Egbe Ƒe Numegbe / Gbesiagbebolo

24-0926

24-0925

24-0922

24-0921

Miyii Ɖagblɔ Na Nye Nusrɔ̃lawo 53-0405S

Ŋdi kanya wònye. Wodzra Eƒe ŋutilã ɖo ɖe anyigba me, le Sabat dzi, si nye kɔnu be womewɔa naneke le Sabat ŋkekea dzi o. Ke Eku le fiɖa ɣetrɔ, le ga etɔ̃ me, eye wòfɔ ɖe tsitre kaba le Kwasiɖagbe ŋdi kanya.

Azɔ medi be makpɔ biabia sia gbɔ, esime miele afisia ŋdi sia le ɣedzeƒe takpekpe sia me. Ame geɖewo gblɔna be, “Aleke wòdzɔe be Egblɔ be yeamlɔ anyi…Enɔ yɔdo me, ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃?” Megblɔ kpɔ be Yeawɔ ema o.

Egblɔ be, “Le ŋkeke etɔ̃ siawo me la, mafɔ Nye ŋutilã ɖe tsitre.” Mikpɔea? Azɔ, susu si ta Wòwɔ nenema enye be Dawid gblɔ, le teƒe ɖeka le Ŋɔŋlɔ la me be, “Nyemagblẽ Eƒe luʋɔ ɖe dzota me o, eye nyemaɖe mɔ na Nye Kɔkɔetɔ la be wòakpɔ gbegblẽ o.” Eye Enya be gbegblẽ gena ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me le gaƒoƒo blaadre vɔ eve, ŋkeke etɔ̃ kple zã megbe. Eye ɣeaɖeɣi le ŋkeke etɔ̃ kple zã ma me la, Mawu le Efɔ ge ɖe tsitre. Eyata Eku le Fiɖa ɣetrɔ me le ga etɔ̃ me, eye wòfɔ ɖe tsitre le Kwasiɖagbe ŋdi kanya.

Gbesiagbebolo

Elabena màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o. Psalmowo 16:10

24-0920

Ele Be Woagbugbɔ Wò Gadzi
61-1231M

Azɔ, mi amesiwo ƒoa nu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe xɔxɔ ŋu la kple alesi wòle be woalala didi ŋutɔ la, yee ma. Vaseɖe esi Mawu xɔ vɔsasa ma, vaseɖe esi wotsɔe mlɔ̃ Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi le afima, vaseɖe esi Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la le nyateƒe me nawu wò nyanyananuwo! Àte ŋu agblɔ be, “Enyo, mele axa yeye ʋum.” Ema menye ye o. “Enyo, menya be meyɔa siga, madzudzɔ sigayɔyɔ.” Ema kokoko la menye ye o. Vaseɖe esi Mawu xɔ vɔsasa ma le Eƒe akɔbli vɔsamlekpui dzi, Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃e nye vɔsamlekpui. Nukae nye Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃? Ku. Eyae nye tohehe la.

“Luʋɔ si wɔ nuvɔ̃ la,” wòkpɔtɔ le esia me la, “aku.” Nyemetsɔ ɖe le me na nusi nèwɔ o.

Yesu gblɔ bena, “Ame geɖewo lava Gbɔnye le ŋkeke ma dzi, eye woagblɔ bena, ‘Aƒetɔ, ɖe nyemewɔ esia kple ekemɛ oa?’ Egblɔ bena, ‘Mite ɖa le Gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔwɔlawo.’” Mikpɔea?

Ne woxɔ vɔsasa ma to dzo me, eye wòyi nenema, kple dzudzɔ si tu lia yi dzi la, agafɔ kple wò vɔsasa si lia yi dziƒo ʋii, ekema wotre nuwò tso xexeme nuwo gbɔ le ɣemaɣi. Míaƒe luʋɔwo le Eƒe vɔsamlekpui la dzi.

Gbesiagbebolo

Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi. Yohanes 6:27

24-0919

Le Eƒe Ŋku Me
62-0909E

Mikpɔ gbolo sue ma ɖa gbemagbe le afima le Samaria, nyɔnu ma. Nyɔnu ma nɔ nɔnɔme vlo aɖe me le susu me kple ŋutilã me. Míenya nenema. Gake kasia wòkpɔ Mesia, ƒe dzesi ma va me ko la, egblɔ be, “Míenya bena Mesia gbɔna ava wɔ esia. Ele be Nànye Eƒe nyagblɔɖila.”

Egblɔ be, “Nyee nye Mesia ma si woŋlɔ ɖi be ava.”

Ede dze sii. Megabia nyabiase bubu ɖeka hã o. Edze mɔ kaba yina kple dɔkpɔameŋkume, be yeanya bena ne ye kpɔ esia heva Mawu ƒe Ŋku me la, dɔ kpɔ ye ƒe ŋku me be yeaƒo nu tso eŋuti na ame bubu aɖe. Aleluya! Nyateƒee. Ame ɖesiaɖe si va Mawu ƒe Ŋku me la dɔ kpɔ eŋku me le Mawu ŋku me, tso minuti ma dzi, be wòagblɔe na ame bubu. Mikpɔ Abraham ɖa, mikpɔ Mose ɖa, mikpɔ Petro ɖa, mikpɔ Paulo ɖa. Ɣeyiɣi si me wova Mawu ƒe Ŋku me la, wode dze sii wo ɖokuiwo “nuvɔ̃wɔlawoe,” eye wotre woƒe ɖaseɖiɖi la nu kple woƒe agbe. Mikpɔ aƒenɔvi sue la ɖa, magate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi o, eyi ɖe dua me ɖagblɔe na amewo bena, “Miva, kpɔ Ŋutsua ɖe ɖa si gblɔ nusiwo mewɔ la nam. Ɖe menye Mesia lae oa?” Womete ŋu gbe Esia o, elabena Ele Ŋɔŋlɔa nu. Kakaɖedzitɔe. Ẽ, edze be woawɔe, amea ɖe, ne míexɔ dɔkpɔameŋkume be míagblɔe na ame bubuwo abe alesi Mose wɔe, abe alesi Petro wɔe, abe alesi Paulo wɔe. Le nusiawo megbe la, miekpɔ Esia eye míeva Eƒe Ŋku me, dɔ kpɔ ŋkuwò me na Gbedeasi la be nàtsɔe yii na ame bubu. Màte ŋu anɔ anyi kpoo Kplii o. Ele na wò be nàtsɔe yii na ame bubu.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo katã. Marko 16:15

24-0918

24-0917

Mɔ Si Dzi Nàto Akpɔ Kadede 55-1009

Ŋutete eve koe li siwo ɖua amegbetɔ dzi, eye wo dometɔ ɖekae nye—nye xɔse, si hea emetsonuwo vɛ; eye eveliae nye vɔvɔ̃, si ŋu asixɔxɔ aɖeke mele kura o. Xɔse tso Mawu gbɔ. Vɔvɔ̃ tso abosam gbɔ. Vɔvɔ̃ nana nu tea ŋuwò; vɔvɔ̃ nana be nèbiaa nya ɖokuiwò se. Ke ne maku le ŋdi me ɖe, nyuie kae wòawɔ nam be matsaka keŋkeŋ le eŋu? Ke ne elektrikŋusẽ aƒom le ŋdi me, eye wòhiã be nye agbe nawu enu etsɔ ŋdi ya ɖe, nyuie kae esia awɔ nam be matsi dzi ɖe eŋu?
“Enyo,” miegblɔa be nyuie kae wòawɔ be xɔse nanɔ ame si?” Xɔse ate ŋu ade asi nye tsɔtsɔke ƒe agbalẽ te, kakaɖedzitɔe; asixɔxɔ le xɔse ŋu. Nu megate ŋuwò o; mègavɔ̃ o; mègatɔtɔ o; xɔse nenɔ asiwò eye xɔe se ko. Eye mɔ ɖeka kolia si dzi nàto axɔ xɔse la, ele be lɔlɔ̃ nanɔ asiwò gbã, elabena lɔlɔ̃ dzia xɔse. Elabena lɔlɔ̃ deblibo la…Mise egɔme. Lɔlɔ̃ deblibo nyaa vɔvɔ̃ ɖesiaɖe ɖa.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.
Mateo 8:26

24-0916

Ðasefowo 53-0405E

Mebui be, zã bliboa katã la, gbedodoɖa ƒe takpekpe aɖe nɔ edzi yim. Minya, ne dodokpɔ aɖe gbɔna na mi…

Eyae nye esi. Emae nye kuxi la kple hame la egbea; mieɖoa ŋu ɖe miaŋutɔ ƒe nyanyananuwo kple ŋutete ŋu, le esi wòle be miatsɔe ana Aƒetɔ la le gbedodoɖa me. Ele eteƒe. Egbea míadze ame aɖe ɖoɖo ɖe afi aɖe, enyo, miegblɔa be, míaɖi aɖo aɖaŋu vie, eye míado go agblɔ be, “Ele be míawɔ esia, alo ayi afisia, alo awɔ ema.”

Gake Biblia la, le ŋkeke siwo do ŋgɔ na apostolowo ɖoɖo ɖa me la, wokpena ɖekae hetsia nu dɔ hedoa gbe ɖa. Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “Miɖe Paulo kple Barnaba ɖa ga Nam.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la! Mide dzesii, ke menye amegbetɔ ƒe nukpɔsusu o; ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe amekpɔkplɔ, mɔfiafia. Amen. Mide dzesi.

Azɔ, gbedodoɖa ƒe takpekpe, zã bliboa katã, ke ele be woaɖe bo si ŋu wole la afia. Eye, nɔviŋutsu, ame ɖesiaɖe si gblɔna be yenye Kristotɔ, ɣeaɖeɣi alo bubu aɖe la, ele be nàtsɔ bo si ŋu nèle la afia. Abosam le wò yɔ ge be nàɖo kpe edzi.

Gbesiagbebolo

Ke nyea medo gbe ɖa na wò, Yehowa, le amenuveɣi la; Mawu, tsɔ wò xɔname nyateƒetɔ la ɖo tom le wò amenuveve sɔgbɔ la nu!
Psalmowo 69:13

24-0914

Ðee Mawu Trɔa Eƒe Susua? 65-0427

Wogbɔ ɖe Ŋɔŋlɔa katã me. Nyemexɔe se be dzena ɖeka le mía si o, eye woabu fɔ mí ɖe eta, ne míetsɔ nya ɖeka kpe ɖe Eŋu alo ɖe Nya ɖeka tso Eme. Nyaɖeɖefia 22 gblɔe nenema. Mexɔe se be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.

Medea bubu Luthertɔwo ŋu kakaɖedzitɔe le woƒe tsitrenɔƒe le woƒe ŋkekea me ta, Methodistetɔwo le kɔkɔenyenye ta le woƒe ŋkekea me, kple Pentekostetɔwo ɖe woƒe tsitrenɔƒe le woƒe ŋkekea me ta, gake míele agbe le ŋkeke bubu me. Míele agbe esime ati la, ahadza la, tsro la, si le abe Lu la ene kloe, gake Lu la le tsroa me. Ðeko tsro la lé Lu la ɖe te, xe mɔ na ŋdɔkutsu dzatsɛa be Megafiãe o. Ke azɔ la kɔmahatsɔŋkɔ la le tetem ɖa le Eŋu, eyata Ate ŋu anɔ Vi la ƒe Ŋkume, be wòatsi. Eyata míele—míele eme… Ɖoɖowɔha aɖeke magafɔ o. Esiae nye eƒe nuwuwu. Ƒe etɔ̃, kokoko megbe la, ne gbedeasi aɖe dze egɔme la, wotsɔe wɔa ɖoɖo.

Esia le edzi yim ƒe blaeve kloe enye si, eye ɖoɖowɔha aɖeke meli o. Mate ŋui o. Míele Lu ƒe ɣeyiɣi me, nuŋeɣi la. Mele nuŋemɔ gã la ƒe vava ŋkɔ sem. Míeyina ɖe Aƒeme gbeɖeka. “Enye eyama ke etsɔ, yiɖe mavɔmavɔ me.”

Gbesiagbebolo

Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me. Mateo 13:30

24-0911

Esi Woʋu Woƒe Ŋkuwo Wonya Eyama 64-0312

Mawu mehiã gɔmeɖela aɖeke o ɖe. Nyemate ŋu aɖe Eƒe Nya la gɔme o, nenema ke ame aɖeke hã mate ŋu aɖe Eƒe Nya la gɔme o. Enye Eŋutɔ Ƒe gɔmeɖela. Ne Egblɔ be Yeawɔ nane la, Ewɔ nɛ, eye ema ɖɔ nɛ ɖo. Ema koe nye nusi le eŋu. Egblɔ be Yeawɔe, eye Ewɔe. Ema ɖɔ nɛ ɖo. Mehiã be ame aɖeke nagblɔ be esiae nye Ema, alo ema nye Ema o. Ewɔa esia, Eŋutɔ. Míaƒe gɔmeɖeɖewo menye naneke na Ŋɔŋlɔ la o. Eƒoa nu, Eŋutɔ, eye aleae wòle.

Esi le gɔmedzedzea me, esi Wògblɔ be, “Kekeli ne do,” eye kekeli do. Ema mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o ɖe. “Ðetugbui leaƒe afɔ fu,” ewɔe! “Matrɔ Nye Gbɔgbɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi,” Ewɔe. Mèhiã gɔmeɖeɖe aɖeke o.

Nusi Wògblɔ be Yeawɔ le ŋkeke sia dzi la, Ewɔe. Mehiã be woaɖe egɔme o; eɖea eɖokui gɔme. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela.

Gbesiagbebolo

Nye Yehowa ye ƒo nu, egbɔna, eye mawɔ edzi…Xezekiel 24:14

24-0908

Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi
65-0718E

Miagblɔ bena, “Nukaŋuti Gbedeasi la meyi ɖe teƒe gã siawo; le ameha gãwo, abe kɔmahatsɔŋkɔ siawo dome ene o mahã?”

Menye woƒe Nuɖuɖu ye o. Menye, nusi amewo yɔna be hame la, ƒe Nuɖuɖue o. Ŋugbetɔ la ƒe Nuɖuɖue. Gbɔgbɔme Nuɖuɖu le azãgbe nyuitɔ la dzie. Ana be dɔme aɖu wo. Eda ami na wo akpa. Mikpɔea? Mikpɔea? Ma—ma—mate ŋu awɔe o. Gake, na ɖeviwo la, Abolo Wònye, Agbe Ye, Yesu Kristo si nye eyama ke etsɔ, egbe yi ɖe mavɔmavɔ me la Ye.

Gbesiagbebolo

Yesu gblɔ na wo bena: Miva ɖu nu. Yohanes 21:12

24-0905

Mawu Ƒe Ŋkuɖodzinu Siwo Le Tsitre Sesiẽ Le Ɣeyiɣi Me
57-0818

Mexɔe se be, ŋkeke siawo dometɔ ɖeka esime Hame gã ma…

Esime, dzɔdzɔmenunya gblɔ be, “Aleke wòate ŋu abu? Kpekpemeŋusẽ léa mi ɖe anyigba ŋu.”

Azɔ mese le ɖokuinye me be menye subɔla. Mina magblɔe na mi. [Nɔviŋutsu Branham ƒo nyagblɔti la dzi zi ade—TALA.] Hame ma si wɔ eƒe kpeɖodzinu ŋudɔ le ɣeyiɣi aɖe me la ava do gbeɖeka. [Egaƒo nyagblɔti la dzi zi ɖeka eye emegbe wòƒo asikpe zi ɖeka.] Ðewohĩ wo dometɔ afã le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe ke me. Nyemenya afisi wole o, gake Mawu na wodo Eƒe dɔwɔnu la katã kpɔ. Gbeɖeka Ava be yeaxɔ ŋgɔ be: “Midze Yonyeme!” To yaƒoƒowo kple yaƒoƒogãwo me tẽ, kple kɔkɔmewo ɖe kɔkɔmewo dzi, ayi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe Ŋkume, Ayi, kple Hame si wodo kpɔ le ɣeyiɣi me.

Gbesiagbebolo

Edo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku ɖem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o. Psalmowo 17:3

24-0904

Takpekpe kple Mawu 59-1220M

Ðewohĩ nuvɔ̃wɔlae nènye, eye nèwɔ nuvɔ̃ geɖe ŋutɔ. Ðewohĩ èyɔ nu vaseɖe esime màgate ŋu agayɔ nu azɔ o, eye màte ŋu adzudzɔ o. Ðewohĩ èno aha vaseɖe esime màgate ŋu ano o, eye màte ŋu adzudzɔ o. Ðewohĩ èva ɖo teƒe si nèyɔ fũ kple nuvɔ̃ kple dzodzro, vaseɖe esime elebe nàlé ŋku ɖe nyɔnu ɖesiaɖe si nèkpɔa ŋu, baɖa. Alo, ɖewohĩ ètrɔ wò ŋutɔ wò dzɔdzɔmenunɔamesiwo gɔ̃ hã. Ðewohĩ èva ɖo glikpo aɖe gbɔ. Nyemetsɔ ɖeke le me na afisi nèle o, Mawu gakpɔtɔ le klalo be yeava gbɔwò, le takpekpe aɖe me, eye yeaƒo nu tso eŋu kpli wò.

Gbesiagbebolo

Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wobiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene. Yesaya 1:18

24-0831

Nyagblɔɖila Vavã Aɖe Ƒe Mɔ 62-0513M

O Yuda to ƒe Dzata, tso eye nàɖegbe! Èle gbeɖem le ŋkeke mamle sia me. Èto mo. Èle anyigba kpɔm. Èle dukɔ kple xexe sia si yɔ eɖokui be Kristotɔ ƒe nuvɔ‌ kpɔm. Èle dukɔ sia ƒe nuvɔ‌ kpɔm, esime woƒle kple Ʋu xɔasi. Èle alesi kɔmahatsɔŋkɔwo le afɔ tum Wò Nya dzi la kpɔm. Èle alesi alakpa nyagblɔɖilawo le alakpa dam kpɔm. Wole nugbem le Mawu ƒe Nyateƒe la gbɔ.

Ɖe gbe, O Yuda Dzata! Na Wò nyagblɔɖilawo nado ɣli sesiẽ. “Ne Mawu le nuƒom la amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?” Enye Mawu ƒe Nya si le dodom le Biblia me, si le dzi yim to nyagblɔɖila me. Aleke wòate ŋu zi ɖoɖoe ɖo? Ne wòwɔe la, awo gbo. O Mawu, na Wò nyagblɔɖila nàɖegbe, Aƒetɔ. Ɖe gbe kple Wò Gbedeasi la, Mawu, eye nà be Wò Fiaɖuƒe la ƒe nuwɔwɔ ɖesiaɖe nakpɔ nyuie.

Na woatɔ dzro. Nyɔnuwo natɔ dzro eye woalé ŋku ɖe woɖokuiwo ŋu dzro. Ŋutsuwo natɔ dzro eye woalé ŋku ɖe woɖokui ŋu. Nàbe mawunyagblɔla ɖesiaɖe si le nyaƒoka sia sem la, natɔ aɖalé ŋku ɖe eɖokui ŋu, elabena Yuda to ƒe Dzata la le gbeɖem. Eye Nya vavã si le vavam na nyagblɔɖilawo, le nuƒom, le ɣlidom sesiẽ be, “Mitrɔ dzi me eye mitrɔ gbɔ hafi gbada nava yi ŋutɔ.”

Gbesiagbebolo

Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi? Amos 3:8

24-0830

Tɔtrɔ Ƒe Ŋusẽ
65-1031M

Miate ŋu ade ata fli ma. Abe alesi Israel-viwo wɔ le woƒe mɔzɔzɔa me, esi wova to gbea dzi ene la, Israel hã wɔ nenema ke. Esi wose Mose ƒe gbedeasia eye wokpɔe be woɖo kpe edzi vɔ la; woɖo to aʋatsonyagblɔɖila aɖe si gblɔ be, “Oo, azɔ mikpɔ ɖa, viwo, mí katã míele ɖeka. Ele be míaɖe mía nɔewo le mía nɔewo dome, eye míawɔ esia.” Ke Mose gblɔ nya bubu na wo, eye wòkpɔ Mawu ɖo kpe edzi. Elabena, edze abe Bileam nye amesi nya agbalẽ wu Mose ene, mikpɔea. Etso dukɔ gã aɖe si me ame gãwo li, eye wokatã wowɔ ɖoɖo ɖe du, Moab-nyigba, aʋakɔ gãwo, kple nu gã siwo ame siwo nɔ anyi le ŋkeke mawo me la avɔ̃ hafi. Ke nyagblɔɖila aɖe nye esi ɖi va, nyagblɔɖila aɖe, amesiamina, alakpa amesiamina, mikpɔea, ɖi va amesiamina aɖe gbɔ (mikpɔ alesi wosɔ ɖa), eye wòfia nu ameawo, eye wo dometɔ geɖewo kplɔ ema ɖo. Migaŋlɔ ema be gbeɖe o. Mikpɔea, wokplɔ nusi menye Nya la o ɖo, Nya si dzi woɖo kpe ɖe fia!

Migaɖemɔ ame aɖe nava afisia aɖagblɔ nane si tovovo na mi o. Milé ŋku ɖe nusi dzi Mawu le kpe ɖom hele fiafiam ŋu.

Gbesiagbebolo

Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe. Galatiatɔwo 6:7

24-0827

Gbemagbe Le Kalvaria
60-0925

Woxe numa ƒe fe, eye Satana ƒe ga la tso. Mawu gatrɔ mɔ si yi nusi dim ame le gbɔ la, de asi nɛ. Megale be wòafa avi o. Etu nui, esime Wòŋe Satana ƒe dzimeƒu, le Kalvaria afima, nuvɔ̃ ƒe dzimeƒu, dɔlélétɔ hã! Eye esia gbugbɔ amegbetɔ kukua ɖesiaɖe, si le anyigba dzi, la yi Mawu ƒe Ŋku me, eye wotsɔ nuvɔ̃ kee. Aléluya! Wotsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke. Satana magate ŋu ahe mí ɖe megbe ɖa tso Mawu gbɔ o.

Wota mɔgã aɖe daɖi. Eye kaƒoƒo le afima. Ka li yi ɖe Ŋutikɔkɔe me, si akplɔ amesiame si ake ɖe ka ma ŋuti la ayii. Ne nuvɔ̃ yɔ amea ɖe me fũ la, etsyana ka nɛ le eƒe titina. Ate ŋu akpɔ nuvɔ̃ keke. Menye ema ɖeɖe ko o, ke woxe nuvɔ̃ ma ƒe fe hã. Oo! Mele be nàgblɔ be, “Yemedze o.” Nyateƒee, mèdze o, mate ŋui hã gbeɖe o. Gake Amesi dze la xɔ tewòƒe. Èvo. Mele be nàgatsa tsaglãla azɔ o. Mele na wò be nànye nudzodzrowo yometila le anyigba dzi afii o.

Elabena Ʋutɔsisi aɖe do go tso,

Emanuel ƒe kabiwo me,

Nuvɔ̃wɔlawo dze tɔ sia me,

Bu woƒe fɔɖiɖiwo keŋ.

Mele be nàbu kura o. Mɔgãa ɖe li, eye Mɔtata ɖe hã li, eye woyɔe be kɔkɔenyenye ƒe Mɔtata. Ame makɔmakɔa ɖeke mato edzi o. Elabena, eto tɔsisi la me, gbã, hafi dze mɔgã la dzi.

Gbesiagbebolo

Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahade bubu eŋu. Psalmowo 91:15

24-0828

24-0827

55-1006E – Mawu Ƒe Ŋusẽ

Gake ne mielɔ̃ xɔ Kekeli la o la, azu viviti na mi. Miahe nya tsitre ɖe Eŋu, eye miayɔe be mimlila kɔkɔe, eye nenema ke anyo be woatsɔ té ati ɖe kɔ na mi, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe. Miekpe busu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Tsɔtsɔke meli o.

Egblɔ be, “Amesi agblɔ nya aɖe tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋu la, woatsɔe ake. Gake ne mieƒo nu tsi tre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe ake mi gbeɖe o.”

Gake, oo, mienya nu geɖe akpa. Eyata mieɖu fewu le ame siwo nɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me, xɔ Mawume dɔyɔyɔ dzi se, kple Kristo ƒe tsitretsitsi, kple Mawu ƒe ŋusẽwo dzi se ŋu. Mieɖu fewu le eŋu, miʋu ŋɔti ɖe yame eye miedo go le hamea me.

Medi be miakpɔ nusi adzɔ ne mietsi tre ɖe Fia Si ɖo Gbedeasi sia ɖa la ŋkume. Uh-huh. Oo, miesusu be gã dze miasi, gake milala ko vaseɖe esime ŋkekea nava ɖo. Amegbetɔ ƒe ŋkekee nye esia, Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la gbɔna. Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti kpɔ nyuie, bena kekeli, si le mewò la, naganye viviti o. Luka 11:35

24-0826

Tsitretsitsi Ƒe Kpeɖodzi Madamada La 57-0114

Ke azɔ, esi Mawu do fia Ƒome Nuku si ado va abe Ðela ene ƒe ŋugbe la, enye míaƒe—Mawu ƒe futɔ, abosam la, ƒe dɔwɔwɔ be wòadze agbagba atsrɔ̃ Nuku ma kakaka ayi. Nu gbãtɔ, esi wodzi vi dzɔdzɔe, Habel, eye wodzi ame madzɔmadzɔ, Kain, gbã la, ewu Habel kple susu be yele Nuku dzɔdzɔe ma lém.

Elabena enɔ tsi tre ɖe afima esime Mawu gblɔ anyigba dzi ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔwo ɖe ameawo kple da la kpakple anyigba dzi, eye Wòdo ŋugbe be to nyɔnua dzi la Nuku aɖe ava. Eye Nuku sia agbã da la ƒe ta. Eye da la wɔ avu kple Nuku ma le agbenɔɣiawo me ʋuu, eye wògale avuwɔm Kplii kokoko.

Gbesiagbebolo

Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe! Yeremya 1:19

24-0825

Yesu Ƒe Akpa Dzi Nɔnɔ 62-0601

Miɖo ŋku nusi drɔ̃e ma, si ƒe gɔmeɖeɖe su asinye la, nyea? “Trɔ yi ɖadzra Nuɖuɖu ɖo.” Afikae nye nudzraɖoƒea? Agbadɔ sia. Afikae nane si le abe esia ene le le dukɔa me, le afisia ƒo xlã le afisiafi, si asɔ kple Gbedeasi si le mía si?

Azɔ, ẽ ɖe, mía nɔviŋutsu sue siwo le afisia le egodo le afisia, hame sue bubu siawo, nye míawo. Míele ɖeka.

Afikae miayi, be miakpɔ Esia? Mifia Eƒe nusi sɔ kpli le afisiafi. Miedoa go tẽ gena ɖe kɔmahatsɔŋkɔwo ƒe dzixɔsewo me. Miado go tẽ dzo ɖa le Aƒetɔ Yesu ƒe Ŋkɔ la gbɔ. Miado go tẽ dzo ɖa le nu bubu siawo me enumake. Mikpɔea? Ke afisia ye nye afisi wodzra Nuɖuɖu la ɖo.

Enyo, Gbedeasi ɖeka si meɖea gbeƒã na mi katã le afisia la…Mikpɔ ɖa, meɖe gbeƒã tso gaƒoƒo ɖeka yi ɖe ade dzi na mi, le Gbedeasi aɖe dzi. Enyo, nenye be ele nam be mazã Gbedeasi mawo dometɔ ɖeka la, maxɔ kwasiɖa ɖeka atsɔ Ema, vi sue aɖe ko le afisia eye vi sue aɖe le afima, mikpɔea, elabena Wodzrae ɖo ɖe afisia.

Ele nyaƒokawo dzi. Ayi ɖe xexeame godoo le nyaƒokawo dzi, afisi amewo le woƒe aƒewo me le. Nyaƒokamawo adze Mawu ƒe ameɖoɖiwo siwo me tututu. Ate ŋu afia mɔ Nya la, Afia mɔ nusianu ɖe eƒe mɔ nu pɛpɛpɛ. Susuma tae Wògbugbɔm ɖo ɖa be mawɔ esia: “Dzra Nuɖuɖu la ɖo ɖe afisia.”

Gbesiagbebolo

Eye nuɖuɖuawo anye nusi wotu ɖo na anyigba la ɖe dɔŋɔli ƒe adre, siwo ava Egipte-nyigba dzi la ŋu, bena ne dɔwuame nagagblẽ anyigba la o. Mose I 41:36

24-0822

Dodo Etɔ̃lia
63-0630M

Mawu gblɔ na Abraham hafi wòdzɔ be, “Wò nuku anɔ Egipte me—me, hena ƒe alafa ene, eye Maɖe wo ado goe.” Esia tae wokpɔe ɖo, elabena wotia wo be woakpɔe. Woawoe nye tiatia la. Wotia Israel be woakpɔ Mawu ƒe dzesi, eye wodzo le Egipte afisi dzimaxɔsetɔwo tsrɔ̃ le.

Eye, egbea la, Mawu le Eƒe Ame Tiatia, Abraham ƒe gbɔgbɔ me Nuku la yɔm to xɔse si nɔ esi le Mawu ƒe Nya la me dzi. Ðe miele gbɔgbɔ me Nuku la kpɔm, egbea oa? [Ƒuƒoƒea gblɔ be, “Amen.”—Ed.] Ema mekpɔa hame si nye tagomenunyatɔa o. Ekpɔa Nya la. Eye Wole Eyɔm tso kɔmahatsɔŋkɔ gã mawo me, be wòage ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkume.

Gbesiagbebolo

…elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye. Yesaya 43:1

24-0821

Xɔse Nye Nu Vavãtɔ La 47-0412

Mose, gaɖela la ŋutɔ, Mawu ƒe nunana na dukɔ la, womese egɔme o. Mikpɔ nusi medi be magblɔa? Womese Mose gɔme o. Ke Mose ya susui, kakaɖedzitɔe, be woase egɔme be yenye woƒe nunana si aɖe wo. Gake womese egɔme o.

Ke azɔ, xɔ̃wo, migasem gɔme baɖa o. Magblɔ esia kple bubu le nye dzi me dzro, esi menya be menye ame si yina ɖe Mavɔmavɔ me si anɔ tsitre ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋkume gbeɖeka ta:

Ame akpe geɖe le woƒe nunana la dam ƒu. Mikpɔea? Womate ŋu ase egɔme o. Eye woakpɔe agblɔ be, “Oo, amegbetɔ koe wònye.”

Nyateƒee. Mawu loo alo Mose ye ɖe dukɔ la? Mawu ye wònye nɔ Mose me. Mikpɔea? Wofa avi bia gaɖela la. Ke esi Mawu dɔ gaɖela la ɖe wo la, wodaƒu be woakpɔe, elabena amegbetɔ aɖe dzie wòto, gake menye amegbetɔ la ye o ɖe; Mawu wònye nɔ amegbetɔ la me.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti miawo hã minyae bena, woɖo Mawu ƒe xɔxɔ sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe. Dɔwɔwɔwo 28:28

24-0820

Yesu Si Ŋuti Wokɔ
55-0225

Kain kple Habel, ŋutsuvi eve mawo siaa, de dzesi be yewonye nu kukuwo, yewole kukum, eye yewole bibim abe vɛlɛ ene, eye gbeɖeka ele be yewoatrɔ ayi ke kple Wɔla si kplɔ yewo vɛ la gbɔ. Eye wodi be yewoakpɔ amenuveve le Mawu gbɔ. Eyata wo ame evea siaa va be yewoasubɔ.

Nu sue aɖe si míate ŋu atsɔ age ɖe eme fifi laa enye si, ale be miase egɔme vavã…Azɔ, mesusu be ele be ame sia ame nanye hame aɖe me tɔ le afi aɖe. Ema nye dɔdeasi na mi; ele be mianye hame aɖe me tɔ. Gake anye hame me tɔ ɖeɖe ko la mawɔ dɔa o. Mikpɔea? Mesusu be ele be amesiame nasubɔ, ele be wòasubɔ Aƒetɔ Yesu Kristo le dzi ƒe ɖekawɔwɔ me, dzi ƒe dzadzɛnyenye me, gake ema ɖeɖe mesu o. Mexɔe se be ele be ame sia ame naɖo xɔse ɖe Mawu me, xɔse gã aɖe ɖe Mawu me. Gake kokoko la, menye eyae ma haɖe o. Mikpɔea? Ne sɔleme dede, hame aɖe me tɔnyenye, nuwoliawo xexe, Mawu subɔsubɔ, kple nu siawo katã siwo míewɔna egbea yɔ be mawusubɔsubɔ la, ke Mawu tɔ madzɔ be ebu fɔ Kain o, elabena ewɔ eƒe dometɔ ɖesiaɖe.

Gbesiagbebolo

Le xɔse me Habel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti,… Hebritɔwo 11:4

24-0819

Gbemagbe Le Kalvaria
60-0925

Azɔ mikpɔ ɖa. Yesue gblɔe. Milé ŋku ɖe alesi Wògblɔe ŋuti. “Dɔ siwo wɔm Mele,” Ele wo wɔm fifi laa. “Dɔ siwo wɔm Mele fifia, dɔyɔyɔ dɔlélawo, amekukuwo fɔfɔ̃ ɖe tsitre, ŋku ʋuʋu na ŋkuagbãtɔwo, dɔ siawo ke miawo hã miawɔ. Miawɔ esiawo ne miexɔ Dzinye se. Miawɔ dɔ siawo. Ke esia megbe la, gã wu esiawo miawɔ, elabena Meyina Fofo La gbɔ.”

“Magadidi o, xexeame megale kpɔ Ye ge o. Gake la miawo Miakpɔm. Manɔ anyi kpli mi, eye Manɔ mia me gɔ̃ hã, vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu. Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔeviwo o. Maɖe kuku na Fofo la; be Wòadɔ Nyaxɔɖakɔla bubu ɖo ɖe mi, esi enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si ke xexeame mate axɔ o; ke, miawo miaxɔ Esia.”

Azɔ mide dzesii. Dɔ “gã wu” la, eyae nye be woaxɔ Ŋusẽ le Hamea me, menye be woayɔ dɔ dɔnɔwo to gbedodoɖa me ɖeɖe ko o, anya gbɔgbɔvɔ̃wo to gbedodoɖa me ko o, gake be woamã Agbemavɔ na xɔsetɔwo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lava, eye wotsɔe de asi na Hame la, be wòamã Agbe. Oo! Eyae nye nusi Kalvaria nye. Etsɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ŋlɔ, eye wogbɔdzɔ, hekɔ wo ɖo ɖoƒea ɖe, be woanye Mawuvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo, be woayɔ dɔ dɔnɔwo eye woamã Agbemavɔ; to Gbɔgbɔ Kɔkɔe nana xɔsetɔ ɖotowo me, amesiwo nye dzimaxɔsetɔwo tsã, heva zu xɔsetɔwo, eye wole gbɔgbɔme Agbemavɔ la mãm

Gbesiagbebolo

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gatɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ. Yohanes 14:12

24-0818

Mawu Léa Eƒe Nya Me Ɖe Asi #1 57-0306

Miƒoƒu ɖe du, eye miwɔ taɖodzinu ɖekatɔwɔ ƒe nyɔnyɔwo; midzi mawunyagblɔla siwo nɔa anyi kple Mawu ƒe Nya la, eye womekaka ɖe afisia o. Mixlẽ Nya la. Mia dometɔ aɖewo mexlẽa Nya la zi ɖeka le kwasiɖa me o. Ele be miaxlẽ ta ɖe ta megbe gbesiagbe. Mide ŋugble le eŋu; ne miɖe ta le nyadzɔdzɔgbalẽ xoxo mawo kple nusiwo xlẽm miele, kple tso le agbalẽ xoxo, geɖe ŋutɔ siawo me, kple esiwo woyɔna be mawusubɔsubɔgbalẽ siwo mele be woanɔ asi me gbeɖe o…Ema gblẽ ko abe nyadzɔdzɔgbalẽ bubu aɖewo xexlẽ ene, nusiwo nye alakpa nufiafia, kple nuɖoanyi ƒomevi ɖesiaɖe, eye wole etum ɖe–ɖe nyateƒea dzi. Tsyo, womate ŋu atu nufiafia ɖe numetoto aɖe dzi o ɖe. Mawu ƒe Nya dzie wotu nufiafia ɖo, ke menye ɖe numetoto dzi o. Amewo woate ŋu awɔ nusianu ƒe numetotowo.

