo atsrima aɖe tɔ ene, hele gbɔgblɔm be, “Mikpɔea, menye xevi nyakpɔ aɖe.” Mikpɔea, enye nane si wòkpa wɔ.

Gake mele na atsrima be wòavɔ‌ be yele atsrimafuwo to ge alo o ɖe. Mele na ahɔnɛ be wòavɔ‌ be yele ahɔnɛfuwo to ge alo o ɖe. Zi geɖe alesi eƒe dzɔdzɔme nye ahɔnɛ la, ahɔnɛfu woe anɔ esi.

Azɔ, mikpɔ, kɔkɔenyenye tɔwo dze gbɔgblɔ be, “Elebe nyɔnuwo nado ɖa lɔbɔ kple awu abɔ legbɛwo, kple—kple nusiawo katã, kple kpoyokpoyo legbɛwo, eye mele be woado asivigɛ aɖeke alo adzagba aɖekɛ ƒomevi o.” Mikpɔea, ezu ameŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kɔkɔenyenye. Mikpɔea? Mikpɔea? Ema—ema nye—ema nye kɔkɔenyenye si wokpa wɔ.

Gbesiagbebolo

Ame ƒe zɔzɔmewo katã dzana le eya ŋutɔ ŋku me; ke Yehowa ye daa gbɔgbɔwo kpɔna. Lododowo 16:2

24-0327

Nyaƒoɖeamenu Kple Ɖetsɔleme
62-0118

Woyɔ Mawunyagblɔlawo. Nyagblɔɖilawo, kple nufialawo, kpakple nyanyuiekakalawo, kpeɖe kplɔlawo ŋu, kple etɔeawo, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye emegbe nunanawo be woawɔ nusiawo kplii.

Gake ɖevi vi sue aɖeke alo tɔgbeyɔviwo mele Mawu si o. Wokatã wonye viwo Nɛ. Esɔgbe tututu. Eye miaƒe tsitrenɔƒe fifia tututu yenye anyinɔnɔ tututu le Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me, kple ŋusẽ ɖe sia ɖe.

Miagblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, nyee nye mlɔetɔ kekeake le hamea me. Amevi sue aɖe ko menye.”

Gake, miɖo ŋku dzi be, ne Wòɖi va tso Dzi la, mikpɔea, woakɔ mi dzi kple Eyama. Miele Ŋutilã me. Eye miele kple Kristo fifia tututu, nɔ anyi ɖe Dziƒo nutowome. Ne agbadze nènye le afɔ gɔme la, gbɔgbɔvɔ̃ ɖe sia ɖe le te wò. Esɔ gbe. Esɔ gbe tututu. Hame La! Afisi ta le la, ŋutilã li kpli. Eye ne woɖi mí, míeku, woɖi mí le Kristo me la, ekema wofɔ̃ mí ɖe tsitre kple Eyama le Eƒe tsitretsitsi me, eye míenɔ anyi ɖe Dziƒo nutowome le Kristo Yesu me, kple dzota ƒe dzo ɖe sia ɖe le míate. Amen. Esɔ gbe. Meka alegbegbe sue miele o la, gbɔgbɔvɔ̃ ɖe sia ɖe le miate.

Gbesiagbebolo

Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, Efesotɔwo 5:1

24-0326

Tɔtrɔgbɔ Ƒe Mɔ La
62-1123

Dukɔ aɖe nɔna Mawu si kokoko le afi aɖe si Wòateŋu tsɔ asi fia agblɔ be, “Yenye ma.” Oo, medi be manɔ xexlẽme ma dome. Mekaɖedzi be míakatã míedi be míanɔ afima, enye dzi ɖe sia ɖe ƒe didi. Míedi be míanɔ xexlẽme ma dome alebe Mawu wòateŋu gblɔ be, “Nye dukɔ yenye Esi. Mikpɔwo ɖa, wonye nusi menye ƒe kpɔɖeŋu. Wole Nye Agbe ɖem fia le Wotɔwo me, wotsɔ woaƒe agbe na, eye mele Tɔnye ɖem ɖe go, Agbe, to wotɔwo me.” Nu nyakpɔ kae nye esi! Nuka ye… Alegbegbe wòle be wòana Mawu nase le eɖokui me nyuie be wòanyae be ameaɖe le Yesi si dzi Yeate ŋu ka ɖo…

