22-1225 Akpe Ŋu

Gbedasi: 65-0711 Akpe Ŋu



BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Rebekah Lɔlɔ̃a,

Fofo dɔ Eƒe dɔtsɔla Eliezer Nuteƒewɔla ɖo ɖa, be wòadi Yeƒe Ŋugbetɔ Rebekah la. Míede dzesi eyama, Eƒe dɔla adrelia kple gbedeasitsɔla, William Marrion Branham, amesi Wòde dɔ asi na be: Wòayɔ, Aƒo ƒu, Akplɔ eye mlɔeba la Wòafia mí, Eyama.

Ena Eƒe Ŋusẽ si gbɔagbe nu kɔ ɖe mía dzi le agbɔsɔsɔ me eye wòna míede dzesi míaƒe tsitrenɔƒe, míaƒe teƒe, kple míaƒe dɔdeasiwo, esime míenye dukɔ aɖe si woyɔ, hemã ɖa tso le xexeame gbɔ, si kɔ eɖokui ŋuti na Mawu. Ele mɔfiam mí hele míakplɔm yina le nusiwo míewɔna kple gblɔna me, hele bubu kple ŋutikɔkɔe hem va na Eƒe Ŋkɔ.

Naneke meli, le afia ɖeke, si ate ŋu ama mí ɖa tso Ema gbɔ o, NANEKE O. Míele dedie Mavɔmavɔtɔe ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe me. Fofo tu Eƒe Nutrenu ɖe míadzi yiɖe míaƒe dzeƒe ƒe nuwuwu.

Abosam le míaƒom ŋkeke kple zã. Ele nusianu gblɔm na mí, hele nyatsɔm ɖe mía ŋu, hele agbagba dzem be yeawɔ mí be míasusu be míenye Ŋugbetɔ ma o. Etsɔa nu ɖe sia ɖe ƒua gbe ɖe míaƒe mɔ dzi be yeadze agbagba aɖe míaƒe susu ɖa, abe dɔlele kple vevesese, gake míele toɖom eyama o. Ŋusẽ Ma si Gbɔagbe nu le míame AZƆ eye wotre mía ŋu hetu mí ɖe Nya ma dzi. Míele kpodzom le míaƒe kposɔ dzi, le du sim yiɖe Eyama gbɔ le míaƒe mɔ dzi yiɖe míaƒe Srɔ̃ɖe Nuɖuɖu gã la me.

Ŋu mele míakpem le nusi míexɔ se la me o; ke boŋ la, miedi be xexeame nanyea be, MÍENYE NYAƑOKA DUKƆ SI XƆ NYA ƉE SIA ƉE SI EƑE NUTEƑEWƆLA ELIEZER NYAGBLƆƉILA LA GBLƆ DZI SE amesi Wòdɔ ɖo ɖa be wòayɔ do go eye wòaɖa kplɔ YEƑE ŊUGBETƆ REBEKAH. Míetsɔna ɖeke kpenɛ alo ɖea Nya ƉEKA le eme o. Gbedeasi Sia nye míaƒe Tɔɖoƒe.

Aleke ame aɖe si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, yɔ fũ kple Mawu ƒe Ŋusẽ, kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ le eƒe dzi me, ate ŋu aƒo nu na ame aɖe eye matɔ asi nane kuɖe Gbedeasi la ŋu si wòse le Nyaƒoka dzi teti koe nye esi mahã?

Ne nèle go dom kple amesiwo gblɔna be yewonye nuwuɣi ƒe xɔsetɔwo le nuwuɣi ƒe Gbedeasi sia me la, àte ŋu aƒo nu kpli wo miniti ʋea ɖewo ko eye nàte ŋu agblɔ afisi wole tsitre ɖo le nyaƒokawo ƒoƒo ŋu. Loo wonye Nyaƒoka Dukɔ alo womenye o.

Ewɔ mo yaa ŋutɔ be wobu nɛ be ŋukpe ye wònye, alo be egblẽ ŋutɔ gɔ hã, ne nègblɔ be yeƒona nyaƒokawo le yeƒe hame alo aƒeme. Wokpɔ nɛ be enye Nya la ƒe futɔ ke menye Mɔ si Mawu na o. Womebua wò o elabena ègblɔna be yenye “Nyaƒoka Tɔ”.

Wohena nya ɖe Mawunyagblɔla siwo ƒoa nyaƒokawo le woƒe hameawo me ŋu, eye woyɔna wo be kuviatɔwo gɔ hã. Eye ne nèle nyaƒoka ɖeka ma ke sem le game ɖeka ma ke dzi la, enyo, mènye mawunyagblɔla ŋutɔ gɔ hã o, ènye kɔmahatsɔŋkɔ, alo ame subɔla.