Gbesiagbebolo

Amesi to senu li nɛ la, nesee. Mateo 11:15

24-0817

Mawu Ƒe Gbe Le Ŋkeke Mlɔe Siawo Me
63-0120M

Ne ènye xɔsetɔ yɔyrɔea ɖe ko la, Mawu ƒe Gbe le ɣli dom ɖe wò to me ŋdi sia be, “Xɔsetɔ yɔyrɔe nènye,” ke anyo na wò wu be natrɔ dzime!

Mi ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo, esi mele agbe na Kristo o, ke Mawu ƒe Gbe ƒo nu na wò to Eƒe Nya la me gblɔ bena “dzudzɔ numa wɔwɔ,” anyo na wò wu be nawɔe. Elabena egale Ese ge ake gbeɖeka, eye Esia labu fɔ̃ wò. Mate ŋu agbe Esia o, Ele nu ƒom na wò fifia. Eye, miɖo ŋku dzi be, wòlée daɖi.

Eye amesiwo wɔ nu dzɔdzɔe eye wòse Eƒe Gbe la, wòafɔ̃ hena dzɔdzɔenyenye, hena Ŋutikɔkɔe, hena Dziƒo.

Gbesiagbebolo

Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Yohanes 1:11

24-0814

Fɔbubu
63-0707M

Aleke Wobufɔe? Le esime woƒe dzixɔsewo maxɔ Eyama o ta, ke le woƒe dzi me ke la wonya nu tovovoe. Ðe Nikodemo, le Yohanes Kɔkɔe ƒe ta 3 lia me, megblɔe nyuie oa? “Rabi, mí, Farisitɔwo,” mawunyagblɔlawo, nufialawo, “míenya be nufiala si Mawu dɔ ɖae Nènye, elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ nusiwo Nèwɔna o negbe ɖe Mawu le egbɔ.” Mikpɔea? Woɖi ɖase le eŋu le dutoƒo to woƒe ame xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka dzi, eye ʋunyaʋunya…le woƒe dzixɔsewo ta la, woklã Kristo ɖe ati ŋu.
Eye egbea nuxlẽla aɖeke meli si mate ŋu axlẽ Dɔwɔwɔwo 2:38 abe alesi mate ŋu Axlẽe ene o, kple Eƒe akpa mamlɛa, abe alesi mate ŋu Axlẽe ene o. Gake le woƒe dzixɔsewo ta, kple le woƒe kɔmahatsɔŋkɔ ƒe tikiti siwo woxɔ ɖe woƒe kotoku me ta la, lã la ƒe dzesi siwo wotsɔa ɖe ŋu ƒo xlãe abe kadedegbalẽviwo ene; eye esi wotsɔ nu mawo la, woŋutɔ wogaklã Yesu Kristo ɖe ati ŋu, eye Woklãe ɖe ati ŋu le dutoƒo, eye wokpe busu Mawu si tututu do ŋugbe be yeawɔ Esia, hehɛ fɔbubu va ƒomea dzi.

Gbesiagbebolo

Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Yohanes 1:11

24-0812

Gbemagbe Le Kalvaria
60-0925

Mlɔeba, gbeɖeka, esi nye Kalvaria ƒe ŋkeke ma dzi la, Amea ɖe ɖi tso Ŋutikɔkɔe me va. Amesi ƒe Ŋkɔ enye Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi, Amesi tso Ŋutikɔkɔe me va, eye Kalvaria xɔ nɔnɔme. Ŋkeke ma dzie woxe fe la le, eye wokpɔ ta na nuvɔ̃ ƒe nya la gbidii. Ale wòʋu mɔ na nu ma si ƒe dɔ kple tsikɔ nɔ mía wum la. Egbugbɔ teƒe si dzidzeme le la vɛ. Amea ɖeke meyi Kalvaria kpɔ, hekpɔ alesi wòle, evɔ ganye ame ma ke o. Nu ɖesiaɖe si wòdi kpɔ hedzroe vevie la, ekpɔnɛ, nenye be eɖo teƒe ma ko.

Enye ŋkeke si xɔasi ale gbegbe, kple nusi xɔ asi ale gbegbe, be wòʋuʋu xexeame. Eʋuʋu xexeame, alesi tɔgbe womeʋuʋui kpɔ tsã o. Esi Yesu ku le Kalvaria hexe nuvɔ̃ ƒe biabia la, nuvɔ̃xexe sia do viviti. Ɣe ɖo to ŋdɔkutsu dzatsɛ, ebi dzi hetsyɔ mo anyi. Eye agakpewo wo, towo fé ɖe eve, eye amekukuwo ƒe ŋutilãwo do go tso yɔdowo me.

Gbesiagbebolo

…Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si! Yohanes 1:29

24-0811

Gogloƒe Yɔa Gogloƒe 54-0624

Gogloƒe le gogloƒe yɔm: ne gogloƒe le yɔyɔ wɔm la, gogloƒe aɖe li be yeaɖo eŋu. Le nyagbe bubu me la, hafi ati aɖe nanɔ anyigba aɖe dzi be wòatsi la, ele be anyigba aɖe nanɔ anyi si me wòatsi le gbã. Mawu mewɔ ati na anyigba gbeɖe o, Ewɔ anyigba na atia ye. Ewɔ anyigba eye wòde se na anyigba be wòadzi ati. Eye anyigba nɔ yɔyɔ wɔm, va se ɖe esime ati la do. Hafi adza nanɔ akpa ƒe dzime la, tsi menɔa anyi nɛ be wòaƒu tsi le me o. Susu si ta adza le esi lae, nye be tsi li nɛ be wòaƒu tsi le me azãe. Nusianu si le mía si la taɖodzinu aɖe, kple nane tae.

Gbesiagbebolo

Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye. Psalmowo 42:8

24-0810

Ŋɔwo Ʋetsuviwo Ʋetrawo Abɔwo
59-0823

Eye ne Mawu nye seƒemanɔsitɔ, seƒemanɔsitɔ, eye mate ŋu atrɔ o la, ele be Eƒe Hamea nanɔ anyi abe alesi Wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Ðe mielɔ̃ ɖe ema dzia? Ele be Hamea la nanɔ abe alesi tututu Wònɔ kpɔ ene.

Gake amegbetɔ trɔ asi le Eŋu, tsɔ woawo ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖewo de Eme. Migatee kpɔ gbeɖe be miaɖe Mawu ƒe Nya la gɔme o. Migblɔ nusi Wògblɔ la ko. Migatsɔ ɖeke le me na alesi Wòle o, ke minɔ fli me Kplii, evɔ. Migatrɔ Nya la o. Biblia gblɔ, be, “Ŋɔŋlɔ la menye ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe tɔ o.” Dzena ɖeke mele mía si be míagblɔ nu siawo o; ɖeko wòle be Míaxlẽe eye Míagblɔe abe alesi Wògblɔe ene pɛpɛpɛ, eye míaxɔe ase nenema ke. Nyemetsɔ ɖeke le me na alesi Wòɖi kokoe o ɖe; Mixɔe Esia se, alekekee hã.

Gbesiagbebolo

Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe kokoko míase…

Yeremya 42:6

24-0809

Mawume Lɔlɔ̃ Kple Amenuveve Nɔɖokuisi
56-0814

Mezɔ geɖe eme…Medoa sɔ ŋutɔ tsã. Medo sɔ ƒe geɖe le sɔdodo dɔwɔwɔ kple bubuawo me; eye ne mezɔ geɖe gbemesɔwo dome la, ke le mɔ aɖe nu le miniti ʋee aɖewo megbe la, atsɔ eƒe ta aziɔ ɖe nye abɔta. Ðeko matsɔ avɔ aɖo edzi, akplɔe ƒo xlã vie kple avɔ le edzi, emegbe matsɔ sɔkpa la aƒu gbe ɖe edzi, eye kasia nànya la, manɔ edom. Mikpɔea? E–elɔ̃a wò. Eye ne èlɔ̃e vavã la, enyae.

Azɔ, miɖo to, medi be magblɔ nane na mi. Amegbetɔwo nyaa nu wu lãwo lo, eye màte ŋu agblɔ na amewo be yelɔ̃ wo o…Womaxɔe ase o, negbe ko nu vavãtɔ la le afima be wòaɖo kpe dzi. Azɔ miegblɔa be, “Oo, nɔviŋutsu, ènyae be míele hadede gã tɔgbe le aɖe me.” Evɔ le wò dzi me ke la, dzikudodoa? Enya nu tovovovoe. Mawu nya esia. Wò aƒelika nya esia. Ele be nànye nyateƒe kple aŋkwaretɔ, eye nàgblɔ be, “Aƒetɔ Mawu, wɔ dzi dzadzɛ le menye be malɔ̃ ame.”

Gbesiagbebolo

Lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me, eye amesiame, si lɔ̃a ame la, Mawu gbɔ wodzii tso, eye wòdze si Mawu. Yohanes I 4:7

24-0808

Lã La Ƒe Dzesi La
54-0513

Gake, le hame ɖesiaɖe me la, nufiafia le mía si.

Zi geɖe, le ɖoɖowɔhawo, kɔmahatsɔŋkɔwo me la, dzixɔse aɖe nɔa wo si. Eye wotsia dzixɔse ma dzi be, “Esiae nye míaƒe dzixɔse.” Meka nusi mawunyagblɔla susu o la, ele nɛ be wòaɖe gbeƒã dzixɔse la, elabena ele kɔmahatsɔŋkɔ la me.

Ke le afisia la, dzixɔse aɖeke mele mía si o negbe Kristo, dzixɔse lae nye ema; eye se aɖeke meli o negbe lɔlɔ̃; agbalẽ aɖeke o negbe Biblia. Eye Kristo yenye Ta la; eye Biblia nye míaƒe nusrɔ̃gbalẽ; xexeame nye nye hame. Eyata melɔ̃a—melɔ̃a gbeƒãɖeɖe alesi tututu mesena le ɖokuinye me be wokplɔm be maɖegbeƒã, kple alesi tututu mekpɔnɛ ene.

Gbesiagbebolo

Amesi to senu li nɛ la, nesee. Mateo 11:15

24-0807

Mawu Ƒe Nunanawo Kpɔa Woƒe Teƒewo Ɣesiaɣi
63-1222

Maria, Yesu dada, le Nazaret ƒe dugã me, du si vɔ̃ɖi wu le anyigba dzi, gake le afima la, Mawu tia aƒenɔ sue aɖe be wòadzi Yeƒe Vi; aziƒomɔ̃ aɖe, vidzidɔ si wòle be…si dzi wòle be woadzi Vidzĩ aɖe to. Etsɔ ame ma tɔgbe yi be wòawɔe. Mawu wɔa dɔ to amegbetɔwo dzi tsɔ ɖea amegbetɔwo. Ate ŋu atsɔ wò, awɔ dɔ to dziwò aɖe amegbetɔƒomea, ne èkɔ nusianu si nènye la ŋuti keŋkeŋ.

Ne ɖetugbui ye nènye la, kɔ wò agbenyuinɔnɔ ŋu. Ne ɖekakpui ye nènye la, kɔ wò agbenyuinɔnɔ, kɔ wò susu, kɔ wò tamebubu, kɔ wò dzi, kɔ wò luʋɔ, kɔ nusianu si nènye la ŋu! Eye na Kristo nawɔ dɔ to ema me. Ŋutikɔkɔe nu kae nye si!

Gbesiagbebolo

…minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!

Filipitɔwo 4:1

24-0806

Yesu Kristo Eyama Ke Etsɔ Egbe Yiɖe Mavɔmavɔ
52-0810E

…le Eden-bɔa me la, ati eve nɔ anyi; ɖeka nye sidzedze eye ɖeka nye xɔse. Ðekae nye Agbe. Ðeka nye sidzedze ƒe ku, kemea nye agbe le xɔse me. Eye zi geɖe alesi woɖu ati sia le xɔse me la, enyo, wonɔ agbe. Gake esi wòyi ɖe ati sia dzi la, eku. Gbãtɔ si wòka ɖu la, ema eɖokui ɖa le Mawu gbɔ. Eye amegbetɔ le ati ma ɖuɖu dzi ɖaasi. Eye ɣesiaɣi si wòkana ɖuna le sidzedze me la, etsrɔ̃a eɖokui. Mawu metsrɔ̃a naneke o. Amegbetɔ ye tsrɔ̃a eɖokui to sidzedze me.

Mikpɔ ɖa, eŋutɔ ka tu ƒe ɖú ɖu, ele eƒe zɔhɛwo wum. Eŋutɔ ka ʋu ɖu le atia dzi, ele geɖe wum aʋawo katã ƒoƒu. Esɔ gbea? Sidzedze, sidzedze, ati ma ɖuɖu. Exɔ haidrodzin bɔmb na eɖokui fifia; Mebiaa ɖokuinye be nukae wòawɔ kple ema ya. Mikpɔea?

Gake kuxi lae nye be, ame siawo, wokena ɖe nu geɖe ŋu alegbegbe, le sidzedze ƒe ati sia dzi, emegbe ne womegate ŋu ke ɖe ŋu azɔ o la, wogblɔna be, “abunɛnuwo sɔŋ.”

Miɖo to, le Aƒetɔ la ƒe Ŋkɔ me, miɖo to: Ne miegale egɔme sem o la, ɣeyiɣi ma mee wòle be miaxɔe ase.

Gbesiagbebolo

ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! Mose I 3:3

24-0805

Nu Madzɔkpɔdzɔ 64-0418B

Le kpɔɖeŋu me, nukae ne ɖe mekpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ŋusẽ ɖe miadzi abe alesi Mawu kpɔe ɖe nusianu dzi ene, eye magblɔ be, “Enyo, magblɔ nusie na mi, ame sia ame si akpɔ kekeli ma la, aku, abe ati la ɖuɖu ene” ya ɖe? Eye kasia mianya la, nɔviŋutsu sia si nɔ anyi ɖe afisia la, akpɔ ema. Mese veve ɖe enu. Nye—nyemedi be wòaku o. Eyata mana Terry si le afisia, be…Ema masɔ gbe o. Kpao. Enyo, ne mena nye ŋutɔ vinyeŋutsu wɔe ɖe? Ema masɔ gbe o. Mɔ ɖeka koe li be manye dzɔdzɔetɔ, ke eyae nye be maxɔ eteƒe.

Ke Mawu mate ŋu axɔ amegbetɔ teƒe, esi Wònye Gbɔgbɔ o. Eyata Mawu wɔ Ʋu ƒe agbekui, si nye Eŋutɔ ƒe Vi, Yesu Kristo. Eye Mawu ge ɖe eme henɔ agbe le me le afima, eye wònɔ agbe, de dzesi Eɖokui le Kristo me. Mawu yenye ema, Immanuel. Yesu gblɔ be, “Nye kple Fofonye míele Ðeka, Fofonye le Menye.” Mikpɔea? “Mawu le Kristo me, le avulém kple xexeame.” Yesu nye ŋutilã, agbadɔ la, Mawu nye Gbɔgbɔ si nɔ agbe le Eme.

Gbesiagbebolo

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Yohanes 3:16

24-0804

Ðekanyenye
62-0211

Míawoe nye esi le nuwuɣi, míetso Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe, Dziehe kple Anyiehe. Nuka wɔm míele? Dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe ma. Dzadzram ɖo hena…Le mía ɖokuiwo lém ɖe te hena miniti ʋee aɖewo seɖe esime ŋutilãka ɖesiaɖe nayɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Emegbe la Ayi dzi. Oo, míatɔwo! Etɔwo yɔyɔ ɖe Eɖokui gbɔ, le ɖekanyenye vavãtɔ me kple Eya ŋutɔ, elabena Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖekae wònye. “Gbɔgbɔ ɖeka wotsɔ nyrɔ mí katã ɖekaɖeka ɖe Ŋutilã ɖeka me, ɖe du, Yesu Kristo ƒe Ŋutilã la.” Eye Yesu Kristo le agbe kple Eƒe Gbɔgbɔ le míaƒe ŋutilã me, le Hamea subɔm eye wòle nu siwo Wòwɔ la ke wɔm, abe dze—abe dzesi ene, abe dzesifiati ene na xexeame, be míele ŋkeke mamlɛawo me, le dzadzram ɖo hena Kɔkɔdzoe la. Oo, melɔ̃a Eyama, miawo ya ɖe?

Gbesiagbebolo

Kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ míaƒe nɔnɔme. Korintotɔwo I 15:52

24-0803

Nukoklo Le Mawu Ŋu
64-0614M

Eƒe Nya ameɖeka ko woɖenɛ fiana. Nenema ko wònɔna ɖaa, nyagblɔɖila aɖe ava kple Aƒetɔ ƒe Nya, le agbenɔɣi ɖesiaɖe me, ga si aga me, to Ŋɔŋlɔa katã me va yi. Nya la vana na ame ɖeka. Le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, nenema koe, gɔ̃ hã le hamea ƒe agbenɔɣiwo me, tso gbãtɔ dzi yi mlɔetɔ dzi. Ame bubuwo ƒe teƒe li, ele teƒe, mide dze sii, gake minɔ adzɔge na Dzo Lilikpo ma. Mikpɔea? Nufiame kae srɔ̃m míele le afisia! Mikpɔea, ame ɖesiaɖe le didim be yeanye Mose, eye ame ɖesiaɖe…

Miɖo ŋku dzi nusi Datan kple amemawo gblɔ le afima? Wogblɔ be, “Azɔ, Mose, lala le afisia vie gbɔ! Ètsɔ nuwo fũ daɖe wò ɖeka dzi akpa, mikpɔea. Azɔ, ame bubuwo hã le afisia si Mawu yɔ.”

Esia nye nyateƒe. Woawo la, wo dometɔ ɖesiaɖe, kplɔe ɖo nyui zi alesi wonya le eyome ko, gake esi amea ɖe tee kpɔ ɖe afɔ yi ŋgɔ be yeaxɔ Mawu ƒe ɖoƒe si Wòna Mose la, eya amesi woɖo ɖi heda asi ɖe dzi na dɔ ma wɔwɔ la, hekatsɛ be woaxɔe la, dzoe ɖi va heke anyigba ƒe nu me hemi wo enumake. Mikpɔea? Mikpɔea? Mikpɔ nyuie. Mikpɔea? Minye ame nyuie ko, Mawu ƒe ame Kristotɔwo, siwo le Nya dzi xɔm. Mikpɔea? Minɔ adzɔge tso Lilikpo sia gbɔ. Nufiame kae nye si!

Gbesiagbebolo

Boŋ nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me, nyemetoa adzo nɛ o, ke boŋ meɖea nuawo ŋutɔ fia nɛ, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dzedzeme. Nukaŋuti mievɔ̃ nye dɔla o, eye mieƒo nu le Mose ŋua? Mose IV 12:8

24-0802

Gbɔgbɔvɔ̃ŋunyawo, Mawusubɔsubɔ Gome
53-0609A

Minya, alakpatɔ aɖe—aɖe li. Vavãtɔa kple alakpatɔa li na nu ɖesiaɖe. Ne mena wò dɔlla ɖeka, hegblɔ bena, “Ɖe dɔlla sia nye nyuitɔa?” Ke ne èlé ŋku ɖe eŋu la, ele be wòaɖi dɔlla ŋutɔŋutɔa ale gbegbe nemenye nenem o la maxɔe se o. Ele teƒea? Ekema ele be wòanye srɔ̃wɔea ŋutɔŋutɔ vavã.

Ke ne Yesu gblɔ be gbɔgbɔ eveawo le nuwuwuɣi woaɖi wo nɔewo ŋutɔ vaseɖe esime woaflu Ametiatiawo gɔ̃ hã ne ele bɔbɔe, mawusubɔlawo. Azɔ miɖo ŋku dzi. Azɔ, naneke mele afima le ha xoxoe fa-…yɔ-…fafɛ, yɔyrɔe mawo me o. Le gota la ɖeko mawusosroɖa ƒe nɔnɔme koe le wo si, miele kpɔma. Gake gbɔgbɔ eve siawo la, gbɔgbɔ vavãtɔwo laɖii ale gbegbe be aflu Ametiatiawo gɔ̃ hã, alesi woanɔ zɔzɔm kple wo nɔewo afɔ sɔsɔee le ŋkeke mamleawo me. Ɖe Yesu gblɔ nenema? Egblɔe.

Gbesiagbebolo

Migana ame aɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o… Efesotɔwo 5:6

24-0801

Israelviwo
47-1123

Míele míaƒe ɖoƒe etɔ̃lia kple mamlɛtɔ me. Eye miɖo ŋku dzi be Pentekoste ƒe agbenɔɣi la nye agbenɔɣi si gbɔ wogbe nu le. Meléa fu ema gbɔgblɔ, elabena nyemekpɔ xɔse le hame aɖeke me abe Pentekoste hame ene o. Gake wogbee, elabena enye Laodikea hamea ƒe agbenɔɣi mamlɛtɔ, yɔyrɔetɔ. Kristo atui tso nu me. Gake Mawu ahe Etɔwo ado goe tso me le afima, do goe tso le Pentekoste ƒe agbenɔɣi ma me.
Miegblɔa be, “Enyo, mele agbenɔɣi gã aɖe dim.” Menya, mi amewo dometɔ geɖewo…Nufiafia aɖe li, nyagblɔɖilawo ƒe sukuwo. Ke woagblɔ be hame ƒe agbenɔɣi gã la gbɔna kɔŋ. Migaxɔe se o. Nusi gbɔna emegbe lae nye Kristo na Eƒe Hame la. Esɔ gbe. Na…Eyata miɖo ŋku dzi be, hame ƒe agbenɔɣi mamlɛtɔ lae nye Laodikea hame ƒe agbenɔɣi, yɔyrɔetɔ si Mawu tu tso Eƒe nu me. Nyateƒee. Eye mienyae nenema.

Gbesiagbebolo

Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, eye ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. Yohanes 1: 11

24-0731

Hiob
55-0223

Dzadodo nyuie le afima na mi le zã sia me. Esi Mawu, Ɖe ŋu le Eɖokui ŋu, do go tso nyiɖu ƒe fiasãwo me, tsɔ nuvɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme ɖe Eɖokui ŋu, be yeabɔbɔ Yeɖokui be yeaɖi va anyi, be yeanye Ƒometɔ na nubiala dahetɔ kekeake si le xexeame le zã sia me, be yeazu Ƒometɔ na eya, Yehowa ŋutɔ, zu Ƒometɔ na nubiala. “Dowo le abeyiwo si, eye atɔ le xeviwo si, gake Amegbetɔvi la meɖo teƒe aɖeke si wòaziɔ ta aɖo o.” Wodzii le lãnuɖunu me, woxatsae ɖe avɔ me, evɔ wònye Ŋutikɔkɔe ƒe Fiavi ŋutɔŋutɔ, Agudze kekeli tso dziƒo. Ebɔbɔ eɖokui, Ebɔbɔ Eɖokui ɖe anyi, ɖi gbɔlo, ɖi va, be woawɔ yeɖokui Ƒometɔ kple nuvɔ̃wɔla. Mibu eŋu kpɔ amewo. Aleke nàwɔ agbe ŋu le lɔlɔ̃ ma si ɖeke mesɔ kplii o gbɔ?
Nukae wònye? Esi Mawu zu nuvɔ̃wɔla, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo. Yesu zu nye, alebe mazu Eyama. Mawu ƒe Alẽvi maɖifɔ, Si menya nuvɔ̃ aɖeke o la, zu nuvɔ̃wɔla, alebe mazu Mawu ƒe vi si woxɔ vi.

Gbesiagbebolo

Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o. Yohanes 1:10

24-0730

Mawu Si Le Ðaseɖim le Eƒe Nunanawo Ŋu 52-0713E

Ne èxɔ tsitrenɔƒe na Yesu Kristo la, nɔ afima eye ku ɖe egbɔ. Nusi Mawu gblɔ la nye nyateƒe la, eye mègavɔ̃ nusi…Satana meɖo naneke awɔ le eŋu o. Mègawɔ nya kplii o lo; mègahe dzre kplii o lo. Zikpi kpɔe ko eye te ɖa. Ne èhe dzre kplii la, ana nànɔ dzrehehe dzi zã kple keli. Mikpɔea? “Enyo,” agblɔ be, “Ènya be mèkpɔ dɔyɔyɔ o.”

Àgblɔ be, “Enyo, azɔ, kpɔ ɖa, Satana, medi be magblɔ nya aɖe na wò.” Mègagblɔe o. Gblɔ ko be, “Te ɖa, nyemedi be mase naneke tso ŋuwò o.” Ke yi azɔli dzi, eye nàgblɔ be, “Akpe na Wò, Aƒetɔ.” Yi edzi. Mikpɔea? Mègatsɔ ɖe le me kura o.

Gbesiagbebolo

Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o. Psalmowo 16.8

24-0729

Nukaŋutie Wòanye Alẽkplɔla
64-1221

Azɔ mina míamia míaƒe ŋkuwo, mibu Yehowa ŋu. Amea ɖeke medze o, amea ɖeke mate ŋu awɔe o negbe Eyama ko. Eye Wòɖi va, heva zu ɖevi sue. Eva, ŋutsuvi katsi. Ezu atikpala, dɔwɔla aɖe. Eva zu Alẽvi, Eva zu vɔsa. Efɔ ɖe tsitre le dziɖuɖu me, Yehowa. Eye abe alesi Mose he eƒe asi ɖe go tso eƒe axatome le eƒe dzi dzi la, Mawu he Eƒe asi tso Eƒe akɔme (Eƒe nya ɣaɣla) Eƒe Vi si nuvɔ̃ ƒe dɔléle, si womate ŋu ada o la ƒo; eye Wògatsɔe de akɔme ake, Hegahe do goe Hee keke ɖe nye kpli wò dzi: “Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ, egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.”

Kpɔ Eyama ɖa azɔ.

Gbesiagbebolo

Ke Fofoa ŋutɔ lɔ̃a mi, elabena miawo mielɔ̃m, eye miexɔe se bena, medo go tso Mawu gbɔ. Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame: megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ. Yohanes 16:27-28

24-0727

Alẽvi Kple Ahɔnɛ
60-0805

Esime Mawu wɔ ame gbã la, ewɔ eyama atsu kple asi siaa le gbɔgbɔme. Ewɔ eyama le Eya Ŋutɔ ƒe Nɔnɔme ŋu, azɔ Mawu nye Gbɔgbɔ. Esime Wòma eyama, hedee ŋutilã me la, Ede atsu ƒe gbɔgbɔ la ŋutsua me, eye asi ƒe gbɔgbɔ la nyɔnu la me. Ke ne nane tovo na ema la, gbototro vi aɖe le afima. Tututu. Ne miekpɔ nyɔnu aɖe le agbagba dzem be yeawɔ nu abe ŋutsu ene la, nu sue aɖe li si gblẽ le afima. Lãme nugbagbeviawo tsaka le afi aɖe. Esɔ gbe. Ne miekpɔ ŋutsu aɖe si nye nyɔnugbɔme alegbegbe be medi be yeaɖe gbeƒã tsitre ɖe nuvɔ̃ alo nububu aɖeke ŋu nenema, be yeade abi ame aɖe ƒe seselelãmewo ŋu o la, tsakatsaka aɖe le afiaɖe hã, menye eƒe kodzogbeme dzidzi ɖeɖeko o, gake gbɔgbɔme dzidzi hã.
Oo, nusi míehĩa egbea la yenye be ŋutsi nanye ŋutsu, nyɔnu, aƒenɔ.
Mawu ɖo wo be woanɔ nenema: ado awu wòato vovoe.
Miegblɔ be, “Èle nu xlãm ɖe mí nyɔnuwo dzi.”
Azɔ mele nuƒo ge na mi kuɖe ŋutsu ŋu. Ŋutsu ɖe sia ɖe si ɖe asi le esrɔ̃a ŋu wòyɔa sigaretiwo, eye wòdoa atakpui mawo, hewɔa nu nenema la, ŋutsu ƒe sue aɖe ŋutɔ koe le eya me, le nye nukpɔsusu ŋu.

Gbesiagbebolo

Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Mose I 1:27

24-0725

Nukata? 61-0125 dzi

Wodzi míakatã ɖe nuvɔ̃ me. Míate ŋu xɔ na mía ɖokui o. Míate ŋu axɔ na mía ɖokui, wu alesi míate ŋu atsɔ míaƒe afɔkpa ƒe kawo akɔ mía ɖokui yiɖe dzinu ta me o. Míate ŋu wɔe o. Kpekpeɖeŋu manɔsitɔwɔ míenye keŋkeŋ. Eye le esia ta, Mawu ma bufɔ̃ wò le gɔmeɖokpe siawo dzi elabena nuvɔ̃wɔla ye nènye o. Abu fɔ wò elabena ègbe be yematsɔ sisimɔ la o. Ke le esia ta, menye Mawu ye o; wò ŋutɔ ye. Èbu fɔ ɖokuiwò. Eye ne èbu fɔ ɖokuiwò la, ame aɖeke meli si akpɔ nublanui na wò o negbe wòŋutɔ. Evɔ. Míenye…Ele be nà—nàkpɔ nublanui na ɖokuiwò, elabena mèlɔ̃ xɔ sisimɔ si Mawu na wò o.

Azɔ, ne Mawu ta Eƒe mɔwo la, bu eŋu ko be am—aleke Wòsea le eɖokui me ne Wòta mɔ na mí, na míaƒe dɔyɔyɔ, na míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ, na míaƒe akɔfafa, na míaƒe ŋutifafa, kple nusiawo katã, eye ɖeko míezɔna dzona hegblẽa wo ɖi. Ele be wòana Wòase le Eɖokui me basa ŋutɔ.

Gbesiagbebolo

(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae; Efesotɔwo 2:8

24-0724

Mawu Ƒe Nya Si Medana Ƒu O
56-0406

Mawu, do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi la, kpɔ ɣeyiɣi me hekpɔ nusianu si adzɔ. Ke eyata, Ate ŋu yɔ aɖatia amesiwo Wònya be Yeade Yeƒe xɔtutu me. Esɔ gbe. Ke ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔwò zã sia me hena wò mɔnukpɔkpɔ be nàgeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me la, ɖee wòle be dzi nàdzɔ wò. Amen.

Ne nèle Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me, eye ènye Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe la, akpe na Mawu. Ènɔa agbea. Èwɔa nusiwo le eteƒe. Ke miɖo ŋku dzi, esia ate ŋu sesẽ hafi wòageɖe me, gake mina wòagbã ɖe lãme vie. Ne nèle Kristo ƒe ŋutilã me la, mehĩa ŋutinu lalã aɖeke o. Kpao, Eƒe ŋutilã deblibo, mehĩa ŋutinu lalã aɖeke o. Amen. Whew. Nyateƒee.

Gbesiagbebolo

Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me. Kolosetɔwo 3:4

24-0723

Miɖo To Eyama
58-0209A

Le miaƒe asitsanyawo me la, miaƒe nya ye abla wò; ele be miaƒe ɖaseɖiɖi nanye nuvavã. Mawu na ŋkeke, si me amegbetɔwo anye nusi wonye, nusi wogblɔ be yewonye dzro. Ɖee menye Kristo tɔ ye menye le wɔalɛ sia me o la, anye ne matsi tre ɖe Eŋu. Anye ne manɔ tsatsam anɔ nua vuvum. Gake mexɔ Eyama dzi se, eye mele—mele klalo ko be…be matsɔ nye agbe gɔ̃ hã ana ɖe Eyama ta, elabena mexɔ Eyama dzi se, be ele eteƒe. Eye ne Eƒe Nya mele eteƒe o la, ekema Eya hã mele eteƒe o. Eye ne womate ŋu aka ɖe Eƒe Nya dzi o la, womate ŋu aka ɖe Eyama dzi o. Gake edzɔ dzi nam ŋutɔ be menya be me…Àte ŋu aku wò luʋɔ ɖe Nya aɖe koŋ dzi le Biblia ma me, eye enye nyateƒe; Eƒe Nya ɖesiaɖe nye nyateƒe. Mawu le agbe le Eƒe Nya la me.

Gbesiagbebolo

Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu. Naxum 1:7

24-0722

Ŋugbetɔ Ƒe Ati La Ƒe Ɖɔɖɔɖo 62-0422

Ke, miekpɔ be, Protestante hame la si mexɔa Mawu ƒe Nya o la nye vinyɔnu na Roma hamea. Mawu gbeɖe, le ɣeyiɣi aɖeke me, tsɔ hame aɖe wɔ ɖoɖo o. Roma Katoliko ha lae nye ɖoɖowɔha gbãtɔ la. Eye wo dometɔ ɖesiaɖe nye, eƒe vinyɔnuwo, siwo wɔ ɖoɖo.

Wokua kplii. Biblia gblɔ, be, “Abi viawo kple dzo.” Ame nenie nya ema? [Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.”—Tala.] Biblia gblɔe nenema. Enyo, Biblia gblɔ be lu kple gbewuwluiawo woatsi de du vaseɖe ŋkeke mamlɛa dzi, emegbe la Abla gbewuwluiawo (Esɔgbea?), gbã, eye wòatɔ dzo wo. [“Amen.”] Eye lu la ayi aʋa la me. Ðe wòsɔgbea? [“Amen.”] Gbewuwluiawo le wo ɖokui blam ɖe du ɖe ɖoɖowɔha me, Hawo ƒe Ƒuƒoƒo ɖe du me, hena atɔm ƒe dzobibi. Esɔgbe tututu. Gake Hame la le dzadzram ɖo be yeayi ɖe aʋa la me, kple kakaɖedzi madamada, elabena ablɔɖenyɔnu la manyi dome kple kluvinyɔnua o.

Gbesiagbebolo

Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa; menye dzodzroe megblɔ be, mele vɔ̃ sia wɔ ge wo o. Ezekiel 6:10

24-0721

Tsitretsitsi La
53-1205

Naneke meli si woyɔna be apostolo ƒe dzixɔse o. Ne apostolo ƒe dzixɔse aɖe le Biblia me la, wokpɔe le Dɔwɔwɔwo me afisi Wògblɔ le be, “Mia dometɔ ɖesiaɖe netrɔ le dzime, eye woanyrɔ mi ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke. Miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nunana elabena ŋugbedodo la nye mia kple mia viwo ƒe viwo tɔ, amesiwo le didiƒe la tɔ, zi geɖe alesi Aƒetɔ mía Mawu la ayɔ.”

