24-1201 Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo

Gbedasi: 60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo


BranhamTabernacle.org

Ŋdi Na Mi Xɔ̃wo,

Ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ le xexeame ƒe ŋutinya me si me Kristo ƒe Ŋugbetɔ si tso xexeame ƒe akpa vovovowo ate ŋu awɔ ɖeka ɖe du le ɖekawɔwɔ me abe esia ene, esime gbeɖiɖi aɖe tso Dziƒo, Mawu ƒe Gbe ŋutɔ, te ŋu va ge ɖe eme adãtɔe o.

Ŋɔŋlɔawo le eme vam. Enye ɖekawɔwɔ Nuku ƒe ɣeyiɣi la ƒe dzesi. Kristo ƒe Ŋugbetɔ ƒe ɖekawɔwɔ makpɔmakpɔ la le edzi yim esi míenɔ anyi ɖe Vi la ŋkume, le tsitsim, le Eɖokui dzram ɖo to Mawu ƒe Gbe ŋutɔ sese me.

Wole míawɔm blibo to Eƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃a dzi.

Ame nenie xɔe se be dzimetɔtrɔ aɖeke mele nunanawo kple yɔyɔwo me o? Biblia gblɔ be nunana atɔ̃ le hamea me. Mawu ɖo Apostolowo, alo dɔgbedelawo, apostolowo, nyagblɔɖilawo, nufialawo, nyanyuigblɔlawo, kplɔlawo ɖe hamea me.

  • Mawunyagblɔla: Maɖi ɖe mɔadzi. Ame aɖe agblɔ be, “Mawunyagblɔlae nènyea?” Magblɔ be, “Ẽ amegã. Oo, ẽ, mawunyagblɔlae menye.”
  • Nufiala: Ke azɔ nusita nyemetsɔe yi ɖaɖe gbeƒã ŋdi sia gbeɖe o, enye be, mesusu be, le nufiafia me la, míase egɔme nyuie wu be míatsɔ mawunyakpukpui aɖe ko adzo le edzi. Ðeko míafiae.
  • Apostolo: Nya “dɔgbedela” gɔmee nye “ame si wodɔ.” “Apostolo” gɔmee nye “ame si wodɔ.” Dɔgbedela nye apostolo. Me—me, dɔgbedela menye, abe alesi mienya ene la, mewɔa nyanyuigbɔgblɔdɔ, dɔgbededɔ, abe zi adre ene le ƒugodo, le xexeame godoo.
  • Nyagblɔɖila: Èxɔ dzinye se be Mawu ƒe nyagblɔɖilae menyea? Ekema yi ɖawɔ nu si megblɔ na wò be nàwɔ.
  • Kplɔla: Mienya nusi mewɔ na mia? Mieyɔam be miaƒe kplɔla, ke miegblɔnɛ nyuie, elabena eyae menye.

Eye mekpɔ ame miliɔn mawo le tsitre ɖe afima, megblɔ be, “Branham wokatã nyea?” Egblɔ be, “Kpao.” Egblɔ be, “Wò dzimetrɔlawoe wonye.” Eye megblɔ be, nye—megblɔ be, “Medi be makpɔ Yesu.” Egblɔ be, “Menye haɖe o. Awɔ ɣeyiɣi aɖe hafi Wòva haɖe. Gake Ava gbɔwò gbã eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò to Nya si nèɖe gbeƒãe la dzi,

Emegbe mí katã míado míaƒe asiwo ɖe dzi agblɔ be, “Ema dzie míele dzudzɔm ɖo!”

Nane le dzadzram ɖo be wòadzɔ. Nukae le dzɔdzɔm? Ame kuku siwo le Kristo me la dze tsitretsitsi gɔme ƒo xlãm godoo. Mele sesem le ɖokuinye me be tɔtrɔ aɖe va le nye ŋutilã me. Nye ɖa ɣi, edzo. Kpɔ nye mo ɖa…nye ayilele katã bu. Nye vevesesewo kple teƒeɖuɖuwo….WODZO. Nye blanuiléle ƒe seselelãme nu yi enumake. Wotrɔm le ɣeyiɣi kpui aɖe me, le aɖabaƒoƒo me.

Emegbe míadze ŋkutsatsa ɖe mía ŋu ƒo xlã eye míakpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Oo míatɔwo, Dada kple Papa woema… Ŋutikɔkɔe, vinyeŋutsuvi…vinyenyɔnuvi. Tɔgbuinye, Mamanye, oo, mi ame evea siaa dzrom vevie. Eeh…nye zɔhɛ xoxoa lae ma. Oo MIKPƆ, Nɔviŋutsu Branham, míaƒe nyagblɔɖila ɖa, Aleluya!! Ekpan vɔ. Ele dzɔdzɔm!

Emegbe ɖe du la, kasia la, woakɔ mí adzoe ɖaa le yamenutome le anyigba ta me. Míado go Aƒetɔ la le Eƒe mɔ dzi esime wòaɖi gbɔna. Míanɔ tsitre ɖe afima kplii le anyigba sia ƒe klobototowo dzi eye míadzi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe hadzidziwo. Míadzi ha eye míakafu Eyama ɖe Eƒe amenuveve xɔname si Wòna mí ta.

Nusiwo katã wodzra ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ɣeyiɣi kae nye me to ge míala le mavɔmavɔ me kple mía nɔewo, kple mía Aƒetɔ Yesu. Amesiwo ŋu ku le mate ŋu aɖe alesi míesena le mía ɖokui me le míaƒe dziwo me afia o, Aƒetɔ.

Ne èdi be yease Eyama wòayɔ wò be Eƒe Ŋugbetɔ, eye wòagblɔ alesi wòanɔ Kplii na wò la, va wɔ ɖeka kpli mí le Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, eye woayra wò agbɔ eme.

Nɔvi. Joseph Branham

60-1211M Ɖetugbui Ewoawo, Kple Yudatɔ Akpe Alafa Ɖeka Kple Bla Ene Vɔ Eneawo