Gbesiagbebolo

…ke ya lɔ wo katã ɖe nu, eye ƒuƒu kplɔ wo dzoe. Ke amesi sim tso la, anyi anyigba ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ. Yesaya 57:13

24-0325

Gbɔgbɔ Ƒe Dzesidede
60-0308

Azɔ, geɖe li alegbegbe le ŋkeke si me míele agbe le, kuɖe “nunanawo” ŋu. Ame geɖewo alegbegbe drɔ‌a ʋɔnu amewo kple nunana siwo le wo si. Enyo, mexɔe se be nusiawo nye nunanawo. Mexɔese be nusiwo kpɔm míele wole mevam lae nye nunanawo, eye wonye nunana siwo Mawu na. Gake, mí, ne míele wozãm le nɔnɔme nyuietɔa si me Mawu ɖoe be woazãwo le o la, ekema míate ŋu wɔ vɔ‌ geɖe kple nunanawo wu esi míate ŋu wɔ ne nunanawo mele míasi o. Zã kemea la mewɔ nyameʋuʋu sia le nyagblɔti la dzi, nɔ esia gblɔm, be adzrom wu be makpɔ havilɔlɔ‌ wòanɔ hamea me, ne dɔyɔyɔ ƒe nɔnɔme ɖeka alo nu bubu aɖeke mele mía si o. Miekpɔea, elebe míanya nusita nusiawo li ɖo.

Gbesiagbebolo

Nenye ɖe metsɔ amewo kple mawuɖɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene. Korintotɔwo I 13:1

24-0324

Israelviwo
47-1123

Mía Fofo Dziƒovitɔ, ŋkeke sia, esi mele tsitre le afisia ɖeɖi te ŋunye le ame hatsotso sia ŋkume, eye nute ŋunye, kple nye abɔwo kpakple nye atawo le nye ɖum, le nye vem, hele nye lém, hele nye hem. O Kristo, gbeɖeka la, ɖemɔ be Wò dɔtsɔla nadzo le ŋutifafa me, alebe míate ŋu tso tɔ la. Mekaɖedzi be Nànam dzudzɔ le go kemea dzi.

Fofo, Ènya alesi sem mele egbea, alesi adzrom gɔ hã be manɔ aƒeme hena Akpedavɔsa, be manɔ anyi kple srɔ̃nye kple ƒomea, O Mawu, ɣlidede kple hehe ma, le dzigbe le Portland, to wodzi, Oregon, dzigbe duawo, kpakple ame xɔasi siawo le afisia le Phoenix, tso dukɔ vovovowo, ame vovovowo me, siwo le vavam ɖe du be yewoakpɔ dɔyɔyɔ.
Azɔ Fofo, gbeɖeka la, wɔe be míaɖu Akpedavɔsa ɖe du dzro, esime woaɖo Wò fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, le Akpedavɔsa Ŋkeke gã ma dzi, esime amekɔkɔeawo katã le ƒoƒu ge ɖe du. Mawu, kpeɖe míaŋu be míawɔ dɔ na Ŋkeke ma esime míekpɔtɔ le anyigba dzi le afisia, eye Na mí Mawume ŋusẽ.
Ke Fofo, esime míele Wò Nya ʋum azɔ hena ɣeyiɣi vi aɖe la, Nà be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòaɖi va aɖatsɔ Mawu ƒe nuwo aɖatsɔwo tẽ geɖe amehatsotso lɔ̃ame sia me, eye wòaƒã lɔlɔ̃ kple nɔvikadede ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒe sia me, sẽ ɖe esime woayra hame ɖe sia ɖe, eye amewo nadze nyɔnyɔ̃ aɖe gɔme, Aƒetɔ, le woŋutɔwo dome, eye woahe luʋɔ geɖewo va takpekpe etɔ̃ siwo gbɔna la me. Wɔe dzro, Fofo, eye míatsɔ kafukafu na Wò ɖe eta, elabena míebiae le Eƒe Ŋkɔ me. Amen.

