24-0707 Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?

Gbedasi: 65-0418E Ɖee Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?


BranhamTabernacle.org

Lɔlɔnu Deblibo Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ŋkekea yi boo eye Aƒetɔ la ƒe Vava gogo. Ʋɔtrua le tutum eye ɣeyiɣia ŋu le yiyim, ne mewu enu haɖe o. Game yi boo akpa be woabu eŋu; be ame nanɔ abe ayeti si ya ʋuʋu ene; be to si fĩena ame nanɔ amesi. Ɣeyiɣia de be míawɔ nyametsotso si me kɔ ƒãa. Nukae wòle be mawɔ be manye Eƒe Ŋugbetɔ?

Ðee Mawu trɔa Eƒe Susu le Eƒe Nya la ŋua? GBEƉE. Ekema ele be míadze agbagba gbesiagbe, kple míaƒe dzi kple luʋɔ blibo be míanɔ Eƒe LƆLƆ̃NU DEBLIBO la me. Ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Eƒe lɔlɔ̃nu kple Eƒe Nya la te. Mègake ɖi le Eŋu gbeɖe o, ɖeko Nàxɔe ase eye Nàxɔe. Mègadze agbagba be yeadi mɔ aɖe si dzi nàto aƒo xlãe o. Ðeko Nàtsɔe abe alesi Wòle ene.

Nyagblɔɖila la gblɔ na mí le Gbedasi sia me be yeƒe tameɖoɖo bliboe nye be yeaɖee afia mí be ele be Mawu nalé Eƒe Nya me ɖe asi hafi wòakpɔtɔ anye Mawu, gake ame geɖe ŋutɔ di be yewoato akpa Nɛ, eye yewoakpɔ mɔ bubu aɖe. Ne wowɔe la, wokpɔnɛ be yewole edzi yim, eye Mawu le yewo yram, gake wole dɔ wɔm le Eƒe lɔlɔ̃nu si ŋu woɖe mɔ le me ke menye le Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo, Mawumetɔ la me o.

Nyagblɔɖila la gbugbɔ mí va Nya la gbɔ eye wòna kpɔɖeŋuwo mí be míalé ŋku ɖe wo ŋu, asrɔ̃ nu tso wo ŋu, eye wòɖo ŋku edzi na mí be, Mawu METRƆA Eƒe Susu alo Eƒe mɔ O, Eyae nye Mawu eye metrɔa O.

Azɔ, míede dzesii be amesiawo evea siaa nye gbɔgbɔmemewo, wo ame evea siaa nye nyagblɔɖilawo, woyɔ wo ame evea siaa. Eye Mose, le dɔwɔwɔ ƒe fli me tututu, kple Dzo Sɔti yeye le eŋgɔ gbesiagbe, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le edzi, le dɔwɔwɔ ƒe fli me. Mawu ƒe subɔla bubu aɖe yenye esi, si Mawu yɔ, si Mawu ɖo, nyagblɔɖila si Mawu ƒe Nya la vana na. Afɔku ƒe fli lae nye esi. Ame aɖeke mate ŋu aʋli nya be ame ma tso Mawu gbɔ—tso Mawu gbɔ o, elabena Biblia gblɔ be Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu kplii, eye nyagblɔɖilae wònye.

Aƒetɔ, aleke gbegbee ema sɔe? Aleke mawɔ anya, esime EVEAWO nye nyagblɔɖilawo? Wo ame evea siaa nye ame siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ, siwo Mawu yɔ, siwo Mawu ɖo; Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo Mawu ƒe Nya la vana na. Wo ame evea siaa le gbɔgblɔm be Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae le yewo kplɔm.

Mina míaxlẽ numegbe ʋɛ aɖewo siwo woyɔ tso nya si Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia gblɔ ŋu nyuie ŋutɔ ahasrɔ̃ wo. Nya si wògblɔ; menye nusi hamea gblɔ, nusi Ðɔkta Jones gblɔ, alo nusi ame bubu gblɔ o. Nusi ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI gblɔ to Eƒe nyagblɔɖila dzi lae dim míele.

Esi Mose nye nyagblɔɖila si woɖo kple Aƒetɔ la ƒe Nya ta la, woɖo kpe edzi be wotia eyama be wòanye yewoƒe gaƒoƒoa ƒe ŋgɔnɔla, eye be Abraham do nusiawo katã ƒe ŋugbe,…

Ame aɖeke mete ŋu xɔ Mose teƒe o. Meka Kora neniwoe ƒe atso, kple Datan neniwoe atso o; Mose ye, Mawu yɔ, meka nusi dzɔ o.

