Gbedasi: 61-0730E Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ
- 26-1129 Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ
- 25-0209 Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ
- 16-1125 Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ
Amemalɔ̃nugbɔ Lɔlɔ̃tɔwo,
Nu gã geɖewo alegbegbe le dzɔdzɔm hele nudzraɖoƒe me na mí. Mawu le Eƒe Nya ɖem fia mí hele enam Wòle eme vam gbesiagbe. Míele kekem ɖe ɣeyiɣi si me míele dzi lia ge nu, eye míele míaɖokuiwo dzram ɖo. Míewu míaƒe mowo ɖo ɖe Mawu gbɔ to gbedodoɖawo kple kokoƒoƒowo me, eye Wòle gaƒoƒo si me míele la ɖem fia mí. Game la yi boo; Egbɔna na mí, Eƒe Amemalɔ̃nugbɔ Ŋugbetɔ la.
Gake gbã la, Mawu do ɣli sesĩe to Eƒe dɔla dzi be wòana toklã Yetɔwo be elebe woaɖo to Ye.
“ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI, Mawu mawɔ dɔ kple Eƒe Hame o sẽ ɖe esime Wòatrɔ gbɔ va eƒe denyigba dzi, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la gbɔ. Mitrɔ gbɔ va gɔmedzenua gbɔ.
Ɖeke melɔ̃ esia. Ne mese nyagblɔdila ɖe tsi tre kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI, nɔviŋutsu, eyae ma. Na nye la, Nya la vɔ. Eya katã koe kuɖe eŋu.
Oo, alegbegbe míawo hã míelɔ̃a ema. Nya ma vɔ na mí. Míele wɔwɔm tututu abe alesi Wòna mí tutuɖo be míawɔ ene. Le nyateƒe me la, míedzo ɖa le Eƒe gɔmedzedze ƒe Nya gbɔ kpɔ o, míenɔ anyi kple MAWU ƑE GBE LE NYAƑOKAWO DZI ɣesiaɣi, elabena Enye ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI!!
Ɖewomãhi nutete masu míasi be míase nusiwo katã wogblɔ kple ɖe fia mí la gɔme o, gake nu ɖeka míenya ye nye be, míexɔ Nya ɖe sia ɖe si le nyaƒokawo dzi se. Emae nye dzidzeti vavã si naa wodzea si mi be mienye Eƒe Ŋugbetɔ la.
Míawoe nye ame ƒe hatsotso ma si nyagblɔɖila kpɔ le Ɣeyiɣi ƒe Xɔmetsovɔ la Godo.
Míaƒe Gbewoe nɔ ɣli dom sesĩe be, “Míele dzudzɔm ɖe Nya ɖe sia ɖe si nègblɔ dzi.”
Míele didim vevie hele gbedom ɖa kple míaƒe ŋkuwo ɖo ɖe Dziƒo, le ŋu dzɔ na Eƒe Vava.
Tututu ko abe Daniel ene la, Ese míaƒe gbedodoɖawo heɖi va be yeaɖe nusi wòɖo ɖi na Yudatɔwo kple Yerusalem, gɔ hã sẽ ɖe nuwuwuɣi ƒe nuwuwu; nu blibo la. Egblɔ na Daniel be, “Tu nu ɖe Nyawo nu eye nàtre Agbalẽ la nu vaseɖe nuwuwuɣi.”
Nuwuwuɣi ŋkeke lae nye fifia. Míeva ɖo. Míenye Eƒe Ŋugbetɔ Amemalɔ̃ŋugbɔ Si lalam Wònɔ. Hame ƒe Agbenɔɣi mamlea yenye esi. Gbedeasi la kple gbedeasitsɔla wole Ɖeka eye wole NUWO KATÃ ɖem fia. Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia vavã, si nu wotre vasẽ ɖe ɣeyiɣi sia la, WOKLO NU LE DZI AZƆ.
Menye Ame etɔ̃lia o, menye Ame evelia o, menye Ame etɔ̃lia o, ke boŋ Mawu ƒe Amenyenye la. Mawu ƒe nyaɣaɣla mamle siawo katã la woaɖe wo ɖe go, elabena woŋlɔe ɖe afisia le Agbalẽ sia me, eye woaɖee ɖe go na nuwuwuɣi ƒe dzidzime la.
Wole Mawu ƒe Nya ɖem fia wu tsã be woade Hamea ɖoɖo me na Kɔkɔdzoe kple Aƒe yiyi!! Ele be Hame la NATRƆ YI ƉE NYAƑOKAWO GBƆ. Mitrɔ gbɔ va denyigba la dzi, gɔmedzedze la gbɔ. MITRƆ GBƆ VA GAƑOƑO LA ƑE GBEDEASI GBƆ, GBƆ VA GƆMEDZEDZE ƑE GBE SI YƆ MI LA GBƆ. MITRƆ GBƆ VA ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI LA GBƆ.
Kɔsiɖagbe sia, gblɔ na wò pastɔ be, “Nà míase Mawu ƒe gɔmedzedze ƒe Gbe la na egbe. Mawu ƒe Gbe tia be yeaƒo nu le Yeɖokuisi. Gbe si akplɔ mí yi ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkume ne Wòva la. Gbe ɖeka si Mawu Ŋutɔ gblɔ be, Menye Mawu ƒe Gbe na Mi.”
Gbe aɖeke mate ŋu LOLO WU Gbe ma o. Gbe aɖe si mía katã míate ŋu gblɔ AMEN ɖe Nya ɖe sia ɖe dzi le.
Miawoe zɔ̃ be miawɔ ɖeka kple Ŋugbetɔ la ƒe akpa aɖe le xexeame godoo esime Mawu aƒo nu eye wòaɖe Eƒe Vava la ƒe game tututu la afia. Anye amisisi gãtɔ Kekeake si miese kpɔ o.
Míaƒoƒu le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, be míase: 61-0730E- “Taɖodzinu Adẽ-ƒoƒu Siwo Ta Gabriel Va Daniel Gbɔ”
Nɔvi. Joseph Branham