Gbesiagbebolo

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha…Psalmowo 100:4

24-0323

Israel Ƒe Viwo
47-1123

Azɔ, xɔ̃wo, mɔnu ɖeka koe li le xexeame be ame nate ŋu kpɔ dɔyɔyɔ, eye to xɔse le Mawu me ɖeka ko dzi ye. Azɔ, meka alesi gbegbe Mawu aɖemɔ nam, to nye ŋutɔ nye xɔse dzi, be maɖe gbɔgbɔ la le miadzi o la, negbe ko miyi dzi xɔ Mawu dzi se, hesubɔ Mawu, heka ɖe Mawu dzi o la, agatrɔ gbɔ va miadzi ake. Ɖee Yesu megblɔ be, “Yi eye mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o, loo nu vɔ̃ɖi aɖe wu esia adzɔ ɖe dzi wò oa?”

Migava gbedodoɖa ƒe fli aɖe me o negbe ko miele mɔkpɔm be miasubɔ Mawu le miaƒe agbe ƒe ŋkeke mamleawo me. Esɔ gbe. Kokoko la, miganɔ nuvɔ̃ ƒe agbe kpɔ gbeɖe o, elabena miavɔ̃ɖi ɖe dzi, miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu. Mawu do ŋugbe be miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu alesi mienɔ zi gbãtɔ.

Gbesiagbebolo

Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o. Yohanes 5:14

24-0322

Agudzedze Yenye Esi
65-0418M

Ne kɔnu kɔkɔe aɖe li la, elebe wòava le sabat ŋkeke la dzi, si nye Kɔsiɖa ƒe ŋkeke adrelia, si nye Memleɖagbe. Gake ɖee miede dzesi, le ŋkuɖoɖodzi sia me, be woaʋuʋui le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa dzia?

“Lubabla la, si nye wò nuku si nèƒã, ƒe gbãtɔ la, ne wòmie heɖi la, nàlã lubabla sia aɖatsɔ yi na nunɔla la. Eye nàɖemɔ wòatsɔe aɖaʋuʋui le Aƒetɔ la ŋkume, hena ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ŋu wò, bena wolɔ̃ xɔ wò. Èva kple wò lubabla la, eye elebe wòaʋuʋui le Aƒetɔ la ŋkume, le…”

Menye le sabat, ŋkeke adrelia gbe o; gake le ŋkeke gbãtɔ la, si míeyɔa be Kɔsiɖagbe, K-ɔ-s-i-ɖ-a-g-b-e.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o; Marko 2:27

24-0321

Alẽkpo La Ƒe Kplɔla
56-0403

Nyemedi ko be mase yayrawo ƒe vivi aɖaɖu ama le afima o. Medi be manye alẽ. Medi be manya Eyama le Eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ me.

Be woanya Eyama la yenye be agbe nanɔ amesi. Menye be woanya wò katekismo o ɖe, ema menye agbe ye o ɖe. Menye be woanya Mawu kafukafunya o, menye be woanya apostolowo ƒe dzixɔse o, menye agbe ye o. Menye be woanya Biblia nye agbe o, togbɔ be ate ŋu nyo. Gake be woanya Eyama nye Agbe. Eye amesiwo, ne fĩeɣi dze vava, eye míaƒe agbe ƒe ɣe dze toyiyi la ƒɛ koe, medi be mase nu le to si ma nye kple ŋutikɔkɔe dome le go kemea ɖa, medi be mase Alẽkplɔla ƒe gbe wòayɔ, agblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, èwɔe nyuie, Nye subɔla nyuie kple nuteƒewɔla.” Mekaɖedzi be nenema ke wònye na miakatã.

Gbesiagbebolo

Elabena nye la Kristo enye agbe nam, eye ku enye viɖe nam. Filipitɔwo 1:21

24-0320

Mesia
61-0117

Ɖee miesusu esia kpɔa? Mina mabia mi nane. Mikpɔm ɖa miniti ɖeka. Nye asi yenye esi; nye asibidɛ yenye esi; nye to yenye esi; nye ŋɔti yenye esi; gake nyee nye ameka? Menye nyee ma o ɖe. Nane si nye tɔnye ye ma. Mikpɔea? Nye asi yenye esi, gake nye si tɔ yenye asi la ɖee amekae menyee? Mikpɔea, esia aƒe aɖe ko wònye si me mele agbe le. Nuka ƒomevi…

Enyo, elebe nane nanɔ eme le afima si woyɔ be “nye.” Elebe “nye” la nanɔ afi aɖe, elabena esia tɔnyee. Mikpɔea? “Nye” nye ameaɖe, elabena nane nye tɔnye. Asi le asinye. Tɔnyee. Enyo, amekae nye “nye” si tɔ ema nyee? Wò gbɔgbɔ ye ma. Enyo, eku ɖe gbɔgbɔ si ƒomevi wònye ŋu. Amesi nètsɔna wò ŋutinuwo na la, amema ƒe subɔla nènye.

