21-0815 Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O

Gbedasi: 65-0429b Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O

BranhamTabernacle.org

Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu

Ŋutilã Tso Eƒe Ŋutilã Lɔlɔ̃a,

Dzidzɔm alegbegbe be Mawu metrɔa Eƒe Susu kuɖe Eƒe Nya ŋu o. Enye Eyama ke etsɔ, egbe yiɖe mavɔmavɔ me.
Alesi Wòwɔ nuwo le gɔmedzedzea me la, Ele ewɔm nenema ke egbea. Mawu, Ŋutɔ ɖe eɖokui ɖe go le amegbetɔ ŋutilã me, to Yesu Kristo ƒe Ʋu la me, be yeakɔ agbea ɖe ŋuti alebe Wòateŋu ɖe Eɖokui ɖe go le eyama me.

Míaƒe gbedasitsɔla ɖo Ŋɔŋlɔ la ƒe dzesidodo kuɖe eɖokui ŋu le míado me egbe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, Ŋutɔe, le Eŋutɔ Ƒe Gɔmeɖeɖe wɔm. Mehĩa be woagadzo le amesia dzi ayi ɖe ame kemea dzi be woakpɔ nyateƒea alo gɔmeɖeɖea o; Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na Eƒe Hame la Efesotɔwo 4, wokatã le ame ɖeka me, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe la.

Apostolo: Apostolo gɔmee nye “amesi wodɔ,” alo “dɔgbedela.” Dɔgbedela menye.

Nyagblɔɖila: Ɖee miexɔe se be menye Mawu ƒe nyagblɔɖila?

Nyanyuiegblɔla: “Wɔ Nyanyuiegblɔla ƒe dɔ. Ɖe wò subɔsubɔdɔ ƒe kpeɖodzinuwo fia nyuie eŋuti nakɔ. Ɣeyiɣia aɖe ava va esime womele nufiafia nyuie la tsɔ ge o.”

Kplɔla: Mieyɔm be, “Miaƒe kplɔla”; ke miegblɔe nyuie, elabena yae menye.

Nufiala: Medi be maƒo nu le Nya ŋu, alo mafia Kɔsiɖasuku nufiafia, le Dzesia ɖe ƒe Nya ŋu.

Sɔsɔminasɔe= Menyae be mi, mía nɔviŋutsuwo, míekpɔnam abe míaƒe tɔɖoƒe si nusi…zi alesi medze Mawu yome, abe alesi Paulo gblɔ le Ŋɔŋlɔa me ene la, “Mizu srɔ̃nyelawo abe alesi menye Kristo srɔ̃la ene.”

Gbedeasi sia nye míaƒe Tɔɖoƒe, alea míedzea eyome abe alesi wòdzea Kristo yome ene.

Nyemegbe be Efesotɔwo 4 ƒe amewo si Mawu yɔ li si nye amesiwo Mawu ɖo heyɔ be woawu dɔwɔƒe mawu ŋu; to Eƒe Amenuveve me la, menye wodometɔ ɖeka. Gake suewo míenye, Mawu ƒe dɔla nyagblɔɖila yae nye GÃTƆ la.
Na amesiwo le xexeame siwo yɔa “Branham ƒe Agbadɔ” la be yewoƒe “ha gã me” la: míaƒe kplɔla, míaƒe subɔsubɔdɔ gbagbe, míaƒe Tɔɖoƒe, míaƒe Efesotɔwo 4 la katã le Nyaƒoka dzi. Míexɔe se be Enye gɔmedzedze ƒe subɔsubɔdɔ si nɔ Eyama si esime Wònɔ afisia le anyigba dzi.

Ŋutifafa kae nye esi, dzudzɔ kae nye esi, mele be míavɔ̃ alo anɔ ŋudzɔ alo azã nutsyɔnu kpɔ gbeɖe, ne míele Nya la sem o. Enye Mawu ƒe Nya si dzi woɖo kpe heda asi ɖo, mana yeye si míesena ɣesiaɣi eye nusi wòle be míawɔ koe nye be míanɔ anyi aɖadzɔdzi esime míaƒe dziwo anɔ bibim le mía me esime Wòle nuƒom na mí le mɔa dzi.

Ke amesiwo katã Fofo Nye tsɔ Nam la, woava. Nye alẽwo, Nye ahɔnɛwo sea Nye Gbe. Womadze ame tutɔa ɖeke yome o.” Ke nukae nye Mawu ƒe Gbe la? Mawu ƒe Nya ye wònye. Nukae nye ame ɖesiaɖe ƒe gbe ne menye eƒe nya o mahã? Mawu ƒe Nya wònye; woase Mawu ƒe Nya.

Ekema GEƉE WU kpɔtɔ li na Eƒe Hame la. Menye ŋkeke sia kple eƒe gbedasitsɔla, Nya la na egbe koe, míedena dzesi o, gake dzidzɔ gãtɔ kekeake si wona ŋutsu la va me mlɔeba. MÍENYE Eƒe Gbɔgbɔ ƒe akpa aɖe, Ŋutilã ƒe akpa aɖe; ŋutilã tso Eƒe Ŋutilã me, ƒu tso Eƒe ƒu me; Nya tso Eƒe Nya me, Agbe tso Eƒe Agbe me, MÍENYE Kristo ƒe Ŋugbetɔ la!

Ŋutikɔkɔe!! Woakafu Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ!! Aleluya!! Eƒe Ŋugbetɔ de dzesi Eɖokui hele Eɖokui dzram ɖo kple Eƒe Nya la.

Numae wɔm Hame la le egbea, elabena Yesu ye nye Nya la eye Eyae Ŋugbetɔsrɔ̃ la, ke Ŋugbetɔ la nye Srɔ̃a ƒe akpa aɖe. Eyata Nya si ŋu wòle be woawu ŋkeke sia la nye akpa ma ke na Nya si ŋu wòle be woawu le Eƒe ŋkeke me, ke enye Nya ma ke, numetoto ma ke, agbe ma ke.

Va eye nawɔ Nya ma ke ƒe numetoto, numetoto ma ke, Agbe ma ke Kɔsiɖagbe sia ga 2, woale me Jeffersonville ƒe game, aɖase: Nuku La Manyi Dome Kple Tsro La O 65-0429B.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ Siwo Woaxlẽ:

Mateo 1:18-20/ 24:24
Luka 17:30
Yohanes Kɔkɔe 5:24
Galatiatɔwo 4:27-31
Mose I 2:15
Yesaya 9:6
Maleaxi 4