Egbe Ƒe Numegbe
July 22, 2026
Jehovah-Jireh
56-0224
Mienya, amewo lɔ̃a ŋutilã sia ale gbegbe. Oo, míatɔwo.
Menɔ tsitre ɖe blemanudzraɖoƒe gã aɖe. Sɔhe ŋutsu eve nɔ tsitre ɖe afima le amegbetɔ ƒe ŋutilã kpɔm, ame aɖe si kpe pɔŋ alafa ɖeka, sɔ kple peni blaenyi vɔ ene le lãme nufɔkpewo gome. Peni blaenyi vɔ ene, ɖee miate ŋu bu ema ŋua? Miado dɔla alafa ɖeka ƒe kotu ɖe peni blaenyi vɔ ene dzi, dɔla ewo Stetson kuku ɖe tame nɛ. Nɔvinyɔnu dometɔ aɖewo ado dɔla alafa eve ƒe lãfuwuʋlaya ɖe peni blaenyi vɔ ene la dzi azɔ le mɔdzi. Ne tsi dza la anyrɔ̃ mi. Anɔ belém na peni blaenyi vɔ ene ma… Esɔ gbe. Bo si ŋu miaƒe ŋutilã le koe ma. Gake luʋɔ aɖe le miasi si de xexeme miliɔn ewo. Kae kuɖe ema ŋu? Amen. Kae kuɖe luʋɔ ma ŋu? Kakaɖedzitɔe la mialé be na peni blaenyi vɔ ene la, gake kae kuɖe luʋɔ si de xexeme akpe ewo ŋu? Kae kuɖe ema ŋu?
Nɔviŋutsu, ekpɔ ŋkume na wò be nàkɔ wò agbe ŋuti na Yesu Kristo, anɔ Eyome, alɔ̃ Eyama, adzraɖo na Eƒe vava.
Gbesiagbebolo
Bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã,…
Kolosetɔwo 1:10