Gbesiagbebolo

Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu! Korintotɔwo I 6:20

24-0319

Nyɔnyɔ Gã Si Gbɔna La Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe La Ƒe Kɔkɔeɖeanyi
54-0718A

“Kekeli ado le fĩeɣiŋɔli.” Alilikpoawo he yi ɖe megbe. Kɔmahatsɔŋkɔwo gbã (Aleluya.), eye dukɔ la geɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyrɔ̃ me kple dzesiwo kple nukunuwo tututu ko abe alesi wònɔ wosi le gɔmedzedzea me ene. “Kekeli ado le fĩeɣiŋɔli.”

Azɔ miɖo ŋku dzi be, fĩeɣiŋɔli mee wotia Ŋugbetɔ la le. Wokɔ Rebeka le fĩeɣiŋɔli me. Fĩeɣiŋɔli mee wòdo go Isak le: enɔ egodo le agble me. Fĩeɣiŋɔli mee. Míaƒe Trɔ̃subɔsubɔ nyɔnyɔ la awunu le madidi me ŋutɔ. Yudatɔwo le nyɔnyɔ la xɔ ge. Ne wonya te ŋu kpɔ Mawu ƒe ŋusẽ si le ɖeɖem ɖe go hexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ko la, woatsɔ Nyanyuie la. Míaƒe Trɔ̃subɔsubɔ ŋkekeawo le nuwum. Mige ɖe Fiaɖuƒe la me esime miele—mɔnukpɔkpɔ le miasi be miage ɖe Fiaɖuƒe la me.

Gbesiagbebolo

Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna! Korintotɔwo I 16:22

24-0318

Alẽvi La Kple Ahɔnɛ La
56-0917

Azɔ, Biblia gblɔ be Ekpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la abe Ahɔnɛ ene, eye Wògblɔ be, “Kpɔɖa Mawu ƒe Alẽvi la yenye esi.” Ke Ahɔnɛ la va Alẽvi la dzi heti anyi…Melɔ̃ ema “anyitsitsi.”

Azɔ, nukae ne ɖee Alẽvi la xlɔ̃ abe amegãxi nyanyra ene. Tsyo, anye ne Ahɔnɛ la adzo.

Minya, ɣeaɖewoɣi la mebia ɖokuinye se be ne susuma tae kuxi geɖe alegbegbe le hamea me mahã. Ne míenye Mawu ƒe alẽviwo la, elebe alẽviwo ƒe dzɔdzɔme nanɔ míasi ne míele mɔkpɔm be Ahɔnɛ la nati anyi. Ɖee miexɔe sea? Mexɔe se.

Azɔ, ne míalé ŋku ɖe Ahɔnɛ la ŋu la…Susu si ta Etsi Alẽvi la dzi la, yenye be Woƒe dzɔdzɔmeawo le ɖeka. Eye susu si ta Ahɔnɛ tsia Kristotɔ dzi la yenye be, Atsi afima zi geɖe alesi wònye alẽvi. Gake ne wòtsɔ dzɔdzɔme bubu aɖe la, Ahɔnɛ la adzo Dzo.

Gbesiagbebolo

Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu: Xagai 1:5

24-0317

Ɖee Hame La Adzo Doŋgɔ Na Xaxa Gã La?
58-0309E

Oo, ŋkeke aɖeke menɔ anyi kpɔ, si, asitsanyawo alegbegbe, abe egbea ene, ʋu xoxowo ko kple nusianu. Ede ɖoƒe aɖe, wɔe be, àte ŋu aƒle fridzi ƒe sia, eye nàxe abe dɔla alafa ene alo atɔ̃ ɖe eta, eye le ƒe si va emegbe me la ameaɖeke megale edim o. Megale asia dzi o. Ɖee miekpɔ afisi asitsanya xexeame na miele dɔwɔm atraɖii lea? Àte ŋu aƒle ʋu ƒe sia me, eye le ƒe si va emegbe la kakaɖedzitɔe be enyo ko abe esi miate ŋu aƒle ke ɣeyiɣi ma me ene, gake eƒe asixɔxɔ aɖiɖi dɔla akpe ɖeka elabena woɖɔli yafamɔ̃nutuvi la alo wowɔ movi nu sue aɖe nɛ. Boblododo koe, be wòawu Biblia ŋu.
“Abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekewo me, kple le Lot ƒe ŋkekewo me ene.”