Ema ɖi apostolo ƒe dzixɔse wu, menye be, “Mexɔ Roma Katoliko Ha kɔkɔe aɖe dzi se. Mexɔ ame kɔkɔewo ƒe kɔmuniɔ dzi se o.” Ame sia ame si xɔ ame kɔkɔewo ƒe kɔmuniɔ dzi se la nye gbɔgbɔyɔla. Esɔ gbe tututu. Ame kɔkɔewo ku; wole Mawu ƒe Ŋkume. Avuléla aɖeke mele Mawu kple amegbetɔ dome o negbe Yesu Kristo ko. Amen. Esɔ gbe. Oo, aleke miewɔna he tsakana keŋkeŋ hã. Míatɔwo, ŋukpe wònye…

Mikpɔea, nyemedi be mabu fɔ mi amewo o; nyagblɔtiwo dzi wòdze egɔme tso. Mewɔ nuku o emae nye dua ƒe fɔbubu, le esime Satana ge ɖe nyagblɔti la dzi. Nyateƒe lae. Ƒudada gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Nya tsimatɔe la, evɔ Mawu ƒe Nya la, awɔ nusi tututu Wògblɔ be Yeawɔ la.

Gbesiagbebolo

Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; Tito 1:16

24-0719

Nukata?
59-0813

Ne nuvɔ̃ le wò agbe me la, ɖee do goe. Ne fɔbubu aɖe li la, ɖee do goe. Ne ɖikeke li la, ɖee do goe. Vaseɖe esime nàte ŋu akpɔe blibotɔe be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye, Mawu ƒe ɖoɖo wònye, eye wotsɔ wò de eme, emegbe nàgblɔ be, “Dɔléle, le Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me, te ɖa le gbɔnye.” Eye ɖo ŋku edzi be ɖewohĩ màse le ɖokuiwò me nyuie wu ɖeke ɖeke le kwasiɖa ɖeka me o. Gake esi nènya gblɔ nya ma la, nane dzɔ. Ele be Mawu nalé Eƒe Nya me ɖe asi. Dɔléle ma ʋuʋu, eye wòdze ʋuʋu. Adzo ne nàxɔe se ko. Mègake ɖi o.

Abe alesi Petro nɔ zɔzɔm le tsi dzi ene, Egblɔ be, “Nukata nèke ɖi? Oo, wò xɔse ʋɛtɔ.” Esi wònɔ nyɔnyrɔm ɖeɖe ko ta la, ema meɖo naneke awɔ kpli o. Kristo de se nɛ, eye Eƒe Nya la su. Nenemae wòle be míawo hã míabu susu.

Gbesiagbebolo

Mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bene magaʋã o; Hebritɔwo 10:23

24-0718

Hame La Kple Eƒe Nɔnɔme
56-0805

Minya, teƒe si wowua alẽwo lea, minya nusi kplɔa alẽ yina ɖe lãwukpe la dzia, gbɔ̃tsui ye. Gake gbɔ̃tsui akplɔ alẽ la tẽ ayi ɖe lãwuƒe, eye, game si tututu wòkplɔ alẽa va ɖo lãtatsoƒe la, ekema etia kpo flanɛ. Ke, oo, wogblɔna be, ke ne wole gbɔ̃tsui wu ge la, eya ato avu dzi kple aƒa lélélé. Mikpɔea?

Ke nenemae abosam wɔna. Adze agbagba be yeakplɔ Mawu-viwo tẽ woaɖo gbegblẽ me, gake ne game su nɛ be eya naku la, ɣemaɣie wòtoa avu dzi kple aƒa lélélé. Nenemae abosam wɔna. Eye nenema hãe wònɔna ɣeaɖewoɣi, na nyɔnuvi nyakpɔ aɖe si ŋutsuvi nukpoloeƒolaa ɖe, esi lé siga go ɖeka alo wiski tukpa ɖeka ɖe asi la, be wòakplɔ nyɔnuvi sue la atrae, alẽvia ɖe si nye amea ɖe ƒe vi, akplɔe trae yi ɖe gbegblẽ me. “Oo, ɖesiaɖe nyo. Hamea ƒe nya mawo katã gblɔm wole be amegbetɔ nanyo kakaka la menye naneke o.” Gake ku negbe va ƒo ŋutsuvi ma ko nàkpɔe ɖa, nàse wòanɔ ɣli dzi, anɔ abóbó kpam le nutoa katã me. Eye nenemae gbɔgbɔvɔ̃ wɔna.

Gbesiagbebolo

Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu ano te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu; Efesotɔwo 6:11

24-0717

Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi
65-0718E

Míekpɔ bena ne amea ɖe va, eye Mawue dɔe, woɖoe ɖi tso Mawu gbɔ, kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI vavãtɔ la, gbedeasi la kple gbedeasitsɔla la wozua ɖeka. Elabena wodɔe ɖa be wòaxɔ ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la teƒe, Nya ƒu Nya dzi, eyata eya kple gbedeasi la wozu nu ɖeka.

Kɔmahatsɔŋkɔ tɔa ɖe si le kɔmahatsɔŋkɔ ƒe kpɔkplɔ te la, eya kple hame la wonye “ɖeka.” Mawunusrɔ̃la si le mawunusɔsrɔ̃, si kɔmahatsɔŋkɔa ɖe kpa te la, eya kple eƒe gbedeasi la wole ɖeka; mawunusɔsrɔ̃ hame, alo mawuŋunusrɔ̃la aɖe. Megblẽ o.

Ekema ne amea ɖe va kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la, eya kple Gbeadeasi la wole ɖeka. Ke esi Eliya va kple ALE AƑETƆ GBLƆ ESI la, eya kple eƒe gbedeasi la wotrɔ zu ɖeka. Tututu abe Yesu ene, esi Wòva la, Enye Nya la, Yohanes Kɔkɔe 1. Ekema Mawu ƒe Nya kple agbenɔɣia ƒe gbedeasitsɔla wonye nu ɖeka tututu, ɣesiaɣi.

Gbesiagbebolo

Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi! Fiawo I 17:1

24-0716

Ðɔkita Mose 55-0114

Nu ma ke le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã ŋu. Miegblɔa be, “Mele Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dim ƒe geɖe enye si.” Nyemele xɔxlɔ̃m ɖe miata o. Loo wofia nu mi baɖa, loo nane gblẽ, alo miese egɔme o.

Enye dzizizi na Mawu ɖo ɖe Eƒe Nya gbɔ. Petro gblɔ le Pentekoste Ŋkeke dzi be, “Mitrɔ le miaƒe dzime eye woanyrɔ̃ mia dometɔ ɖesiaɖe ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe wòanye nunana.” Ŋɔŋlɔ lae ma, eme kɔ tututu ko abe alesi menya be maxlẽe ene.

Ne ètrɔ dzime eye wonyrɔ wò la, ekema enye dzizizi na Mawu, ne wò xɔse dzɔ ɖo ɖe Mawu gbɔ be wòana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wò le miniti si me nèwɔ ɖe Eƒe Nya dzi. Xɔ ema dzi se. Mawu aɖo kpe edzi na wò.

Ne wò dzi le dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ le Mawu ŋkume, eye wofia wò nu nyuie, eye nèxɔe se, eye nèzɔ yi dzi afima kple kakaɖedzi la, nane adzɔ, ‘elabena Mawu le didim be yeana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wò wu alesi nèle didim be yeaxɔe.

Gbesiagbebolo

Woayra amesiwo nya woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me. Nyaɖeɖefia 22:14

24-0715

Agudzedze Yenye Esi
65-0418M

Ne kɔnu kɔkɔe aɖe anɔ anyi la, ele be wòava me le sabat ŋkeke si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke adrelia, si nye Memleɖagbe dzi. Gake ɖe miede dzesii, le ŋkuɖodzinu sia me, be woanyè le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔa dzia?

“Lubabla, si nye wò nuku gbãtɔ si nèdo la, ne mie eye wòɖi la, àlã lubabla sia atsɔɛ ayi na na nunɔla. Eye nàɖe mɔ wòaxɔe anyèe le Aƒetɔ la ŋkume, hena ŋudzedzekpɔkpɔ le ŋu wò, be wokpɔ ŋudzedze le ŋuwò. Èva kple wò lubabla, eye elebe eya nanyè le Aƒetɔ la ŋkume, le…”

Menye le Sabat, ŋkeke adrelia dzi o; gake le ŋkeke gbãtɔa dzi, si míeyɔna be Kwasiɖagbe la, K-w-a-s-i-ɖ-a-g-b-e.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o; Marko 2:27

24-0714

Ame Bubu Ƒe Hoɖoɖo 62-1013

Luka 24:49 be, “Kpɔ ɖa, mele Fofo la ƒe ŋugbedodo la ɖo ge ɖe mia dzi, ke milala le Yerusalem-dua me va se ɖe esime woana ŋusẽ mi tso Dziƒo.”

Ɣeyiɣi neni? Gaƒoƒo ɖeka, gaƒoƒo eve, ŋkeke ewo, ɣleti ene, ɣleti ade? Mewɔ vovototo aɖeke o. “Vaseɖe esime.” Ɣeyiɣi neni yenye ma? Vaseɖe esime ko. Ne miebia nane Mawu la, minɔ afima tututu, vaseɖe esime. Amen. Whew! Me—mese le ɖokuinye me nyuie. Lala vaseɖe esime. Vaseɖe esime nuka? Vaseɖe esime wòadzɔ. Mibiae. Mixɔe se. Milé me ɖe asi. Midze dɔwɔwɔ. Miɖi ɖase le eŋu. Ŋutikɔkɔe! Ɛ̃. Miɖi ɖase. Migavɔ̃ o. Migeɖe dɔwɔwɔ me.

Wonɔ xɔtaxɔ la me. Nuka? Nɔ Mawu kafum henɔ eyram. Nuka ta? Ŋugbedodo la. Wonya be ele be wòava. Yenye ema. Migeɖe dɔwɔwɔ me. Miyi Mawu kafukafu me vaseɖe esime ŋugbedodoa nava eme. Ŋugbedodo la le miasi.

Gbesiagbebolo

…ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me; Dɔwɔwɔwo 1:4

24-0713

Tso Ɣemaɣi Me 61-0415B

Ŋusẽ sesẽtɔ kekeake le xexeame menye gbegbɔgblɔ bubuwo, alo gbegbɔgblɔ bubuwo gɔmeɖeɖe, alo bubudede ame ŋu tso Mawu gbɔ be wòanye mawunyagblɔla, alo be wòanye nyanyuigblɔla, alo be wòanye nyagblɔɖila o; aʋawɔnu sesẽtɔ kekeake si mekpɔ le nye agbe me kpɔ, yenye lɔlɔ̃. A…Fileo lɔlɔ̃, si me Helagbe me nyati la tso be xɔlɔ̃wɔwɔ, abe alesi nèɖoe na srɔ̃wò ene. Vovototo aɖe le eme. Awɔ be vidada aɖe ɖe vidzĩ ma ta la, aƒu du ato dzobibi me. Eƒe agbe maɖi naneke o. Emae nye fileo. Nukae agapao awɔ (Mikpɔea?), mawusosroɖa me lɔlɔ̃.

Ele be míalɔ̃, alɔ̃ mía nɔewo tso Mawu me. Ekema màkpɔ nɔviwòŋutsu ƒe vodada o. Ne ewɔ vodada la, wòya gbeɖe, wòya kpɔ nu gbɔ etame, eye wò ya lɔ̃ eyama alekekee hã. Mikpɔea? Yema. Milɔ̃ amesiwo lɔ̃a mi. Ke migawɔ nenema ke na nuvɔ̃wɔla hã oa? Ke milɔ̃ amesiwo melɔ̃a mi o. Emae nye nusi fia be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le miame, elabena Elɔ̃ mi esime mienye Eƒe futɔ. Ke Elɔ̃ mi. Ke ne Gbɔgbɔ ma le mewò la, ana nàlɔ̃ wò futɔ, abe alesi nèlɔ̃a xɔ̃wò hã ene.

Gbesiagbebolo

…Ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me! Galatiatɔwo 5:13

24-0711

Hohoɖoɖo
64-0315

Gaƒoƒowo va yina eye wodzona. Kasia nànya la, ànɔ gbɔgblɔm be, “Enyo, me—mesusu be ele be nusia nadzɔ do ŋgɔ na Kɔkɔdzɔe.”

Ðewohĩ Gbe aɖe atrɔ ava abe alesi wòdzɔ ɣeaɖeɣi ene be, “Edzɔ xoxo eye mènyae o.”

Miakatã miaku seke ɖe hame aɖe me le afi aɖe, agblɔ be, “Mele dedie alesi mate ŋui,” eye, gbãtɔ kasia mianya la, Kɔkɔdzɔe nu ayi. Anye adzame, dzodzo kpata, ame aɖeke manya naneke tso eŋu o. Xexeame anɔ edzi yim tututu.

Abe alesi Noa yi aɖakaʋua me ene. Miaɖo ŋku edzi be esi Noa ge ɖe aɖakaʋua me vɔ la, enɔ afima le ŋkeke adre megbe esi Mawu do ʋɔa.

Mawu do ʋɔa, eye Noa nɔ aɖakaʋua me ŋkeke adre hafi nane dzɔ.

Eye woado nublanuikpɔkpɔ ƒe ʋɔtrua ɖe mo na wò, eye ɖewohĩ wowɔe vɔ xoxo.

Gbesiagbebolo

…tsɔm ɖe agakpe, si kɔ nam akpa la dzi! Psalmowo 61:2

24-0710

Yesu Kristo Ƒe Mawunyenye
49-1225

Eye emegbe, ake, medi be miade dzesi nu bubu, nusiwo le emevam dometɔ ɖeka, ame siawo siwo nye ŋkumenuwɔtɔ, kple hame ŋkumenuwɔtɔ siawo, le tsitre tsim ɖe Zɔɖeɖe la ŋu. Eye Biblia gblɔ be, “Mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le wo si, gake woagbe nu le eƒe Ŋusẽ la gbɔ, trɔ ɖa le nenem me siawo gbɔ.” Eye wole woƒe tsitrenɔƒe xɔm.

Kɔmunism le eƒe tsitrenɔƒe xɔm.

Woakafu Mawu, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã le Eƒe tsitrenɔƒe xɔm. Ɛ̃. “Ne futɔ la va abe tsiɖɔɖɔ ene la, ekema Mado aflaga ɖe edzi tsitre ɖe eŋu.” Esɔ gbe. Ke Hame la xɔ Eƒe tsitrenɔƒe, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Hame la gblɔm mele.

Azɔ ema koe kam, xɔ̃wo, eye mele afisia. Le egodo afima la, mado gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta. Gake le afisia la, nu ɖeka koe kam, ke eyae nye Mawu ƒe Hame si wogbugbɔ dzi. Esɔ gbe. Emae nye nusi kam, alekekee hã. Sededewo, kple subɔlawo kple bubuawo, abe ema ene, alo hamewo ƒe ɖoɖowo me kam o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Hamea dzi, na ŋkeke sia si me míele kam. Emae nye akpa vevitɔ, eye emae nye nusi dim míele.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene. Yesaya 59:19

24-0709

Tsi Si Li Tegbe Tso Agakpe La Me
61-0723M

Miekpɔa, zi geɖe la, amewo susuna be nyagblɔɖi ƒe nunana, enye be Mawu nagblɔ ko be “Maɖe wò le afisia tututu, eye mada wò ɖe afisia. Azɔ zɔ yi afisia ko.” Ke Megblɔ nu mawo katã na wò o. Ne Ewɔnɛ la, ekema dziɖuɖu ƒe xɔse kae le asiwò? Mikpɔea? Mikpɔea, wò la, Aɖe asi le ŋuwò nàtsi tre ɖe afima wò ɖeka wu ame bubu ɖesiaɖe. Mikpɔea? Mi katã miate ŋu ava gbɔnye ava bia nanewo, eye Meda ƒu kpɔ gbeɖe haɖe be Wòana mi ŋuɖoɖo o. Esia le teƒe. Ẽ ɖe. Gake mate ŋu abia Eyama nanewo na ɖokuinye, eye zi geɖe la ɖeko Wòazikpi kpɔm, mikpɔea, aɖe asi le ŋunye mayi dzi eye mazɔ le eme.

Nanewo le dzinye fifia si wòle be nye ŋutɔ madi ŋuɖoɖo na, kple nyametsotso siwo wòle be mawɔ. Ke esia le vevie ŋutɔ, ale be nyemate ŋu atso nya me vaseɖe esime maka ɖe dzi be Eyamae le nu ƒom nam o. Eye me—me…Menam ŋutega o. Eɖe asi le nye ɖeka ŋu. Eyata, ɖeko meɖi abe tsɔ̃evi, tɔgbe aɖe ene ŋdi sia, nye—nyemenya mɔ si dzi matrɔ ɖo o. Ale, metsɔe gblẽ ɖe Aƒetɔ la si me.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye luʋɔ le mɔ kpɔm, eƒe nya sinu dzɔm mele. Psalmowo 130:5

24-0708

Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi
65-0725M

Gake milé ŋku ɖe eŋu. Yesu gblɔ, bena, le nuwuwu ɣeyiɣi sia me la, zi ɖeka ake la, gbɔgbɔ eveawo woaɖi wo nɔewo ake. Ɖe esia le eteƒea? [Ƒuƒoƒea gblɔ be, “Amen.”—Tala.] Azɔ mide dzesii. Aɖi wo nɔewo tsɔwu tsã. Fifi enye nuwuwuɣi. Oo, vinyewo! Mawu nakpɔ nublanui na mí! Vaseɖe esi, “Anye nu ŋutɔŋutɔ ale gbegbe be ate ŋu aflu Ametiatiawo ŋutɔ gɔ̃ hã ne ele bɔbɔe.” Azɔ aleke miazɔe…aleke míanyae le ŋkeke mawo me? Aleke miate ŋu adze sii egbe? Nenema kee, minɔ anyi kple Nya la, “Yesu Kristoe nye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.”

Azɔ milé be na Gbedeasi sia katã. Eye ne miele to ɖom nyaƒoka la hã, gɔ̃ hã la amea ɖe menya nu o ne meva dzo gbeɖeka nenye be Aƒetɔ la wɔ kplim vɔ le anyigba dzi afii, miagatrɔ yi esiawo gbɔ ake. Miɖo to nye gbe, nusi gblɔm mele na mi. Ne Eɖem ɖa hafi Eƒe Vava ɖo la, miɖo ŋku edzi be, meƒo nu na mi le Aƒetɔ ƒe Ŋkɔ me, to Aƒetɔ ƒe Nya la dzi. Ɛ̃.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee. Yesaya 40:8

24-0707

Egbe Ƒe Nudzɔdzɔwo Siwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi

Ne ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkekewo me di Mawu ko eye wonya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge teti la, anye ne wometso kufia na Yesu o. Gake susu si ta wònɔ nenema la, elabena ele be Ŋɔŋlɔawo nava eme, elabena ele be woagbã ŋku na Yudatɔwo. Mí katã míenya ema.

Ɖee miede dzesii be wogado eƒe ŋugbe le agbenɔɣi sia tututu si me míele agbe le la mea? Laodikea Hame ƒe Agbenɔɣi, hame ƒe agbenɔɣi adrelia sia si me míele fifia la, nye amamanɔtɔ, nublanuitɔ, ŋkuagbãtɔ, eye menyae o. Abe alesi Wògbã ŋku na wo le megbe afima kple susu be yeatsɔ yeƒe Gbedeasi la ayi ame tiatiawo gbɔ la, Edo ŋugbe be yeawɔ nu ma ke egbea.

Eye ne magblɔ esia to bubudede nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnuwo katã ŋu le Kristo me la: Ŋkeke siawo ƒe dometɔ ɖeka me la, ame aɖe agblɔ be, “Ðe womeŋlɔ ɖi be nusiawo ladzɔ gbã oa?”

Eye anɔ abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene be, “Vavã, mele egblɔm na mi be, eva xoxo, eye wowɔ nu si woŋlɔ ɖi nɛ.”

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Miele ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito; elabena miesusu bena, miekpɔa agbe mavɔ le wo me, eye woamawo nye nusiwo le ɖase ɖim le ŋutinye; Yohanes 5:39

24-0706

Yesu Ƒe Tsitretsitsi
56-0405

Mawu medi be miayɔ mo o. Mawu di be miakpɔ dzidzɔ. Wowɔ amegbetɔ ƒe dzi be wòakpɔ dzidzɔ ye. Dzitsitsi ahe kaŋsa vɛ. Dziku ahe kaŋsa vɛ. Nu megate ɖe miadzi kpɔ gbeɖe o. Mizɔ le Eƒe lɔlɔ̃ me ko. Amen. Esime mienyae be miele zɔzɔm le Eyama me, eye naneke mate ŋu wɔ vɔ̃ mi o. Naneke mate ŋu wɔ vɔ̃ mi o. Ŋusẽ aɖeke meli o, nusiwo li fifia, tsɔme nuwo, naneke mate ŋu mã mí ɖa le Eyama gbɔ o. Míele Eyama me. Eye míegeɖe me kpɔ gbeɖe to míaŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me o. Eya, to tiatia me, tia mí hehe mí va Eyama me. Amen. Eyata Eƒe nya wònye be Wòalébe na nusi Eŋutɔ tsɔ la. “Ame aɖeke mate ŋu ɖe wo ɖa le Fofonye ƒe asiwo me o, elabena Eyae nye gãtɔ kekeake le wodome.” Amen. Fofo Lae léabe nɛ. Ameka si ye ŋusẽ geɖe li wu Mawu? Ke ŋusẽ ka ƒomevi ye le dziwò be yealébe na wò? Ŋusẽ siwo katã wɔ xexeawo. Amen.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu! Psalmo 47:1

24-0705

Dedemewo
63-0126

Mele be xɔsetɔwo natso gbe gbeɖe o. “Oo, enyo, esia le eteƒe. Mamae kpɔ.” Mègawɔ o.

Kpɔɖeŋu aɖe li si woɖoɖi, nu vavã aɖe, ke menye ame ƒe hatsotso tɔxɛ aɖe tɔ o. Mawu ƒe Nya ye Wònye. Migatso gbe le Ema ŋu o. Azɔ, migamae kpɔ o.

Azɔ nububu aɖe medea dzesi le amewo dome, ɣeaɖewoɣi, tɔxɛ. Ame aɖe ƒe asi asu ga vi aɖe dzi, ke emegbe adze agbagba be yeade hotsuikpɔkpɔ zuzu le zã ɖeka me ƒe nu ƒomevi aɖe me, asitsatsa aɖe si womede dzesi o. Wò dziwu kee nàbu, ke mienyae nenema ɖe. Mikpɔea? Migatee kpɔ o. Ke asitsala nyuie, si dze aɖaŋu la mawɔ ema o. Ame aɖe si meɖo numetoto aɖeke le dɔa me kpɔ o la ye ama nane kpɔ nenema. Meɖea vi gbeɖe o ɖe.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi.

Lododowo 3:13

24-0704

Miyi Ɖagblɔ Na Nye Nusrɔ̃lawo 53-0405S

Megblɔa tsã tso, esi menɔ nu ƒom le anyigbe le afisia, tso tsidzɔƒe xoxo aɖe si me menoa tsi le tsã ŋu. Enɔ fiafiam henɔ dzidem, nɔ dzidem henɔ dzidem, le anyigba ƒo xlã Milltown. Tsã la, mebiaa ɖokuinye be nukatae tsidzɔƒe ma dea dzi, ke gbeɖeka mebɔbɔ nɔ afima henɔ nu ƒom nɛ. Mibu eŋu kpɔ be ame le nu ƒom na tsidzɔƒe aɖea? Gake menɔ nu ƒom na Dzɔdzɔme Si wɔ tsidzɔƒea. Eye mebia ɖokuinye be, “Nukae na nèbluaa alegbegbe, anɔ dzidem alegbegbe? Ðe le esi—ɖeviawo vaa afisia va noa tsi le gbɔwò, alo menoa tsi le gbɔwò, alo nanea?”

Ne ɖe tsidzɔƒea ate ŋu aɖo nu la, agblɔ be, “Ao, Billy, menye esi nènoa tsi le egbɔ tae o. Menye esi ame aɖe noa tsi le gbɔnye tae o. Nane wònye le anyime le te nye le afisia, si le tutum eye wònana be meblua henɔa dzidem, heyia edzi alea.”

Nenemae wòle, ŋutsu alo nyɔnu ɖesiaɖe si wodzi tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me. Menye wòe o. Menye amegbetɔ ƒe seselelãme ye o. Le esime tsitretsitsi, alo Mawu ƒe Ŋusẽ, le amegbetɔ ƒe agbe ma me, eye wòle zizim ɖe Agbe si li ɖaa me, le ʋuʋum yi Agbe Mavɔ me tae. Nane le me le afisia! Màte ŋu azi ɖoɖoe ne ehiã be nàwɔe o. Nane le wò ememe.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudoa me goglo; afika gɔ̃ nèkpɔ agbetsi la tsoe mahã? Yohanes 4:11

24-0703

Gbedeasi Na Laodikea Hame La 58-0609

Ke mele esia ŋu bum dɔmenyotɔe, be zi geɖe la, hame la le eƒe vovo kpɔkpɔ me la wɔa nuwo, kple bua ŋuwo nu, he–he tsɔa nuwo abe alesi wole ko, esime wòle be míada nusi míewɔna kple nusi míegblɔna la kpɔ. Ele be míade ŋugble le eŋu hafi agblɔe.

Nɔnye tsitsia si tso nyiehe la gblɔna nam tsã be, “Bu tame zi eve emegbe ƒo nu zi ɖeka.” Nu suesuesuewo, ɣeaɖewoɣi, siwo míegblẽna ɖi mawɔmawɔ la, woe le vevie na mí ŋutɔ. Míetsia dzi alegbegbe be míaƒu du le nuwo ŋu le dziku ƒe agbenɔɣi sia si me míele agbe le. Ekpɔ ŋkume na mí, abe Mawu ƒe hame la ene zã sia me, be míatɔ aɖalala miniti ɖeka, akpɔ afisi míele la ɖa.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; Luka 21:34

24-0702

Amegãwo, Míedi Be Míakpɔ Yesu 61-1224

Oo, Yesaya gblɔ be Ewɔ nuku. Mina míabu nanewo si Wògblɔ, siwo na Wòwɔ nuku la ŋu. Nukae Wɔe wòwɔ Nuku? Esi Wògblɔ esia be, “Nye kple Fofonye míele Ðeka,” Nuku.

Migblɔ Farisitɔ si ate ŋu agblɔ ema nam. Migblɔ nunɔlagã si ate ŋu agblɔ ema, eye Mawu nade megbe nɛ nam. Mikpɔea?
Egblɔ be, “Ne Nyemewɔ dɔawo fifia o la, migaxɔ naneke si Megblɔ dzi se o. Gake ne Meɖe gbeƒã esia la, ekema efia be Mawu Dɔm be mawɔe.”

Egblɔ azɔ, eye Wògblɔ be, “Nye kple Fofonye míele Ðeka.” Menye, “Nye kple Fofonye míele etɔ̃.” Yesu gblɔ o. Azɔ, dzixɔse la gblɔ be, “Nye kple Fofonye míele etɔ̃.” Gake Biblia gblɔ, eye Yesu hã gblɔ be, “Nye kple Fofonye míele Ðeka.” Ema wɔ Nuku.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

…eye wotso ŋkɔ nɛ be; Nukunu, adaŋuɖela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia,

Yesaya 9:5

24-0701

Nubube 62-0117

Ame aɖe gblɔ, nyitsɔ, egblɔ, be “Nɔviŋutsu Branham, amewo kpɔa wò abe nyagblɔɖila ene. Nukata kɔŋ mèfiaa ame mawo alesi woawɔ axɔ gbɔgbɔmenunanawo o mahã? Ɖe asi le alesi nyɔnu mawo doa awu kple ŋutsu mawo wɔa nui ŋu. Ɖe asi le eŋu. Mèɖo naneke le ègbɔgblɔ me o. Fia gbɔgbɔmenu, gã, goglo wo.”

Megblɔ be, “Aleke mafia akɔŋtabubu wo, evɔ womenya ABDƉ o hã?” Aleke nàwɔ ana wo sukukɔkɔ nufifia; womedo le abɔzokpo me o gɔ̃ hã hã? Dzadzenyenye gbɔlo gbɔlo teti mele mia si be miakɔ mia ɖokuiwo ŋu aɖawɔ nu abe Kristotɔwo ene, kple ado awu abe Kristotɔwo ene, kpakple anɔ agbe abe Kristotɔwo ene, eye emegbe miaƒo nu tso gbɔgbɔme nunanawo ŋu oa. Mido go le abɔzokpo. Wobuna be nusianu nyo, gake egblẽ. Mele be miawɔe o. Mia dadawo mebui o, wo amesiwo nɔ Pentekoste me ƒe aɖewoe nye esi. Gake wobui.

Ke mi ŋutsuwo, aleke miele tsitre, ɖemɔ na mia srɔ̃wo be woawɔ ema? Miegakpɔtɔ le abɔzokpo. Mikpɔea? Esɔ gbe. Miele ebum be enyo, gake mele nenema o.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene Tito 2:3

24-0630

Ŋugbetɔ Aɖe Tiatia
65-0429E

Azɔ, ele be nàdo gbe ɖa ɖe hame si me èsubɔna le la ta. Ɖo ŋku dzi be, hamewo yina kple gbɔgbɔ.

Azɔ, nyemedi be manye nyahela o. Gake medze sii be menye ametsitsi, eye mava dzo le afisia godoo, ŋkeke siawo dometɔ ɖeka. Ke ele be mava ɖo nya ŋu le Ʋɔnudrɔ̃gbe Ŋkeke la dzi ɖe nya si megblɔ fiẽ sia alo ga sia ga me la ta. Eye me, eyaŋuti, ele be maɖo mo vevi kutɔkutɔe axɔ nyaƒoɖeamenu vavã.

Gake, heyi ɖe hame aɖe me, eye ne èle ŋku ɖe hame ma ƒe agbenɔnɔ ŋu la, Nàlé ŋku ɖe kplɔla la ŋu sẽ ko, ke enuenu la miakpɔ be hame la wɔa nu abe kplɔla la ene. Ɣeaɖewoɣi la, mebiana se bena ɖe menye mía nɔewo ƒe gbɔgbɔ ko míexɔna ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la teƒe o ɖe.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta. Yohanes 10:15

24-0628

Nusiwo Lava Nɔ Anyi
65-1205

Yesu Kristo to xɔse me; menye nusi miate ŋu atsɔ dzɔdzɔmenunya aɖo kpe dzi o, ke boŋ nusi miexɔ se. Nyemate ŋu atsɔ dzɔdzɔmenunya aɖo kpe dzi na mi, fiẽ sia, le xɔ sia me, bena Mawu aɖe li o, gake tsyo ya menya be Ele afisia. Gake, to nye xɔse me, woɖo kpe dzi.

Abraham mate ŋu atsɔ dzɔdzɔmenunya aɖo kpe dzi na mi be yele vi dzi ge le nyɔnu ma ƒe dɔme, esi wòyina ƒe alafa ɖeka xɔ ge kloe o. Gake eƒe xɔse ɖo kpe dzi. Mikpɔea? Mehĩa dzɔdzɔmenunya ƒe kpeɖodzia ɖeke o. Nukaŋutie, dɔ…Nukaŋutie, dɔkita agblɔ be, “Amegãɖeɖi la dze aɖaʋa, le afisia le gbɔgblɔm be yele vi—vi dzi ge le nyɔnu ma ƒe dɔme; esi eya ŋutɔ xɔ ƒe alafa ɖeka, eye nyɔnu la xɔ blaasieke.” Gake, mikpɔea, Mawu gblɔ nenema, eyata mehĩa dzɔdzɔmenunya o. Ehĩa xɔse, be woatsɔ xɔ Mawu ƒe Nya dzi se, menye dzɔdzɔmenunya o.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mía kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, Romatɔwo 5:1

24-0627

Kɔmunion
62-0204

Azɔ, míedi be míabu Yesu ŋu eye míabɔ ha Kplii, nusi Wònye. Nukae nye Eƒe ŋutilã? Nukae nye Kristo ƒe ŋutilã? Eyae nye xɔsetɔwo ƒe ŋutilã amesiwo bɔa ha Kplii le Gbɔgbɔ Kɔkɔe me. Menye legba aɖe o, menye abolo kakɛ o, ke boŋ Gbɔgbɔ si le xɔsetɔ ƒe dzi me, eye wobɔ ɖedu, ɣemaɣie ame kple Mawu ate ŋu aƒo nu kple wo nɔewo, Mawu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Amesi ŋu ku le, to Ʋu hehlẽ me la, naxɔ nuvɔ̃ ƒe keke, eye ŋutsu sia kple nyɔna sia, ŋutsuvi sia alo nyɔnuvi sia, siwo le kadede me kple Kristo la, naƒo nu kple Eya, si nye ŋutilã la.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye; Romatɔwo 12:5

24-0626

Xɔse Nye Nu Vavātɔ La 47-0412

Ŋkeke sia si me míele agbe le la, enye ŋutifafa malike kple dzudzɔ malike si ƒe ŋkeke tɔgbe le afisiafi. Amewo le du dzi le afisiafi le nukake woagblɔ la gblɔm. Ame sia ame kloe la ate ŋu akpɔ nusrɔ̃la. Meka nusi wofiana alo susuna o la, ame aɖe aɖo to wo. Eye enye ŋkeke si ŋu nyagblɔɖilawo ƒo nu tsoe.

Amewo, ne dɔ le wo wum la, woaɖu nu le afisiafi. Ne dɔ le ɖeviwo kple amewo wum yi ku me la, woaɖu nu tso gbeɖuɖɔgoe me, wo ame siwo ɖu nu tso kplɔ̃ nyui aɖe dzi kpɔ. Gake ne dɔ le wo wum ɖe, woaɖu nu le afi aɖe. Eyata mesusu be ele be Nyanyui la ƒe gbeƒãɖela vavã ŋutɔŋutɔwo nanɔ tsitre eye woanɔ yiyim, ele be woanɔ nu nyuitɔwo nam amewo: nuɖuɖu le eɖuɣi.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome. Petro I 5:2

24-0625

Nuvɔ̃wɔla Vɔ̃ɖitɔ Le Dua Me 56-0218E

Edzrom be manɔ tsitre ɖe afisi wòtsi tre ɖo. Edzrom be manɔ tsitre ɖe teƒe ma si wòtsi tre ɖo. È
Mienya nusi mawɔa? Oo, nyematsɔ ɖeke le hame ƒe nyawo me nenema gbegbe o; Matsyɔ mo anyi agblɔ be, “Aƒetɔ Yesu lɔlɔ̃tɔ, Agbe ƒe Aƒetɔ, nam Wò amenuveve tsɔtsɔke,” ne mɔnukpɔkpɔ su asinye be matsi tre ɖe Eƒe ŋkume.

