25-0119 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa I

Gbedasi: 61-0611 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa I


BranhamTabernacle.org

Ame Lɔlɔ̃awo Siwo Woxɔ Vi,

Vuvɔŋɔli wɔnuku kae nye si me tom míele esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le Eƒe Nya la me klẽm na Ŋugbetɔ la wu tsã ene. Nusiwo ɖewohĩ míese, xlẽ eye míesrɔ̃ nu tso wo ŋu le míaƒe agbemeŋkekewo katã me la wole nuklom le woŋu na mí fifia eye wole wo ɖem fia wu tsã ŋutɔ.

Amegbetɔ lala ƒe akpe geɖe hena ŋkeke sia tututu. Wo katã wodi vevie hedo gbe ɖa be yewoase nu siwo míekpɔna hesena la ahakpɔ wo. Nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ ŋkeke sia. Alesi wodi be yewoakpɔ Aƒetɔ la ƒe emevava kple eƒe vava.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, Petro, Yakobo, kple Yohanes, ame siwo zɔ heƒo nu Kplii gɔ̃ hã di vevie be yewoakpɔ aɖase nu ɣaɣlawo katã. Wodo gbe ɖa be Woaɖee afia eye waaɖee ɖe go le woƒe ŋkekea me, le woƒe ɣeyiɣi me.

Le Hamea ƒe Agbenɔɣi Adreawo katã me la, dɔla ɖesiaɖe, Paulo, Martin, kple Luther, di be yewoanya nyaɣaɣla siwo katã woɣla la. Woƒe didie nye be yewoakpɔ Nya la me vava le yewoƒe agbenɔɣi me. Wodi be yewoakpɔ Aƒetɔ la ƒe vava.

Ðoɖo aɖe nɔ Mawu si. Ɣeyiɣi aɖe nɔ Mawu si. Dukɔ aɖe nɔ Mawu si Wònɔ lalam…MÍAWOE. Le agbenɔɣiawo me ʋuuu la, wo katã da ƒu. Gake Enya, to Eƒe nunyaɖi me be, dukɔ aɖe anɔ anyi: Eƒe ŋutikɔkɔe, Nya Ŋugbetɔ si de blibo. WOMAƉEDI LE ƑO NƐ O. Womawɔ ƒoƒose LE NYA ƉEKA ŊU o. Woanye Eƒe Nya Ŋugbetɔ ɖetugbui leaƒe dzadzɛ.

Ɣeyiɣia lae nye esi. Azãgbe lae nye esi. Míawoe nye ametiatia siwo wòlala tso esime Adam dze anyi eye wògblẽ eƒe dzena ɖi. MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ.

Mawu tsɔ nu siwo katã ava dzɔ la ƒe ŋgɔdonya fia Yohanes, gake menya gɔmeseseawo katã o. Esi woyɔe va dzi la, ekpɔ agbalẽ aɖe si me woŋlɔ ɖo le Amesi bɔbɔ nɔ Fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusi me, eye wotrenu kple nutrenu adre, gake ame aɖeke meli si dze be wòaʋu agbalẽa o.

Yohanes do ɣli hefa avi vevie esi nusianu bu, mɔkpɔkpɔ aɖeke megali o. Ke woakafu Yehowa, amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena, “Mègafa avi o, elabena kpɔ ɖa, Yuda to la me Dzata, Dawid ƒe Ke, Eɖu dzi be yeaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa”.

Ɣeyiɣi lae nye ema. Azãgbe lae nye ema. Amesi
Mawu tia be wòaŋlɔ nusiwo katã wòkpɔ lae ma. Gake kokoko la, Eƒe gɔmesesea katã menɔ nyanyame o.

Mawu nɔ lalam henɔ lalam kpɔ Eƒe nugo tiatia, Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia, be wòava anyigba dzi, ale be wòate ŋu azã eƒe gbe wòanye Yeƒe Gbe, na Yeƒe Ŋugbetɔ. Edi be yeaƒo nu tso nuyi dzi yiɖe to me ale be NUGƆMEMASESE AƉEKE nanɔ anyi o. Eya Ŋutɔ, di be yeaƒo nu eye yeaɖe yeƒe nyaɣaɣlawo katã afia Yeƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a, si woɖo ɖi do ŋgɔ, deblibo, lɔlɔ̃tɔ…MÍAWO!!

Alegbegbe Wòdi vevie be yeagblɔ nu wɔnuku siawo katã na mí. Abe alesi ŋutsu gblɔna na srɔ̃a be yelɔ̃e zi gbɔ zi geɖe, eye ɖeɖi metea eŋu le esese me gbeɖe o ene la, elɔ̃a gbɔgblɔ na mí zi gbɔ zi geɖe be yelɔ̃ mí, tia mí, yelala mí, eye azɔ la yegbɔna na mí.

Enya alesi míadi be míase Ye yeagblɔe zi gbɔ zi geɖe, eyata Ena wolé Eƒe Gbe ɖe mɔ̃ dzi, ale be Eƒe Ŋugbetɔ ate ŋu ‘Azi Play’ dzi ŋkeke bliboa, gbesiagbe, eye wòase Eƒe Nya la wòayɔ woƒe dziwo me fũ.

Eƒe Ŋugbetɔ lɔlɔ̃a dzra Eɖokui ɖo to Eƒe Nya la ɖuɖu me. Mímaɖo to nu bubu aɖeke o, Eƒe Gbe koe. Eƒe Nya Dzadzɛ si wona mí la koe míate ŋu aɖu.

Míele mɔkpɔkpɔ gã aɖe te. Míele Esem le míaƒe luʋɔwo me. Egbɔna. Míele srɔ̃ɖehagbewo sem wole ɖiɖim. Ŋugbetɔa le dzadzram ɖo be yeaɖi to agbaka me. Ame sia ame le tsi tre, Ŋugbetɔ la gbɔna be yeanɔ yeƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ gbɔ. Wodzra nusianu ɖo. Ɣeyiɣia de.

Ame aɖeke melɔ̃a mí abe eya ene o. Ame aɖeke melɔ̃ Nɛ abe miawo ene o. Míele Ɖeka zu ge kple Eyama, kple amesiwo katã míelɔ̃, le mavɔmavɔ me.

Míele wòkpem be nàva dzra ɖokuiwò ɖo na srɔ̃ɖeɖea kpli mí Kwasiɖagbe le ƔETRƆ ga12, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele Mawu ƒe Gbe se ge wòaɖe Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa I 61-0611 la fia mí.

Nɔvi. Joseph Branham