Gbesiagbebolo

Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, Mateo 24:38

24-0316

Nunanawo
56-1207

Meka alesi gbegbe tuwowo geɖe le wosi o, hydrogen tuwowo geɖe, kple alesi gbegbe woƒoa nu kuɖe esia ŋu kpakple alesi esia le dzɔdzɔ ge ŋu o la. Migavɔ̃ o. Mawu ye le kpɔkplɔ la wɔm. Enya alesi wòaku ʋua ko. Enya alesi wòle dodo ge ko. Eyata mele be míavɔ̃ nu ɖeka hɔ̃ o, gake míanye vi sue, lɔlɔ̃tɔ dziɖeɖitɔ, si wua mo dzi kpɔa Fofo la miniti ɖe sia ɖe, eye wònɔa te ɖo Eyama dzi be wòakplɔ mí, afia mɔ mí, eye wòakɔ mí yi míaƒe dzeƒe le Eƒe amenuveve me.

Ke le Eyama lɔlɔ̃ me nenema la, màdi be yeawɔ naneke si ade abi Eŋu o. Tsyo, ne wòva me be nèwɔ nane si ade abi Eŋu la, ekema le zã katã me la, aɖatsi xɔdzowoe asra le alɔgowo dzi na wò le dzimetɔtrɔ me. Elabena màdi be yeade abi Fofo la ŋu ɖe naneke ta o. Ɖee nàdi…Màdi be yeade abi wò vidzĩ sue la ŋu o; àlé fu ema wɔwɔ. Àlé fu abi dede srɔ̃wònyɔnu alo srɔ̃wòŋutsu ƒe seselelãmewo ŋu. Aleke gbegbe wò Aƒetɔ kple Ɖela tɔ mawu mahã?
Ɖee miawoe, ne mielɔ̃ Eyama…

Gbesiagbebolo

Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me. Yohanes I 4:16

24-0315

Yehowa-Jireh 56-0613

Gake Yona le bosro la ƒe dɔmea, asiwo le babla le megbe nɛ, ede megbe, le ƒu wɔ adã dzi, le bosro ƒe dɔme le heɖeɖe me, dɔlele ƒe dzesiwo ƒe Nya gblɔm mielea, wonɔ esi. Ne kpɔ ale la, bosro ƒe dɔmee. Ekpɔ alea la, bosro ƒe dɔmee. Afisiafi si wòkpɔ la enye bosro ƒe dɔme. Azɔ, miele nɔnɔme basa ma me o. Gake nukae Yona gblɔ? Egblɔ be, “Wonye alakpa dzodzrowo. Nyemele wodometɔ aɖeke dzi xɔ ge ase o.” Egblɔ be, “Aƒetɔ, zi ɖeka ake la, makpɔ Wò gbedoxɔ kɔkɔe la dzi.” Mekpɔ bosro ƒe dɔme la dzi o; enɔ gbedoxɔ la dim.

Migakpɔ miaƒe dɔlele ƒe dzesiawo dzi o ɖe, mikpɔ ŋugbedodo la dzi. Alesi gbegbe miele dɔ o, mikpɔ alegbegbe Amesi do ŋugbe la lolo dzi. Mawu ye gblɔe nenema.