Mexɔe se be ema ku ɖe amesiame si le afisia ƒe seselelãme ŋu le zã sia me. Míawo hã míawɔ nu ma ke. Me…Gake egbea la, ele abe alesi wònɔ ɣemaɣi ene. Míeƒoa ta ɖe nu geɖe siwo wòle be míawɔ me alegbegbe le hamea me, hamea bia nu geɖewo tso mía si ale gbegbe, kple teƒe geɖe siwo míayi, vaseɖe esime le nyateƒe me la, míedana mɔnukpɔkpɔ la xɔxɔ ƒu zi geɖe. Eye ɖewohĩ, le zã aɖe me la, elebe míayi ɖato nu me hena hadzidzi takpekpe la. Elebe míawɔ nu bubu aɖe. Nane, ɖewohĩ, subɔsubɔ dzɔdzɔme, gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le nu ƒom na wò dzi la, nu nyuitɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàɖo eŋu ɣesiaɣi, meka nusi wònye o, zã ƒe ɣeyiɣi ka mee nèle, alo dɔ ka ƒomevie nèle wɔwɔm o, ’elabena ɖewohĩ Magaƒo nu azɔ o hena ɣeyiɣi didi aɖe, eye ɖewohĩ gbeɖe o.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; Psalmowo 46:11

24-0624

Agbe Aɖe Si Woɣla 55-1006A

Henry Groat yenye ema kpɔm melea. Mawu nayra wò, Nɔviŋutsu Henry, nyemekpɔ wò o ɣeyiɣi didi aɖee nye esi eye noviŋutsu. Ðeko wòdzɔ be metrɔ kpɔ megbe eye mekpɔ Papa eye mekpɔe dze sii.

Esime meɖo nye tagbɔdɔ gã alo medzo le agblea dzi abe ɣleti enyi ene la, wonye nɔviŋutsu kple vitɔ ŋutɔŋutɔ nam. Wonɔ gbɔnye tututu ɣesiaɣi. Nyemaŋlɔ gbesigbe Nɔviŋutsu Groat si le afima, míedo go yi bligble me ɖado gbe ɖa la be gbeɖe o. Metsi dzodzodzoe ale gbegbe; Menɔ ŋutega la me ɣeyiɣi didi ale gbegbe be nyemete ŋu nya nenye be mele eme alo medo go o. Nyemaŋlɔ Nɔviŋutsu Groat be gbeɖe o esime wòdze klo do gbe ɖa kplim. Etsɔ eƒe abɔwo ƒo xlãm, gblɔe ɖe ko gblɔ be “Azɔ, Papa Mawu, ɖee Nàva kpe ɖe Nɔviŋutsu Branham ŋua? Papa Mawu, ɖee Nàva kpe ɖe Nɔviŋutsu Branham ŋua?” Ema tsi menye ɣesiaɣi, Nɔviŋutsu Groat.

Oo, nuka gɔ̃ wòanye, Nɔviŋutsu Groat, gbeɖeka mele mɔ kpɔm be nye abɔ naƒo xlã wò eye mianɔ anyi ɖe ati damamavɔwo gbɔ afisi Agbetsiwo ƒe tsidzɔƒewo le sisim tso fiazikpuia te le. Míanɔ mía Papa Mawu ƒe Ŋkume ɣemaɣi tso mavɔ me yiɖe mavɔ me be míanɔ agbe le Eƒe Ŋkume.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me. Nyaɖeɖefia 7:17

24-0623

Le Kades-Barnea 56-0527

Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ si ɖi ɖe Hamea dzi, be wòayi Aƒetɔ Yesu ƒe dɔwɔwɔwo dzi, le Eƒe dzodzo me. Eyae nye be woana Nyanyui la ƒe Kekeli la, le kekeli sue aɖe me, wu alesi wònɔ esime Kristo nɔ afisia.

Abe dzinu kple ɣe ene. Dzinu dona, be wòana kekeli le ɣea ƒe anyimanɔmanɔ me, vaseɖe esime wòagate ŋu ado, emegbe dzinua tsina. Eye ɣe nye kekeli si klẽna wu ale gbegbe be wòtsia dzinu ƒe keklẽ. Gake nukae nye dzinu ƒe kekeli? Enye ɣe ƒe keklẽ ɖe dzinu dzi.

Eye ema le abe Kristo ene. Esime wònɔ afisia la, Enye xexeame ƒe Kekeli. Edzo yi, hele keklẽm ɖe Eƒe Hamea dzi, be yeaklẽ Yeƒe Kekeli ɖe xexeame egbea, be Kekeli nazɔ geɖe eme vaseɖe esime Wòatrɔ gbɔ ava. Eye emegbe woatsɔ nusianu-le-nusianu me ana Eyama. Eye Anɔ Fia Dawid ƒe fiazikpui dzi, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yiɖe mavɔ me.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: Yohanes 14:16

24-0622

Afisi Mesusu Be Pentekoste Da Ƒu Le 55-1111

Mose kplɔ ame miliɔn eve to gbedzi. Eye wòkplɔ wo hena ƒe blaene, eye esi wòdo go ɖe go kemɛ dzi la, klo belitɔ aɖeke menɔ wo dome o.

Ðe mi ɖɔkita siwo le afisia fiẽ sia, alo mia dometɔ aɖewo, madi be yewoanya nusi nɔ Ðɔkita Mose sia, atikeŋɔŋlɔ laa? Nukae wòna ame mawo? Vidzĩ nenie wodzi zã sia zã? Ame tsitsi nenie kple bubuawo? Butɔla kple gbafa nenie? Kple dɔmeɖui nenie, kple nu bubu ɖesiaɖe, si me wòto zã me? Ke Ðɔkita Mose kpɔ eƒe akpa ɖesiaɖe gbɔ.

Ɖee miedi be miakpɔ eƒe atikekotoku me aɖanya atikeŋɔŋlɔ si ƒomevi wònana? Ɖee miedi be yewoanya nusi wònyea? Mina míakpɔ nusi wònye la ɖa. Eyae nye esi: “Nyee nye Yehowa, si daa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.” Amen. Ema koe nye atike si nɔ esi, eye wòwɔ dɔ na ame miliɔn eve.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

…ne nyagblɔɖila gblɔ nu sesẽa ɖe na wò la, màwɔe oa?… Fiawo II 5:13

24-0621

Agbe ƒe Tsikɔwuame 60-0304

Megblɔa Kokoko be nenye be mate ŋu anye ɖekakpui si xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃, ne Mawu ado ɖe nyagblɔti la dzi le zã sia me, hegblɔ be, “Matrɔ wò nàxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃, afima nànɔ ƒe miliɔn ɖeka, eye Mawɔ wò fia ɖe xexeame katã dzi la, nusianu anɔ wò sedede nu; alo mana wò ƒe alafa ɖeka ƒe nuxaxa kple fukpekpe, kple kuxi, kple vevesese, gake le ƒe alafa mawo ƒe nuwuwu la, mana Agbe Mavɔ wò Gake le ƒe miliɔn la ƒe nuwuwu la, èbu.”

Oo, magblɔ be, “Aƒetɔ Mawu, megahiã be malala azɔ hafi awɔ nye tiatia o: Na makpɔ ƒe alafa ɖeka ƒe nuxaxa kple fukpekpe , ku ƒomevi ɖesiaɖe si nètia nam be maku, ɖeko, Aƒetɔ, na Agbe Mavɔm. Elabena togbɔ be xexeame katã nye tɔnye eye menye fia ƒe miliɔn ɖeka hã la, le ƒe miliɔn mawo ƒe nuwuwu la, mezu nuwɔwɔ si ɖo ta dzomavɔ me na Mavɔmavɔ. Gake meka alesi tɔnye gome gblẽ le afisia o la, le nye agbe ƒe nuwuwu, ne Agbe Mavɔ su asinye la, manɔ agbe le Mawu ƒe Ŋkume yayra la me tegbe tegbe.”

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa fu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ. Yohanes 12:25

24-0620

Nya Si Woɖe Gblɔ Nye Nuku 62-0318

Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be, “Midzi ɖe edzi, eye miayɔ anyigba la dzi.” Nane wònye gbɔna, ŋugbedodo. Menye srɔ̃a, haɖe o, elabena menɔ anyi kpli kpɔ o.

Kristo ƒe ŋugbetɔ la menye srɔ̃a haɖe o. Srɔ̃ɖeɖe ŋkeke nyuie la ava eme. Miese egɔmea? Mide dzesii, oo, esia nye kesinɔnu.

Eti dzi, eye nukae wòwɔ? Etsaka eƒe nuku la. Etsɔe tsaka kple da ƒe nuku la. Eye esi wòwɔe la, etsɔ—a…Nukae wòdzi? Edzi ku ƒe vi. Ðevi aɖe, si, etro gbo ɖevi ɖesiaɖe le ema megbe.

Eye esi wotro Yesu Kristo ƒe hame la gbo le Roma ƒe ɣeyiɣi me, le eƒe ɖetugbui leaƒe dzidzi megbe, eye wotsɔe na Kristo le Pentekoste dzi la, e…Nukae wòwɔ? Etsaka eɖokui kple Roma ƒe nuɖoanyi. Eye Protestante hame la hã wɔ nu ma ke tututu. Mate ŋu lala o.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

…Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò… Yesaya 47:10

24-0619

Miɖo Xɔse Ɖe Mawu Dzi 58-0510

Nuvɔ̃ le azɔli dzi.

Miate ŋu agblɔe na wo o, elabena abosam xɔ dukɔa ŋgɔ. Eva mía gbɔ ƒe ʋɛ aɖewoe nye esi; enɔ Paris, abosam kple eƒe dɔlawo. Eye wowɔ xexemeʋa gbãtɔ, eye anye ne Germany anyrɔ dukɔ sia ɖe anyigba te, gake míeyi ɖakpe ɖe wo ŋu. Eye esi wòwu enu teti la, egatrɔ gbɔ, wein, nyɔnuwo, kple agɔ ɖuɖu.

Emegbe Satana dɔ eƒe kpɔɖeŋuwo ɖe afisia, ɖe awu le míaƒe nyɔnuwo ŋu, he ŋukpe va míaƒe dukɔa dzi, to kpɔɖeŋuwo kple nutovɛwo dzi. Emegbe ɖeko wòtsɔ eƒe aʋakɔa heɖi ɖe Hollywood.

Mia dometɔ geɖewo maɖe mɔ na mia viwo be woayi sinema ɖeƒewo be woakpɔ nu mawo tɔgbe o. Abosam nye tagbɔɖaɖɛtɔ; etsɔɛ vaa television dzi tututu, alebe miaxɔe kakaɖedzitɔe.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ. Romatɔwo 12:2

24-0618

Trɔ̃subɔlawo Ƒe Agbenɔɣi Ƒe Gɔmedzedze Kple Nuwuwu 55-0109E

Nukae wònye? Medo go yi hekpɔ agudze ɣletivi gã ma, esi wòdze zɔɖeɖe gɔme le afima. Nukae agudze ɣletivi la gblɔ? Ɣe si gbɔna ƒe kekeli kɔkɔtɔ kekeake koe agudze ɣletivi la le ɖeɖem fia. Ele eteƒea? Agudze ɣletivi la, nusita wòklẽ alegbegbe la (mienya nusita wòle nenema?), ɣea te ɖe eŋu ŋutɔ. Enye zizi ɖe nu dzi. Eye agudze ɣletivi la doa dza na ɣe ƒe vava.

Enyo, mi agudze ɣletiviwo, ɣeyiɣia de be míayi aɖado dza na Eyama si gbɔna! Miklẽ, agudze Ɣletiviwo! Mitso kaba! Egblɔ be, “Vi la ava afisia kpuie!”

Ne míeɖe ŋku kpɔ agudze ɣletivi ma hekpɔe, esi wòle dzodam le yame la, efia be ɣea aklẽ kpuie ŋutɔ.

Eye ne míekpɔ Mawu ƒe agudze Ɣletiviwo, wole dodom hele keklẽm hena Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi ƒe ŋutikɔkɔe la, ele fiafiam be Ame kɔkɔtɔ ma le zizim ɖe edzi. Kekeliawo le ƒuƒom ɖe du, gake agudze Ɣletivi la le ɣli dom be, “Milé dzi ɖe ƒo! Maga didi hafi ŋu nake o.” Milé dzi ɖe ƒo! Maga didi hafi ŋu na ke o. Minɔ dzidodo dzi ko.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe: Yohanes 5:28

24-0617

Nubabla la Ƒe Dɔla 54-0301

Azɔ, ne mege ɖe fiase si me wodzraa nu vovovowo le me la, melɔ̃a ŋkuléle ɖe nu ŋu vie, alo miakatã oa, tɔxɛɛ ne tɔnye wònye? Eye ne mekpɔ nane le dzi ɖaa, matsɔ atrakpui aɖe, eye mayi alia dzi, akpɔe, aku nu me le eŋu, akpɔ alesi wòle.

Nenemae wòle le Kristo Yesu me. Le Gbɔgbɔ ɖeka me la, wonyrɔ mí katã ɖe Mawu ƒe nu vovovowo fiase gã la me, Yesu Kristo, afisi ŋutifafa, dzidzɔ, dzidzɔkpɔkpɔ, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, tufafa, dɔmenyuiwɔwɔ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Mawu ƒe ŋusẽwo, gbegbɔgblɔ bubuwo, gbegbɔgblɔwo gɔmeɖeɖe, Mawume dɔyɔyɔ, ŋutikɔkɔe, ɣlidodowo, nunya le mía si le. Aleluya. Nu siawo katã nye mía tɔ, xɔsetɔ ɖe sia ɖe: miatɔ wònye.

“Nyee nye Yehowa, Amesi tsɔa wò dzidadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.” Tɔnyee wokatã nye. Ne Mawume Dɔyɔyɔ kɔkɔ vie ko la, ele nye nu vovovowo ƒe fiase me, ’elabena afisia tututue wòle. Eye esiae nye míaƒe fiase si me wodzraa nu vovovowo le. Amen.

Emegbe ne mege ɖe afima la, malia ayi dzi atsɔ esia. Tɔnye wònye. Ðewohĩ ahiã be maɖo kɔkɔƒe vie, ate ŋu ahiã be aɖe fu vie, gake maxɔe. Tɔnye ye. Meɖoe kplikpaa be wòasu asinye.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.

Filipitɔwo 4:13

24-0616

Kpẽwo Ƒe Azã
64-0719M

Dzesi mamlɛtɔ si Abraham…Eye míenye Abraham ƒe fiaƒome Nuku; Ŋugbetɔ la. Dzesi mamlɛtɔ si Abraham kpɔ hafi dzesi si ŋugbe wodo la va…vi si ŋugbe wodo la va, nye nuka? Mawu, le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me, si te ŋu dea dzesi ameawo ƒe susuwo; ame ɖeka, ke menye ame wuieve o; ame ɖeka, meka amesɔsrɔ̃ neni si le o. Ðeka nɔ Wo si, ke Ede dzesi susu siwo nɔ wo me le afima. Nuka? Eye, nusi dzɔ emegbe la, Abraham kple Sara trɔ zu ɖekakpui kple ɖetugbui.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham, Mose I 18:17

24-0615

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0115 dzi

Azɔ, medi be mialé ŋku ɖe vovototo si le Maria kple Zaxarya dome ŋu. Zaxarya, mawunyagbɔla ma, Nyanyui gblɔla, alo gbeƒãɖela, abe alesi wònɔ le ŋkeke ma me ene, nunɔla le gbedoxɔa me, nya nu ƒomevi ɖesiaɖe si dzɔ va yi tso Mawu ƒe nukuŋusẽ ŋu, gake eke ɖi Mawudɔla la le eƒe nɔnɔmea me, afisi Maria gblɔ le be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu.” Meke ɖi nusi ate ŋu dzɔ alo etɔeawo o.

Azɔ mikpɔ alesi gbegbe wòle be Maria nàxɔ ase wu nusi dzi wòle be Zaxarya naxɔ ase ɖa. Hana dzi vi do ŋgɔ, esime wòto vidziƒe ŋu. Sara dzi vi do ŋgɔ emegbe esi wòto vidziƒe ŋu. Eye ema dzɔ zi geɖe vɔ xoxo. Gake ele be Maria ya naxɔ nane si medzɔ kpɔ o dzi ase. Nyɔnu aɖeke medzi ɖevi aɖeke abe ema tɔgbe ene va xexeame kpɔ to ŋutsu aɖeke manyamanya me o ɖe.

Ke geɖe dzi wòle nɛ be wòaxɔ ase wu esi dzi Zaxarya xɔ se. Azɔ le esia ta, meke ɖi Mawu o; ɖeko wòxɔ Mawu dzi se le Eƒe Nya la ŋu. Amen. Melɔ̃a ema. Mixɔ Mawu dzi se le Eƒe Nya la nu. Mixɔ Edzi se alekekee hã. Alekekee wòdze be mele bɔbɔe o la, mixɔ Mawu dzi se, eye Ana wòava eme.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Ke egblɔ bena: Aƒetɔ, mexɔe se; eye wòdze klo ɖe ta agu nɛ.

Yohanes 9:38

24-0614

Asiŋɔŋlɔ si Le Gli La Ŋu 58-0309M

Ne dukɔ sia si le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu la, anye dzizizi na Mawu be wòafɔ Sodom kple Gomora ɖe tsitre, eye wòaɖe kuku le esi wòna woyito hetɔ dzo wo ta, elabena míenye ame vɔ̃ɖiwo ko abe alesi Sodom kple Gomora nɔ tsã ene. Eye ne Ena Sodom kple Gomora yi to, eye wòtɔ dzo wo, le woƒe nuvɔ̃ ta, eye mewɔ nu ɖe mía ŋu nenema ke o la, ekema Anye madzɔmadzɔtɔ eye wòanyi kukuɖeɖe ƒe fe le wo ŋu.

Mehiã be Mawu naɖe kuku na ame aɖeke o, alo naneke o. Woadrɔ̃ ʋɔnu nuvɔ̃. Eye woahe to nɛ, abe alesi kakaɖedzi le eŋu be Mawu aɖe li si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu ene. Eye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le kɔkɔe. Mawu le Kɔkɔe ye.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Nyaɖeɖefia 15:3

24-0613

Mawu Ƒo Nu Na Mose
53-0831

Vivivi la, abe alesi miewu Amoritɔwo ƒe ha sia ene la, mana miaʋu ayi eme axɔ teƒea. Ne miewu Hivitɔwo ƒe ha sia la, mana miaʋu ayi eme, axɔ teƒea.”

Ame aɖe gblɔ be, “Enyo, mexɔ…wodo gbe ɖa ɖe tanye le zã si va yi me. Nye asi kplibɔ eye nu ɖeka si mate ŋu awɔ koe nye be maʋuʋu nye asibidɛ.” Enyo, afisi nèyi ŋgɔ sẽ ɖo koe ma. Nɔviŋutsu, enyo, ne ayi ŋgɔ wu la, àʋuʋu wò abɔ. Esime wò xɔse anɔ ŋgɔgbe yim la, Mawu aɖe mɔ na wò be nàxɔ anyigba la. Tɔwòe wònye. Mawu do ŋugbe be yeagbugbɔ wò lãmesẽ na wò. Aleluya. Whew. Míatɔwo, mele sesem nyuie. Oo Mawu, na mayi ŋgɔ. Amen.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Teƒe sia teƒe, si miaƒe afɔƒome aɖo la, matsɔe na mi, abe alesi megblɔ na Mose ene. Yosua 1:3

24-0612

Yosef Do Go Nɔviawo 56-1230

Azɔ, le gɔmedzedzea me la, esi Mawu ƒo nu la, ke Satana nɔ tsi tre ɖe afima eye wòsee.

Azɔ amewo le agbagba dzem be yewoake ɖe kadodo sia si bu ŋu. Magblɔ na mi, to ɖeɖefia me, ne miedi be miaxɔe. Ame ma si bu, le lã kple amegbetɔ dome lae nye da la, hafi woxɔ eƒe atawo le esi. Biblia gblɔ be, “Eyae dze aye wu gbemelãwo katã,” ke menye lã siwo tana o, “ gbemetɔwo.” Eyae ble nyɔnua, le eƒe nyakpɔnyakpɔ me, eye wòfɔ fu. Ke azɔ, le ema wɔwɔ me, kple esi wòkpɔ be nuvɔ̃ gbɔna la, Mawu tsɔ fiƒode ma tɔgbe da ɖe edzi vaseɖe esime dzɔdzɔmenunya makpɔ ƒomedodo aɖeke le da sia, abe alesi wonyae egbea ene, kple amegbetɔƒomea dome gbeɖe o. Gake miaƒe ame gege la, si woɖiɖi ɖe anyi, le domedome, si tsaka kple lã mawo ƒe agbe ɖe du yema. Yenye ekem.

“Mawu ɣlae ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, ke aɖee afia vidzĩ siwo asrɔ̃ nu.” Mikpɔea?

Miaƒe ame gege lae ma…

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã? Mose I 3:1

24-0611

Ƒo Nu Na Agakpe 53-0512

Azɔ, Nyanyui la menye Nya la ɖeɖeko o. Esiae nye Mawu ƒe Nya, eye ele be nuwo katã natu ɖe Nya sia dzi. Ne mele nenema o la, ke menye nyateƒee o. Esia nye…Gake Yesu gblɔ be, “Miyi ɖe xexea katã me, eye miaɖe gbeƒã Nyanyuie la na nuwɔwɔ ɖe sia ɖe.” Azɔ, Megblɔ be “Mifia Nya la o,” Egblɔ be, “Miɖe gbeƒã Nyanyui la.”

Eyata Nyanyui la nye nu geɖe wu Nya la fiafia, elabena Paulo, esi wòɖo kpe esia dzi la, gblɔ be, “Nyanyui la va mía gbɔ, menye le Nya ɖeɖeko me o, ke boŋ le ŋusẽ me.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖeɖeɖegowo ava eye woaɖe Nyanyui la afia, ahe Nya la ava nuvavã gbagbe aɖe me.

Ne miexɔ Nya la to Nya la nyanya me ko la, ema mewɔa nyuie aɖeke na mi o. “Agbalẽŋlɔdzesi la wua ame; Gbɔgbɔ la naa agbe.” Ekema ele be woagbugbɔ adzi mi, eye emegbe la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nagbɔ agbe Nya la na mi.

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame. Korintotɔwo II 3:6

24-0609

Da Ƒe Nuku La
58-0928E

Ekae sesẽ wu, (megblɔe be,) Ɖela loo alo nuvɔ̃wɔla? Eka ŋue ŋusẽ le wu? Ekema, ele be amesi sesẽ wu la naɖe mɔ na esi nye suetɔ wu, eye Ewɔe ko na Eƒe ŋutikɔkɔe. Esime Wòwɔ Luxifa la, Enya xoxo bena anye abosam. Ele be wòaɖe asi le eŋu woawɔe be woatsɔ fia bena Yenye Ɖela, Kristo la. Ele be woaɖe asi le eŋu woava eme nenema.

Azɔ, ɖe Biblia megblɔ, bena, “Nuwo katã tim hea nyuie vɛ na amesiwo lɔ̃a Mawu oa”? [Ƒuƒoƒea gblɔ bena, “Amen.”—Tala.] Ekema nuka vɔm miele?

Mina míatsite anɔ dɔ dzi,

Aɖo dzi hena aʋawɔwɔ.

Migaɖi nyi maƒonu si wo hena be woable mia nu aƒoe ɖe mia nu o!

Ke boŋ mizu kalẽtɔ!

Gbesiagbebolo

Gbesiagbebolo

Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu. Romatɔwo 8:28

24-0608

Yesu Ƒe Nyɔnyɔ
63-0117

Azɔ Mawu, nɔ Yesu me. “Mawu nɔ Kristo me, nɔ avulém le xexeame kple Eɖokui dome.” Eye amesiawo xɔ Eƒe ɖaseɖiɖi dzi se. Eye amesiwo xɔe se vavã la, te ŋu he Mawu ƒe yayrawo tso Eyama gbɔ. Eye esi wowɔe nenema la, Egblɔ be, “Dɔwɔŋusẽ do tso Eyama me.” Dɔwɔŋusẽ nye “ŋusẽ.” Eya…Le gbegbɔgblɔ bubu me la, ne míagblɔe egbea la: Egbɔdzɔ esime ameawo he nu le Eŋu. Enyo, ne ewɔ dɔ nenema le amegbetɔ ƒe ŋutilã ma me la, awɔ dɔ le amegbetɔ ƒe ŋutilã bubu me.

Azɔ miemea míaƒe yaƒoƒo ƒo xlã mí, mía dometɔ ɖesiaɖe. Mienɔ ame siwo nye ame nyuiwo gbɔ kpɔ, gake ɖeko miate ŋu anɔ wo gbɔ kura o. Emegbe mienɔ ame bubu siwo gbɔ mielɔ̃a nɔnɔ ko. Miawoe mea yaƒoƒo ma. Ke, oo, ɖe mialɔ̃ be mianɔ Yesu gbɔ vie ko oa? Ewᴐ nuku! Mikpɔ alesi yaƒoƒo ma si Wòme la anye ɖa, mebube enye lɔlɔ̃ babla gã lolo ɖeka, kple bubudedeameŋu, kpakple mawuvɔvɔ̃.

Gbesiagbebolo

Yehowa ƒe mɔ enye mɔ̃ sesẽ na fɔmaɖila… Lododowo 10:29

24-0607

Yehowa-Yire 56-0613

Ne mezu aƒe aɖe ƒe domenyila la, kakaɖedzitɔe la, nyemadi be maʋu ayi eme o vaseɖe esime maɖo eye malé ŋku ɖe nusianu ŋu. Medi be makpɔ nusi nye tɔnye. Medi be makpɔ nusi le asinye. Ke esi mezu domenyila na Mawu ƒe Fiaɖuƒe la, na Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye, wonyrɔm ɖe Mawu ƒe yayra mavɔwo ƒe abɔ gã sia me la, melɔ̃a zɔzɔ ƒo xlã be makpɔ nusi nye tɔnye (Amen.), akpɔ nu le nudzraɖoƒewo dzi be makpɔ nusi nye esi. Eyae nye esi, ŋugbedodo ɖesiaɖe si le Agbalẽa me la nye xɔsetɔ ɖesiaɖe tɔ. Mègatsi tre ɖe teƒe aɖe kpoo be ame aɖe natutu wò ɖe dzogoe aɖe me, ana numevivi sue aɖe wò, eye wòagblɔ na wò be nàlala o. Mègaɖo to nu ma o. Mawu ƒe ŋugbedodoa la fifi laa ye. Wòatutu wò ɖe Milennium me le afiaɖe…Biblia gblɔ be, “Fifi laa míenye Mawu ƒe viwo.” Nusi míanye la, míenye fifia, fifi ɣeyiɣi.

Gbesiagbebolo

Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo…

Romatɔwo 8:17

24-0606

Mesia la 61-0117

Ðe miebu esia ŋu kpɔa? Mina mabia nya aɖe mí ko. Mikpɔm ɖa miniti ɖeka. Nye asi yenye esia; nye asibidɛ yenye ema; nye to yenye esi; nye ŋɔtie nye esia; gake amekae nye nye? Menye nye yenye ema o ɖe. Ema nye nane si nye tɔnye. Mikpɔea? Nye asie nye esia, gake ame kae nye si tɔ yenye asi la? Mikpɔea, esia la aƒe ko wònye si me mele. Nuka ƒomevie…

Enyo, ele be nane nanɔ afima si woyɔna be “nye.” “Nyea” la ele be wòanɔ afi aɖe, elabena tɔnyee nye esia. Mikpɔea? “Nye” nye ame aɖe, elabena menye nane tɔ. Asi le asinye. Nye tɔe wònye. Enyo, amekae nye “nye” si tɔ yenye ema? Wò gbɔgbɔ yema. Enyo, eku ɖe gbɔgbɔ si ƒomevi ema nye ŋu. Ame si nètsɔ wò ŋutinuwo na la, eyae nye amesi ƒe dɔtsɔla ye nènye.

Gbesiagbebolo

Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu tɔ la, kafu Mawu! Korintotɔwo I 6:20

24-0605

Kristo Ƒe Subɔsubɔdɔ 53-0607A

Petro gblɔ be…Esime wodze mumu kple ɣlidodo gɔme la, egodo Nyanyui blibo subɔsubɔha wɔnuku la, alo wɔtsomiwɔwɔ xexeame va egbɔ hegblɔ be, “Ame siawo mu aha.”

Ɖee miate ŋu abu eŋua? Eye miɖo to, xɔ̃ katolikotɔwo, kple mi ame susueawo. Ðetugbui leaƒe yayratɔ Maria hã nɔ wo dome. Ke ne Mawu maɖe mɔ na Mawu Vi la dada gɔ̃ hã o, be wòava Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me vaseɖe esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe fũ alegbegbe vaseɖe esime wòawɔ nu abe nyɔnu ahatsunola ene la, aleke miawɔ age ɖe eme, kple nane si made o? Nukae wòanye? Gbugbɔ bu eŋu le ɖokuiwò si. Biblia gblɔ be Maria nɔ afima. Ele be Kristo dada ŋutɔ nayi ɖe Pentekoste eye wòanɔ afima le Yerusalem du la me vaseɖe esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe fũ ale gbegbe vaseɖe esime wòɖe afɔ abe ɖe wòmu aha ene. Amen. Nyateƒee lae ema. Biblia lae ma.

Gbesiagbebolo

Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woanyrɔ̃e ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana. Dɔwɔwɔwo 2:38

24-0604

Mise Eƒe Gbe
58-1005

Didi yeye le Mawu si na mi.

Gake miɖo to Eƒe Gbe bɔbɔe miaa la. Miadometɔ ɖe sia ɖe si le emeʋum be mienye Kristotɔwo la, mizi kpoo le Eƒe ŋkume. Migana nunyanya nahemɔ na mi o. Migana dɔ nahemɔ na mi o. Migana naneke nahemɔ na mi o. Migana ame aɖeke nanya nusi wɔm miele o. Miyi ɖe Eƒe Ŋkume ko. Tso le gbewo me le afiaɖe. Tɔ wò ʋu ɖe mɔ to. Yi ɖe wò xɔgã me eye do ʋɔtru la. Ne ɖeviwo yiɖe suku la, le afima la yiɖe wò klowo dzi. Èse gbe ƒomevi vovovowo le afisiafi, gake yi ɖe klo dzi ko eye tsi afima sẽ ɖe esime Gbe mawo nazi ɖoɖoe eye nàdze dzi yiyi. Atrɔ wò. Awɔ wò nàtovovo, abe alesi Wòwɔe na Samuel vi sia la ene. Awɔ nane na wò ne ɖeko nàwɔe. Azɔ, Awɔ mi nusi wòle be mianye. Awɔmi Kristotɔ ƒomevi si wòle be mianye.

Gbesiagbebolo

Ƒo nu, Yehowa! Wò dɔla ke to ɖi. Samuel I 3:9

24-0601

Xɔse Nye Nuvavã
51-0508

Eteƒe medidi o, vinye nyɔnuvi sue yɔm, esime menɔ afisia nyitsɔ. Enam susu aɖe ƒomevi. Egblɔ be, “Papa, medi be nàgbɔ va aƒeme.”

Ke megblɔ be, “Lɔlɔ̃a, meɖo fefevidzĩ aɖe—aɖe ɖa wò tso Texas.” Egblɔ be—ƒe ene koe le esi. Megblɔ be, “medɔ fefevidzĩ aɖe ɖo ɖe wò, lɔlɔ̃tɔ.”

Ke egblɔ be, “mexɔe Papa.” Ke megblɔ be—Egblɔ be, “Medi be nàgbɔ va aƒeme, papa.”

Ke megblɔ be, “Enyo, lɔlɔ̃tɔ, meɖo fɔmizi sue aɖe ɖo ɖe wò tso Chattanooga.”

Egblɔ be, “Mexɔe, papa.” Gake egblɔ be, “medi be nàgbɔ va aƒeme.” Mikpɔea?

Eye megblɔ be, “Enyo, lɔlɔ̃a, me—papa…”

Egblɔ be, “Papa, melɔ̃a wò, eye melɔ̃a nunana siwo nènanam la, gake wòe dim mele papa.”

Nua yenye ma. Eƒe nunanawo Katã dzeanyi, gake Fofo lae dim mele. Melɔ̃a Eƒe nunanawo, be mase Eyama ŋkɔ le ɖeɖeɖegowo, Mawu kafukafu, kple ɣlidodo, kpakple dɔyɔyɔ, kpeɖe aɖeyeye dodo, kple aɖeyeye gɔmeɖeɖe ŋu, kpakple nunana vovovowo me. Melɔ̃a be manɔ anyi eye manɔ wo kpɔm. Womele asinye o, gake melɔ̃a be manɔ wo kpɔm le dɔwɔwɔme le Hamea me. Gake le ema katã megbe la, Yesu ye dim mele. Me—mele edim. Eƒe nunanawo nyo, gake Nunala ye dim mele le eme le afisia. Mikpɔea? Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ. Yohanes 14:18

24-0525

Miɖe Ʋewo Ɖe Bali La Me
56-0728

Fiam wò hadodo, magblɔ amesi nènye na wò. Na mazɔ geɖe wò aƒe me. Na makpɔ nusi le ʋuʋu ɖi ɖe kplɔ dzi. Na makpɔ alesi wode dzesi Biblia ma. Na makpɔ afisi Eƒe Nyateƒe
Ŋutinya xoxoawo li.
Nà mase hagbe si ƒomevi nèƒona le wò radio dzi. Nà makpɔ foto si ƒomeviwo le asiwò le wò aƒe me. Magblɔ nusi wotsɔ wɔwò na wò. Ẽ, amegã. Nusi ɖum wò luʋɔ le ye ma. Meka nusi wò ɖaseɖiɖi nye o la, wò kutsetsewo ɖea nusi nènye fiana. Esɔ gbe.

Oo, nyateƒe ye ɖe. Wò luʋɔ ɖua nane. Eye kakee nye wò luʋɔ ƒe dzesidede la, numae nye nusi wòa—wòafia. Susumatae Yesu gblɔ be, “Mianya wo to woƒe kutsetse me.”

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe! Mateo 7:20

24-0520

Nuŋɔŋlɔ Si Le Gli La Ŋu
56-0902

Nu ɖeka koe li, kple teƒe ɖeka le Biblia me, si me wowɔ nu le kpɔ, be ame aɖe ɖe eƒe awuwo, eye abosam xɔwo do. Esɔ gbe. Nyateƒe Wònye. Eye kafukafu mele ema ŋu o, ƒoƒose wɔwɔ. Nyateƒe Wònye. Abosam wònye gena ɖe ame mawo me, si wɔna be woɖea woƒe awuwo. Abosam ye. Mèɖoe be yeanye baɖatɔ o, gake, nyɔnu, abosam yele ema wɔm.

Nugbegblẽ wònye na kɔkɔenyenye ƒe nyɔnuwo be woasi nu ɖe mo. Ke fifia, ɖeko wokɔnɛ ɖe ŋu, alekekee hã, aɖadzi ha ado ɣli, akafu Aƒetɔ la, abe ɖe naneke mele eŋu o ene.

Oo, noviŋutsu, ɖee nède dzesi be abosam ye le ema wɔma? Ɖoe le wò dzi me be, ànɔ agbe, neganye gbaɖegbe tɔa dzi hã, nɔ agbe ɖe gbaɖegbe tɔa dzi, eye subɔ dziƒowo kple anyigba be Aƒetɔ Mawu. Ɖoe le wò dzi me.

