23-0514 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1207 Pergamo Hame Ƒe Agbenɔɣi La



BranhamTabernacle.org

Nyagblɔɖila Ƒe Vi Lɔlɔ̃tɔwo,

Míenye Nya si woɖe ɖe go, esime Gbɔgbɔ la do ŋusẽ mí, míele Mawu ƒe Gbe sem, abe alesi Wòɖee gblɔ na mí ene, míe NYE EƑE ŊUGBETƆ.

Fofo na Eƒe Hame la Gbɔgbɔ la ƒe nunana ASIEKE, kple subɔsubɔdɔ ATƆ̃, gake Yesu gblɔ be: le agbenɔɣi ƉESIAƉE me la NYEŊUTƆ Maƒonu na ame ƉEKA KO. Gbedeasitsɔla Ɖeka Ko na agbenɔɣi ɖe sia ɖe axɔ nusi Medi be magblɔ na agbenɔɣi ma. GBEDEASITSƆLA ƉEKA Ma nye gbedeasitsɔla na Hame vavã la.

Eƒoa nu le Mawu teƒe to ɖeɖefia dzi. Emegbe la ɖeagbeƒã Gbedeasi la na amesiame, gake hatsotso tɔxɛ aɖe kɔŋ koe xɔnɛ le nɔnɔme aɖe me kɔŋ. Hatsotso ma ƒe ame ɖe sia ɖe nye ame aɖe si si nutete le be wòase nusi Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm to gbedeasitsɔla ƒe mɔ dzi. Amesiwo le esem la meɖona woaŋutɔwo ƒe ɖeɖefia tɔxɛ, alo enye hatsotso aɖe si le woŋutɔ ƒe haho ɖeɖefia xɔm o, GAKE AMESIAME LE NUSI GBEDEASITSƆLA XƆ TSO MAWU GBƆ VƆ LA SEM HELE EXƆM.

Aleke gbegbe wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe nye si be míase Gbe ÐEKA, elabena Gbe ɖeka koe le Gbɔgbɔ la si si nye Mawu ƒe Gbe.

MAWU ƑE GBE ÐEKA li eye mehiã be woaɖo kpe edzi abe ASIEKEAWO ene o, eye mehiã be woatsyɔ abe ATƆ̃AWO ene o; NYA DZADZE GBE ÐEKA KO!!

Ðe míate ŋu aɖo to mawunyagblɔla bubuwoa? Ẽ, gake nu vevitɔe nye be nàgblɔ nya si nyagblɔɖila la gblɔ KO. Ame bubuwo ate ŋu axlɔ̃ nu, afia nu ahaɖe gbeƒã, eye ele be woawɔe hã; gake Mawu wɔ mɔ aɖe na mí egbea abe ŊKEKE BUBU AÐEKE O ene. Míate ŋu ase nya si tututu Mawu le gbɔgblɔm na Hamea.

Egblɔ na mí be ele be míaɖɔ ŋu ɖo ale gbegbe. EGBLƆ NA MÍ, MENYE NYE O, be wotsɔa ɖe kpena ɖe afisia ŋu, alo ɖea ɖe le afima, eye eteƒe medidina hafi gbedasia meganɔa dzadzɛ o. Ne míele to ɖom nyaƒokawo la, Enye Nya ɖe Nya dzi, Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi.

Gbɔgbɔ si le ame me ƒe kpeɖodzie nye be woalɔ̃ ɖe nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila tsɔ na eƒe agbenɔɣi la dzi ahadze EYOME esime wònɔ hamea ɖom ɖe ɖoɖo me.

Esiatae míedze EYOME, eye míegblɔna be, míaƒe pastɔ nye dɔla gbedeasitsɔla adrelia eye nya si wògblɔ koe míedi be míase. Le mía gome la, Enye Mana Ɣaɣla.

Wokɔ Ɖeɖefia la ɖe míaƒe dɔla gbedeasitsɔla la dzi. Wotsɔ Nya la ƒe Ɖeɖefia la na eye woɖoe ɖe EYA na míaƒe agbenɔɣia. Nusi Kristo Nye ƒe Ɖeɖefia si lolo vie wu le esi; yɔyɔ si kɔkɔ vie, wu bubuawo katã. Ne míate ŋu anɔ agbe si kɔkɔ wu míaƒe pastɔ o la, ekema míedi be William Marrion Branham nanye míaƒe pastɔ.

Míenya be ame bubuwo makpɔ nusi míekpɔna, eye woaxɔ nusiwo dzi míexɔ se la dzi ase o, gake wogakpɔtɔ nye mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, eye míato Mavɔmavɔ la me kpli wo. Gake ele be míatsi nuteƒewɔlawo na nusi míexɔ se be enye mɔ si dzi Mawu ɖe fia mí be míasubɔ ahadze Eyome le.

Ele bɔbɔe ŋutɔ na ame bubuwo be woagblɔ be míetea gbe ɖe gbedeasitsɔla la dzi akpa, gake le nyateƒe me la, eƒe nyawo koe míegblɔna. Ele be miatsɔ nya ma ayi Aƒetɔ la gbɔ. Elabena Mawu ƒe Gbe ye le nusiawo gblɔm.

