Egbe Ƒe Numegbe
July 11, 2026
Nuku Si To Vo La
65-0118
Yuda tsɔ sɔlemedede wɔ fefenue ko. Meɖi anukware vavã le eme kpɔ o. Koŋ la xɔse menɔ esi o; anye ne made Yesu asi gbeɖe o. Ke, mikpɔa, eƒã nuku ma si to vo la. Ebu be yeate ŋu adze ha kple xexeame, mammon, eye yeagadze xɔlɔ̃ kple Yesu, gake gbada yi nɛ ale be megate ŋu wɔ naneke le eŋu o. Esi ɣeyiɣi de nɛ, esi wòwɔ nu vɔ̃ɖi sia vɔ la, egbɔ fli si mã ŋgɔ yiyi kple tɔtrɔ ɖe megbe la ŋu yi. Ele ne be woayi ŋgɔ le mɔ si wòtsɔ la dzi, anye ameblela. Eƒã nuku si to vo la, edi bena yeƒe nu nenyo ɖoɖowɔha gã siwo nɔ anyi le ɣemaɣi la ŋu, nenyo Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ŋu. Ke ebu be yeakpɔ ga via ɖe, eye yeaxɔ ŋkɔ le amewo dome. Ne menye numa kee wɔ ame geɖewo woɖo nutovo ma me o fĩ, adi be yeƒe nu nenyo amegbetɔ ŋu! Míaƒe nu nenyo Mawu ŋu boŋ, menye amegbetɔ ŋu o. Ke nusiae Yuda wɔ esime nutovo sia va zu ta le eme.
Gbesiagbebolo
O, mi Galatiatɔ manyanuwo! Amekae trɔ tame na mi bena, mieɖo to nyateƒe la o: Mi amesiwo ŋku me woŋlɔ Yesu Kristo ɖo pete, abe amesi woklã ɖe atitsoga ŋu le mia dome la enea?
Galatiatɔwo 3:1