Gbesiagbebolo

Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Yohanes I 3:8

24-0519

Nusita Mele Gbedom Ɖa Ɖe Dɔnɔwo Ta
54-0314

Meɖo mí kpɔ be míatu hame aɖe o. Meɖo mí kpɔ be míaɖo dɔyɔƒe, aɖo suku, alo awɔ Biblia suku o. Mede dɔ asi na mí kpɔ be míawɔ ema o. Numawo katã nyo, gake kokoko la Ede dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã Nyanyuie la na xexeame katã. Ke míetu sukuwo, kple Biblia sukuwo, hefia mawuŋunusɔsrɔ̃, eye xexeame ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ dzi koe nye amesiwo se nu kuɖe Yesu ŋu haɖe.

Gake esiawo katã megbe la, agbalẽviwo mama menye gbeƒãɖeɖe Nyanyuie la o. “Nyanyuie la meva le nya ɖeɖe ko me o,” nenemae Paulo gblɔ, “gake le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ kple ɖeɖeɖego me.” Mikpɔea, miyi…Menye afia Nya ɖeɖeko o, gake aɖe gbeƒã, aɖe Nya la ɖe go. Elebe woawɔ Nya wòazu agbe. Enye ŋɔŋlɔ kuku sẽ ɖe esime Woaɖe ɖe go. Ke emegbe la Agbɔ agbe, eye woana Wòava me, nusi Mawu gblɔ kuɖe eŋu. Nyanyuie la le zɔɖeɖe me ye ma, Nubabla Yeye la ƒe Kristo subɔsubɔ.

Gbesiagbebolo

Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me. Mateo 10:27

24-0518

Akpla Mawu Ƒe Aʋawɔnu Blibo La
62-0607

Miɖo to, ɖee miebu susu kuɖe nusi Hame la ƒe dɔwɔƒe mawo nye ŋua? Enye Mawu ƒe awu, awu ememetɔ, apostolo, nyagblɔɖila, nukpɔla. Ekpɔnɛ do ŋgɔ hafi Satana nanya ɖo egbɔ la, egblɔe vɔ xo. Nukae wònye? Mawu do awu le Eƒe Hamea me, dɔwɔƒe siawo nye Mawu ƒe awu dodo.
Ne miekpɔ dɔwɔƒe mawo, pastɔwo, nufialawo, nyanyuigblɔlawo la, nukae nye ema?
Mawu ƒe awu dodo yenye ema, Mawu ƒe amegbɔnɔnɔ, Mawu ƒe Gbɔgbɔ, eye ne…si le dɔwɔm to amegbetɔ dzi.

Azɔ ne dɔwɔƒe ma gbenu le Nya sia ƒe ɖe gbɔ la, ekema menye Mawu ƒe awu o, mikpɔea. Mikpɔea? Kpao, menye ema o, amegãxi nyanyra ma le alẽgbalẽ me yema. Milé ŋku ɖe ame ma ŋu, mikpɔ nyuie le eŋu. Gake ne wòtsɔna nusi Nya la gblɔ ɖeɖeko la, miɖo ŋku dzi, Mawu yenye ma, ‘elabena ele Eƒe Nya gblɔm. Mikpɔea? Gake ne wògblɔa be, “Enyo, menye…” Oo, oo, oo, oo, oo, oo, míatɔwo! Miyi azɔli dzi, alẽwo, miyi azɔli dzi!

Gbesiagbebolo

Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mateo 7:15

24-0517

Tɔtrɔgbɔ Kple Yubili
62-1122

“Mitrɔ gbɔ. Mitrɔ gbɔ.” Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ɣli dom be, “Mitrɔ gbɔ!” Mate ŋu bu susu kuɖe esime Yesu ɖe ŋku kpɔ Yerusalem dzi eye Wòfa avi, ke wogbenu le Eyama gbɔ. Eye ame si yɔ fũ kple Gbɔgbɔ la le zã sia me ate ŋu ɖe ŋku kpɔ hame la dzi aɖakpɔ ame siwo wòle be woanɔ keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋusẽ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le wò dzi me anɔ avifam kple vevesese. Nukae míewɔ?

Mawu yɔ mí, mía fofowo do go ƒe blaatɔ̃ woenye esi, eye míetrɔ gbɔ. Eye míekpɔ nusi wòheva na mía: ŋukpe hatsotso aɖe le Pentekoste ƒe ŋkɔ te, siwo yɔa siga, noa aha, ɖe srɔ̃ zi etɔ̃ alo zi ene, nyɔnu siwo kpaa woƒe ɖa, sisia nu ɖe mo, zãna woƒe…atakpuiwo, doa awu siwo medze o, nusianu, yɔa woɖokuiwo be Pentekoste nɔvinyɔnuwo. Ŋukpe kae nye esi ɖe Kristo ƒe Ŋkɔ dzi! Ŋukpe kae nye esi ɖe Eƒe Hame la dzi! Mewɔ moya o be Egblɔ be wokpɔ busuŋkɔwo le Babilonia me o, ɖoɖowɔha, tsakatsaka, nusianu le nyama, nusiawo katã ƒomevi, ema, kple kemea. Afikae Kristo le le nu blibo la mee? Mitrɔ gbɔ, dukɔ.

Gbesiagbebolo
…aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ. Mose III 25:10

24-0516

Menɔ Alea Le Gɔmedzedze Me o
62-0630B

Miate ŋu asusui be enye…be amewo le ŋku lém ɖe miaŋu o, gake wole ŋku lém ɖe zɔɖeɖe ɖe sia ɖe si wɔm miele ŋu, mienye Biblia na ame geɖe. Eyata, elebe míalé ŋku ɖe nusi wɔm míele ŋu, míaƒe asitsanya ƒoƒosewo, kple nusianu si míewɔna le míaƒe azɔlia katã me. Migblẽ miaɖokui ɖi na Gbɔgbɔ la ko, eye Mawu aɖe Eɖokui fia to mia me, abe alesi megblɔe ene, abe weinti ene. Yesu gblɔ le Yohanes 15 me be, “Nyee nye Weinti la, miawoe nye alɔdzeawo.” Enyo, azɔ miɖo ŋku dzi, weintsi metsea ku o, alɔdzea ye tsea ku, gake exɔa eƒe agbe tso weintsi la gbɔ.

Gbesiagbebolo

Menye miawoe tiam o ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku… Yohanes 15:16

24-0515

Kutrikuku
64-0305
Azɔ míexɔ Biblia dzi se be enye Mawu ƒe Nya si medana ƒu o. Míexɔe se be Enye Yesu Kristo ƒe Ɖeɖefia blibo; si le Eɖokui ɖem fia le Nubabla Xoxoa me, to nyagblɔɖilawo dzi; Mawu na wole Eɖokui nyam to Eƒe Vi Kristo Yesu dzi, eye le Eyama me la Mawunyenye ƒe bibodede le, ŋutilã me. Woklã Eyama ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta; eku, woɖi, efɔ̃ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe, lia yiɖe Dziƒo, ke etrɔ gbɔ va afisia le…ƒe Ŋkɔ me…Le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nɔnɔme me, Mawu le…Zi ɖeka la, Mawu nɔ míata me; le Kristo me, Mawu li kpli mí; azɔ Mawu le mía me. Mawu wònye le dɔwɔm le Eƒe mɔ dzi be yeatrɔ gbɔ va ame me, be yeasubɔ, be woasubɔ ye to ame me, Mawu ƒe dɔwɔƒe. Mawu mewɔa naneke le ame si nye Eƒe dɔwɔla, Eƒe kpeɖeŋutɔ godo o.

Gbesiagbebolo

Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo ɖe Yehowa, mía wɔla, ŋku me! Psalmowo 95:6

24-0514

Mesia la
61-0117

Azɔ, Mesia tɔ yenye ema, Mesiaviwo tɔ, Hame la. Eyae nye esi. Ɖee miele gbesɔsɔa? Yohanes Kɔkɔe 14:12, Yesu gblɔ be, “Amesi xɔ Dzinye se la, dɔ siwo wɔm mele la, ehã awɔe,” Mesiaviwo esɔ gbe Mesiaviwo, Mesia ƒe teƒenɔnɔ le anyigba dzi, kokoko.

Marko 16, Egblɔ be, “Miyi ɖe xexea katã me, eye miaɖe gbeƒã Nyanyui la. Dzesi siawo lakplɔ,” Mesiaviwo ɖo. “Amesi xɔe se, eye wonyrɔ̃e la, akpɔ ɖeɖe. Ame si mexɔe se o la, woabu fɔe, eye dzesi siawo lakplɔ amesiwo xɔe se la ɖo.”

Yiɖe afika? Yiɖe xexeame katã. Na ameka? Nuwɔwɔ ɖesiaɖe. Oo, edzɔ dzi nam ŋutɔ! Aleke miawɔ atutu ema ɖa?

Miegblɔa be, “Nusrɔ̃lawo ɖeɖeko tɔe.”

Nusrɔ̃lawoa? Egblɔ be, “Yiɖe xexeame katã kple nuwɔwɔ ɖe sia ɖe gbɔ. Dzesi siawo lakplɔ ame siwo xɔe se la ɖo.”

Gbesiagbebolo

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ. Yohanes 14:12

24-0512

Yehowa-Yire
61-0209

Nu wɔ nublanui kekeake dometɔ ɖeka si mekpɔ le Biblia me kpɔ, si Biblia gblɔ ɖi la, yenye hame ƒe agbenɔɣi sia. Esiae nye hame ƒe agbenɔɣi dziŋɔ kekeake le agbenɔɣiwo katã dome. Hame ƒe agbenɔɣi ɖe sia ɖe…Milé ŋku ɖe Nyaɖeɖefia ŋu, le Laodikeatɔ, Pentekoste hamea ƒe agbenɔɣi la me, bena wonya Kristo do go le Eŋutɔ ƒe hamea me, wòle tsitre ɖe egodo, le ʋɔtru la ƒom, le agbagba dzem be yeatrɔ gbɔ va Yeŋutɔ Yeƒe hame la me. [Noviŋutsu Branham ƒo nyagblɔti la dzi—Tala.]

Azɔ, eɖi yɔyɔ na nuvɔ̃wɔlawo gake ɖe hame ƒe agbenɔɣi ye, Laodikea ƒe agbenɔɣi. Wonyae do go to ɖoɖowɔhawo dzi, kple nuwo dzi, woɖe Eyama ɖe egodo, eye woaxɔ xexeame ƒe nuwo, ke Egblɔ be, “Mele tsitre le ʋɔtru la ŋu, hele eƒom.” Eŋutɔ Ƒe hame tɔ! Menye agbenɔɣi bubu ye wɔe o, gake agbenɔɣi sia, alea miekpɔ afisi míele tsitre ɖo. Gbɔgbɔme susu, nyuie, nyatɛƒetɔ ɖe sia ɖe ate ŋu lé ema, atsɔe, aɖadzo kplii, mikpɔea, elabena mikpɔ afisi wòle.

Ʋe, ŋutɔ ŋutɔ le agbenɔɣi sia me ye woakɔ dzo, abe alesi míenyae ene. Ame geɖewo le mɔkpɔm na agbɔsɔsɔ gã, kɔkɔɖi, kple nuwo, miɖo ŋku dzi ko, mide dzesi ɖe miaƒe Biblia me: míele ekpɔ ge o, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI ye. Mikpɔea? Miele ekpɔ ge o.

Gbesiagbebolo

Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o. Nyaɖeɖefia 3:17

24-0510

Gã Wu Solomon Le Afisia Azɔ
64-0306

Mawu mehĩa gɔmeɖela aɖeke o.

Míeɖea egɔme, míegblɔa be, “Esia, esiae nye ema, eye esia yenye ema,” kple etɔeawo.

Mawu mehĩa gɔmeɖela aɖe o. Enye Eŋutɔ ƒe gɔmeɖela. Mawu mehĩa mí be míaɖe Yeƒe Nya gɔme o. Biblia la, Woŋlɔe, eye Wogblɔe be Meli na ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe o. Mawu gblɔ, le gɔmedzedzea me be, “kekeli nedo,” eye kekeli do. Eƒe gɔmeɖeɖe lae ma. Mawu gblɔ be, “ɖetugbui le aƒe afɔ fu,” ke efɔe. Eƒe gɔmeɖeɖe lae ma. Mehĩa ame aɖe be wòaɖe egɔme o.

Mawu gblɔ, le ŋkeke sia me be, nusiawo adzɔ, eye wole dzɔdzɔm. Mehĩa gɔmeɖeɖe aɖeke o. Mawu ye le Eŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe la wɔm. Ele dzɔdzɔm.

Meka alesi gbegbe míedze agbagba be Míatrɔe, agblɔ be, “Menye egɔme yenye Esia o, eye menye egɔme yenye Ema o.” Egɔme yenye ma tututu, eye Mawu nye Eŋutɔ Ƒe gɔmeɖela. Eɖoa kpe Eƒe Nya dzi, ke Eƒe gɔmeɖeɖe kuɖe Eŋu yema, elabena Eva me.

Gbesiagbebolo

Megatsɔ nyaa ɖeke kpe eƒe nyawo, ne wòade ga nu na wò, eye nànye aʋatsotɔ atsi anyi ɖi o. Lododowo 30:6

24-0506

Gã Wu Solomon Le Afisia Azɔ
64-0306

Mawu, ke ɣesiaɣi le ɣeyiɣiawo katã me, nana gbɔgbɔ me nunanawo Etɔwo. Nenemae Wodea dzesii henyanae, to gbɔgbɔme nunanawo dzi. Eye ne Mawu dɔ gbɔgbɔme nunana aɖe ɖe Etɔwo, eye wogbenu le gbɔgbɔme nunana ma gbɔ la, ekema ame—amemawo yina ɖe gbegblẽ ƒe blukɔ me. Ɣesiaɣi, le agbenɔɣiwo me ʋuu, ne Mawu dɔ nane ɖe amewo, nunana aɖe, eye wogbenu le egbɔ la, Mawu gbeanu le dukɔ ma gbɔ elabena egbenu le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ.

Oo, dedienɔnɔ kae wòanye, zã sia me, aleke gbegbe wòalolo wu tuwowo bebeƒewo katã kple—kple teƒe siwo katã ŋu míate ŋu bu, ne dukɔ sia, si woyɔ be Kristotɔ dukɔ, ate ŋu lɔ̃ axɔ Mawu ƒe nunana si wotsɔ nae, Gbɔgbɔ Kɔkɔe gã si wokɔ ɖe anyi le ŋkeke mamle siawo me. Eye alesi ne dukɔ sia alɔ̃ axɔ Ema la, anye dedienɔnɔ geɖe nɛ wu nusianu si me woage ɖo. Gake wogbenu le Egbɔ, eyata naneke mesusɔ o negbe gbegblẽ kple ʋɔŋudɔdrɔ̃.

Gbesiagbebolo

Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi. Hosea 14:10

24-0505

Ɖeka Ɖe Milion Dzi
65-0424

Yesu gblɔ, le anyigba dzi be, “Ame manɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, negbe Nya sia nya.” Nya sia Nya! Menye Nya ɖeka, le afii kple afimɛ o, ke boŋ Nya sia nya.

Nya ɖeka pɛ ko dzi womexɔ se o, na Mawu…le Mawu ƒe sededewo mee, he ku, blanuiléle, dɔléle ɖesiaɖe kple taɖuiwo vɛ, le esi woda Mawu ƒe Nya ɖeka ƒu la ta, Nya ɖeka pɛ! Ne esia kplɔ ameƒome la yi ku me la, to Nya ɖeka dadaƒu, dzimaxɔse me la, “kakaɖedzitɔe,” kakaɖedzitɔe. Gake Egblɔ bena ava eme. Satana bena, “Kakaɖedzitɔe mava me o.” Gake eva me.

Eyata, ele na mí be míalé Mawu ƒe Nya ɖesiaɖe me ɖe asi. Eye ne amegbetɔ kple fukpekpe kple tɔeawo katã siwo le edzi yim le ameƒomea me la, to nyatɔtrɔ, alo—alo Nya ɖeka dzimaxɔse dzi la, aleke míagazu ne míeda Ɖeka ƒu, nenye be fetu sia kpe ŋutɔ, ʋuu xɔ Ye ŋutɔ Via ƒe agbe?

Gbesiagbebolo

Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee. Yesaya 28:10

24-0503

Amegãwo, Míedi Be Míakpɔ Yesu
60-0109

Mɔnu ɖeka be nàkpɔ Yesu yenye be nàna Wòage ɖe mewò, alebe Wòateŋu zã wò ŋkuwo, nàkpɔ Eyama. Gake ne èle agbagba dzem be Yeakpɔe to Eƒe Nya ƒe tagomenunya nukpɔsusu dzi, alo seselelãme ƒe howɔwɔ dzi la, maɖi naneke gbeɖe o, Elebe wòanɔ mewò.

Ekema nàfavi le ɣetoɖoɖowo kple agudze, nàlé ŋku ɖe ƒe si gbɔna ƒe keleme ƒe gãnyenye ŋu: hafi tsikpe alo ya fafɛ nadze anyi la tsi la adzo le atiawo me aɖaɖi yiɖe keawo me, aɣla, elabena ne wòti dzi le afima la, vuvɔŋɔli la awu atia.

Ekema mebia nya sia be, “Nunya kae kplɔa tsi ma doa le atia me, yiɖe keawo me be wòaɣla na vuvɔŋɔli la?” Oo, Nya aɖeke mele dzimaxɔsetɔ si o. Gake ne Eya geɖe me la, miade dzesi Eyama le nusianu me.

Gbesiagbebolo

Eya amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, tsɔ eƒe nunya ɖo xexeame anyi, Yeremia 51:15

24-0501

Dzesi La
63-1128E

Esime Mawu dze gododo la gɔme tso Egipte, le Israel yɔm tso Egipte, va Eƒe ŋugbedonyigba dzi la, taflatsedodo aɖeke menɔ anyi o. Elebe ame ɖesiaɖe nafia ʋu la.

Azɔ, egbe la, gododo la, le yɔyɔ wɔm tso nuɖoanyiwo me, geɖe Ŋugbetɔ la me. Meka nuɖoanyi nene me ye nèle o, egahĩa Yesu Kristo ƒe Agbe ƒe Dzesi la kokoko. Nububu aɖeke mawɔ dɔ o. Dzesi la hĩa kokoko.

Ame ɖesiaɖe, meka ne eɖanye amewɔnuteƒe o. Ate ŋu anye Egipte ƒe Farao, ke eyae nye ŋkeke la ƒe ame vevietɔ kekeake, gake elebe woazã dzesi la nae, meka alesi gbegbe wònɔ vevie o. Eɖanye bishop o, nunɔla o, nukake o, dukplɔla o, fia o, fia ŋusẽtɔ o, fiagã o, ema meɖo naneke awɔ le eme o. Mawu de dzesi dzesi ƒe nubabla ƒe dukɔ ɖeɖeko. Nenema ke wòle egbea, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ade dzesi nubabla la ƒe dukɔ ɖeɖeko.

Gbesiagbebolo

Miɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wògblɔ hena dzidzime akpewo la tegbee;

Kronika I 16:15

24-0430

Kristo Ƒe Nɔnɔmewo
59-0525

Dumegãwo, gblɔ nam, bena…do ŋgɔ hafi amewo va ɖo galolonu ƒe ŋkekewo me la, be woaɖe ɖi le—le sika me, be woaɖe gayibɔ kple gadzĩ le me. Gadzĩ ɖi sika ale gbegbe, sigbe sika ŋutɔŋutɔ ene, ale be woyɔnɛ be “movi sika.” Ke mɔnu si wotsɔ ɖea numawo katã le eme la, enye be woatui kple zu. Indiantɔwo wɔnɛ nenema tsã. Eye tsã ƒe sikatula hã wɔnɛ, wotunɛ kple zu, atrɔe agbugbɔ trɔe, atui vaseɖe esime ɖiawo katã nado le eme. Ke mɔnu ɖeka si li wonyana be sika ɖeɖe susɔ la, enye ne etula te ŋu kpɔ eƒe dzedze le eme. Amesi le etum la anɔ ekpɔm enuenu, vaseɖe esime kloe la ate ŋu alu ge, kpakple ye ŋutɔ ƒe dzedze le sika si tum wòle la me.

Ke ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de asi mía ƒoƒo me, kple Nyanyuia ƒe zu, vaseɖe esime woatu xexemenuwo katã doe le mía me, eye míate ŋu aɖe Aƒetɔ Mawu ƒe nɔnɔme fia la, ekema mexɔe se be míezu Kristotɔwo. Elabena, nyagbe Kristotɔ gɔme enye “Kristo-ɖila, eye be woaɖe Eƒe dzedzeme afia.”

Gbesiagbebolo

Matsɔ akpa etɔ̃liawo ɖeka ade dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpɔ, abe alesi wodoa sika kpɔna ene woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu! Zaxaria 13:9

24-0428

Migavɔ̃ O Hee, Nyee 61-0414

Nukata míenyrɔ̃a ame? Tsi maɖe mi o ɖe, gake toɖoɖo nuwɔna aɖe wònye. Kɔmuniɔ̃ xɔxɔ maɖe mi o, gake sedede ɖo kpɔkplɔ ye wònye. Ɖeko mienye…

Vɔsamlekpui dzi ƒoƒo mayɔdɔ mi o. Vɔsamlekpui dzi ƒoƒo maɖe mi o. Miate ŋu ƒo vɔsamlekpui dzi sẽ ɖe esime gbɔgbɔ nati ƒo na mi eye—eye miaku ɖe afima. Miagakpɔtɔ anye amesi mekpɔ ɖeɖe o sẽ ɖe esime mialɔ̃ axɔ aɖaxɔse be Yesu ku ɖe miaƒe teƒe, eye mialɔ̃ axɔ Eyama abe miaƒe Ɖela tɔxɛ ene. Mawunyagblɔla ɖe sia ɖe si le afisia ate ŋu da asi ɖe dɔlela ɖe sia ɖe dzi le afisia aɖa dogbeɖa tso fifia yiɖe etsɔ zãme dzi. Naneke kura madzɔ o sẽ ɖe esime mialɔ̃ axɔ nusi Yesu wɔ na mi. Alea eyata menye mawunyagblɔlawo me ye wòle o, le amenɔewo me o, gake ele míaŋutɔ ƒe xɔse le dɔ si ŋu wowu si Kristo wɔ na mí le Kalvaria me.

Gbesiagbebolo

Amesi me míekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye míeƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti. Romatɔwo 5:2

24-0426

El Shaddai
60-0802

Nukae nye dɔléle? Dɔléle nye nuvɔ̃ ƒe nyenye. Hafi dɔléle aɖe nadze mía dzi la, nuvɔ̃ aɖeke menɔ mía ŋu o. Nuvɔ̃ vana abe dɔléle ƒe emetsonu ene, ɖewohĩ, menye wò nuvɔ̃ o, ke boŋ dziwòlawo ƒe nuvɔ̃. Abe alesi wotsɔe na wò esime wodzi wò ene, kple bubuawo.

Azɔ, mehiã ko be nàwɔ ko…Ne ʋɔdriba gã aɖe alo—alo lã aɖe abe dzata ene, tsɔ eƒe fewo ƒo ɖe nye axadzi la, emae nye nuete alo kansa, eye wòle agbagba dzem be yeawum. Mehiã be woadze agbagba ko atso eƒe afɔ hena Mawume ƒe dɔyɔyɔ o. Ne nèƒo ta me nɛ ko la, ewua nu blibo la.

Eye esi Yesu ku ɖe nuvɔ̃wo ta la, eku ɖe nyenye ɖesiaɖe si nuvɔ̃ hevɛ kpɔ ta. Mikpɔea? Eyata esi nuvɔ̃ wu enu la, wo katã wu enu, ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo blibo la. Eyata míenye…Ne ètsɔ nuvɔ̃ ƒe nyabiasea ƒo ta dzi nɛ ko, wu nuvɔ̃ èwu eƒe nyenye ɖesiaɖe. Mikpɔea?

Nukae nye nuvɔ̃? Dzimaxɔse. Eyata ne miewu dzimaxɔsewo katã la, tsyo, mienya be Mawu ƒe Nya la le eteƒe, be Eyae nye eyama ke etsɔ, yiɖe mavɔmavɔ me, eyata ŋugbedodoawo katã nye tɔwò. Zɔ to anyigba la dzi, wo katã nye tɔwò. Tɔwò ye wònye. Se vivi le eme ko; tɔwòe wònye. Mawu tsɔe na wò.

Gbesiagbebolo

…abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.

Korintotɔwo II 6:10

24-0425

Miyi Ɖagblɔ Na Nye Nusrɔ̃lawo 53-0405S

Ke esime nyagblɔɖila sia geɖe Gbɔgbɔ me la, Mawu dze nusi ava dzɔ la gbɔgblɔ nɛ; bena Ame aɖe ava nɔ anyi Si atsɔ xexeame ƒe nuvɔ̃ yi, eye wòagafɔ̃ ɖe tsitre. Ekpɔ Aƒetɔ la ƒe tsitretsitsi. Ekema la, melɔ̃a ema, ne mele susu bum. Egblɔ be yetso. Yeʋuʋu yeɖokui.

Enɔ anyi ɖe dzowɔ kpo dzi. Míatɔwo! Nusi míeyɔa, egbe, be dzɔgbevɔ̃e la tu aƒe nɛ. Wowu viawo keŋkeŋ. Eƒe kesinɔnuwo vɔ keŋkeŋ. Eƒe lãme gblẽ. Enɔ anyi, Kristotɔ, alo xɔsetɔ, nɔ anyi, wogblẽe ɖi. Ame, eƒe hame ŋutɔ gɔ hã, trɔ woƒe megbe dee. Enɔ anyi ɖe afima, nɔ eƒe abiawo kum.

Ke azɔ esime Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va edzi, eye wòkpɔ tsitretsitsi ŋdi sia la, minyaa, etsi tre, hegblɔ be, “Menyae be nye Xɔnametɔ le agbe, eye le ŋkeke mamleawo me la Anɔ tsitre ɖe anyigba dzi. Eye ne ŋutilãme ŋɔwo vuvu ŋutilã sia yaʋayaʋa hã la, kokoko la le nye ŋutilã me la makpɔ Mawu; Amesi makpɔ na ɖo-…” Enyae be yele Ekpɔ ge le ŋkeke mamleawo me, elabena tsitretsitsi aɖe le anyi nɔ ge, hahoo tsitretsitsi aɖe.

Gbesiagbebolo

Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu. Hiob 19:24-25

24-0424

Nubube
62-0408

Elebe aʋa aɖe nanɔ anyi na mi. Ne nusianu le vavam na mi fafɛ, kuviatɔ ɖe, tsyo, mienye, nuka—nuka dzi ɖum miele? Woɖu dzi to Mawu ƒe Nya kple woƒe ɖaseɖiɖi, Kristo ƒe Ʋu dzi.

Elebe miaɖu nane dzi, eye elebe mɔxenu aɖewo nanɔ anyi na mi. Eye amesiwo tovovo le miagbɔ, hewɔa dzre kpli mi, aɖagblɔ na mi be mienye mimlila kɔkɔewo, kple nuwo, mi, si wotsɔ tua mi, dodokpɔ ye. Ne ema medzɔ ɖe miadzi o la, ekema miele aʋa la me gɔ hã o.

Nukata miege ɖe Hamea me…? Nukata miege ɖe Aʋakɔ la me hexɔ tutuɖo ɖo? Be miamlɔ anyi, adze tsaɖiɖi le mɔ̃wo dzi aɖanɔ aglotuma? Nenemae Kristotɔ aɖewo wɔa nu, míedina be woakpɔ ŋudzedze le míaŋu. Womele ŋudzedze kpɔ ge le ŋuwò o, woaɖigbɔ̃ wò,
“elabena amesiwo katã anɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” Mitsɔ Ɣi la mitso nusianu ɖa le míaŋu, eye minɔ ŋgɔgbe yiyi dzi.

Gbesiagbebolo

Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, la dzi. 1 Timoteo 6:12

24-0423

Hame Ƒe Ɖoðo
63-1226

Azɔ, nyemele agbagba dzem be maxɔ gã aɖu ɖe mia dzi alo nane tɔgbe nenema o, gake, ne miekpɔ ame aɖe alo nusianu si ta eve li nɛ la, eya—eya manya alesi wòazɔ o. Mawu meɖo ta eve na Eƒe Hamea kpɔ o, Mewɔe kpɔ o, ta ɖeka ko wònye. Ewɔa dɔ ɣesiaɣi le dzidzime ɖesiaɖe me abe alesi míesrɔ̃e to Ŋɔŋlɔawo me ene, ame ɖeka kolia koe nɔa anyi ɖaa Wòwɔa dɔ kpakple. Elabena ne mietsɔ ame eve la, miakpɔ nukpɔsusu eve. Ke ele be nua nava ɖo tɔɖoƒe mlɔetɔ ɖeka gbɔ, ke nye tɔɖoƒe lae nye Nya la, Biblia la. Eye abe kplɔla si le hamea me afii la, nye tɔɖoƒe enye Nya la, eye medi be…Menya mi, mía nɔviŋutsuawo, miebuam ɖeƒomevie be menye miaƒe tɔɖoƒe le nusi…zi alesi medze Mawu yome, sigbe alesi Paulo gblɔe le Ŋɔŋlɔa me ene be, “Midze yonyeme, abe alesi nye hã medze Kristo yome ene.”

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mele nu xlɔ̃m mi bena: Mizu srɔ̃nyelawo. 1 Korintotɔwo 4:16

24-0422

Nuvɔ̃ Si Wometsɔkena O
54-1024

…gake ŋkeke la va ɖo afisi Nyanyuie la le keklẽm le. K…Kristo hameawo ƒe mawuŋunusɔsrɔ̃ le kukum. Edaƒu. Mawu le miatsɔm azɔ, be yeagaɖe Yeɖokui afia ake, to Yeƒe Hame, Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Ŋutilã si wofɔ̃ ɖe tsitre me. Wofɔ̃e ɖe tsitre tso hamenuwɔwɔ me; wofɔ̃e ɖe tsitre tso hame fafɛ ŋkumenuwɔlawo me; wofɔ̃e ɖe tsitre tso wotsomiwɔwɔ me. Mawu le ƒuwo nuƒom ɖe du hele agbadze dom woŋu, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe Ŋusẽ si ahe Nyanyuie la vɛ le ŋkeke mamle siawo me, kple dzesiwo kple nukunuwo, yiɖe xexeame ƒe nuwuwu. Woafia Biblia. Woanɔ tsitre Kplii. Womawɔ ƒoƒose, le ɖusi alo le miame o. Esɔ gbe. Woanɔ tsitre ɖe Nya dzi tututu, aɖaɖe zɔ. Eye Mawu anɔ anyi kpli wo, gbesiagbe, anɔ kpeɖom Nya la dzi, kple dzesi kpakple nukunu siwo woadze eyome. Aleluya! Mi agudze ɣletiviwo katã, mitso eye miaklẽ!
Aleluya!

Gbesiagbebolo

Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o. Mateo 5:14

24-0421

Nuwuɣi Ƒe Nyanyuigbɔgblɔ La
62-0603

Agbenɔɣi ɖe sia ɖe ɖo Eƒe gbedeasi kple gbedeasitsɔlawo. Le ɣeyiɣiawo me ʋuu la, agbenɔɣi ɖe sia ɖe dro eƒe gbedeasi kple gbedeasitsɔla aɖe. Mawu le didime ɖe sia ɖe me la, dɔ ame aɖe si wosi ami na kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe, be wòahe Yeƒe Gbedeasi vɛ na agbenɔɣi ma, ɣesiaɣi.

Azɔ, míate ŋu gbugbɔ dze egɔme, be míaglae viɖe ko. Mawu nye Gbedeasitsɔla le gɔmedzedzea me, be wòagblɔ na Adam kple Xawa be, “Miaɖu esia, gake migawɔ esia o.” Emae nye Gbedeasi la. Eye esime amegbetɔ de ata gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, ehɛ ku kple gbegblẽ va amegbetɔ ƒomea katã dzi. Azɔ, gɔmesese si gbegbe ye le Gbedeasi la si ye ma. Azɔ miɖo ŋku dzi be menye ŋugbegbe kplikpa keŋkeŋ le nusi Mawu gblɔ gbɔ koe, Xawa xɔse o, nusi Mawu gblɔ tsɔtsɔ kple eƒe gbɔɖiɖi, alo—alo eƒe gɔmeɖeɖe baɖa vie ko, atsɔ viɖe Kpee ko, alo aɖe viɖe ɖa le Eŋu ye.

Susuma tae mexɔe se be Nya la nye Nyateƒe la.

Gbesiagbebolo

Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o. Yohanes 3:34

24-0420

Kakaɖedzi Kple Ɖetsɔleme
62-0610E

Mekpɔ kakaɖedzi be Enye eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ. Mekpɔ kakaɖedzi, le subɔsubɔdɔ kple Gbedeasi, si ƒe gbeƒã ɖem mele la me, mekpɔ kakaɖedzi be Enye Nyateƒe la. Mekpɔ kakaɖedzi be ŋutega siawo tso Mawu gbɔ. Mekpɔ kakaɖedzi be míele agbe le ŋkeke mamleawo me. Mekpɔ kakaɖedzi be Gbɔgbɔ sia si tututu le dzinye fifia la nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ŋutikɔkɔe!

Mekpɔ kakaɖedzi kplikpa. Mekpɔ kakaɖedzi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe mɔ la le eteƒe. Mekpɔ kakaɖedzi be Biblia ƒe mɔ nye Nyateƒe la. Mekpɔ kakaɖedzi be Yesu Kristo yenye Esi le afisia fifi laa. Mekpɔ kakaɖedzi be ne míexɔ Eyama dzi se le miniti sia me la, mekpɔ kakaɖedzi be Ayɔdɔ dɔnɔ ɖesiaɖe le ɣeyiɣi ɖeka, le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Mekpɔ kakaɖedzi be Akɔ Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe anyi le afisia, sẽ ɖe esime ɣlidodo tɔgbe aɖe anɔ afisia, sẽ ɖe esime bebli hafi woagblɔ nusi adzɔ. Mekpɔ kakaɖedzi. Mexɔe se kple nye dzi blibo.

Gbesiagbebolo

Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o! Psalmo 62:6

24-0418

Míedi Be Míakpɔ Yesu
57-0516

Ne ame aɖe trɔ dzime la, eƒe ŋkuwo trɔa ɖe Kalvaria ŋu. Ne wòkpɔa dziku vie la, ne miele ŋku ɖe eŋu o la, ayi ɖe wotsomiwɔwɔ ƒe akpa dzi. Ne wònye agbalẽnyala vie la, ayi ɖe akpa sesẽ la dzi. Gake mɔa ƒe dome dome tututu ye Mawu gbagbe la ƒe hame si ƒe tagbɔ kɔ, si ɖo seselelãme, si wogbugbɔ dzi, si Gbɔgbɔ la kplɔna, si wona ŋusẽ le yiyim le mɔ si yina ɖe Kristo gbɔ tẽ dzi le. Emae nye vavãtɔa si vana tso akpa eveawo siãa. Eɖe yi ɖe mɔ ɖeka dzi, eye bubu yi ɖe kemea dzi, fiana wotsomiwɔwɔ alo agbalẽnyanya kple nusi lia akpa be yeabɔbɔ. Wonya nu le Nya ŋu wu le Nyatɔ ŋu. Anya Nya la menye Agbe o, gake anya Eyama la nye Agbe: anya Eyama. Mehĩa na wò be nànye agbalẽnyala o; ele be nànye ame si bɔbɔ Eɖokui.