Mina míaʋu míaƒe dziwo kple susuwo eye míaxlẽ nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na mí to Eƒe dɔla dzi:

Esime wògbɔna xexeame kpuie la, Kekeli ƒe dɔla gã si ava mía gbɔ, si akplɔ mí ado goe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã aɖe, ava le ŋusẽ me, eye wòakplɔ mí ayi Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ. Anɔ eme be manya o, gake anɔ afisia le ŋkeke siawo dometɔ aɖewo dzi. Awɔ…Mawu ana woanyae. Mahiã be wòaɖe eɖokui afia o, Mawu ana woanyae. Mawu aɖo kpe Eya ŋutɔ Tɔ dzi. Nusiae wògblɔ esime Yesu nɔ afisia eye Womenyae o, mikpɔea. Egblɔ be, “Ne Nyemewɔ Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo o la, ekema migaxɔ Dzinye se o; ke ne Mewɔ Fofonye ƒe dɔwɔwɔwo, eye miate ŋu axɔ Dzinye ase o la, ekema mixɔ dɔwɔwɔawo dzi se.” Ðe ema sɔgbea?

Ðe meyɔ eɖokui be Kekeli ƒe dɔla gã na ŋkeke sia oa? Míenya be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le eme, gake egblɔ be: Anɔ eme be manyae o, gake anɔ afisia le ŋkeke siawo dometɔ aɖewo me. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la manya amesi Wònye oa? Mahiã be wòana amewo nanya eɖokui o; Mawu ana woanyae.

Eyata ele gbɔgblɔm be, nyagblɔɖila na míaƒe ŋkekeae nye Kekeli ƒe dɔla gã si akplɔ mí ado goe ayi Yesu Kristo gbɔ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe mɔ dzi to eyama dzi. Ɖeɖefia la li na míaƒe ŋkekea.

Amekae le Ŋugbetɔ la fia ge Aƒetɔ la? MÍAƑE PASTƆ.

Gake nyagblɔɖila sia ava, eye abe alesi ŋgɔdola na vava gbãtɔ do ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi, si ɖea xexeame ƒe nuvɔ̃ ɖa esi” ene la, nenema ke ɖikeke mele eme o be ado ɣli be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi la gbɔna le ŋutikɔkɔe me.” Awɔ esia, elabena abe alesi Yohanes nye nyateƒe ƒe gbedeasitsɔla na ame tiatiawo ene la, nenema ke ame siae nye gbedeasitsɔla mamlɛtɔ na ŋugbetɔ tiatia si wodzi tso Nya me.

Esi míenya nyateƒenya siawo, eye Eyama ƒe Ɖeɖefia BLIBO la le mía si le ŋkeke sia me la, míezu Eƒe Ŋugbetɔ si wodzi to Gbɔgbɔ la dzi, si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la.

DZƆDZI ŊUGBETƆ, AMESI MÍENYE YENYE ESI!

Ne amesi wodzi kple Gbɔgbɔ, si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ le xɔse me tsɔ Nya ma de eƒe dzi me eye wòtsɔe da ɖe eƒe nuyiwo dzi la, tsyo ema sɔ kple Mawunyenye ƒe nuƒoƒoe. Ele be to ɖesiaɖe naho. Satana mate ŋu anɔ tsitre ɖe amema ŋkume o.

Fifia ɖekawɔwɔ vavãtɔ le Ŋugbetɔsrɔ̃a kple mí, Eƒe Ŋugbetɔ la dome. Eɖe Eƒe Agbenya la fia mí, eye Míexɔe. Míake ɖii gbeɖe o. Eyata naneke mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu o, ku gɔ̃ hã o.

DZƆDZI ŊUGBETƆ, AMESI MÍENYE YENYE ESI!

Nya la le ŋugbetɔ la me (abe alesi wònɔ Maria me ene). Kristo ƒe susu le Ŋugbetɔ la si elabena enya nusi Wòdi be woawɔ kple Nya la. Ewɔa Nya la ƒe sedede dzi le Eƒe ŋkɔ me elabena “ale Aƒetɔ la gblɔ esi ye.” Emegbe Gbɔgbɔ la na Nya la gagbɔ agbe eye wòva eme. Abe nuku si wodo hewu tsii ene la, eva ɖo eŋeɣi bliboe, hele eƒe taɖodzinu wum.

Míeva ɖo nuŋeŋe blibo gbɔ eye míele Eƒe taɖodzinu nuwum fifia.
Eƒe lɔlɔ̃nu koe míate ŋu awɔ. Ame aɖeke mate ŋu ana míawɔ nu bubu aɖeke o. “Ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi” le mía si, loo míenɔa anyi kpoo. Míenya be Mawue le mía me, le dɔawo wɔm, le Eya ŋutɔ ƒe Nya la nuwum.

Míele dzidzɔ kpɔm, elabena nyagblɔɖila la kpɔ mí le ɣeyiɣi ƒe xɔmetsovɔa godo esime mí katã míekɔ míaƒe gbe dzi henɔ ɣli dom le ɖekawɔwɔ me be, “Ema dzie míele dzudzɔm ɖo!”

Va ƒo ƒu kpli mí Kwasiɖagbe le ŋdɔ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase Mawu ƒe Gbe wòatsɔ: Pergamo Hame la Ƒe Agbenɔɣi La 60-1207 ƒe nyaɣaɣla vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham

Mose IV, 23:8-9
Nyaɖeɖefia 2:12-17, 17:1-5, 17:15