Gbedasi: 60-1211E Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
- 24-1208 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
- 23-0618 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
- 20-1227 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
- Hɔ̃wo Le Ƒuƒom Ɖedu
- 19-0310 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
- 16-0410 Laodikea Hame Ƒe Agbenɔɣi La
Ame Tiatia Lɔlɔ̃tɔwo,
Kpɔɖa, Mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom: ne amea ɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, Mage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu Kplim.
Subɔsubɔdɔ, miʋu miaƒe ʋɔtruwo na Mawu ƒe dɔla hafi gbada nava yi. Migbugbɔ Mawu ƒe Gbe la de miaƒe nyagblɔtiwo dzi to nyaƒokawo ƒoƒo me. Enye Mawu ƒe Gbe ɖeka kolia si dzi woɖo kpe na míaƒe ŋkeke la kple Nya siwo medana ƒu o. Enye Gbe ɖeka kolia kple Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi. Enye Gbe ɖeka kolia si Ŋugbetɔa katã ate ŋu agblɔ AMEN na.
Agbenɔɣi gãtɔ kekeake le ɣeyiɣiawo katã me yenye esi. Yesu le Eɖokui ŋu ɖɔm na mí esime Eƒe amenuveve ŋkekewo le nuwum. Ɣeyiɣia va ɖo nuwuwu. Eɖe Eƒe dzesidedewo fiam mí le agbenɔɣi mamlɛ sia me. Ena míekpɔ Eya ŋutɔ ƒe Mawunyenye gã kekeake kple amenuvevetɔ la zi mamlɛtɔ. Agbenɔɣi siae nye Eya ŋutɔ ƒe ɖeɖefia ƒe tamekpe la.
Mawu va le Laodikea ƒe agbenɔɣi sia me eye wòƒo nu to amegbetɔ ƒe ŋutilã dzi. Wolé Eƒe Gbe ɖe mɔ̃ dzi eye wodzrae ɖo be wòakplɔ Eƒe Nya Ŋugbetɔ la ahade blibo. Ðeko Gbe bubu aɖeke mateŋu awɔ Eƒe Ŋugbetɔ wòade blibo o negbe Eya Ŋutɔ ƒe Gbe ko.
Le agbenɔɣi mamlɛtɔ sia me la, wotsɔ Eƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi la da ɖe akpa; woɖee do goe le hameawo me. Ðeko womedi be yewoaƒo nyaƒokawo o. Eyata Mawu gblɔ be, “Mele tsitre tsi ge ɖe miakatã miaŋu. Matu wò aƒu gbe tso Nye nu me. Nuwuwu lae nye esi.”
“Le agbenɔɣi adreawo katã me la, nyemekpɔ naneke o negbe ame siwo dea bubu woawo ŋutɔ ƒe nya ŋu wu Tɔnye ko. Eyata le agbenɔɣi sia ƒe nuwuwu la, mele miatsɔ ge aƒu gbe tso Nye nu me. Ekpan. Mele nu ƒo ge nyuie. Ẽ, mele afisia le Hame la titina. Mawu ƒe Amen, nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ aɖe Eɖokui afia eye anye NYE NYAGBLƆƉILA.”
Abe alesi wònɔ tsã ene la, wole du dzi vavã be yewoawɔ abe alesi wo tɔgbuiwo wɔe le Axab ŋɔli ene. Wonɔ alafa ene eye wo katã woda asi ɖe edzi; eye to wo katã ƒe nya ɖeka gbɔgblɔ me la, woble amewo. Gake nyagblɔɖila ÐEKA, ÐEKA KO, tɔ dzɔ eye susɔeawo katã mesɔ o elabena Mawu tsɔ ɖeɖefia la de asi na ame ÐEKA KO.
Esia menye gbɔgblɔm mele be subɔsubɔdɔwo katã nye alakpa eye wole amewo blem o. Eye nyemele gbɔgblɔm hã be ame si si yɔyɔ le be wòasubɔla mate ŋu aɖe gbeƒã alo afia nu o. Mele gbɔgblɔm be subɔsubɔdɔ atɔ̃ vavãtɔa la atsɔ NYAƑOKAWO, Mawu ƒe Gbe na Ŋugbetɔa la, aɖo Gbe vevitɔ kekeake si WÒLE BE MIASE. Gbe si le nyaƒokawo dzi lae nye Gbe ÐEKA si dzi Mawu ŋutɔ ɖo kpe be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi.
Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu, elabena amegãxi nyanyrãwo wonye.
Aleke miawɔ anya mɔ nyuitɔ si dzi miato egbea la kple kakaɖedzi? Mamã aɖe tɔgbe le xɔsetɔwo dome. Hatsotso ɖeka gblɔ be subɔsubɔdɔ atɔ̃a la ana Ŋugbetɔa ade blibo, eye bubu gblɔ be Mizi Play ko. Mele be míama o; ele be míawɔ ɖeka abe ŊUGBETƆ ÐEKA ene. Nukae nye ŋuɖoɖo nyuitɔ?