Gbesiagbebolo

Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti. Petro II 3:9

24-0314

24-0313

24-0312

Nukaŋutie Míenye Kɔmahatsɔŋkɔ O Mahã?
58-0927

Ɖe mienyaa? Azɔ miɖo to, mi nyɔnuwo. Mi nyɔnu Kristotɔ dzɔdzɔe nyuiwo la miwoe nye nu nyuitɔ kekeake si Mawu ate ŋu ana ŋutsu, ɖe mele nenema o la anye ne Atsɔ nu bubu anɛ. Ɛ̃, amegã. Mikpɔea? Nyɔnu menɔ nuwɔwɔ gɔmedzetɔa me gɔ̃ hã o. Nyɔnu menye Mawu ƒe nuwɔwɔ si wòwɔ o. Enye ŋutsu ƒe ɖeɖetsome. Mawu wɔ ŋutsu la, wònye ŋutsu kple nyɔnu siaa. Eye Wòmã wo me. Eye emegbe esi ŋutsu la nɔ anyigba dzi hetsɔ ŋkɔ na lãwo, eye wònɔ afisia eteƒe didi vɔ megbe la, Eva tsɔ Adam ƒe agbaƒuti le eƒe axa me, abe ɖeɖetsome ene, eye wòtsɔ wɔ nyɔnue. “Adam wowɔ gbã, eye emegbe Xawa.” Azɔ mikpɔ ɖa.

Eye womeble Adam o ke nyɔnu lae woble eye wòge ɖe vodada me.

Mawu tsɔ ŋutsu. Abosam tsɔ nyɔnu. Mikpɔe ɖa, le mia ŋku me ƒã, nukae le esia wɔm egbe. Milé ŋku ɖe Mawu ƒe Hame vavãtɔ la ŋu, agblɔ be, “Yesu!” Kristo ƒe futɔ ya agblɔ be, “Maria!” Milé ŋku ɖe gbɔgbɔ mawo ŋu. Mikpɔea? Woawoe nye ekem.

Gbesiagbebolo

Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Mose I 3:13

24-0311

Mɔkpɔkpɔ
61-0205M

Mexlẽ nu kuɖe Abraham Lincoln ŋu, nyiehetɔ gã aɖe, amesi ɖi le tɔdziʋu me le afima le New Orleans, eye wòkpɔ wo le kluviwo ƒe ʋe me le afima, le ŋutsu gã aɖe dzram le dutoƒe, Ameyibɔ gã klitsu aɖe. Ke esrɔ̃a sue dahea nɔ tsitre ɖe afima kple vidzĩ eve, nɔ avifam elabena wole edzra ge be woana wòade nyɔnu siwo le gãwu, le lãmesẽ me wu gbɔ be woadzi kluvi siwo le gã wu. Abraham Lincoln mli kɔ̃ alea, hegblɔ be, “Ema mele eteƒe o. Gbeɖeka la mele ƒoƒo ge ɖe dzi, ne wòagaxɔ nye agbe hã.” Eva me, gake eƒo ɖe dzi.
Egbãe, hã.

Na magblɔe na wò, nɔviŋutsu, dzimaxɔse tso abosam gbɔ. Na maƒo ɖe dzi, Aƒetɔ. Nyemetsɔ ɖe le me ne wòaɖe nye agbe ɖa o.”

Nà be magbã numa ɖa le hamea dzi, liƒo mawo, kple etɔeawo, alebe míate ŋu kpɔ be, mí, to Gbɔgbɔ ɖeka dzi la, wonyrɔ̃ míakatã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye míenye Kristotɔwo. Míenye nɔviwo. Meka ne ame la nye Mawu ƒe Hame tɔ eye nye la menye Ƒuƒuoƒeawo me tɔ, eye amesia ya nye Baptistetɔ, alo Presbyteria tɔ o; míenye nɔviwo, nusi míenye ye ma, míenye nɔviwo le Kristo me. Mina míagbãe. Míamu liƒo mawo ƒu anyi. Míate ŋu ke abɔwo me na nɔvi ɖe sia ɖe.

Gbesiagbebolo

Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wonyrɔ̃ mí katã le, bena míanye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã. Korintotɔwo I 12:13

24-0310

24-0309

Migavɔ̃ O He, Nyee
61-0414

Nukata míenyrɔ̃a ame ɖo? Tsi mele miaɖe ge o ɖe, gake enye toɖoɖo ƒe wɔna. Kɔmunĩɔ xɔxɔ mele miaɖe ge o, gake enye sededeawo ɖo kpɔkplɔ. Ɖeko miele…