Mesusui be ame mawo katã siwo do ŋgɔ na mí siwo tsaka kple telefoni le woƒe hamewo kple aƒewo me, le toɖom Nɔviŋutsu Branham wokatã le game ɖeka ma ke dzi la, ele be woawo hã woanye kɔmahatsɔŋkɔe. Ele be woanɔ Mawu ƒe Ɖoɖo la godo yemae. Ŋu mekpe wo o NENEMA KE MÍAWO HÃ MELE MÍAKPEM O.

Le miniti ʋea ɖewo me teti ko ne ènya ƒonu na amewo ko la, woana nànya afisi wole tsitre ɖo enumake be: Ẽ, Míezina Play. Ẽ, míesena nyaƒokawo Kɔsiɖagbe le míaƒe Hamewo alo aƒewo me. Ẽ, nyaƒoka ɖeka ma ke, le game ɖeka ma ke dzi.

Tsyo bubuwo ya gblɔa be, “Míedena sɔleme Kɔsiɖagbe ŋdi, Kɔsiɖagbe zã me, kple Kuɖagbe zã me. Pastɔ nyuie aɖe ŋutɔe le míasi; enana eme kɔna na mí ƒã hekɔna titotito be míase egɔme. Eɖena Gbedeasi la gɔme alebena mate ŋu se Egɔme. Elebe subɔsubɔdɔ nanɔ asiwò be nànye Ŋugbetɔ. Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ be miƒo nyaƒokawo le hame me o.”

Nukae gblɔm miele be enye nu vevietɔ la? Nusi gblɔm mawunyagblɔlawo lea, nusi gblɔm Nɔviŋutsu Joseph le, alo nusi gblɔm Mawu ƒe Gbea ŋutɔ le le Nyaƒoka dzie mahã? Nukae nye miaƒe Tɔɖoƒe laa? Nusi le Nyaƒoka dziea, alo nusi gblɔm ame bubu aɖe le ye mahã?

Subɔsubɔdɔ la dzeanyi, eye wòle nya la me. Míehĩawo. Gake kae nye VEVIETƆ LA, mawunyagbɔgblɔ alo Nyaƒokawo mahã?

Ne Nyaƒokawo menye nu vevietɔ le wòŋutɔ wò agbea me, le wò hame ƒe agbe me o la, ekema nane gblẽ. Èdo le Mawu ƒe Ɖoɖo Lɔlɔ̃nu Deblibotɔ la me. TRƆ GBƆ VA FLI ME.

Ne ame aɖe do go Mawu kpɔ; menye le seselelãme si wokpa wɔ, dzodzo aɖe, alo subɔsubɔ ƒe nufiafia, alo katekismo alo dzixɔse, alo nuɖoanyi aɖe si wòlɔ̃ abe a—akɔfafa aɖe na eŋutɔ o, gake ne wòva ɖo teƒe aɖe abe alesi Mose wɔe ene, le gbedadaƒo ƒe megbe, zɔ yi do go Mawu Ŋusẽkatãtɔ ŋkume kple ŋkume, eye nèkpɔ Mawu ƒe Gbe le nuƒom na wò, tututu kple Nya la kpakple gaƒoƒo la ƒe gbedeasi la, nane li si wòwɔna na wò! Mikpɔea, ŋu makpe wò le Eŋu o, Ewɔa nane na wò.

Le míaƒe ŋkeke me la, wodze kɔnu ƒe xɔmetsovɔ la. Dzo Lilikpo lae nye esi le tsitre, le Nya la ɖem ɖe go na ŋkeke sia. Mawunyenye si dzi agbetɔ ŋutilã tsyɔ. Shekina Ŋutikɔkɔe hena míaƒe egbe. Mawu le tsitre hele nuƒom le míaƒe ŋkume, agbetɔ ŋutilã tsyɔ edzi.

Nya la nɔ Mose si. Azɔ miɖo ŋku dzi, esime woɖe Nya la ɖe go vɔ megbe la, Mose gazu Mose ake. Mikpɔea? Gake esime Nya sia nɔ eme be woatsɔe ana la, enye Mawu; enyo, meganye Mose ake o. Aƒetɔ ƒe Nya na agbenɔɣi ma nɔ esi.

KRISTmas Kae nye esi mí Rebekahwo le ɖoɖo ge Kɔsiɖagbe sia. Le ŋkeke blibo la me, le game vovovowo dzi le ŋkeke la katã me. Míele míaƒe Eliezer se ge wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do go eye míele gbɔgblɔ ge na Eyama be Ŋu mele mía kpem o.

Aƒetɔ la nàna mi KRISTmas dze anyi aɖe, si yɔ fũ kple “EƑE AMEGBƆNƆNƆ.”

Nɔvi. Joseph Branham

Gbedeasi: 65-0711 Akpe Ŋu

Ŋɔŋlɔ la: Marko Kɔkɔe 8:34-38