Mina míaʋu miaƒe dziwo ɖe du eye míase nya si Mawu le gbɔgblɔm to Eƒe nyagblɔɖila dzi na Ŋugbetɔ la. Elabena mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be Nɔviŋutsu Branham nye Eƒe dɔla adrelia.
Le amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko nu la, ame sia ame nya be afisi ame geɖe le la, nukpɔsusu kukluklui gɔ̃ hã nɔa nufiafia gã aɖe ƒe nya suesuesue siwo wokatã wolé ɖe asi ŋu. Ekema ameka si ŋusẽ si medana ƒu o si woagbugbɔ aɖo te le agbenɔɣi mamlɛ sia me anɔ, elabena esia atrɔ ayi Nya Dzadzɛ Ŋugbetɔ la ɖeɖeɖego na agbenɔɣi mamlea gbɔ? Ema gɔmee nye be Nya la agasu mía si ake abe alesi wotsɔe na bliboe, eye wose egɔme bliboe le Paulo ƒe ŋkekeawo me. Magblɔ amesi si wòanɔ na mi. Anye nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe bliboe, alo esi dzi woɖo kpe bliboe wu nyagblɔɖila ɖesiaɖe le agbenɔɣiawo katã me tso Henox dzi vaseɖe egbe gɔ hã, elabena ahiã be nyagblɔɖisubɔsubɔdɔ si nye tamekpetɔ la nanɔ ame sia si, eye Mawu aɖee afia. Mahiã be wòaƒo nu na eɖokui o, Mawu aƒo nu ɖe eta to dzesi la ƒe gbe dzi. Amen.
Alea, Gbedeasi sia si Eƒe gbedeasitsɔla ɖe gblɔ la, wotsɔe na bliboe, eye wose egɔme bliboe.
Nukae Mawu gagblɔ tso Eƒe dɔla adrelia kple eƒe Gbedeasia ŋu? dɔla adrelia kple eƒe Gbedeasia ŋu?
• Mawu gbɔ koe wòasenu tso.
• “Ale Aƒetɔ la gblɔ esi” anɔ esi eye wòaƒo nu ɖe Mawu nu.
• Anye Mawu ƒe nuƒola.
• EYA, ABE ALESI WOÐE GBLƆ LE MALEAXI 4:6 ME ENE LA, ATRƆ ÐEVIWO ƑE DZIWO ATRƆ AÐE FOFOWO ŊU..
• Agbugbɔ he ŋkeke mamlɛa ƒe ametiatiawo la vɛ eye woase nyagblɔɖila aɖe si dzi woɖo kpe la wòagblɔ nyateƒea tututu abe alesi wònɔ kple Paulo ene.
• Agbugbɔ nyateƒea aɖo te abe alesi wònɔ wo si ene.
Ke emegbea ɖe nya kae Wògblɔ tso mía ŋu?
Eye amesiwo wotia kplii le ŋkeke ma dzi la woanye amesiwo aɖe Aƒetɔ la ɖe go vavã eye woanye Eƒe Ŋutilã kple woanye Eƒe gbe eye woawɔ Eƒe dɔwɔwɔwo. Aleluya! Ɖee miekpɔea?
Ne ɖikeke aɖe gakpɔtɔ le miame la, mibia Mawu to Eƒe Gbɔgbɔ me be wòayɔ mi fũ eye wòakplɔ mi, elabena Nya la gblɔ be, “ WOMATEŊU AFLU AME TIATIAWO ŊUTƆ KƆŊ O ”. Ame aɖeke meli si ate ŋu aflu mi nenye be mienye Ŋugbetɔ la o.
Esi Metodistetɔwo da ƒu la, Mawu fɔ ame bubuwo ɖe tsitre eye ale wòyi edzi le ƒeawo me vaseɖe esime le ŋkeke mamlɛ sia me la, dukɔ bubu aɖe gava le anyigba dzi, amesiwo le woƒe gbedeasitsɔla te la woanye gbe mamlɛtɔ na agbenɔɣi mamlɛtɔ.
Ẽ amegã. Hame la meganye Mawu ƒe “nuƒola” o. Ezu eya ŋutɔ ƒe nuƒola. Eyata Mawu le tɔtrɔm ɖe eŋu. Ato nyagblɔɖila la kple ŋugbetɔ la dzi atɔtɔe, elabena Mawu ƒe gbe anɔ eme. Ẽ ele nenema, elabena egblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe ta mamlɛa kpuikpui 17 me be, “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la gblɔ bena: Va.” Zi ɖeka ake la xexeame agase nu tso Mawu gbɔ tẽ abe alesi wònɔ le Pentekoste dzi ene; gake ẽ ɖe, woagbe Nya Ŋugbetɔ ma abe alesi wònɔ le agbenɔɣi gbãtɔa me ene.
Gbe le Ŋugbetɔa si, gake nusi le nyaƒokawo dzi koe wòagblɔ. Elabena Gbe ma TSO MAWU GBƆ TẼ, eyata mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o le esime wotsɔe na bliboe eye wose egɔme bliboe ta.
Va wɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míase Gbe ma wòaɖe: Laodikea Hame La Ƒe Agbenɔɣi La 60-1211E fia mí.
Nɔvi. Joseph Branham