Gbesiagbebolo

…eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te o… Kolosetowo 1:23

24-0414

Egbe Sia Wowu Ŋɔŋlɔ Sia Nu
65-0219

Kpɔɖenu nyuie ka gbegbe wònye na Yesu Kristo ƒe Nyanyuie la! Ne woɖe Eƒe gbeƒã, le amenuveɣi, eye le Yubiliɣi la; amesiame, meka amesi nènye o, ŋutigbalẽ si le ŋuwò o, kɔmatsɔŋkɔ ka me tɔ nènye o, alesi gbegbe ènyrɔ̃ ɖe nuvɔ̃ me, alo nuka kee gblẽ le ŋuwò o la; nàte ŋu adzo le ablɔɖe me ne èse Nyanyuie ƒe kpẽ la ɖi sesĩe. Èvo!

Gake ne ètrɔ megbe de Gbedeasi la hegbe Esese la, de dzesi be, woŋɔ wò to, kple nuŋɔnu. Emae nye, woagblɔ be, eda ata amenuveve kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fli la, eye màgate ŋu ase Nyanyuie la ake akpɔ gbeɖe o. Màgate ŋu azɔ ayi ŋgɔ o. Nàzu kluvi na nuaɖoanyi si me nèle, wò agbeŋkeke mamlɛawo katã, ne ègbe amenuveve ƒe la sese.

Gbesiagbebolo

Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o. Yesaya 53:7

24-0413

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0716

Ɖee mianya Amesi nye Yesu gbeɖe vavã la, ekema míate ŋu akpɔ ŋudzedze le Eƒe vɔsasa gã la ŋu geɖe wu alegbegbe. Ele be mianya Amesi Wònye, gbã.

Menye ame dzɔdzɔe aɖe ɖeɖeko wònye, alo ame nyuie aɖe o. Enye Mawu ƒe Vi la. Ame aɖeke o, Mawudɔla aɖeke o, nububu aɖeke mate ŋu xɔ teƒe la negbe Eya. Eye Enɔ didim be yeaɖi va ɖe míata.

Ke esime Wodii la, Wodii ɖe anyigba dzi le afisia, eye wòva to lãnuɖunu ƒe mɔ dzi, eye wòdzo yi to kufiatsotso ƒe mɔ dzi. Ke kokoko la, míexana nu ɣeaɖewoɣi elabena míeɖo dodokpɔ kple xaxa sue aɖewo. Enyo, mikpɔ nusi Wò—nusi dzɔ ɖe Eyama dzi ɖa.

Minya nusi ta Wodii ɖe lãnuɖunu mea? Elabena Enye Alẽvi. Womedina Alẽviwo le aƒewo me o; wodina wo ɖe avawo me. Ke Enye…Ɖee miede dzesi Kalvaria, Wokplɔe dzo yina wuwuƒe. Nenemae wowɔna na Alẽviwo. Wokplɔna wo dzo yina. Enye Mawu ƒe Alẽvi, Alẽvi si wona, si wona mí, alebe mí nuvɔ̃wɔlawo míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu to Eyama dzi.

Gbesiagbebolo

24-0412

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0716

Ɖee mianya Amesi nye Yesu gbeɖe vavã la, ekema míate ŋu akpɔ ŋudzedze le Eƒe vɔsasa gã la ŋu geɖe wu alegbegbe. Ele be mianya Amesi Wònye, gbã.

Menye ame dzɔdzɔe aɖe ɖeɖeko wònye, alo ame nyuie aɖe o. Enye Mawu ƒe Vi la. Ame aɖeke o, Mawudɔla aɖeke o, nububu aɖeke mate ŋu xɔ teƒe la negbe Eya. Eye Enɔ didim be yeaɖi va ɖe míata.

Ke esime Wodii la, Wodii ɖe anyigba dzi le afisia, eye wòva to lãnuɖunu ƒe mɔ dzi, eye wòdzo yi to kufiatsotso ƒe mɔ dzi. Ke kokoko la, míexana nu ɣeaɖewoɣi elabena míeɖo dodokpɔ kple xaxa sue aɖewo. Enyo, mikpɔ nusi Wò—nusi dzɔ ɖe Eyama dzi ɖa.

Minya nusi ta Wodii ɖe lãnuɖunu mea? Elabena Enye Alẽvi. Womedina Alẽviwo le aƒewo me o; wodina wo ɖe avawo me. Ke Enye…Ɖee miede dzesi Kalvaria, Wokplɔe dzo yina wuwuƒe. Nenemae wowɔna na Alẽviwo. Wokplɔna wo dzo yina. Enye Mawu ƒe Alẽvi, Alẽvi si wona, si wona mí, alebe mí nuvɔ̃wɔlawo míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu to Eyama dzi.

Gbesiagbebolo

Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!

Nyaɖeɖefia 5:12

24-0411

Hiob 55-0223

Eyae nye Ema, yina ɖe Kalvaria ɖaa.

Esime Wòle ʋaʋam yina ɖe togbe la dzi, eye Eƒe abɔta, sue la ge, ku ƒe anyi tsitsia le gbeɖem le Eŋu be, “Magadidi hafi Malée O.”

Enɔ gbeɖem blewu ƒo xlã, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la ele be wòatɔ Eyama. Gake, xɔ̃nye, ènya be, ne anyi tɔ ame aɖe vevie la, magateŋu tɔ ame ake o. Ehẽ eƒe ti la do go. Eyata ti bubu aɖeke megale esi o. Azɔ mele egblɔm na mi, susuma tae Mawu zu ŋutilã, ɖe anyigba dzi afisia, alebe wòalé ku ƒe ti la. Ke azɔ ti megale ku—la si o. Anyi ate ŋu deha aɖe gbe blewu, gake mate ŋu tɔ ame o. “O ku, afika wò ti la le ? Yɔdo, afika wò dziɖuɖu la lee?”

Gake Kristo, fofo Ɖela ta sisimɔ aɖe na xɔsetɔ ɖe sia ɖe le anyigba sia dzi. Anyi la ate ŋu ɖe gbe; anyi la ate ŋu ɖe gbe blewu; anyi la ate ŋu tee kpɔ be yeado vɔvɔ̃ na wò. Gake mate ŋu fia asi Kalvaria na wò, afisi Mawu Ŋutɔ zu ŋutilã le, esime Wòlé ku ƒe ti la, hexɔ tenyeƒe abe nuvɔ̃wɔla ene, hexe fe la.

Gbesiagbebolo

Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Hosea 13:14

24-0410

Míekpɔ Eƒe Ɣletivi Eye Míeva Be Míasubɔ Eyama
63-1216

Azɔ ɣeaɖewoɣi la míesusuna be, míaƒe agbãwo. Mate ŋu ade esia me le afisia tututu dzro, be, míesusuna be míaƒe agbãwo kpena akpa ɣeaɖewoɣi, wɔe be naneke mesɔ kplii le xexeame o. Ɖee mienyae be nusiawo katã nyo na mia? Wokatã li be yeawoa me mi ye, awɔ mi. Wome nyagblɔɖilawo kple nunyalawo le gbedadaƒo la ƒe megbe, le ŋdɔkutsu dzatsɛ, xɔdzo te, to xaxawo kple dodokpɔwo, kple yometitiwo me. Ke nusiawo siwo metom míele egbe la, naneke medzɔ ɖe míadzi kpɔ si medzɔ ɖe Kristotɔ bubuwo dzi, vayi o ɖe. Kristotɔ siwo vayi do dzi le blukɔ ƒe gaƒoƒo me alea, eye wotsɔwo na dzatawo ɖu gɔ hã, ɖe woƒe ɖaseɖiɖi ta.

Gbesiagbebolo

Bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me; Petro I 1:7

24-0409

Abraham
56-1208

Mawu nye vovototo ƒe Mawu. Togbe gãwo kple togbe suewo le Esi. Gbedadaƒo, tɔsisiwo, towo, gbenyigbawo le Esi. Ati suewo, ati gãwo, seƒoƒo ɣiwo, seƒoƒo blɔwo, seƒoƒo dzĩwo le Esi. Eɖo…Enye vovotototɔ kple na Etɔwo, wonye vovotototɔwo; eye Ewɔa wo katã ɖe Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ŋu. Kpɔ—kpɔ anyigba ɖa. Àte ŋu akpɔ nusi Mawu lɔ̃na, eye nenemae wòanɔ le tsitretsitsia me. Oo, esia do dzidzɔ nam ŋutɔ, miawo ya oa? Be míasusu be gbeɖeka míakpɔe abe alesi Wòle ene.

Ame aɖe gblɔ eteƒe medidi o, egblɔ be, “Nɔviŋutsu Branham, ɖe míanya—ɖe manya nɔnyea?”

“Menye nɔwò koe nànya o, ke ànya vinɔ ɖesiaɖe. Ànya amesiame.”

“Oo,” egblɔ be: “azɔ, esia nye fewuɖunya.”

“Oo, ao, ao. Le Tɔtrɔ Toa dzi la, Petro, Yakobo kple Yohanes mekpɔ Mose alo Eliya kpɔ o, gake esi wonɔ gbɔgbɔɖeameme ma te la, wokpɔ wo dze sii esime wonya dze ko evɔ womekpɔ wo kpɔ o.” Ðe wòle eteƒea? Gake míanya mía nɔewo. Mègatsi dzi ɖe ema ŋu o, èle enya ge.

Gbesiagbebolo

Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si nɔ mia me la ŋuti. Romatɔwo 8:11

24-0408

Nuxexlẽ Va Gɔme
62-0909M

Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye ŋusẽ na subɔsubɔdɔ. Eyata ne wole nu ƒom be ele be woagbugbɔ dziwò, eye wole ezãm ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, Metodistetɔwo kple wotɔ geɖewo da ƒu le afima. Mate ŋui o. Ðeko mate ŋu sɔ ɖe Ŋɔŋlɔ la katã ŋu le afisia o. Miese nua gɔme baɖa. Elebe woaxɔe abe alesi Ŋɔŋlɔ la na wodee afisia ene. Mikpɔea? Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye…”Miaxɔ Dzidzi yeye le esia megbea”? Nuka? Ao, “Miaxɔ ŋusẽ,” Dɔwɔwɔwo 1:8, “le esia megbe la Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava mia dzi.” Mikpɔea? Eye woxɔe se xoxo na Agbe Mavɔ, kple bubuawo, gake elebe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nanɔ wo si hena ŋusẽ. “Mianye ɖasefowo Nam ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi vɔ,” elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye tsitretsitsi ƒe ɖasefo, si ɖee fia be miezu ame tsitsi le Kristo me.

Gbesiagbebolo

Elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. Tesalonikatɔwo I 1:5

24-0407

Asiɖeɖe Le Zizi La Ŋu 63-0113M

Kristotɔwo, be woatso kɔmahatsɔŋkɔ ɖeka me ayi ɖe bubu me la, efia be womeva sistsoƒe ma me kpɔ o. Mikpɔea?

Wodzoa yina ɖe bibliasukuwo ɣeaɖeɣi. Esɔ gbe. Eye wosrɔ̃a Nya la nyuie alesi ko woate ŋu. Wovana aƒe me, eye wodzea agbagba be yewoagblɔ Nya ma nyuie ko alesi woƒe kɔmahatsɔŋkɔ aɖe asi le woŋu be woawɔe. Ke ema nyo. Gake menye ema o. Menye anya Eƒe Nya o, gake anya Eyama. Eyama! Tsyo, kakaɖedzitɔe! Menye alesi gbegbe mienya le Nya ŋu o, hame nyuie si le míasi o, nusi míaƒe kɔmahatsɔŋkɔ nye na xexeame o, menye ablɔɖe gbegbe si míexɔ to esia me, kple hadede si gbegbe le mía kple xexeame dome, ameha ka ƒomevie vana na mí o. Miawo ye. Ðe miele Ʋua tea? Ne mie, abe ame ɖekaɖeka ene, nyemetsɔ ɖeke le eme ne hamevi ɖesiaɖe tɔ medzɔ o, ke miegakpɔtɔ le dedie. Miele Ʋua te.

Gbesiagbebolo

Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta. Lododowo 29:25

24-0406

Kristo Ƒe Ŋugbetɔ Ƒe Ɖekawɔwɔ Makpɔmakpɔ La
65-1125

Mawu lɔlɔ̃tɔ, míebɔ le bubudede me azɔ, akpedavɔsa ŋkeke esia nye vavã, Aƒetɔ. Meda akpe, Aƒetɔ, be mele agbe le ŋkeke sia me. Esia nye ŋkeke gã kekeake. Paulo apostolo la di vevie be yeakpɔ ŋkeke sia. Blema ƒe ameŋkutawo di vevie be yewoakpɔe. Nyagblɔɖilawo di vevie be yewoakpɔe. Wokpɔ mɔ na ŋkeke sia. Abraham kpɔ mɔ na ŋkeke sia, elabena enɔ Dua ɖe dim si ƒe Tula kple Gɔmeɖoanyila nye Mawu; etɔ ɖe mía tame tututu, fiẽ sia. Yohanes kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔ ɖiɖim tso Dziƒo, heɖi ɖase, enya be ema nye Mawu Vi la. Ke, misusu kpɔ azɔ, Ele Eƒe Ŋugbetɔ la tiam.

Mawu lɔlɔ̃a, le denyigbaa ƒe afisiafi la, ƒo nu na woƒe dziwo. Wò ɖeka koe nye Amesi ate ŋu atrɔ woƒe dzi. Ne ema menye Nuku si woda ɖe afima le gɔmedzedzea me o la, womele Ekpɔ ge gbeɖe o, Aƒetɔ. Ɖeko wole…“Ŋkuagbãtɔ lakplɔ ŋkuagbãtɔ. Woava dze ʋe me,” kakaɖedzitɔe wu nusianu, elabena Wò Nya gblɔe be woawɔe.

Gbesiagbebolo

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! Psalmowo 100:4

24-0405

Fia Fofo La Mí Ke Aɖikɔ Na Mí
53-0611

Enyo, ne ku ƒo flawa sue aɖe la, miade dzesi be edea eƒe ta sue la to, bubutɔe ko. Seƒoƒoawo gena, eye aŋgbawo gena, kple nuku yibɔ sue aɖe gena. Ekema wowɔa ameɖiɖi kɔnu. Tsi dzana hefana avi ɖe anyigba dzi le ƒea ƒe kele me heɖina nu sue la.

Ke emegbe kasia mianya la fafa miamiamia vana. Ɖewomahĩ nuku sue la le gu me si de gogloƒe alea le afisi tsidzadza la ɖi le, eye emegbe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nuk-…fafa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi vana eye wòzua kpe. Emegbe la nuku sue xoxo la zua kpe. Lã si nɔa kua ŋu la wona, hedoa le ŋu. Nukua wona gbo eye lã si nɔa kua ŋu la dona. Ke vuvɔŋɔli la yia dzi to ya sesẽwo kple ya sesẽ ɖe ya sesẽ megbe me.

Emegbe le ɣeyiɣi vi aɖe megbe le Dzove me, Dzove ƒe ŋkeke mamlea me, Tedoxe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, atia bu, bɔlb la bu, seƒoƒo la bu, flawa la bu. Nusianu si li la bu. Ɖee ema nye seƒoƒo ma ƒe nuwuwua? Kpao, amegã; mina ɣe ma nadze dzodzo nana anyigba ma ake eye flawa ma aganɔ agbe ake. Nukata? Agbe nuku aɖe le flawa ma si ame aɖeke mate ŋu kpɔ alo vuvɔŋɔli aɖeke mate ŋu na wòazu kpe o me. Mawu wɔe le Eŋutɔ Ƒe mɔ ŋu, eye agbe nuku sue ma wokpɔe ta le gu ma me, ke flawa ma aganɔ agbe ake.

Enyo, ne Mawu ta mɔ aɖe na flawa aɖe be wòaganɔ agbe ake la, kae kuɖe ame si wowɔ le Eŋutɔ ƒe nɔnɔme me ŋu? Mɔ aɖe le afi aɖe na ema be wòaganɔ agbe ake.

Gbesiagbebolo

Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. Hiob 14:14

24-0404

Tɔtrɔgbɔ Ƒe Mɔ La
62-1123

Dukɔ aɖe nɔna Mawu si kokoko le afi aɖe si Wòateŋu tsɔ asi fia agblɔ be, “Yenye ma.” Oo, medi be manɔ xexlẽme ma dome. Mekaɖedzi be míakatã míedi be míanɔ afima, enye dzi ɖe sia ɖe ƒe didi. Míedi be míanɔ xexlẽme ma dome alebe Mawu wòateŋu gblɔ be, “Nye dukɔ yenye Esi. Mikpɔwo ɖa, wonye nusi menye ƒe kpɔɖeŋu. Wole Nye Agbe ɖem fia le Wotɔwo me, wotsɔ woaƒe agbe na, eye mele Tɔnye ɖem ɖe go, Agbe, to wotɔwo me.” Nu nyakpɔ kae nye esi! Nuka ye… Alegbegbe wòle be wòana Mawu nase le eɖokui me nyuie be wòanyae be ameaɖe le Yesi si dzi Yeate ŋu ka ɖo…

Gbesiagbebolo

…ke ya lɔ wo katã ɖe nu, eye ƒuƒu kplɔ wo dzoe. Ke amesi sim tso la, anyi anyigba ƒe dome, eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ. Yesaya 57:13

24-0403

Mawu Le Dɔ Dem Asi Na Mose 53-0508

Azɔ, miedi be miaƒo nu kuɖe nane si ɖi kokoe nua, mina míakpɔ amesi ɖi gbɔna tso togbea dzi le afisia ɖa azɔ. Ŋdi kanya nyakpɔ aɖe, ɣe nɔ agudzem, xeviwo nɔ xɔxlɔ̃m, amegã ɖeɖi aɖe yenye esi gbɔna, ƒe blaenyi, ya nɔ eƒe gẽ ɣia ƒom alea, kple ɖa ɣi si didi ɖe eƒe megbe, le tedzi vi xoxoe aɖe kplɔm kple srɔ̃anyɔnu si nɔ anyi kple vi ɖeka le ali ɖe sia ɖe dzi, ati gɔ̃dɔ̃e aɖe le eƒe asi me. Yenye esi yina.

“Afika yim nèle, Mose?”

“Meyina ɖe Egipte be maxɔ ŋgɔ!” Ame ɖeka ƒe ƒoƒo ɖe ame dzi, eyina ɖe Egipte. Tsyo, Egipte anɔ ko abe ayi aɖaxɔ Russia ene.

Gbadagba nyuietɔawo kekeake le xexeame nɔ afima, gake Mawu gblɔ nɛ be, “Madɔ wò be nàyi ɖaxɔ ŋgɔ.”

“Enyo, ɖe èdzi be yeagblɔ be èle ŋgɔ xɔ gea?”

“Kakaɖedzitɔe.”

“Nukata? To wò…”

“Ẽ ɖe, Mawu gblɔe nenema.” Esɔ gbe.

Èbe, “Àxɔ?”

” Kakaɖedzitɔe, míele ŋgɔa xɔ ge azɔ. Evɔ. Mawu ye gblɔe nenema.” Esɔ gbe. Zi geɖe alesi Mawu gblɔe nenema la, amen. Ema—ema ɖɔe ɖo.

Ne Mawu gblɔe nenema la, miate ŋu wɔe. Ele eteƒea? Enyo, ekema mina míaxɔ ŋgɔa azɔ ko, eye míagblɔ na abosam, be magaɖo nane awɔ kpli mí o. Dɔnɔ ɖe sia ɖe akpɔ dɔyɔyɔ; ŋku gbagbã ɖe sia ɖe aʋu; tokunɔ ɖe sia ɖe ase nu; aɖe tututɔ ɖe sia ɖe aƒo nu; nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe adze anyi le kpea dzi eye woatsɔ woƒe dziwo na Kristo. Míaxɔ ŋgɔ. Mikpɔea? Mawu tsɔe na mí. Miyi dzi aɖaxɔ ŋgɔ.

Gbesiagbebolo

Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, miaɖo afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o. Luka 10:19

24-0402

Abraham Ƒe Yɔyɔ La

Azɔ, nusi Mawu wɔ na mí le Kristo me yenye esi. Mawu si ɖe eɖokui ɖe go le ŋutilã me kplɔ Eŋutɔ ƒe Vi yiɖe Kalvaria, ke afima la Ewu Eŋutɔ Eƒe Vi le Kalvaria ‘tsitsoga ŋu alebe yeawɔ nubabla aɖe kple amegbetɔ ƒomea.

Ke esime Wòwɔe la, Eklã Eyama ɖe atsitsoga ŋu, vɔsasa kuku la, ye wònye, eye wòɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do go le Eyama me. “Mede Nye Gbɔgbɔ Wò asiwo me,” Ʋu nɔ sasram le Eƒe axa, kple asiwo kpakple afɔwo me.

Azɔ Mawu ɖe Eƒe Gbɔgbɔ ɖa le Eyama me, heɖiɖi ŋutilã yiɖe yɔdo me, fɔ̃e ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃lia gbe, hetsɔe nɔ anyi ɖe Eƒe nuɖusi me, hedɔ gbeɖoɖi la ƒe susɔe ɖo ɖe Hame la, esi nye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke si nɔ Kristo dzi la ɖi va Hame la dzi.

Ke mɔnu ɖeka si le xexeame si dzi míate ŋu ato asi ɖa le Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke dzi la yenye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ke, si nɔ Yesu Kristo dzi la nasɔ kple Ŋutilã la, abe Eƒe Srɔ̃nyɔnu ene. Amen.

Gbesiagbebolo

Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Yohanes 3:16

24-0401

Èle Esia Xɔm Le Sesema?
50-0115

Gbeɖeka esime mewɔ nye takpekpe gbãtɔ kple kɔkɔenyenye tɔwo la. Menɔ St. Louis, eye medo go Bubutɔ Robert Daugherty. Ke enɔ takpexɔ aɖe me. Ke meyi ɖe dzi le afima zã ma me, eye eƒe vinyɔnuvi sue kpɔ dɔyɔyɔ teti ko. Eƒe ɖaseɖiɖi do ɖe afima.

Ke eyi dzi kplɔm ɖi yi ɖe takpekpe la me afisi wonɔ ewɔm le. Elia dzi le afima, eye wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme, ke zi gbãtɔ yenye ma mase Pentekoste mawunyagblɔla aɖe wòagblɔ mawunya. Ŋutsu ma gblɔ mawunya sẽ ɖe esime yeƒe klowo tsa ɖe dzu. Eɖi va anyigba, hexɔ gbɔɖeme. Miate ŋu se eŋkɔ tso keke ablɔ eve me ɖaa. Egbugbɔ lia dzi anɔ mawunya gblɔm.

Ame aɖe gblɔ be, “Mawunyagblɔla ye nènyea?”

Megblɔ be, “Kpao, amegã.” Kpao, kpao. Nye Baptistetɔ ƒe gbaɖegbe nuwɔna blewuwo mebua susu kaba nenema gbegbe o. Nyama vɔ. Ɖeko me…Nyemeganye mawunyagblɔla le ɣeyiɣi ma me o le esime mese ema vɔ. Eyata medzudzɔ mawunyagblɔla nyenye tso ɣemaɣi dzi ne mele Full Gospel tɔwo gbɔ. Ɖeko meɖea asi le eŋu. Megblɔ be, “Kpao, mado gbeɖa ɖe dɔnɔwo ta.” Meɖe asi le eŋu nenema.

Gake mekpɔ dzidzɔ be meva le ŋkeke sia dzi alea, be madze agbagba axlẽ nane le Nya me eye maɖe gɔme le alesi menyae wɔwɔ nyuie wu me; elabena wokatã… Mexɔese be Enye nyateƒe. Mawu ƒe Nya ɖe sia ɖe nye nyateƒe.

Gbesiagbebolo

…hafi boŋ míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me. 2 Korintotɔwo 4:2

24-0330

Kakaɖedzi Kple Ɖetsɔleme
62-0610E

Azɔ, Biblia gblɔ be, “Le ŋkeke mamlɛawo me la, Kristo ƒe futɔ la anye kɔnyila alegbegbe, eye be aɖi nu vavã la ŋutɔ, vaseɖe esime wòable Ame Tiatiawo ŋutɔ ɖe wòle bɔbɔe.” Gake, mele nenema o. Esɔ gbe. Ke, amesiame, “Able amesiame, le anyigba dzi, amesiwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe Agbegbalẽa me o.” Tso nyɔnyɔ̃ mamlea dzia? Ema meɖegbe abe Biblia ene o, alo? [Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Ao.”—Tala.] “Tso xexeame ƒe gɔmeɖoanyi me ke.” Miele wo ble ge o, ’elabena wole Nya ma me tututu. Ne wokpɔ nu mawo le dzedzem la, [Nɔviŋutsu Branham té eƒe asibidɛwo.] Enye Agbe, woléa Esia zi ɖeka.

Bubuwo azɔ ƒo xlã, be, “Ah, naneke mele Numa ŋu o. Huh!” Mikpɔea? Womekpɔ kakaɖedzi o. Naneke mele afima be yeaƒo nya ɖe wo ŋu o. Naneke mele wome, be woatsɔ xɔse o.

Nɔnye ye gblɔa kokoko be, “Aleke nàte ŋu aɖe ʋu le sabala me esime ʋu aɖeke mele eme o hã?” Esɔ gbe.

“Nye alẽwo sea Nye Gbe.” Wonya Nya la. Nukae nye Eƒe Gbe? Yenye Esi. Womekplɔa dzixɔse siawo ɖo o. “Gake, wosea Nye Gbe, wodzea Eyome.”

Gbesiagbebolo

…eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo. Nyaɖeɖefia 17:14

24-0329

Migavɔ̃ O Hee 61-0224

Azɔ, miɖo ŋku dzi. Ne woyɔ Mawu va kpea dzi gbeɖe be wòaɖe zɔ̃ la, ke alesi Wòɖe zɔ gbã la, elebe Wòaɖe zɔ ɣesiaɣi emegbe nenema ke, ne menye nenema o la Ewɔ baɖa esime Wòɖe zɔ gbãtɔ. Eyata ne emae nye mɔ si dzi wòto ɖe Eɖokui fia Yudatɔwo kple Samariatɔwo siwo nɔ Mesia dim le ŋkeke ma me la…

Trɔ̃subɔla aɖeke menɔ Mesia aɖe dim o. Míenye Romatɔwo kple Helatɔwo henɔa ga, kple ga sesẽwo, kpakple kpe zɔzrɔe mawuwo subɔm, kple alesi wodometɔ geɖewo kpɔtɔ le ewɔm ene, eye—eye nenema, kple kuŋdru ɖe tume.

Gake azɔ le ƒe akpe eve ƒe mawuŋunusɔsrɔ̃ kple nufiafia megbe la, azɔ Trɔ̃subɔla Hame la, Hame tiatia la, le Mesia la dim. Azɔ, elebe Wòaɖe zɔ̃ ne Wògbɔna le ɣeyiɣi sia me tututu abe alesi Wòwɔe le ɣeyiɣi ma me ene. Elebe Wòawɔ nu mawo ke, elabena Nya la gblɔ bena Awɔe.

Gbesiagbebolo

Elabena nyee nye Yehowa nyemetrɔna o… Maleaxi 3

24-0328

Alẽwo Ƒe Kplɔla Nyuietɔ La 57-0308

Minya, alẽwo ƒe nuɖuɖu geɖe li, nenema ke nuɖuɖu geɖe li si ne nèna wò alẽwo la awu wo. Eye dzi le dzɔyem alegbegbe be Mawu bu Eƒe alẽwo ŋu sɔgbɔ be wòdi Alẽkplɔla nyuie si dze na wo, Aƒetɔ Yesu, Enya nusi nye alẽwo ƒe nuɖuɖu. Eye miawo hã minya nusi nye alẽwo ƒe nuɖuɖua? Mawu ƒe Nya ye. “Ame manɔ agbe…” Matrɔ esia viɖe tetie dzro ko; “Alẽwo manɔ agbe le abolo ɖeɖeko ŋu o, gake le Nya ɖe sia ɖe si doa go le Mawu ƒe nu me ŋu.” Mawu ƒe Nya ye nyia Mawu ƒe alẽwo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe le miame, nusi le miame wɔna mi alẽwo la, ɖua Nya la bubutɔe, eye Nya la ɖeɖeko Wòɖuna. Nu ɖe sia ɖe si miatsɔ ƒu gbe ɖe kpoa me tovo na Nya la, Ahoe ɖe akpa ɖeka eye wòagblẽ ɖi ɖe afima.

Gbesiagbebolo

Yehowa enye kplɔlanye, naneke mahiãm o. Psalmowo 23:1

24-0327

Nubube
62-0117

Le Pentekoste ƒe Ŋkeke dzi la, wolala sẽ ɖe esime Ŋɔŋlɔ ƒe atsekpakpa su wosi. Esɔ gbe, hafi woabia nane la, wonyae be ele yewosi. Womegblɔ—gblɔ be, “Enyo, me—mese seselelãme vi aɖe.” Wosee, kpɔe, nububu ɖe sia ɖe. Wonyae be Ele afima. Wokpɔe Wònɔ zɔ̃ɖem le wome, nɔ dɔwɔm le wome, nɔ nuƒom to wome, nusianu. Enɔ afima. Mele be woabu nane be o. Enɔ afima, nɔ nuƒom le Eɖokui si.

Eye ame, ne wòxɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe gbugbɔgadzi la, nenema ke wògale egbea. Womebuna be o.

“Me—mexɔe se be míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe esime míexɔe se.” Kpao. Miexɔe o. Miex-… Ameaɖewo la, miate ŋui. Gake le esime miexɔe se ko ta, ne Mawu meyɔmi fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe o la, ekema mekpɔ ɖo kpe miadzi o. Mesu mia si o. Mikpɔea? Esɔ gbe.

Migabui be Ele miasi o. Mixɔ kakaɖedzi kuɖe numa ŋu. Migafedze le eŋu o, kpao, elabena miabu. Migabunube ko o. Mitsi anyi ko, miheyi, tsi anyi sẽ ɖe esime nyama navɔ.

Gbesiagbebolo

Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Korintotɔwo II 13:5

24-0326

Takpekpe Kple Mawu
59-1220M

Egblɔ na Eƒe nusrɔ̃lawo, ɖeɖi te woŋu, wowɔ takpekpe gã geɖewo, nu te wo ŋu, ɖewomahĩ abe alesi miele ŋdi sia ene. Gake Egblɔ be, “Ɖee miate ŋu anɔ ŋudzɔ Kplim gaƒoƒo ɖeka oa? Elabena elebe mayi ɖe go kemea aɖawɔ takpekpe. Elebe nye ɖeka mayi.” Ke esime wo…

Woɖo takpekpe la anyi. Ke Alẽvi la, sue, agbe nyuie aɖe, agbe aɖeke meli abe ema kpɔ ene o. Ɖeke menɔ anyi kpɔ o, ɖeke mele anyi nɔ ge gbeɖe o, agbe abe esi nɔ Alẽvi la si ene. Gake azɔ Fofo la gblɔ be, “Ɖee Nèle didima? Ɖee Wò lɔlɔ̃ na Nɔviwòwo sɔgbɔ kakaka? Ɖee Wò lɔlɔ̃ na nuvɔ̃, xexeme ʋeʋe ma si me Wodiwò le, ɖee Nèlɔ̃wo kakaka be Nàɖe asi le Wò agbe ŋua?
Ɖee Nèlɔ̃wo kakaka be náxɔ woƒe teƒe, be nàtsɔ woƒe nuvɔ̃wo, yiɖe ku vevie, sesẽtɔ kekeake mea?” Wò… naneke mate ŋu ku ku ma tɔgbe o negbe Eya.

Eye le takpekpe ma me la, wowɔ nyametsotso ma tɔgbe, sẽ ɖe esime Ʋu dza le Eƒe ŋgonu. Enɔ vevesem. Xexeame ƒe nuvɔ̃wo nɔ Eyama dzi. Ekema azɔ Ekpɔ ahɔnɛ la ƒe ŋkume, hegblɔ be, “Menye Nye lɔlɔ̃nu o, gake Wò lɔlɔ̃nu neva me.”

Gbesiagbebolo

Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko. Mateo 26:39

24-0325

Mɔkpɔkpɔ 61-0207

Simeon, Mawu ƒe amekɔkɔe gã tsitsi sia, nye amexɔ ŋkɔ gã aɖe. Oo, egbea evana me be wogblɔa be, “Gake lala miniti ɖeka, amegã, asitsala menye. Ɖɔkita menye. Nu—nufiala menye.” Mekaɖe me wu ame bubu aɖeke o. Eye ne nènya susui be nèkaɖe me wu ame bubu aɖe la, ekema mènye naneke si wòle be nànye o, nenema Ŋɔŋlɔ la gblɔ. Mikpɔea? Ne nèva ɖo teƒe aɖe…Ele be nà…Aleke xɔse ate ŋu nɔ miasi ne miele mɔkpɔm na bubu tso mianɔewo gbɔ mahã? Mikpɔea? Elebe miadi mianɔewo wu ɣesiaɣi. Kristo ƒe agbe ye ma, be nàdi nɔviwòŋutsu, nɔviwònyɔnu wu. Eye ne wotɔ medzɔ o la, esɔ gbe. Miele wo wɔ ge woaka ɖe me to wo kaka ƒo xlã dzi o. Mikpla asi kɔ nɛ eye milé ɖe tsitre. Melɔ̃a blema subɔsubɔ sia. Magblɔ nusi wòawɔ na mi, a—ana be kotu nyakpɔ aɖe si nɔ anyi ɖe kakplawu gbɔ, aɖakpla asi kɔ na wonɔewo, aɖayɔ wonɔewo be nɔviŋutsu. Esɔ gbe. Ana be aɖabɛwu bɔbɔe kple ɖetiwu woayɔ wonɔewo be nɔvinyɔnyu. Awɔe kakaɖedzitɔe. Enye tu nu ene si dzɔ tẽ kple dziŋgɔli blɔ. Eye a—awɔe kakaɖedzitɔe.

Gbesiagbebolo

Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu! Romatɔwo 12:10

24-0324

Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo
59-0628E

Enye…Mawu dze agbagba atraɖie be yealé ame aɖe si Yeate ŋu awɔ dɔ kpli, si akpɔtɔ abɔbɔ eɖokui ɖe anyi, kple afatu, eye wòakpɔtɔ anɔ teƒe la vaseɖe esime Mawu ayɔe be wòawɔ nane (ɖee miexɔ ema sea? Mikpɔea?), ame aɖe si Mawu ate ŋu ayra eye wòakpɔtɔ alé eɖokui ɖi ame, menye anye mawudɔla aɖe alo mawu aɖe o. Ne ame nya dze yayra xɔxɔ ko eye wotsɔ nu vi aɖe nɛ la, edina be yeazu mawu; edina be yeazu ma-mawudɔla. Edina be yeazu ame gã aɖe. “Nusi mewɔna, nusi…Nye kple nye kpakple tɔnye…” ema katã. Nuwɔna gbegblẽtɔ lae ma. Mawu le ame aɖe si Wòateŋu yra aɖakɔ yayrawo ɖe dzi dim, eye—eye ga wu Wòayra la, sue wu amea azu.

