Gbedasi: 65-0221E Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 26-0629 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 24-0630 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 22-1204 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 19-0707 Amekae Nye Melxizedek Sia?
- 17-1105 Amekae Nye Melxizedek Sia?
Agbe Mavɔ Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Amekae nye Gbe ma si le nu ƒom na mí le nyaƒokawo dzi?
Míate ŋu anya ŋuɖoɖo na biabia ma to Ɖeɖefia tso Mawu gbɔ me ko. Eƒe Ŋugbetɔ si woɖo ɖi ko si ye Ɖeɖefia ma asu. Alea, ele be míadzro Eƒe Nya me be míase amesi Wògblɔ be nye: Eƒe Nya gɔmeɖela ɖeka kolia la gɔme. Amekae aʋu Nutrenu Adreawo ahaɖe wo afia? Amekae aɖe Biblia me nya ɣaɣlawo katã afia? Amekae ayɔ Eƒe Ŋugbetɔ do go eye wòakplɔe? Ameka si ye Gbe si medana o anɔ?
Le Nya la nu la, menye ame bubu aɖekee o negbe Melxizedek, Ŋutɔ. Amesi si si fofo alo dada mele o, Amesi si ŋkekewo ƒe gɔmedzedze alo nuwuwu aɖeke menɔ o. Mawu, Ame si zu ŋutilã, eye wòɖu lã kple blibolo, no notsi, heƒo nu kple Abraham. Enye Ame si si amenyenye le, si le agbe le amegbetɔ ƒe ŋutilã me.
Nya ma ke gblɔ be Melxizedek, Ame ma, amenyenye ma, aganɔ agbe eye wòaɖe Eɖokui afia le amegbetɔ ƒe ŋutilã me abe alesi Wòwɔe na Abraham ene, emegbe ake le Yesu Kristo me; gake egbea, le Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia Nyaɖeɖefia 10:7 tɔ la me.
Eƒe Gbɔgbɔ abi anyigba dzi gbadɔ ma ale be Wòate ŋu aƒo nu aɖe Eɖokui afia Eƒe Ŋugbetɔ. Mawu Ŋutɔ le agbe hele nu ƒom le amegbetɔ ƒe ŋutilã me. Eƒe Nuku gbãtɔ si wogbugbɔ ɖo te bliboe la tsi blibo. Mawu ƒe ɖoɖo bliboa va ɖo; Mawu kple amegbetɔ nɔ Ðeka. Mawu nɔ nu ƒom tso nuyi dzi yiɖe to me na Eƒe Ŋugbetɔ abe alesi Wòwɔe na Abraham ene.
Egeɖe me henɔ agbe le ema me, le Melxizedek ƒe Ame la me, ke emegbe la míegase nya aɖeke kuɖe Melxizedek ŋu o, elabena Eva zu Yesu Kristo, Melxizedek nye Nunɔla la gake Ezu Yesu Kristo, azɔ, mieto ema ŋu, elabena le nɔnɔme ma me la Enya nuwo katã, ke miawo ya miete ŋu nya ema haɖe o.
HAƉE…!! Ekema amekae míenye?
Míaƒe ŋkuwo, míaƒe kɔkɔme, nuka kee míeɖanye o, míenɔ Eƒe susu me le gɔmedzedzea me. Hafi Mawudɔla, ɣletivi, Kerubi, alo nu bubu aɖe nanɔ anyi kpɔ. Esusui, Egblɔe, ke míawoe nye esi.
Enye seƒemanɔsitɔ. Míate ŋu se egɔme le míaƒe susuwo me o, gake Mawu ye wònye. Mawu, seƒemanɔsitɔ!
Esi míenɔ Eyama me le gɔmedzedzea me la, nukae adzɔ ɖe mía dzi ne agbe sia si kuna le anyigba dzi afisia wu eŋu?
Ne woda ŋutilã wuʋlaya sia ɖi la, kodzogbe me ŋutilã, teofania, ŋutilã aɖe si womewɔ kple asiwo o, nenema ke menye nyɔnutɔdzidzi o li, si me míayi. Ekema ŋutilã ma agbugbɔ yi aɖatsɔ ŋutikɔkɔe ŋutilã la.
Nu wɔnuku kawoe le nudzraɖoƒe me na Eƒe Ŋugbetɔ. Mikpɔ nusi le edzi yim fifia esi wòle Eƒe Nya la ɖem fia mí geɖe wu tsã la. Lɔlɔ̃gbalẽ aɖe si wòŋlɔ na Eƒe Ŋugbetɔ ƒe nya ye gblɔm mielea! Ŋkeke ka gbegbee nye si me míele.
Ɖeɖefia la le mía si eye míenya be Melxizedek, Mawu ƒe Gbe, le nu ƒom na mí le nyaƒokawo dzi. Ɖeɖefia le mía si be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu deblibo si wòna na egbea. Alea, míeNYA AMESI WÒNYE EYE MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ.
Ɖeɖefia ma le gã dom ɖe edzi wu gbesiagbe. Ŋkeke ɖesiaɖe si va yina la, hea dzidzɔ geɖe wu, Ɖeɖefia geɖe wu vɛ na mí. Ŋugbetɔ la le Eɖokui dzram ɖo to anyinɔnɔ le afisi Eƒe Gbe le me, esi Wòle amesiwo Míenye, alesi gbegbe Wòlɔ̃ Mí, alesi mele tsɔtsɔm Nɛ o be yeanɔ anyi kpli Mí gblɔm na Mí!!!
Va, dzra ɖokuiwò ɖo le ŊDƆ 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, na nusi le ɖoɖom be yeadzɔ, esi míase Melxizedek ƒe Gbe.
Nɔvi. Joseph Branham
Gbedeasi: 65-0221E “Amekae Nye Melxizedek Sia?”
Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ:
Mose I, Ta 18 lia
Mose II, 33:12-23
Yohanes Kɔkɔe 1:1
Romatɔwo 8:1
Korintotɔwo II 5:1
Tesalonikatɔwo I, 4:13-18
Timoteo Gbãtɔ 3:16 / 6:15
Hebritɔwo 7:1-3 /13:8
Nyaɖeɖefia 10:1-7 / 21:16