Ubutumwa: 65-0801E Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 24-0825 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 24-0816 Imana YIki Gihe Kibi
- 23-0205 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 23-0129 Imana YIki Gihe Kibi
- 21-1010 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 21-1003 Imana YIki Gihe Kibi
- Ijambo ry’Umunsi / Umutsima wa Buri Munsi
- 20-0223 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 20-0216 Imana YIki Gihe Kibi
- 18-1104 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
- 17-0129 Ibintu Bishika Bisigurwa N Ubuvugishwa
Ibimenyeshejwe Ibimenyeshejwe ku bijanye n’ugusobanura mu zindi ndimi bikorerwa muri Branham Tabernacle
Hɔ̃ Lɔlɔ̃awo,
Afisi Nukukua le la, hɔ̃wo le ƒu ƒom ɖo. Fiẽsiɣi yenye esi, eye nyagblɔɖi le eme vam le míaƒe ŋkume. Míaƒe dziwo le bibim le mía me esi míekpee va míaƒe hameawo me, míaƒe aƒewo, kple míaƒe anyikpexɔwo me le gbe me. Ele nu ƒo ge na mí ahaɖe Eƒe Nya la afia. Mawu ƒe dɔ kple tsikɔ le mía wum.
Etia mɔ si dzi Eƒe Nya la ato ava mía gbɔ; to Eƒe nyagblɔɖila, si Wòɖo ɖi do ŋgɔ kple si dzi wòda asi ɖo do ŋgɔ la dzi. Etia William Marrion Branham be wòanye gaƒoƒoa ƒe ame si alé Eƒe ame tiatia siwo le gaƒoƒoa me, MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ la.
Ame bubu aɖeke meli si ate ŋu axɔ eƒe teƒe o. Míelɔ̃a alesi wòɖea eƒe susu fianae; hain’t, tote, carry, fetch, Mawu ye le nu ƒom ɖe tome na mí. Mawu, le nu ƒom to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi, le nu si tututu Wògblɔ be Yeawɔ la wɔm. Ema ɖɔe ɖo!
Mawu ʋanya eƒe asiwo kple ŋkuwo le ŋutegawo me. Mete ŋu gblɔ nya aɖeke o negbe nusi kpɔm wònɔ la ko. Mawu kpɔ ŋusẽ blibo ɖe eƒe aɖe, asibidɛ dzi, eƒe ŋutilã ƒe ŋutinu ɖesiaɖe gɔ̃ hã nɔ Mawu ƒe gbeɖiɖi ŋu blibo. Eyae nye nuƒola ŋutɔ na Mawu.
Mawu nyae do ŋgɔ le ɣeyiɣi sia me be hame la atsaka. Eyata Ena Eƒe nyagblɔɖila nɔ klalo na míaƒe agbenɔɣia, be wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la do goe ahakplɔe to Eƒe Nya si dzi woɖo kpe la dzi.
Le Eƒe ɖoɖo gã la me la, Enya hã be Yeakplɔ yeƒe nyagblɔɖila ayi Aƒeme do ŋgɔ na Yeƒe Vava la, eyata Ena wolé Eƒe Gbe ɖe mɔ̃ dzi eye wodzrae ɖo, ale be Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi nanɔ Eƒe Ŋugbetɔ tiatia la ƒe asibidɛwo ŋu ɣesiaɣi. Ekema nyabiase aɖeke manɔ wo si gbeɖe o. Gɔmeɖeɖe aɖeke mehiã o, Nya dzadzɛ si ŋu womeka asi o ko woate ŋu ase ɣesiaɣi.
Enyae be gbe sɔgbɔ akpa kple tsakatsaka geɖe anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me.
Kwasiɖa etɔ̃ mamlɛawo la, eƒo nu na mí eye wòfia gaƒoƒo si me míele la. Egblɔ aʋatsonyagblɔɖila siwo atso eye woaflu ame tiatiawo, ɖe wòle bɔbɔe na mí.
Alesi agbenɔɣi sia me mawu gbã ŋku na ameawo ƒe dziwo. Alesi Mawu ŋutɔ gblɔ to Eƒe nyagblɔɖiwo dzi be nusiawo adzɔ le Laodikea ƒe Agbenɔɣi sia me. Egblɔ na mí be naneke megali si wogblẽɖi mawɔmawɔ o.
Eɖe Eɖokui fia le mía ŋkume to nusiwo wògblɔ ɖi be yeawɔ le ŋkeke sia me dzi. Eƒe nuwɔnawo ŋutɔ ɖo kpe edzi na mí be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me. Enye Mawu ƒe Gbe, si le nu ƒom na, Eƒe Ŋugbetɔ, eye wòle agbe le eme.