Eye màte ŋu axɔ geɖe wu le Mawu gbɔ gbeɖe o sẽ ɖe esime nàzu naneke o. Elebe nàɖiɖi ɖokuiwò. Amesi ado eɖokui ɖe dzi la, Mawu abɔbɔe ɖe anyi. Amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, Mawu adoe ɖe dzi. Elebe nàzu vi hafi nàte ŋu zu gã. Eye màte ŋu nye gã le ɖokuiwò si gbeɖe o; àzu gã ko zi alesi Mawu anye gã le me wò. Mikpɔea?

Gbesiagbebolo

Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi. Mateo 23:12

24-0323

Nyagblɔɖila Vavã Aɖe Ƒe Mɔ 63-0119

Biblia gblɔ bena, “Ne Mawu…Ne dzata ɖegbe la, amekae mavɔ̃? Ke ne Mawu le nuƒom la, aleke míate ŋu gbe nyagbɔgblɔɖii?” Aleke míate ŋu gbe ewɔwɔ? Ne Mawu le nuƒom la, nyagblɔɖila dena ɣli sesiẽ kple Nya si woɖe gblɔ la. Ke ne Wònye Mawu ƒe Nya la…

Ke dzata le gbeɖem; ʋetrawo, nusianu, zia ɖoɖui, elabena wole vɔvɔ̃m. Woƒe—woƒe—woƒe fia le—le nuƒom.
Woɖo nu—nunya alegbegbe, dzideƒo, kple bubu alegbegbe, be woade bubu woƒe fia ŋu ne wòle nuƒom.

Eyata, Mawu le nuƒom le Eƒe Nya me, ke Eƒe nuwɔwɔ ƒe dometɔ ɖesiaɖe nèkpɔ nyuie. Ele nuƒom le ŋkeke mamle siawo me.

Gbesiagbebolo

Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi! Psalmowo 46:11

24-0322

Xɔse Deblibo
63-0825E

Ke esime míenye nuvɔ̃wɔlawo, amedzrowo, Mawu manɔmee, le xexeame, le tsiba ƒoɖi ma me, abe alesi meƒo nu le eŋu ŋdi sia me ene, Mawu va míagbɔ! Mawu di mi, miedi Mawu kpɔ gbeɖe o ɖe. “Ame aɖeke mate ŋu va Gbɔnye o negbe Fofo la hee va gbã.” Ke Mawu ɖi va ɖiƒoƒo ma me, nusi mienye va yi, hedi mi hekpɔ, heɖe mi do go! Elebe ema name lɔlɔ̃ Deblibo. Mikpɔ nusi mienye va yi, kple nusi mienye ɖa. Nukae wɔ numa? Ame aɖe si lɔ̃a mí ye! Ɖee xɔse mate ŋu nɔ miasi ɖe nusi ŋugbe Wòdo na mi me, ekema oa? Lɔlɔ̃ vavã akuakua ame kakaɖedzi ɖe Eƒe Nya me.

Gbesiagbebolo

Ke nyea medo gbe ɖa na wò, Yehowa, le amenuveɣi la; Mawu, tsɔ wò xɔname nyateƒetɔ la ɖo tom le wò amenuveve sɔgbɔ la nu! Ɖem tso agbi me, ne nyemagayi to o, ne mado tso nye ketɔwo si me kple tɔ goglowo me; Psalmo 69:13-14

24-0321

Hoɖoɖo 63-1114

Nusi le eme yenye be, amewo, nɔvinyeŋutsu, nɔvinyeyɔnu kple xɔ̃wo, yenye be minɔ ŋudzɔ ɖe miaƒe suenyenye ŋu. Mikpɔea? Miganɔ ŋudzɔ ɖe alesi gbegbe miele gã ŋu o. Minɔ ŋudzɔ ɖe alesi miele sue ŋu. Miele—miele vi. Míakatã míele nenema. Mawu ate ŋu wɔ nu míawo manɔmee, gake míate awɔ nu Eya manɔmee o. Mikpɔea? Mikpɔea? Mía—míate ŋu awɔ nu Eya manɔmee o, gake Ate ŋu awɔ nu míawo manɔmee.

Ɖeko Mawu le agbagba dzem be yeakpɔ ame ɖeka si Wòate ŋu alé ɖe Eƒe asiwo me. Mide dzesi, le Biblia katã me ʋu, esime Wòkpɔ Yesaya aɖe, esime Wòkpɔ Yeremia aɖe. Emegbe Ekpɔ—Ekpɔ Simson, gbeɖeka; gake Simson tsɔ eƒe ŋusẽ na Mawu, gake etsɔ eƒe dzi na Delila. Mikpɔea, e…

Elebe miatsɔ miaƒe nusianu ana Mawu; miaƒe bubu, miaƒe bubu dede ame ŋu, miaƒe nusianu si mienye. Minye naneke o ko, mikpɔ alesi miele sue ko, eye numae Mawu di be míawɔ.

Gbesiagbebolo

Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o… Korintotɔwo I 4:4

24-0320

Kekeli Keklẽ Gã La
57-1222

Ne miegblɔ be, “To, ho ɖa,” eye wòkpɔtɔ le tsitre ɖe afima la, miegblɔa be, “Enyo, meva me o”? Oo, eva me. Ne miegblɔ be, “To, ho ɖa,” la ɖewomahĩ ke kui ɖedzesi sue ɖeka ɖe, ɖa le tɔn biliɔn biliɔn alafawo dome. Kui sue ɖeka ho, gake edze me vava. Milé xɔse ma me ɖe asi eye milé ŋku ɖe to ma ŋu abu. Kakaɖedzitɔe.

Àgblɔ le dziwò me be, “Dɔlele, dzo ɖa le vinye me. Dɔléle, dzo ɖa le nye ŋutilã me, le Aƒetɔ Yesu Ŋkɔ me,” eye mègakeɖi o. Le afima tututu la dɔlékui nyuiawo xɔa aʋawɔnu yeye dona kple lãnu yeye, eye futɔ la dzea megbe yiyi. Woɖu eyama dzi elabena Kristo, le Eƒe mira nono me le Kalvaria la, ɖu abosam kple eƒe ŋusẽwo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

Gbesiagbebolo

Eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o. Mateo 17:20

24-0319

Ɖetugbui Leaƒe Ewoawo Kple Yudatɔ Akpe Blaene Vɔ Eneawo 60-1211M

Mewɔ nusi Medze Eŋu o. Nusi Aƒetɔ la gblɔ be woawɔ la, Henox wɔe. Azɔ, enye kpɔɖeŋu, miɖo ŋui. Tɔdziʋu la nye Yudatɔwo ƒe, akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene si wokɔ yi, ƒe kpɔɖeŋu si nye Noa kple eƒe hatsotso; gake Henox yi Aƒeme vie do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔa. Minya ema. Eyata ɖeko Henox yi edzi nɔ zɔzɔm le Kekeli la me. Eyata gbeɖeka ese le eɖokui me be yeƒe afɔwo le dzodzom le anyigba, ɖeko wòyi edzi nɔ zɔzɔm, eye wòzɔ yi ɖe Ŋutikɔkɔe me ku gɔ̃ hã manɔmee. Esɔ gbe. Mawu ɖee dzo elabena enɔ zɔzɔm le Kekeli la me, kple ɖaseɖiɖi aɖe be “ezɔ le Mawu ƒe Kekeli la me.” Minɔ azɔli dzi, azɔli dzi.

Mina míado míaƒe azɔlifɔkpawo, Hame:

Míakpɔtɔ azɔ Keli me, Kekeli nyakpɔ, wònye

Va afisi nublanuikpɔkpɔ dzaa le;

Klẽ ƒo xlã mí le zã kple keli me,

Yesu, xexea ƒe Keli.

Gbesiagbebolo

Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe. Mose I 5:24

24-0316

Mawu Ƒe Ŋkuɖodzinu Siwo Le Tsitre Sesĩe Le Ɣeyiɣi Me
57-0818

Azɔ Yesu Kristo va tso Dziƒo, Ŋutikɔkɔe la; tso Ŋutikɔkɔe me, le gɔme afisia, be yeatu Hame aɖe.
Eye dɔwɔnu si Wòle dedem Eme, nye dɔwɔnu aɖe si le tsitre sesĩe tso gbaɖegbe ke. Àte ŋu va vɔsamlekpui la gbɔ aɖawɔ nyameʋuʋu aɖe, gake ne Wòkpɔ do ŋɔŋɔwo kple nu bubu ɖe sia ɖe la, mikpɔea, xexeame — xexeame ƒo ŋɔwo de mewò, kple etɔeawo la, màte ŋu anɔ tsitre sesĩe o.
Ɖeko Wòatu wò yi akpa ɖeka. Mawu le Hame aɖe si le tsitre sesĩe tso gbaɖegbe ke dim; menye ame aɖe si nye Kristotɔ egbe emegbe megbedela etsɔ, anɔ eme emegbe egodo, emegbe dzi emegbe gɔme o. Mate ŋu de wò afi aɖeke o.

Gake Hame aɖe si wodo kpɔ, to dodokpɔwo me, to nu bubuwo me, to dɔlele me, to vevesese me, to ku me, ke wòkpɔtɔ le tsitre sesĩe kple ɖaseɖiɖi aɖe la le Eyama si.
Ame lae ma, ẽ, amesi dim Wòle ye ma. Nyemetsɔ ɖeke le me ne nènye avɔvutsala o. Nyemetsɔ ɖeke le me ne nènye nubiala o. Nyemetsɔ ɖeke le me ne nènye ɖuɖɔlɔla o. Nukake nènye la, Mawu doa mi kpɔna. Ele dɔwɔnu si le tsitre sesĩe tso gbaɖegbe ke dim.

Gbesiagbebolo

Èdo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o. Psalmowo 17:3

25-0315

25-0314

Dzesifiati
62-0119

Agbe le abe aŋgba le ati aɖe ŋu ene. Le ɣeyiɣi vi aɖe megbe la agbe dzona le aŋgba la me, eye wògbugbɔ yina eƒe keawo me. Aŋgba gena. Woɖina agbe ma ɖe eƒe keawo me sẽ ɖe esime vuvɔŋɔli la ŋu va yi. Le adame la egbugbɔa agbe bubu, aŋgba bubu vana.

Kristotɔ si le Agbe ƒe Ati la dzi ƒe mɔ yema. Tsro xoxo sia le afisia ate ŋu ge. Nyateƒe ye. Gake agbea gbugbɔ yina Mawu Amesi nɛ la gbɔ. Mikpɔea? Ne Mawu na wò wò agbea, wogbugbɔ dzi wò la, agbe ɖeka koe ate ŋu nɔ agbe ɖaa, ke eyae nye Mawu ƒe Agbe le mewò. Eye ne agbe ma le mewò la, ekema afisi wòtso la ko wòayi, Mawu gbɔ, be wòagbugbɔ ava Milenium gã ma me, kple aŋgba yeye, alo agbe yeye, alo ŋutilã yeye—yeye si mayrɔ aɖa dze anyi gbeɖe o.

Míaƒe azãgbewo fiana be Mawu li kpli mí, bena Mawu le afisia.

Gbesiagbebolo

…eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Èle esia xɔm le sesema? Yohanes 11:26

25-0313

Dzesifiati
62-0119

Agbe le abe aŋgba le ati aɖe ŋu ene. Le ɣeyiɣi vi aɖe megbe la agbe dzona le aŋgba la me, eye wògbugbɔ yina eƒe keawo me. Aŋgba gena. Woɖina agbe ma ɖe eƒe keawo me sẽ ɖe esime vuvɔŋɔli la ŋu va yi. Le adame la egbugbɔa agbe bubu, aŋgba bubu vana.

Kristotɔ si le Agbe ƒe Ati la dzi ƒe mɔ yema. Tsro xoxo sia le afisia ate ŋu ge. Nyateƒe ye. Gake agbea gbugbɔ yina Mawu Amesi nɛ la gbɔ. Mikpɔea? Ne Mawu na wò wò agbea, wogbugbɔ dzi wò la, agbe ɖeka koe ate ŋu nɔ agbe ɖaa, ke eyae nye Mawu ƒe Agbe le mewò. Eye ne agbe ma le mewò la, ekema afisi wòtso la ko wòayi, Mawu gbɔ, be wòagbugbɔ ava Milenium gã ma me, kple aŋgba yeye, alo agbe yeye, alo ŋutilã yeye—yeye si mayrɔ aɖa dze anyi gbeɖe o.

Míaƒe azãgbewo fiana be Mawu li kpli mí, bena Mawu le afisia.

Gbesiagbebolo

…eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o. Èle esia xɔm le sesema? Yohanes 11:26

25-0312

Esi Woʋu Woƒe Ŋkuwo Wonyae
64-0312

…atɔmik bɔmb kple didiƒe tuwo kpakple nuwo, na xexeame katã.

Nukokoedonamela siwo le television dzi, eye wole nu ƒom, kple—kple radio kple nuwo, le kpẽ kum hele ha dzim, kple hatsekanya ɖikokoe ƒoɖiwo, eye wole fiƒodenyawo kple nya dziŋɔ siwo mele be woaɖe mɔ na gɔ̃ hã o gblɔm, eye nyadzɔdzɔgbalẽ blibowo kple nuwo me yɔ fũ kple, nyɔnu amamanɔla, agbegbegblẽnɔlawo, nusianu, wole agbagbadzem be yewoana susu nadze me, agbagbadzem be yewoana miadze eme. Eɖoa ŋku ŋutsuvi sue aɖe si nɔ akulam le viviti me, to ameɖibɔme, henɔ agbagba dzem be yeana yeɖokui yeabui be yemele vɔvɔ̃m o dzi nam. Miele vɔvɔ̃m yiɖe ku me, eye mienyae. Mienyae be miele me na ʋɔnudɔdrɔ̃, eye ele vava ge elabena miegblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu, eye miegbe ŋu le Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la gbɔ. Tututu. Woƒe ŋkuwo miã. Womenyae o.

Sodom kple Gomora.

Gbesiagbebolo

Esi nèli bɔkɔɔ la, meƒo nu kpli wò, ke ègblɔ be, yemasee o; esia nye wò nɔnɔme tso wò ɖevime ke, be nègbe toɖoɖo nye gbe.

Yeremya 22:21

25-0310

25-0309

25-0306

Agbe Ɣaɣla Aɖe 55-1006A

Ðe mieva ɖo teƒe aɖe si Kristo le vevie na mi wu nyaʋiʋli siwo katã miate ŋu awɔ le miaƒe hamea ŋu le agbe me kpɔa? Ðe Kristo le vevie na mi wu xexeame katãa? Menye tso seselelãme alo dɔwɔwɔ ɖe susu dzi gblɔm mele o; Mebe tso miaƒe dzi ƒe gogloƒe, be nane le afima, be nane dzɔ, be mienya alesi wòdzɔe o, gake woɣla mi ɖe adzɔge, eye miaƒe taɖodzinu katãe nye be miasubɔ Yesu Kristo. Ɖee nège ɖe teƒe ma, nɔvinyeŋutsu lɔlɔ̃a? Ðe nèva geɖe teƒe ma si mètsɔ ɖeke le nusi ame aɖeke agblɔ me o, menye be nàdo go awɔ tagbɔ ɖaɖɛtɔe o, gake vaseɖe esime Mawu ƒe lɔlɔ̃ naku seke ɖe mewò ale gbegbe, be màte ŋu akpɔ nububu aɖeke o, wò taɖodzinu bliboae nye be nàwɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, aɖo lɔlɔ̃ na amesiame, wòanɔ sisim faa tso afisiafia? Teƒe kae nye si wòle be woanɔ. Teƒe ɣaɣla lae nye ema. Teƒe mae wòle be míava, nɔvinyewo. Afimae Mawu ɖea Eƒe nu ɣaɣlawo fiana le. Teƒe mae Mawu wɔa teƒe ɖoɖo kple yɔyɔa le.

Gbesiagbebolo

Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu! Psalmowo 42:2

25-0305

Èle Esia Xɔm Le Sesema? 50-0716

Ne mielɔ̃ xexeame la, xexeame ƒe nuwo la, Fofo la ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o. Ema ate ŋu asesẽ vie be woafiae le afisia, gake nyateƒee; mina magblɔe na mi. Dzidzenu tiwo mele asinye le hame me o. O, vi aɖe o. O, amegã.

Logoti xoxo, xoxo si le miasi le afisia la léa eƒe aŋgbawo ɖe te le vuvɔŋɔli bliboa katã. Ƒea ƒe kele va, mehiã be miayi aɖafɔ aŋgba xoxoawo si ge o, ɖeko miana agbe yeyea nage ɖe eme, aŋgba xoxoa nage. Nenemae wòle. Mina Kristo nava dzi me; akpa susɔea akpɔ eɖokui gbɔ. Esɔ gbe. Mina Kristo nage ɖe dzi me ko; akpɔ susɔea gbɔ.

Gbesiagbebolo

Elabena ati sia ati ŋutɔ ƒe tsetse wotsɔna dzea sii; Luka 6:44

25-0304

Gbeɖiɖi Si Me Mekɔ O La 61-0415E

Mose ɖewomahĩ mese Mawu ƒe Gbe gbeɖe kpɔ o, gake enya nu to tagomenunya dzi, enya nu to seselelãme aɖe le eɖokui me dzi, be yenye gaɖela la. Gake edze agbagba be yeawɔe eye wòdaƒu, wɔe be egblɔ be, “Anye ne vodada mewɔ.”

Ɖewomahĩ mawunyagblɔlawo nɔ anyi ɖe afisia nenema ke, miele susum be miewɔ vodada, esime miekpɔ miaƒe gege. Ɖeko mielala wò didi vie kpɔ gbeɖe kakaka o. Biblia gblɔ be, “Amesiwo kpɔa Aƒetɔ si ŋu la woakpɔ ŋusẽ yeye…woadzo yi yame ʋi abe hɔ̃ ene.”

Mose susui be ɖewomahĩ yeda yeƒe yɔyɔ ƒu. Gake gbeɖeka esime Mawu ƒo nu nɛ ŋkume kple ŋkume, eye wòse Mawu ƒe Gbe la, nye Dɔla ƒo nu nɛ, ke es–esɔ kple Nya la…Esime wòkpɔ be gbe si ƒo nu na ye nye numa ke si ƒe ŋugbe Nya do la, ekema xɔse su eyama si, eye wòkaɖe edzi be yele ɖiɖi ge ɖe afima; eka ɖe edzi be Israel le dodo ge ɖa le kluvinyenye me, elabena Mawu do ŋugbe. Enye ŋugbedodo le Ŋɔŋlɔa ŋu.

Gbesiagbebolo

Hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi míenyae bena, xaxa dzia dzidodo; ke dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ;

Romatɔwo 5:3-4

25-0303

Xɔse Le Zɔɖeɖe Me
55-1003

Dzo Lilikpo ma ke si kplɔ Israelviwo to gbedzi, Mawu ƒe Dɔla ma ke si va teƒe la—la heɖe ga Petro tso gawo me, Aƒetɔ Yesu ma ke si nɔ tsitre ɖe Paulo ŋkume hedɔ kekeli keklẽ aɖe si gbã eƒe ŋkuwo. Eye ame siwo ƒo xlãae la mete ŋu kpɔ kekeli aɖeke kura o.
Gake Paulo ya; eɖe eƒe ŋkuwo dzoe. Ke ezu ŋkuagbãtɔ eye elebe asiwo nakplɔe yiɖe dua me, kekeli la klẽ alegbegbe ƒo xlã eyama. Kekeli ma Ke, Aƒetɔ Yesu Kristo le afisia zã sia me le Eƒe tsitretsitsi ƒe Ame me hele kpeɖom Eɖokui dzi to dzesi madamadawo kple nudzɔtsuwo dzi be Yele afisia.

Oo, tɔnyewo, mide miaƒe xɔse zɔɖeɖe me. Migavɔ̃ o.Tsyo, ŋu ne kpe mi; migavɔ̃ o. Minɔ tsi tre sesĩe le vovokpɔkpɔ me afisi Kristo wɔ mi mievo le. Mègatu ɖokuiwò ɖe xevi ƒe gaxɔ me ake o. Do go le me. Gbã gliawo. Kristo mu gli siwo klãna amewo dome, hena míevo. Míele gbesɔsɔ be míadzo dzoe. Amen. Melɔ̃a ema.

Gbesiagbebolo

Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwo o, megbɔna mia gbɔ. Yohanes 14:18

25-0302

Mawu Ƒe Nutrenu La
54-0514

Enyo, ɖee miekpɔ ketekemɔzɔla do ketekeʋu kpɔa? Ado go eye ado geɖe alegbegbe ɖe afisia, kple geɖe alegbegbe ɖe afisia. Nudokpɔla vana, ekpɔa me; eye ne esia do agblɔ vie la, eʋuʋua, “Kpao. Nyematre eŋu o. Elebe wòadze agatrɔ wɔe ake.” Nu evelia, adze agbagba agado agba ake; awɔ esia wòagblẽ. Nudokpɔla ava be, “egblẽ. Ga wɔe ake.”

Eye numae Mawu le wɔwɔm kple Eƒe hame la eteƒe didi. Miado agba, evɔ mieyina ɖe Dziƒo; miele nusianu tsɔm kpli mi. Miaƒe sipa fefewo, huh, nububu ɖe sia ɖe si ƒe agba si miate ŋu do ɖe hamea me la, miele agbagba dzem be miatsɔe kpli mi. Ɖeko Mawu buafɔ̃e; mele gbesɔsɔ na nutretre o.

Gake ne Mawu kpɔ ame aɖe, si nye aŋkwaretɔ le dzi me, ƒe dzi gbã, ƒe gbɔgbɔ tugu, le anyigba le vɔsamlekpuia gbɔ la, Mawu doa xexeame ƒe ʋɔtru nɛ, eye wòtrea enu ɖe ​​afima to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ me, eye anɔa anyi vaseɖe esime Yesu ava; menye tso nyɔnyɔ ɖeka me yi bubu dzi o, ke boŋ, “yi ɖe miaƒe xɔxɔ ŋkeke la.”

Gbesiagbebolo

Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo… Timoteo II 2:19

25-0301

Miɖo To Eyama
58-0126

Hame la nye Mawu ƒe dɔwɔla. Egblɔ le teƒe aɖe le Nyanyuie la me be, “Nyee nye Weinti la, miawoe nye alɔdzeawo.” Weinti metsea ku o; ekɔa alɔdzea ŋu, eye alɔdzea tsea ku. Alea Hamea nye Alɔdze si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le dɔwɔm to. Eƒoa nu to kplɔla ƒe nuɣiwo dzi. Ewɔa dɔ to eƒe asiwo dzi. Eye to Mawume nunanawo dzi la Eɖoa Eƒe ŋutilã ɖo seselelãmewo me, esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔe to eɖokui ɖiɖi ƒuƒlu kple asiɖeɖe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu be wòaxɔ kpɔkplɔ la me. Ehea gbedeasiwo vana; ekpɔa ŋutegawo. Kple nu gãwo, meka nusi wòɖanye be Mawu tia eyama be wòawɔ o la, ne agblẽ eɖokui ɖi na Gbɔgbɔ la, Mawu awɔ dɔ to dzi, alo Eƒe Hame la ƒe hamevi ɖe sia ɖe dzi.

Gbesiagbebolo

Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la. Timoteo I 5:17

25-0228

Va, Dze Yonyeme 63-0601

Ɖeviwo, miawo la, mia dome amesiame, le abe vinyewo ene. Mia, dometɔ ɖesiaɖe, le ko abe vinyeŋutsuvi kle nyɔnuviwo ene. Le goa ɖe me la, mienyee, mikpɔea, le gbɔgbɔme nyagbɔgblɔ nu. Ele eteƒe. Aƒetɔ Mawu la tsɔ—tsɔ miaƒe luʋɔwo de nye dzikpɔkpɔ te, elabena mievaa, ɖoa tom. Miexɔ dzinye sena. Mikpɔea? Eye ne woagblɔe le goa ɖe me la, mienye vinyeŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Ele eteƒe.

Miɖo ŋku dzi ɖaa be, Mawu ƒe seawo me lelé ɖe asi nye nu gãa ɖe. Anyi ame le ƒome nyui me la nye domenyinyi tso Mawu gbɔ. Eye be nanye ɖevi nyui si me amenyenye le abe miawo ene la, nyo. Enyo ŋutɔ, be wòade suku. Edzeani gɔ̃ hã ŋutɔ be ame nanɔ agbe le ablɔɖe nyigba sia dzi. Nu geɖewo li si ta wòle be miada akpe ɖo.

Gake nu ɖeka li si ƒe dome mate ŋu anyi o. Ele godoo be nalɔ̃ Àxɔe. Eyae nye Agbe Mavɔ. Eye nàte ŋu awɔ esia to Yesu yome dzedze me ko, to gbugbɔgadzi ƒe numetoto me. Megaɖi gbɔ esia o.

Gbesiagbebolo

Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama? Mateo 19:20

25-0227

Xɔse Nye Míaƒe Dziɖuɖu 58-1004

Midzra nuwo katã! Mige ɖe ɖoɖo me kple Mawu! Loo minye nusi mienye, alo mieganye kura o. Ne Mawu ƒe Biblia mefia esia o la, ekema mite ɖa le eŋu. Ne Efiana Esia la, minɔ anyi Kplii.

Eɖo ŋku esia dzi nam. Le kpɔɖeŋu me nukae ne ɖee míele mɔ vi aɖe zɔ ge, le ŋkeke blaetɔ me tso fifia dzi, yiɖe du bubu mee? Eye le du sia me la, yaƒoƒoa nyo alegbegbe, wɔe be míagagbɔ gbeɖe o. Eye le afima míele kuku ge alo atsi akpɔ o, gake ɖeko míanɔ afima ɖaasi. Ɖee mate ŋu abu eŋu kpɔ be mekpɔ mi míele yiyim ɖe numaxɔasiwo fiɔse me, le numaxɔasi geɖe ƒlem atsɔ dzoa? Ɖee mianɔ agbagba dzem be miagblẽ numaxɔasi siwo le miasi la ɖi ye.

Eye ne ɖeko ètɔtɔna ɖokuiwò, le ɖekawɔwɔ kple hame aɖe ɖe bubu yome me la, abɔ numaxɔasi geɖe wu. Gake ne àbu susu kuɖe afisi yim nèle ŋu la, àgblẽ ɖikeke kple movinu sɔgbɔ ma ɖi. Xɔse ŋutɔ ŋutɔ asu asiwò.

Gbesiagbebolo

…ke nusiwo womekpɔa o la boŋ ŋuti mieléa ŋku ɖo. Elabena nusiwo wokpɔna la, mesena yina o; ke nusiwo womekpɔna o la, nɔa anyi tegbetegbe. Korintotɔwo II 4:18

25-0226

Hebritɔwo, Ta Adrẽ #1
57-0915E

Gake esime Mawu ɖee gblɔ tsã le afisia la, Mawu ƒe nya ɖesiaɖe li ke. Eli mavãmaʋã. Eli maflimafli. Mate ŋu ada ƒu o. Ke esi Mawu wu Via hafi ɖo xexeame gɔme anyi la, ɖeko Wòle wuwu ɣemaɣi tututu ko abe alesi Wònɔ le Kalvaria ene. Enye dɔa ɖe si nu wowu, esime Mawu gblɔ nenema. Ke miɖo ŋku dzi, esime wowu Alẽvi la la, wò ɖeɖekpɔkpɔ hã nɔ vɔsasa la me, elabena Biblia gblɔ bena wò ŋkɔ nye esi “Woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ la me hafi woɖo xexeame gɔme anyi.”

Ekae kuɖe ema ya ŋu? Ekema nuka wɔ ge míala? Mawu ye fia amenuveve. Mawu enye amesi yɔ wò. Mawu ye nye amesi tia wò le Kristo me hafi woɖo xexeame gɔme anyi. Yesu gblɔ bena, “Menye miawoe Tiam gbeɖe—gbeɖe o. Nyee tia mi. Eye menya mi, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.” Yee koe ma.

Gbesiagbebolo

Eye míawo miekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la ɖo Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla. Yohanes I 4:14

25-0225

Patmos Ƒe Ŋutega La
60-1204E

Ɖee menya kpɔ esime nàte ŋu ku seke wò luʋɔ vavã ɖe Kristo me, le nɔnɔme aɖe me tɔgbe be nàte ŋu azi kpoo le eƒe Ŋkume oa? Eye nàse Eƒe Gbe wòaƒo nu na wò be, “Nyee nye Yehowa si yɔna dɔ wò. Nyee nye Yehowa si nana wò Agbe Mavɔ. Melɔ̃a wò. Menya wò do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi. Mede wò ŋkɔ Agbalẽ la me, Tɔnyee nènye. Mègavɔ̃ o, Nyee. Mègavɔ̃ o, meli kpli wò.” Ekema medzia ha be:

Nye luʋɔ ku se ke ɖe gbɔɖemeƒe

Nyemaganɔ ƒu vlotɔ dzi o;

Ne ya vɔ̃wo ƒo, eye ƒu dzagbo hã la;

Le Yesu me manɔ dedie le tegbee.

Ɖo ŋku dzi be, Gbe ma si tututu ƒoa nu na wò ŋaŋeŋaŋe la, adrɔ ʋɔŋu nuvɔ̃wɔla. Tsiɖɔɖɔ ma si tututu xɔ na Noa la, tsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla la. Mikpɔ nusi medi be magblɔa?

Gbesiagbebolo

Eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ… Hebritɔwo 6:19

25-0224

Abraham Kple Eƒe Nuku Le Eƒe Megbe
61-0416

Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o; kpɔ wò Vɔsasa la dzi. Mawu mele dziwò kpɔm o; Ekpɔa wò Vɔsasa si nye Kristo dzi. Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o. Nyemedze o; mèdze o; ameaɖeke medze o; gake Eyae nye Amea. Nyemele nuɖom ɖe nusi mewɔ, nusi menye ŋu o, lo madze dzi nam—nam gbeɖe o.

Gake mele nusi Wòwɔ dzi kpɔm. Afimae mele kakam ɖe dzi le: Nusi Wòwɔ. Enye nye Vɔsasa. Nyemedze na dɔyɔyɔ o. O, amegã. Aƒetɔ, anye ne meku xoxo, anye ne womedzim gbeɖe o. Gake mele agbe; Agbe Mavɔ su asinye; meɖo ta Dziƒo. Nukata?

Elabena Ewɔe nam. Eyae nye Amea. Exɔ tenyeƒe. Nye atawo xa tsã, ŋkuwo traxa le nɔnɔme ƒomevi ɖe sia ɖe me, gake Exɔ tenyeƒe. Le gbɔgbɔme nuƒoƒo ŋu la, metsaka keŋkeŋ tsã, hetsaka keŋ; gake Exɔ tenyeƒe; ke Ewɔm Mawu ƒe viŋutsu debliblo, Mawu ƒe vinyɔnu debliblo. Eƒe vɔsasa ye wɔe, menye tɔnyee o. Nyemeɖo naneke awɔ le me o. Wodzim esime nɔnɔme aɖeke menɔ asinye o alekekee hã. Gake nye—nyemele kakam ɖe nusi mewɔ dzi o. Meka ɖe nusi Wòwɔ dzi (Mikpɔea?), nusi Wònye tsã, nusi wònye ema.

Gbesiagbebolo

Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me. Luka 9:56

25-0223

Wò Dawid Ƒe Vi La Kpɔ Ye Nublanui
61-0215

Mawu gblɔ na wo le Egipte ɖa be, “Metsɔ anyigba ma na mí.” Gake Megblɔ be, “Mado go yiɖe afima akplɔe keŋkeŋ, aɖo atsyɔ̃ na aƒeawo, ado xɔmetsovɔawo, kple nusianu o. Miawo katã miʋu yiɖe me ko.” O,o. Elebe woaʋli ɖe anyigba si woxɔ ƒe kakɛ ɖe sia ɖe ta. Esɔ gbe, ʋiʋli, eye mixɔ ɖe sia ɖe…miʋli kakɛ ɖe sia ɖe ta. Gake Egblɔ be, “Teƒe sia teƒe si miaƒe afɔƒome aɖo la, emae nye nunɔamesi.” Afɔɖeɖe nye nunɔamesi.

Numa kee wònye egbea. Mawume dɔyɔyɔ nye míatɔ. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye míatɔ. Míaƒe nunɔamesie, gake miaʋli ɖe eƒe kakɛ ɖe sia ɖe ta. Ẽ, amegã. Gake nɔviŋutsu, afɔɖeɖe nye nunɔamesi. Mikpɔtɔ nɔ ʋiʋlim ko. Mixɔe. Abosam gblɔa be, “Nukunu ŋkekewo ŋu va yi.”

Migblɔ be, “Alakpae dam nèle. Mawu gblɔ be Enye Eyama ke etsɔ, egbe, yiɖe mavɔmavɔ me.” Mixɔe do se. Teƒe sia teƒe si miaƒe afɔ adze la, emae nye nunɔamesi. Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Yehowa, mia Mawu la, ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanya wo ɖa le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba… Yosua 23:5

25-0222

Mawu Ƒe Nubabla Kple Abraham Kpeɖe Eƒe Nuku Ŋu
56-0223

Mawu medoa vovototo aɖeke Eƒe viwo dome o. Vi ɖe sia ɖe si vana Mawu gbɔ la elebe woadoe kpɔ aɖaheto nɛ gbã. Miese egɔmea? Woadoe kpɔ gbã, alo aheto nɛ, aɖɔe ɖo, anye vi si wohe, si wode suku, ame sia ame ɖeke medo le me o, vi ɖe sia ɖe…Ɖee mieto dodokpɔwo mea? Ɖee mieto xaxa mea? Ɖee mieto yometiti mea? Ekema ne miedodzi to nusiawo me la, Mawu ƒe vi ŋutɔŋutɔwo mienye.

Gake ne miate ŋu dodzi atsɔ tohehe o, ne kpo la ɖiɖim sesiẽ, ke miawo la miesina du hegbugbɔ yina ɖe xexeame la, Biblia be mienye vi siwo mele se la ŋu o ke menye Mawu ƒe Viwo o. Elabena ne wodzi ame aɖe tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ekpɔa mɔ na numawo, eye wòlɔ̃a numawo.
Azɔ Biblia gblɔ be dodokpɔ siwo vana míadzi la, dodokpɔ xɔdzowo, xɔasi na mí wu sika. Mibu eŋu kpɔ.

Gbesiagbebolo

Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo . Yakobo 5:11

25-0221

Yehowa Jire 61-0226

Mègakpɔ ɖokuiwò dzi o ɖe. Kpɔ wò Alẽvi la dzi. Mawu melɔ̃a xɔ wò o, Elɔ̃ xɔ Alẽvi la ye, ke Alẽvi la xɔ tewòƒe. O Mawu miete ŋu le ekpɔm oa? Menye miawo o, miedze o, nyemedze o. Míadometɔ aɖeke medze o. Gake, mikpɔ, ɖee Eya ya dzea? Mawu gblɔe nenema. Elɔ̃ xɔ Eyama. Egblɔ be, “Esiae nye Vinye lɔlɔ̃tɔ Amesi me Mekpɔa ŋudzedze le be manɔ. Esiae nye Vinye lɔlɔ̃tɔ. Miɖo to Eyama,” le vixɔxɔ la gbe be, “Eyae nye Esi.”

Migagblɔ be, “Enyo, ɖɔkita le gbɔgblɔm bena nyemahaya kpɔ gbeɖe o.” Nusi gblɔm ɖɔkita la le yema. Azɔ, ame la nye dzɔdzɔmeŋutinunyala, eléa ŋku ɖe alesi dzɔdzɔme la zɔnae ŋu, eye wòkpɔnɛ bena màte ŋu ahaya gbeɖe o. Ema fia eyama ema le dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu ye.

