Egbe Ƒe Numegbe
March 7, 2026
Kutrikuku 62-0218
Àgblɔ be, “enyo, Nɔviŋutsu Branham, ɖɔkita gblɔ nam be mele kukum. Kaŋsa le ŋunye.” Ate ŋu anye nenema. Ame la le nusi katã wònya wɔwɔ la gblɔm na wò. Gake, nu ɖeka si wòate ŋu awɔ la, nyanyananu atɔ̃woe le eyama si be wòatsɔ awɔ dɔ, eve wòate ŋu azã le wo dome. Nukae wònye. Nyanyananu ɖeka nye asikaka nu ŋu, teƒe evelia nye—nye nukpɔkpɔ. Nukpɔkpɔ kple asikaka nu ŋu, ate ŋu aka asi nane ŋu, alo ekpɔa nane to x-ray foto aɖe me. Nusi katã le ame la si wòatsɔ awɔ dɔ lae ma. Nusi katã wònya ye ma, gake ele etɔ sinu si wòate ŋu wɔ la wɔm. Gake mègakpɔ ema dzi o, èle eƒe seƒe ɖom. Kpɔ dzigbe le afisia nusi Esia do ŋugbe dzi. Àgblɔ be, “Aleke woate ŋu awɔe?” Mawu ye gblɔe nenema. Ema ɖɔe ɖo esime Mawu gblɔe. Ema ɖɔe ɖo, woɖɔe ɖo Mavɔmavɔtɔe ɖaa le Dziƒo, Eƒe Nya ye. Ke Eƒe Nyawo zu ŋutilã, eye Enye ŋutilã egbea le miame, ne miaɖe mɔ Nɛ wòazu ŋutilã. “Ne miele Menye eye Nye Nyawo le miame la, ekema nusi dim miele eye woawɔe,” Yohanes Kɔkɔe 15. Mikpɔea, míele didim ko be míaɖe mɔ be Nya mawo nati eme le afisia. Mixɔe se, nyateƒe lae. Nuku ye wònye, eye a—ana nusiwo katã ƒe ŋugbe Wòdo nava me.
Gbesiagbebolo
Ne miebia nane to nye ŋkɔ dzi ko la, mawɔe na mi.
Yohanes : 14 : 14