Vɔsamlekpuia dzi ƒoƒo mele dɔyɔ ge na mi o ɖe. Vɔsamlekpuia dzi ƒoƒo mele miaɖe ge o. Miate ŋu aƒo vɔsamlekpuia dzi sẽ ɖe esime gbɔgbɔ ati ƒo na mi eye—eye miaku tsi afima. Miakpɔtɔ anye ame makpɔɖeɖe sẽ ɖe esime mialɔ̃ aɖaxɔe se be Yesu ku ɖe miaƒe teƒe, eye mialɔ̃ axɔ Eyama abe miaƒe Ɖela tɔxɛ ene. Mawunyagblɔla ɖe sia ɖe le afisia ate ŋu da asi ɖe dɔlela ɖe sia ɖe dzi le afisia aɖado gbeɖa tso fifia dzi yiɖe nyitsɔ zã me. Naneke madzɔ kura o sẽ ɖe esime mialɔ̃ axɔ nusi Yesu wɔ na mi la. Eyata alea metso mawunyagblɔlawo gbɔ o, ame ɖeka ɖeka gbɔ o, gake etso míaŋutɔ ƒe xɔse tɔxɛ le dɔ aɖe si ŋu wowu vɔ si Kristo wɔ na mí le Kalvaria gbɔ.

Gbesiagbebolo

Amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. Romatɔwo 5:2

24-0308

24-0307

Tete Woƒe Ŋkuwo Ʋu Wodze Sii
64-0312

Mawu mehĩa gɔmeɖela aɖeke o ɖe. Nyemate ŋu aɖe Eƒe Nya gɔme o, nenema ke amea ɖeke mate ŋu aɖe Eƒe Nya gɔme o. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela. Ne Wògblɔ be Yele nane wɔ ge la, Ewɔnɛ, eye ema ɖɔnɛ ɖo. Nusi ko le eŋu ye ma. Egblɔ be Yele ewɔ ge, ke Ewɔe. Ema ɖɔe ɖo. Mehĩa ameaɖeke be wòagblɔ Nɛ be esia yenye Ema, alo ema yenye Ema o. Eŋuto, Yewɔnɛ. Míaƒe gɔmeɖeɖewo menye naneke na Ŋɔŋlɔ la o. Eya Ŋutɔ, ƒoanu, eye nenemae wòle.

Esime le gɔmedzedzea me, esime Wògblɔ be, “Kekeli nedo,” tete kekeli do. Ema mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. “Ɖetugbui afɔ fu,” Ewɔe! “Makɔ Nye Gbɔgbɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe dzi,” Ewɔe. Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke sia me la, Ewɔe. Mehĩa be woaɖe egɔme o; eɖea eɖokui gɔme. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela.

Gbesiagbebolo

Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi, Xezekiel 24:14

24-0306

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
65-0219

Azɔ, aleke nenem mewo te ŋu da ƒu be woakpɔ Amesi Wònye? Aleke wote ŋu dae ƒu ɖo? Aleke wòte ŋu va eme, esime wowɔe eme kɔ fãa heɖi fiaa? Aleke womete ŋu kpɔe o mahã? Esime wò…

Nya kae nye si! Mibu eŋu kpɔ, “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe ŋkuwo me.” Amekae gblɔe? Mawu Ŋutɔ ye, Amesi nye Eya Ŋutɔ ƒe Nya ƒe gɔmeɖela. “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu.” Mesia la, Ŋutɔ, tsitre le ƒuƒoƒe la ŋkume hele Nya xlẽm le Biblia me, kuɖe Eɖokui ŋu, eye wòle gbɔgblɔm be, “Egbe sia wowu Ŋɔŋlɔ sia nu,” ke hã wokpɔtɔ daƒu Ekpɔkpɔ.

Gbesiagbebolo

Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me. Luka 4:21

24-0305

Ŋkugbagbãtɔ Bartimo
61-0124

Ne miexɔe se be Gbɔgbɔ Kɔkɔe le vavã o la, milé Mawu ƒe Ŋugbedodo la, eye minɔ anyi kpli ko.

Milé ɖe ŋu. Migadzo ɖa le egbɔ o. Ne miexɔe se be enye Dɔyɔla o, dɔlele alo xaxa kakee le miaŋu o, fifi laa la, migalala kpɔ dɔyɔyɔ ƒe fli la o; miaƒe asi ne su dzi fifi laa ko, eye migblɔ be, “Mawu, mele Asiwòwo me.”