Mose ye Mawu tia be wòakplɔ dukɔ la. Ame bubuwo tso hegblɔ be wosi ami na yewo, amesiwo hã mee Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ fũ. Mawu yɔ wo hã be woakplɔ amewo. Gake Mose nye Mawu ƒe Gɔmedze Lɔlɔ̃nu Deblibo ƒe ŋgɔnɔla gbãtɔ si akplɔ wo.

Gake, eye ne ameawo mazɔ le Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me o la, lɔlɔ̃nu si ŋu woɖe mɔ le la le Esi si me Wòaɖe mɔ le na mi be miazɔ le. Mide dzesii, Eɖe mɔ le eŋu, esɔ gbe, gake Ana wòawɔ dɔ na Eƒe ŋutikɔkɔe, le Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me. Azɔ ne miedi be…

Ame aɖeke medi be yeanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si ŋu woɖe mɔ le la me o. Ŋugbetɔ vavã la dina be yeanɔ Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me, ɣesiaɣi, meka fe si woaxe o.

Masɔmasɔwo, susuwo, tɔtɔtɔtɔwo, nukpɔsusuwo, geɖe ŋutɔ le nyaƒokawo ƒoƒo ƒe vevienyenye ŋu.

Mí katã míenya be esiae nye nya si tututu na Gbedasi xɔsetɔwo dome klã egbea. Míenya be ELE BE Ŋugbetɔ la nawɔ ɖeka, EYE AWƆE; Nya lae ma.

Amewo li siwo yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la, siwo Mawu yɔ le Hamea me egbea. Wonye Mawu ƒe amesiamina siwo woyɔ be woaɖe gbeƒã Gbedeasi sia. Gake ɖeko wo dometɔ aɖeke meli si dzi mí katã míalɔ̃ ɖo o.

Aleke woate ŋu anye amesiwo awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae? Ðe míate ŋu awɔ ɖeka aƒo xlã woƒe subɔsubɔdɔa? Nyateƒee woyɔ wo be woakplɔ woƒe alẽha la, gake be woakplɔ wo atrɔ ayi Mawu ƒe ÐOÐO GƆMEDZEDZETƆ la gbɔ ye. EƑE KPLƆLA. EƑE NYAGBLƆLA. Menye woƒe subɔsubɔdɔa gbɔ o.

Ne womele miafiam be Gbe si le nyaƒokawo dzi lae nye esi yome WÒLE BE miadze, kple esi dzi se wòle be miaxɔ ase be eyae nye Gbe vevitɔ kekeake si wòle be miase o la, ke ɖeko wole Eƒe lɔlɔ̃nu si ŋu woɖe mɔ le la me.

Ne wogblɔa na mi be eyae nye Gbe vevitɔ kekeake, eye woxɔe se vavã la, ekema aleke womate ŋu azi play dzi ɣesiaɣi si miele du o mahã?

Ne èdi be yeaka ɖe edzi, GODO, be yele Eƒe lɔlɔ̃nu deblibo me la, MƆNU GODO ɖeka koe li. Yenye be woase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe le nyaƒokawo dzi.

Hafi nànya la, nyaƒoka aɖe ge ɖe woƒe aƒea me. Esu xoxo, ekema. Ne alẽe wònye la, ewɔa ɖeka kplii tututu. Ne gbɔ̃tsu wònye la, etua afɔkpo nyaƒoka la doa goe.

Ele be makpɔ KAKAƉEDZI GODO. Nyemate ŋu atsɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake afe dze le nye dzeƒe Mavɔ la ŋu o, eye nyemawɔe hã o. MENYA be Gbe si le nyaƒokawo dzi lae nye Mawu ƒe Gbe na Ŋugbetɔ la. MENYA be Mewɔa vodada o. MENYA be Dzo Sɔti lae ɖo kpe edzi. MENYA be Eyae nye Amesi Mawu tia be yeakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ la. MENYA be Gbe ma koe nye Gbe si ate ŋu awɔ Ŋugbetɔ la ɖekae eye wòawɔ ɖeka. MENYA be anye Gbe ma si mase agblɔ be
“Mikpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi lae nye esi”.

ELE BE MAZI PLAY dzi eye mase Gbe ma. Mele miakpem be miava wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esime míase: 65-0418E Ðe Mawu Trɔ Susu Kuɖe Eƒe Nya Ŋu Kpɔa?

Nɔvi. Joseph Branham

Míadze Gbedasi la gɔme le xexlẽme 65 lia.

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasia:

Mose II ta 19 lia
Mose IV 22:31
Mateo Kɔkɔe 28:19
Luka 17:30
Nyaɖeɖefia ta 17 lia