Ɖee miexɔe se be Gbedeasi sia nye Hebritɔwo 13:8? Ðee Wònye Nya gbagbe la? Ðe Wònye Amegbetɔvi la si le Eɖokui ɖem fia le ŋutilã mea? Ekema nyagblɔɖi ava eme Kwasiɖagbe sia ne miexɔe se eye mieɖo to.
Nane le dzɔdzɔge le xexea katã me esi mete ŋu dzɔ kpɔ le xexeame ƒe ŋutinya me tsã o. Mawu le nu ƒo ge to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi, anɔ nu ƒom na Eƒe Ŋugbetɔ le xexeame katã le game ɖeka dzi. Ana míatsɔ míaƒe asiwo aɖo mía nɔewo dzi eye míado gbe ɖa ɖe mía nɔewo ta esime wòanɔ gbe dom ɖa ɖe míakatã ta.
Mi amesiwo le egodo le telefon kawo dzi, ne miexɔe se kple miaƒe dzi blibo, esime mawunyagblɔlawo le asi dam ɖe mia dzi, eye miaƒe lɔlɔ̃tɔwo le asi dam ɖe mia dzi la, ne miexɔe se kple miaƒe dzi blibo be evɔ la, ekema evɔ ye.
Nusianu si míehiã la, Mawu atsɔe ana mí ne míexɔe se ko…EYE MÍEXƆE SE. MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ NUTEƑEWƆLA. Ava me. Dzo Lilikpo la anɔ afisiafi si míeƒo ƒu ɖo eye wòana nusianu si hiã mía dometɔ ɖesiaɖe, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ye.
Neva me be Kekeli Kɔkɔe ma ke si kpɔm míele le hamea me le afisia tututu la, Nedze wo dometɔ ɖesiaɖe dzi, eye wòakpɔ dɔyɔyɔ dzro le ɣeyiɣi sia me. Míeka mo na futɔ, abosam, le Kristo ƒe Ŋkume; míele gbɔgblɔm na futɔ la, be woɖu edzi to fu—fukpekpe si wotsɔ ɖe ameteƒe, Aƒetɔ Yesu ƒe ku kple dziɖuɖu ƒe tsitretsitsi le ŋkeke etɔ̃agbe dzi; kple Eƒe kpeɖodzi si woɖefia be Ele mía dome afisia le zã sia me, le agbe, le ƒe alafa wuiasieke megbe. Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ nayɔ dzi ɖesiaɖe me fũ kple xɔse kple ŋusẽ, kple dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ tso Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, Amesi woɖe dzesi fifia to Kekeli gã sia si ƒo xlã hame la me, le Eƒe Ŋkume. Le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me la, wɔe dzro hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe.
Ènye Eƒe Ŋugbetɔ. Naneke mate ŋu axɔe le asiwò o, NANEKE o. Wogbe nya na Satana. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me be Eyama ƒe dzidzeme gatsi ɖeka koe le asiwò, ema koe nye nusi nèhiã, NYATEƑEE. EYE WÒNYEE. ÈTƆ NÈNYE. EƑE NYA MATEŊU ADA ƑU O.
Xɔe se, Xɔe, Lée ɖe asi, Mate ŋu ada ƒu o. Ŋusẽ mele asiwò o gake Eƒe atsekpakpa le asiwò. Gblɔ be, “Mexɔe Aƒetɔ, tɔnyee, wòe tsɔe nam eye nyemaɖe mɔ Satana naxɔe o.”
Ɣeyiɣi ka gbegbee nye si le míasi su ge. Teƒe bubu aɖeke meli si madi be manɔ o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la aƒo xlã mí keŋkeŋ. Wole Ɖeɖefia geɖe na ge mí wu. Woaɖɔ dzi siwo gbã la ɖo. Ame sia ame akpɔ dɔyɔyɔ. Aleke míate ŋu agblɔ be, “Ðe míaƒe dziwo menɔ bibim le mía me oa, eye ɖe mele bibim fifia oa, be míanya be míele Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la Ŋkume fifia, Amesi tɔe nye ŋutikɔkɔe kple kafukafu tegbee” o mahã.
Nɔvi Joseph Branham.
Míele xexeame kpem be wòawɔ ɖeka kpli mí le:
Game: ŊDƆ GA 12 Jeffersonville ƒe game
Gbedeasi: 65-0801E Nudzɔdzɔ Siwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ do ŋgɔ na Gbedeasi la sese:
Mose I: 22:17-18
Psalmowo: 16:10 / Ta 22 / 35:11 / 41:9
Zaxaria 11:12 / 13:7
Yesaya: 9:6 / 40:3-5 / 50:6 / 53:7-12
Maleaxi:3:1 / Ta 4 lia
Yohanes 15:26
Luka 17:30 / 24:12-35
Romatɔwo: 8: 5-13
Hebritɔwo: 1:1 / 13:8
Nyaɖeɖefia: 1:1-3 / Ta 10