Ke Satana agblɔ be,
“Mekaɖe me na wò ɖeke o”

Numae wògblɔ nam. Megblɔ be, “Kpɔ afii, fuɖenametɔ xoxoe. Ne mèwɔ…Ne èdi…ne èdi be yease maɖi ɖase le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la, tsi afisiae. Gake mèle nye ʋuʋu ge ɖa le ema ya gbɔ o. Ne nèlɔ̃a Mawu ƒe ɖaseɖiɖiwo, kple Mawume dɔyɔyɔ ƒe kafukafu sese la, nɔ tsi tre ɖe afisia. Mele eɖe ge agblɔ sesiẽ ko zi geɖe alesi ko mate ŋui ko. Tsi afisia ko eye see. Melewò kpem be nàsee. Tsi afisia.”

Ŋkeke gbãtɔ, mekaɖe me wu o; ŋufɔke, mekaɖe me wu o; ŋufɔke mekaɖe me wu o. Mekpɔtɔ tsi anyi, le ɖaseɖim, le Mawu kafum, le edzi yim to alilikpo do blukɔwo dome. Edo ŋugbe aɖe. Mlɔeba la yenye ma. Ɖeɖi te eŋu esime wòwɔ vie megbe eye wòsi dzo.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Yakobo 4:7

24-0304

Lazaro Ƒe Tsitretsitsi La
51-0729A

Mele Eyama kpɔm. Naneke mele eŋu kakaka be woaɖe ŋku ɖee o. Biblia gblɔ be ɖekadzedze aɖeke mele eŋu be Wòadzro mí o. Menye ame dzɔ atsu si kɔkɔ meta 2 o. Enye Amevi gbɔdzɔ aɖe ko. Evlu Eƒe ŋutilã sue la, eƒe abɔta gegewo abe alesi Wònɔ ene. Wogblɔ be Eƒe ge ƒo wɔ hafi Wòxɔ ƒe blaetɔ̃. Eƒe abɔtawo ge alea, egblɔ be, “Nɔviwòŋutsu la agafɔ̃ ɖe tsitre ake.”

Oo, míatɔwo. Egblɔ be, “Ẽ, Aƒetɔ. Menyae be afɔ̃ ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me.” Yudatɔ mawo xɔ tsitretsitsi gã la dzi se. Egblɔ be, “Menyae be afɔ̃ ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me. Ŋutsuvi nyuie aɖe wònye. Ke Mawu le efɔ̃ ge ɖe tsitre le ŋkeke mamlea me.”

Mele Yesu kpɔm wòle gbɔgblɔm be, “Gake Menye Tsitretsitsi Kple Agbe. Menye,” menye “Manye; Menye va yi” o: Menye (fifia ƒe ɣeyiɣi.); Menye Tsitretsitsi kple Agbe. Amesi xɔ Dzinye se la maku kpɔ gbeɖe o.”

Gbesiagbebolo

Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go! Yohanes 11:43

24-0303

24-0302

24-0301

Gã Wu Solomon Le Afisia
64-0306

Mawu, azɔ kokoko le ɣeyiɣiwo katã me la, nana gbɔgbɔme nunanawo Eƒe dukɔ kokoko. Nenemae wodea Dzesii henya nɛ, to gbɔgbɔme nunanawo dzi. Eye ne Mawu dɔ gbɔgbɔme nunana aɖe ɖo ɖe Eƒe dukɔ, eye wogbe nu le gbɔgbɔme nunana ma gbɔa, ekema dukɔ ma—ma yina ɖe gbegblẽ ƒe blukɔ me. Ɣesiaɣi, le agbenɔɣiawo me la, ne Mawu dɔ nane ɖo ɖe dukɔ la, nunana aɖe, eye wogbee la, Mawu gbea nu le dukɔ ma gbɔ elabena egbe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ.

Oo, dedienɔnɔ kae wòanye, le zã sia me, alegbegbe wòalolo wu tuwowo ƒe bebeƒe kple—kple teƒe siwo katã ŋu míate ŋu bu, ne dukɔ sia, si woyɔ be Kristotɔ dukɔ, ate ŋu lɔ̃ axɔ Mawu ƒe nunana si wonae la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã si wokɔ ɖi le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ke alesi ne dukɔ sia alɔ̃ axɔ Ema la, anye dedienɔnɔ wu nu ɖe sia ɖe si me woage ɖo. Gake wogbenu le Egbɔ, eyata naneke megasusɔ o negbe gbegblẽ kple ʋɔŋudɔdrɔ.

Gbesiagbebolo

Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi. Hosea 14:9

An Independent Church of the WORD,