Enyo, nusi dzi kpɔm wòle yema. Ne nèle numa ke dzi kpɔm la, màhaya kpɔ gbeɖe o. Gake mègakpɔ nusi wògblɔ la dzi o. Mègakpɔ nusi nènye dzi o…Alesi nèle kuɖime o. Gake kpɔ wò Vɔsasã la dzi. Yema. Eye miɖo ŋku dzi be mienye Abraham ƒe nuku kple domenyilawo kple Eyama. Ekema ne mienyee la, minɔ anyi kple ŋugbedodo la. Milɔ̃ xɔ Eyama abe miaƒe Dɔyɔla ene eye mitsi afima tututu.

Gbesiagbebolo

Esi ŋu ke la, ekpɔ Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si! Yohanes 1:29

25-0220

Mawu Matrɔmatrɔ Si Le Dɔwɔm Le Mɔ Si Womele Mɔkpɔm Na O Dzi
62-0120

Enya miaƒe hiahĩawo. Enya alesi wòahe vɛ na mi. Gake kuxi lae nye be, le esi mevana alesi miesusunɛ be wòle be wòava o ta, ekema dziɖea le miaƒo keŋkeŋ eye míegbugbɔnɛ tsɔnɛ na Eyama. Mina míabia Eyama, eye míaxɔe se be Adɔe ɖo ɖa alesi Wòdi be yeadɔe ɖo ɖe ko. Eye milɔ̃ xos le gɔmeɖokpe la dzi. Esɔ gbe. Mikpɔea?

Ne miebia Eyama la, migawɔ Eyama alakpatɔ o. Mate ŋu ada alakpa o. Edo ŋugbe, “Mibia nusianu Fofo la le Nye Ŋkɔ me, Màwɔe.” Azɔ, Mawu mate ŋu da alakpa o. Mibia Eyama eye woawɔe. “Midzi, miakpɔe; miƒo ʋɔa, woaʋui.” Míexɔ ema dzi se. Kakaɖedzitɔe la míexɔe se

Gbesiagbebolo

Eye le ŋkeke ma me la miabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne miabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. Yohanes 16:23

25-0219

Eye Wò Nuku Atsɔ Eƒe Futɔwo Ƒe Agbo Anyi Dome
61-0213

Esime wonɔ gbesɔsɔ teti be yewoaɖe yewoƒe afɔ mamlea, mele Eyama kpɔm wòle tsitre. Eƒe nunɔlawuʋlayawo le Eyama ŋu afisi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖo le zã sia me, woƒo ʋu, le nyaxɔɖakɔdɔ wɔm ɖe míaƒe nyameʋuʋu ŋu, elabena Eku be yeana be nusianu si míebia la nava eme. Afikae míaƒe xɔse le le Eyama me?

Eyae Ma le tsitre, wɔ asi alea, ke alilikpo ɣi gã aɖe va Eyama gbɔ. Elia dzi, yɔ ɣedzeƒe ya, dziehe ya, nyiehe ya, kple ɣetoɖoƒe ya, be yeado wo abe sɔwo ene. Edo asi ɖa helé dzikedzo gɔdɔ̃gɔdɔ̃e la, hewoe le dziŋgɔliawo me. Hafi woanya ɖe afɔ ageɖe me le afima la, Enɔ kpodzo bibi la me kpli wo. Etsi tre le eme afima kple detsi makpa yagbɔnu si woɖe le afiaɖe le Agbe Ti la gbɔ, le dzo bibiawo kam le woŋu alea. Egblɔ be, “ɖeko medi be magbugbɔ gblɔe kpli mi viwo. Menyae be Abraham ƒe nuku mienye. Medo ŋugbe la, eye Mele afisia be maɖo eŋu,” ekpɔtɔ nɔ dzo bibiawo kam. Oo, ẽ. Woʋu eŋu. Egblɔ, “Ame nenie mide eme le afima?”

Ebe, “Etɔ̃.”

Egblɔ be, “Eɖe kpewo le eme le afima, eye Eɖi Mawu ƒe Vi la.” Eyae wònye. Nukata? Wo–esime wodowo kpɔ vɔ la, wotsɔ futɔ la ƒe agbo nyi dome. Amen.

Gbesiagbebolo

Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me. Psalmowo 46:1

25-0218

Miyi Ɖa Gblɔ Na Nye Nusrɔ̃lawo
53-0405S

Ame le asinye, le afisiafi le dua me, si hea nya ɖe ŋunye ɣeaɖewoɣi kuɖe Mawume dɔyɔyɔ ŋuti. Tsyo, nɔvinyeŋutsu, aleke mate ŋu gbe Mawume dɔyɔyɔ dzixɔxɔ se, esime wònye Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe dzɔdzɔme ŋutɔ. Elebe Ame sia ame si wodzi to Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la naxɔ gbɔgbɔmenu dzi se, elabena enye Mawu ƒe akpa aɖe, enye Mawu ƒe vi.

Ne megblɔ be, “Èɖi tɔwò.” Megblɔ be, “Ŋɔti le asiwò abe…” Wogblɔa nam be ŋɔti le asinye abe papa ene; nu le asinye abe papa ene. Nukata? Tɔnyee wònye. Dzena le asinye be maɖii.

Aleluya! Ekema, ne Mawu nye Tɔnye la, dzena le asinye be maxɔ gbɔgbɔmenu dzi se, elabena wodim to Gbɔgbɔ si gbɔ dzɔdzɔme la ta me. Ema wɔm gbɔgbɔme me. Le ememe, le egodo la, menye—menye tu; wòhã ènye tu. Gake le ememe la, ne wodiwò to Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, èzu gbɔgbɔme me le eme le afima, eye dɔ kple tsikɔ wuna gbɔgbɔme me ma ɖe Eƒe Dziƒo Ƒeme ŋu, le go kemea ɖa. Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Elabena mí katã míenye mawuviwo to Kristo Yesu dzixɔxɔse me. Galatiatɔwo 3:26

25-0217

Ɖekawɔwɔ Ƒe Ɖekanyenye
58-0128

Mesea veve kokoko ɖe aziƒomɔ̃ koklo ŋu. Koklo si wodzi le aziƒomɔ̃ me, xlɔ̃na, eye nɔ aɖeke mele esi si gbɔ wòayi o. Ema de bibliasuku mawunyagblɔla si menya nu geɖe tso Mawu ƒe Nya la ŋu wu nusi bibliasuku la gblɔ o susu me nam; anɔ xɔxlɔ̃m, eye Nɔ aɖeke meli si gbɔ wòayi o.

Gake ne wodzi wò ŋutɔŋutɔ le Eƒe amenuveve kple ŋusẽ ƒe aʋalawo te la, àlɔ̃ ɖe Nya ɖesiaɖe si wògblɔ dzi, be enye Nyateƒe la. Eye ne Mawu ɖe zɔ le nusi gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu me la, dɔ awu wò dzi ɖe Eŋu tututu.

Màyi ɖe aga agblɔ be, “Susume dzoɖuame! Abosam! Beelzebul o! Nyemexɔ Ema dzi se o. Nye hame mefiana Ema o.”

Àgblɔ be, “Woakafu Mawu tegbee,” elabena woyɔ wò fũ.

Gbesiagbebolo

Atsɔ eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala te nàbe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la. Psalmowo 91:4

25-0216

Gbeɖiɖi Si Me Mekɔ O 61-0429E

Mina mía—mina míaɖe nusi wotsɔ wɔ mí afia. Ne…Mina míatsɔ nane ade eme le afisia atsɔ aɖe lɔlɔ̃ kple bubu afia. Eye míade bubu ame kemɛ ŋu aɖa—aɖalɔ̃e, eƒe nya ɖadzɔ alo medzɔ o.

Ne amesiwo lɔ̃ mi ko miate ŋu lɔ̃ la, tsyo, nuvɔ̃wɔlawo hã wɔa nu ma ke. Gake míeto vovo, ne Kristo va míaƒe dzi me la, míelɔ̃a ame siwo melɔ̃a mí o. Milɔ̃ amesiwo medze na lɔlɔ̃ o. Eye míenye amesiwo medze na lɔlɔ̃ o kpɔ hã, mienya. Eye Kristo lɔ̃ mí va se ɖe esime míeva Egbɔ.

Eye emegbe ne míenye Kristo tɔ eye Kristo le mía me la, hadede ƒe Gbɔgbɔ ma ke le mía si, kple nuwɔwɔ aduadu, kple kpekpeɖeŋu nana be míadze agbagba aɖe agba gã la, eye míana agbe nanɔ bɔbɔe vie na mía havi amegbetɔ.

Gbesiagbebolo

Eye ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, akpedada kae li na mi? Elabena nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo. Luka 6:32

25-0215

Tɔtrɔ Ƒe Ŋusẽ
65-1031M

Ke mexɔe se be Dawid ye gblɔe be, “anyo nam wu be manye afɔtutunu le Aƒetɔ la ƒe aƒe me, wu be manɔ agbadɔwo me kple ame vɔ̃ɖi.” Mikpɔea, meka nusi wònye o la, “maxɔ nye nɔƒe.”

Ɣeaɖewoɣi la elebe nàma ɖokuiwò ɖa le nusianu si le vevie le anyigba dzi, na wò, gbɔ be nàxɔ wò tsitrenɔƒe si gbɔ Mawu yɔ wò ɖo. Mekaɖedzi be miate ŋu axlẽ fliawo dome. Mikpɔea? Ɣeaɖewoɣi la ame vevietɔ kekeake na wò le anyigba dzi la, elebe nána asiwo; aɖaxɔ wò tsitrenɔƒe le Kristo me, yi afisi Mawu yɔwò ɖo gbɔ. Mikpɔea? Gake nukae wɔm Mawu le? Le miatrɔm tso nusi mienye va yi me, ɖewomahĩ vinyɔnu alo viŋutsu, alo nukake wònye la, tso ƒome lɔlɔ̃tɔ me ɣeaɖewoɣi la, ede na mi afiaɖe. Elabena Nenemae Wòwɔnɛ, mikpɔea, to miaƒe susu ƒe yeyewɔwɔ me, be miaɖo to Mawu ƒe Nya la, meka nusi fetu la nye o. Mikpɔea? Nusiawo mevana o…Meyɔ o…

Míaƒe xɔxɔƒle la menye xokpɔtsɔ nu ye o, ɖe wònɔ be elebe Mawu ƒe Vi la naku ɖe míata. Mikpɔea? Menye…Nusiwo ŋu asixɔxɔ gã le la vana kple fetu gã.

Gbesiagbebolo

Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?

Marko 8:37

25-0214

Ɖe Wò Agbe Dze Na Nyanyui Laa?
63-0630E

Mikpɔ Yesu ɖa. Ne woaƒo nu kuɖe mía ɖokui bɔbɔ ŋua? Esime Mawu Ŋutɔ va zu Vidzĩ la, le esia teƒe be wòava le—le abati sue nyakpɔa ɖe me le aƒe nyuia ɖe me afiaɖe la, wodzii ɖe lãmi kɔa ɖe dzi le lãkpo me, le nyivi siwo le xɔxlɔ̃m dome. Woxatsa Eyama ɖe vikpavɔ, si woɖe le nyi ƒe kɔkuti ŋuti me. Amedahe ƒe amedahe, evɔ, gake la, enye dziƒowo kple anyigba Wɔla.

Le zã fafae ɖe me, esi tsi nɔ dzadzam la, wogblɔ be, “Nufiala, míayi aƒe me, kpli Wò.”

Egblɔ be, “Abeyiwo kpɔ dowo, eye xeviwo kpɔ atɔwo, ke Nye la nyemekpɔ teƒea ɖeke si matsɔ ta aziɔ ɖo o.”

Mawu, Yehowa, bɔbɔ Eɖokui heva zu Ame; ɖe eɖokui fia le nuvɔ̃ ŋutilã me, be yeaɖe nye kpliwò. Ke ameka míawo míenye? Enye míaƒe kpɔɖeŋu. Ameka nyea menye? Naneke o.

Gbesiagbebolo

Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene. Luka 22:27

25-0213

Nuŋeŋe Ƒe Ɣeyiɣi La
64-1212

…Agbe Mavɔ ƒe nɔnɔme ɖeka koe li, ke eyae nye Mawu. Eyata ne Agbe Mavɔ le míasi la, míenɔ anyi kple Mawu tsã ekema tututu, Mawu ƒe akpa aɖe. Míenye Eƒe nyenye tsã. Azɔ míenyɛ Eƒe nyenye. Eye, elabena, “le gɔmedzedzea me la Nya la li.” Ke nya nye susu aɖe si woɖe gblɔ. Eyata míenye Eƒe susuwo tsã, emegbe la woɖe mí gblɔ to nya me eye míezu nusi míenye. Susumatae míaƒe ŋkɔwo, ɖewomahĩ menye esi le míasi fifia o, gake wode míaƒe ŋkɔwo Alẽvi la ƒe Agbe Gbalẽ me do ŋgɔ na xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi ke. Mikpɔea? Ke ɖee menɔ afima ekema o la, manɔ afima gbeɖe o. Mikpɔea? Eye Yesu va be yeaxɔ amemawo katã, ema nye, siwo ƒe ŋkɔwo le Agbalẽ ma me ƒle.

Gbesiagbebolo

Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. Yohanes I 2:17

25-0212

Nukata? 61-0413

“Ame kae, le tamebubu me, ate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka akpe ɖe eƒe kɔkɔme ŋu?” nenemae Yesu gblɔ. Míenye nusi míenye.

Eye ema nye nu ɖeka si dea abi míaƒe Pentekoste ƒe zɔɖeɖe kple zɔɖeɖe bubuwo ŋu, enye ame aɖe si le agbagba dzem be yeanye nane si menye o, wole agbagba dzem be yewoasrɔ̃ ame bubu. Miate ŋu awɔ ema o. Nusi mienye koe mienye; evɔ. Eye ne miewɔ ema la, Mawu azã mi le nusi tututu mienye me. Eye miele vevie ko abe ame bubu ɖesiaɖe ene.

Abe alesi megblɔe le zã si va yi me ene la, tometivi sue si le gaƒoɖokui sia me le vevie abe tometigan ene, ’elabena ehiã wo katã ɖe du be woana game. Eye be…Ne míekpɔ míaƒe nɔƒe le Kristo me dze sii eye emegbe míenɔ ema me la, nenye be aƒedzikpɔla sue aɖe koe wònye la, nɔ afima tututu. Numae Mawu di be miawɔ. Mikpɔea? Minye nusi mienye ko.

Gbesiagbebolo

Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ… Korintotɔwo I 7:17

25-0210

Nukae Sem Nèle Eliya?
59-0412E

Kakaɖedzi ɖeka aɖe li si le xɔsetɔ si, togbɔ be xexeame gbee hã, ke hã Mawu lɔ̃nɛ. Xexeame ate ŋu ayɔ wò be mimlila kɔkɔe; woate ŋu ayɔ wò be wɔtsɔmiwɔla; gake ne ènye nuteƒewɔla na Mawu la, nu ɖeka aɖe li si ŋu kakaɖedzi le: Mawu lɔ̃a wò, eye Eƒe Mawudɔlawo ƒu asaɖa anyi ɖe amesiwo Vɔ̃nɛ ŋu.

Masusu be Mawudɔlawo ƒe hawo nɔ alɔdze ɖesiaɖe dzi, ƒo xlã teƒea godoo. Eye Mawu ɖi va, eye Wògblɔ be, “Nye dɔla sue dahe si ŋu ɖeɖi te. Etsi dzodzodzoe ale gbegbe eye wòvuvu, menya nusi wòawɔ o. Medi be matia Mawudɔla si le tsitre ɖe afisia si si asi bɔbɔtɔwo kekeake le. Mègado vɔvɔ̃ nɛ o.” Zɔ yi eye nàtsɔ asi lili eƒe ŋgonu blewu tututu. Ke Mele nuɖala nyuietɔa kekeake dim le miadome be, nàyi ɖe dzigbe le afima, aɖatsɔ nunyiame siwo katã nàte ŋu akpɔ eye nàde blibolo sia me. Xexeame gbee, gake Mele belé ge nɛ.” Aleluya. Ema gɔmee nye be “woakafu mía Mawu.” Migavɔ̃ ema o.

“Tsɔ nyuitɔ kekeake si le míasi vɛ; ɖa blibolo nɛ eye nàtsɔ tsi aɖe aɖo anyi nɛ.” Eye Mawudɔla sia si ƒe asi bɔbɔ wu la yi ɖatsɔ asi lili Mawu ƒe dɔla sue la ƒe ŋgonu.

Ɖo ŋku edzi be, ne èwɔ tɔwò sinu la, Mawu gaɖo Mawudɔla mawo ɖe ɖoɖo nu kokoko. Elɔ̃a wò nenema ke ko abe alesi Wòlɔ̃ Eliya ene.

Gbesiagbebolo

Elabena adɔ eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò, ne woakpɔ tawò le wò mɔwo katã dzi. Psalmowo 91:11

25-0209

Nudzɔdzɔ Siwo Me Kɔ To Nyagblɔɖi Dzi
65-0801E

Mikpɔea, Biblia metsi tre ɖe Eɖokui ŋu o ɖe; Biblia nye Mawu. Tsitretsitsi aɖeke mele Mawu me o; Ede blibo.

Gake amewo, kple woawo ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe! Azɔ mide dzesii, mina mafia mi, xɔ̃wo. Hamewo ŋutɔ mate ŋu alɔ̃ ɖe Eƒe gɔmeɖeɖe dzi o. Metodistetɔ mate ŋu alɔ̃ ɖe dzi kple Baptistetɔ o, Baptistetɔ Presbiteriatɔ, Presbiteriatɔ Pentekostetɔwo o. Eye kple Pentekoste ƒe ɖoɖowɔha vovovo siwo ade blaene la, womate ŋu alɔ̃ ɖe dzi kple wonɔewo o. Eyata mikpɔea, ema aganye Babilon ake, si tsakana nu.

Gake Mawu wɔa Eya Ŋutɔ ƒe Nya la gɔmeɖeɖe ŋudɔ. Edo nu sia ƒe ŋugbe, eye emegbe la Eya ŋutɔ wɔa eŋudɔ. Eŋutɔ, Enaa, eƒe gɔmeɖeɖe, elabena Enaa wonyana Eɖokui le gaƒoƒo ma me. Aleke gbegbe—Kristo ƒe Ŋutilã la de ŋgɔe, tso afɔwo dzi va ɖo ta dzi!

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: O, ame masenugɔmewo kple amesiwo ƒe dzi le blewu be, woaxɔ nusiwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi la, dzi ase.

Luka 24:25

25-0208

Israelviwo
47-1123

Azɔ, xɔ̃wo, mɔnu ɖeka koe li le xexeame be ame nate ŋu kpɔ dɔyɔyɔ, eye to xɔse le Mawu me ɖeka ko dzi ye. Azɔ, meka alesi gbegbe Mawu aɖemɔ nam, to nye ŋutɔ nye xɔse dzi, be maɖe gbɔgbɔ la le miadzi o la, negbe ko miyi dzi xɔ Mawu dzi se, hesubɔ Mawu, heka ɖe Mawu dzi o la, agatrɔ gbɔ va miadzi ake. Ɖee Yesu megblɔ be, “Yi eye mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o, loo nu vɔ̃ɖi aɖe wu esia adzɔ ɖe dzi wò oa?”

Migava gbedodoɖa ƒe fli aɖe me o negbe ko miele mɔkpɔm be miasubɔ Mawu le miaƒe agbe ƒe ŋkeke mamleawo me. Esɔ gbe. Kokoko la, miganɔ nuvɔ̃ ƒe agbe kpɔ gbeɖe o, elabena miavɔ̃ɖi ɖe dzi, miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu. Mawu do ŋugbe be miavɔ̃ɖi ɖe dzi wu alesi mienɔ zi gbãtɔ.

Gbesiagbebolo

Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o. Yohanes 5:14

25-0207

Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo 61-1015M

Yesu nye Mana ɣaɣla la; Kristo nye hame la ƒe Mana. Nukae nye Mana? Mana le Nubabla Xoxoa me lae nye numa si gea tso Dziƒo yeye zã sia zã be wòalé hame la ɖe te le eƒe mɔzɔzɔ la me. Ɖee ema sɔgbea? Azɔ, le Nubabla Yeyea me la nukae nye Mana ɣaɣla laa? “Ʋee ɖe eye xexeame Magakpɔm o (ele ɣaɣla); evɔ miawo ya Miakpɔm, elabena Manɔ kpli mi, gɔ hã le miame yi ɖe xexeame ƒe nuwuwu ke.” Eye Kristo yenye Mana ɣaɣla ma si vana tso Mawu gbɔ do le Dziƒo yeye gbesiagbe—gbesiagbe.

Míate ŋu gblɔ be, “Enyo, kɔsiɖa eve woenye esi mewɔ Mawu ƒe numetoto gã aɖe” o. Kae kuɖe fifia tututu ya ŋu? Mikpɔea? Gbesiagbe, yeye, yayra yeye aɖe, nu yeye aɖe si le vavam tso Mawu gbɔ do le Dziƒo, Kristo. Ke míeɖua azã le Mana sia si nye Kristo ŋu, eye Wòléa mí ɖe te le mɔzɔzɔ la me sẽ ɖe esime míade anyigba la—la dzi le go kemea dzi.

Gbesiagbebolo

Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame. Yohanes 6:33

25-0206

Xɔsetɔ Ƒe Tsitrenɔƒe Le Kristo Me 55-0116A

Azɔ, ne míate ŋu kpɔ míaƒe tsitrenɔƒe aɖanya be Mawu ƒe Nya ye do eƒe ŋugbe ɖe…Susuma tae Yosua kple Kaleb mevɔ̃ kura be yewomate ŋu xɔ ŋugbedodo nyigba la—la o. Elabena asiekeawo ƒe susɔeawo katã gbugbɔ va, alo ewoawo, hegblɔ be, “míate ŋu wɔe o. Tsyo, dugã mawo siwo ŋu glikpo gãwo le, eye míele abe ʋetsuviwo le ameawo gbɔ ene. Wotri akɔ alegbegbe eye aʋawɔnu le wo si,” eye wogblɔ be, “ɖeko míate ŋu wɔe o.” Mikpɔea, wonɔ susuɖeɖe ƒe nyanyananu dzi kpɔm. Miate ŋu kpɔ susuɖeɖe ƒe nyanyananu dzi o; elebe miakpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo la dzi ye. Azɔ, Mawu dɔ Eƒe Dɔla ɖo ɖa xoxo, ke Dɔla nɔ asaɖa me henɔ ŋgɔgbe yim. Ke Mawu ƒe ɖeɖefia he Mawu ƒe Nya si woɖe ɖe go vɛ. Ke azɔ wonɔ gbesɔsɔ be yewoage ɖe ŋugbedodo nyigba la dzi.

Gbesiagbebolo

Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã? Mateo 14:31

25-0205

Mɔkpɔkpɔwo 53-0507

Azɔ, yenye si; mise egɔme. Dɔléle, nuvɔ̃ gblɔm mele, nye dzimaxɔse. “Amesi mexɔ se o la, wobu fɔe xoxo.” Esime èfia fi, daa alakpa, yɔa siga, noa aha, wɔa ahasi ta, ema menye nuvɔ̃ o. Emae nye nuvɔ̃ ƒe nyenyewo. Èwɔa ema elabena mèxɔa se o.

Eye ènye nyateƒetɔ, kple anukwareɖila, kple dzɔdzɔetɔ, kple nudzɔdzɔewɔla, kple kɔkɔe kple bubutɔ (menye le esi…menye Kristotɔnyenye yenye ema o), èwɔa ema: Kristotɔnyenye ƒe kutsetsewo koe nye ema elabena èxɔe se; enye wò xɔse le Kristo Yesu me kple wò dzidzi abe Via ene ƒe nyenyewo. Amen. Mikpɔ? Ati nyui mate ŋu atse ku gbegblẽ o (ati gbegblẽ ya ate ŋu atsee), ɖeko wòtsea ku nyuiwo. “Woƒe tsetseawo miatsɔ dze si woe.”

Azɔ, ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va xɔ sia me le zã sia me, eye wòaɖe gbeƒã Eƒe Nya la be enye nyateƒe, eye nèdo go Mexɔe se o la, ànye nuvɔ̃wɔla. Ne Mawu gblɔ nusi wò agbenɔnɔ nye, kple nusi wòanye na wò, eye ne ènya be nusi nɔ anyi kpɔ la nye nyateƒe, eye wògblɔ nusi ava dzɔ na wò; ne èyi mexɔe se o la, nu vɔ̃ɖi wu esia ava dziwò. “Yi eye mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o.”

Gbesiagbebolo

Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe! Mateo 7:19-20

25-0204

Aʋli Vevie Ɖe Xɔse La Ta
54-0404M

Oo, Mawu di be yeagbugbɔ ɖo xɔse si wo na amekɔkɔewo zi ɖeka na ɣeyiɣiawo katã te. Miegblɔa be, “Nɔviŋutsu Branham, xɔse lae nye ma?” Migatsɔ Me-Metodiste ƒe kɔnu, alo Baptiste ƒe kɔnu, alo Pentekoste ƒe kɔnu o; mitsɔ Biblia. Mina míakpɔ nusi wowɔ la ɖa. Wo katã wonɔ xɔtaxɔ la me le susu ɖeka me, eye kasia la, ya sesẽ ma ke ɖi tso Dziƒo, yɔ aƒe la katã me fũ afisi wonɔ anyi ɖo. Nukae miagblɔ? Wogblɔ be, “Ohhh, nyemenyae be mawɔ esia alo o. Ne meyi ɖe egodo la, woaɖu fe ŋu le ŋunye. Ne megblɔ nane la, ‘tsyo, eyae gblɔ nam be mado go.”’ Kpao, amegã. Gbɔgbɔ Kɔkɔe La do go wo, vɔvɔnɔtɔ ƒe hatsotso sue ma. Agbe su wosi eye woto fresrewo kple ʋɔtruwo me, do ɖe mɔdzi, hewɔ nu abe aɖawatɔwo ƒe hatsotso ene, hemu hedoɣli sesiẽ kple nusianu, abe ahamulawo ƒe hatsotso ene; sẽ ɖe esime ŋkeke ma ƒe kɔnu hamea gblɔ be, “Amesiawo yɔ fũ kple wein yeye.”

Azɔ ɖo to, nɔvinyɔnu, wò si wɔa nu kple bubu alegbegbe le nutɔtɔ ƒe habɔbɔa me le wò hamea me, kple etɔeawo, heɖo hadome tsitrenɔƒe le Louisville, New Albany, kple Jeffersonville la, Maria yayratɔ le aƒe la nɔ eme le afima.
Ke ne Mawu Ŋusẽkatãtɔ bia Maria yayratɔ la, eye meɖemɔ nɛ be wòava Dziƒo o sẽ ɖe esime wòwɔ numetoto ma o la, aleke wɔ ge nàla aɖo afima ne nane ʋe te le mee?

Gbesiagbebolo

Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ! Yona 2:10

25-0203

Dzesi
63-0901M

Na xexeame la, enye bometsitsi ƒe hatsotso. Gake, na Mawu ya la, Mɔnu ɖeka lae ma. Nu ɖeka pɛ si biam Wòle lae nye Dzesi ma. Ele be wòanɔ afima. Eye Dzesi la mate ŋu nɔ miasi o sẽ ɖe esime woaxe mɔzɔfe la, ekema mienye amesi si Dzesi si nana mi gomekpɔkpɔ la—la be miava yi faa le. “Ne Mekpɔ Ʋu la, Mato miaŋu ayi.” Ɣeyiɣi kae nye esi, bena, gomekpɔkpɔ kae nye esi, be mianyae be miedro, Mɔzɔgbãle la, le miame. “Ne Mekpɔ Ʋu, la Mato miaŋu ayi.” Eyae nye nu ɖeka si Wòle dzesi de ge. Naneke meli si ate ŋu xɔ Eƒe teƒe o; teƒenɔnu aɖeke o, kɔmahatsɔŋkɔ aɖeke o, nu bubu aɖeke o. Ehiã Ema. Mawu gblɔ be, “Ema ɖeɖeko Makpɔ.”

Gbesiagbebolo

Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la. Efesotɔwo 4:30

25-0202

Tsitretsitsi La
53-1205

Elebe ɣeyiɣi aɖe nava ɖo esime wòle be miadzudzɔ asi lilim kpome na amewo. Miate ŋu tsɔwo wɔ nyɔnugbɔmewo o. Nusi nye kuxi la egbea ye ma.
Mawunyagblɔlawo le Nyanyuie la zãm kple—kple subɔsubɔha ƒe asiwuiwo. Nusi nye kuxi la egbea ye ma.

Nusi míehĩa egbe lae nye gɔmedze Nyanyuie kplakplakpla be wòagblɔ na wò be ènye nuvɔ̃wɔla, yina ɖe dzota me. Ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe mele asiwò o la èle Mawu ƒe Fiaɖuƒe la godo. Esɔ gbe. Màte ŋu xɔ gbɔgbɔmenu dzi se o, elabena womegbugbɔwò dzi gbeɖe o. Ke ne wogbugbɔ wò dzi la elebe nàxɔ gbɔgbɔmenu dzi se, elabena wòŋutɔ la gbɔgbɔmemee nènye.

Gbesiagbebolo

Azɔ wò la, do dzi le fukpekpe me abe Yesu Kristo ƒe aʋawɔla nyui ene. 2 Timoteo 2:3

25-0201

Hebritɔwo, Ta Eve #1
57-0825M

Mawu ɖia ɖase le ame ŋu ɖaa. Wò agbe aɖi ɖase. Nyemenya nusi wò ɖaseɖiɖi nye o, gake wò agbe le nu ƒom sesiẽ ale gbegbe be, womate ŋu ase wò gbe o. Gake, wò—wò agbenɔnɔ, wò agbesiagbe ƒe agbe laɖi ɖase le nusi nènye la ŋu. Mawu ɖia ɖase le ame ŋu. Ẽ. Gbɔgbɔ Kɔkɔe nye nutrenu, eye nutrenu la nɔna agbalẽ ƒe akpa eveawo katã. Woakpɔ wò ne ètsi tre ɖe afisia eye woakpɔ ne èdzo yina. Menye le hamea me ɖeɖeko o ke boŋ le gbesiagbe dɔ me hã. Wotre nu wò le akpa eveawo, eme kple egodo siaa. Kple dzidzɔ si le mewò, eye kple agbe si nɔm nèle, wotre nu wò, le eme kple egodo, ale be ènya be yekpɔ ɖeɖe eye xexeame hã nya be èkpɔ ɖeɖe, to agbe si nɔm nèle la me, elabena Mawu aɖi ɖase. Woayra Eƒe Ŋkɔ Kɔkɔe la!

Gbesiagbebolo

Nenema ke Aƒetɔ la ɖo na amesiwo gblɔa nyanyuie fiana la bena, woakpɔ agbemenuwo tso nyanyuie la me. Korintotɔwo I 9:14

25-0131

Kɔmunĩɔ
62-0204

Azɔ, míaƒe ŋutilãwo hĩa nuɖuɖu kple nunono gbesiagbe, be woanɔ agbe, míaƒe kodzogbeme ŋutilã. Ne míele nuɖum gbe sia gbe hele nunom o la, ekema míaƒe ŋutilã gbɔdzɔna. Nane le míame wɔe be elebe míaɖu nu. Ŋkeke ɖeka ƒe nuɖuɖu mele anyi nɔ ge na ŋufɔke o. Elebe nuɖuɖu nanɔ miasi gbe sia gbe, be wòado ŋusẽ míaƒe ŋutilã si ŋu ku le. Miate ŋu akpɔtɔ anɔ agbe, gake miagbɔdzɔ wu. Ke le ŋkeke evelia gbe la, miakpɔtɔ agbɔdzɔ. Eye le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miadze gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋutɔ.

Enyo, nusi míewɔna zi geɖe le gbɔgbɔme kpa dzi ye ma. Mikpɔea, gbe sia gbe la elebe míade ka kple Kristo. Elebe míaƒo nu Nɛ gbe sia gbe. Elebe míaɖɔe ɖo kple Eyama gbe sia gbe. Paulo gblɔ be, “mekuna gbe sia gbe.” Mikpɔea? “Gbe sia gbe, mekuna; evɔ mele agbe, menye nyee o gake Kristo le menyee.” Eyata, ne miaƒe kodzogbeme ŋutilã hĩa nuɖuɖu gbe sia gbe kple nunono gbesiagbe, be wòakpɔtɔ anɔ agbe la, miaƒe gbɔgbɔme ŋutilã hĩa gbɔgbɔme Nuɖuɖu kpeɖe kadede kple Aƒetɔ la ŋu gbe sia gbe, be wòakpɔtɔ anɔ agbe. Ẽ.

Gbesiagbebolo

Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ! Psalmowo 19:15

25-0130

Ɣeyiɣi Ƒe Godoƒe
56-0122

Biblia gblɔ be, gbeɖeka la, nuwo ado mo ɖa le anyigba sia dzi kple dɔlélewo kple nuwo, eye woaɖe fu na ameawo katã, vaseɖe esime ŋutilã naƒaƒã le wo ŋu kple bubuawo. Gake Biblia gblɔ be, “Mègate ɖe amesiwo Mawu ƒe Nutrenu le ŋgonu na la dometɔ aɖeke ŋu o.”

Eye Mawu ƒe Nutrenu la nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Azɔ, mi advent nɔviwo, nyemedi be magbe lɔlɔ̃ ɖe dzi kpli mi be enye ŋkeke adrelia o; Ŋɔŋlɔ aɖeke meli na ema o. Gake Biblia Efesotɔwo 4:30 gblɔ be, “Migawɔ nusi avé Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wotsɔ tre mia ŋu yiɖe miaƒe xɔxɔgbe o.”

Eye Kristo ƒe futɔ la ƒe dzesi enye be woagbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma. Si nye be wotre ŋuwò ɖe Fiaɖuƒea godo tegbee, eye mɔnu, mɔnu aɖeke meli be woatsɔe ake wo gbeɖe o. Amesi ƒoa nu tsitre ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu la womatsɔe ake le xexe sia alo xexe si gbɔna me gbeɖe o. Miaƒe lã la ƒe dzesi kple Mawu ƒe nutrenu le asivlo sue ɖeka me ye ma.

Mawu ƒe nutrenu lae nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Eye Kristo ƒe futɔ la ƒe dzesi enye be woagbe nu le egbɔ. Fifia, wode dzesi wò le mɔ ɖeka alo bubu nu. Ðe mèdi be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nanɔ ye si egbea oa?

Gbesiagbebolo

Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la. Efesotɔwo 4:30

25-0129

Hebritɔwo, Ta Eve #3
57-0828

Mawu mate ŋu akpe fu le Gbɔgbɔ me o. Ele be wòatrɔ zu ŋutilã, be wòase dɔléle ƒe vevesese, be wòase nudzodzrowo ƒe tetekpɔ, be wòase nuhiãme ƒe tetekpɔ, be wòase dɔwuame ƒe tetekpɔ, be wòase ku ƒe ŋusẽ. Ale be Wòate ŋu atsɔe ɖe Eɖokui dzi atsi tre ɖe Gbɔgbɔ gã Yehowa ƒe Ŋku me, Gbɔgbɔ la, menye Ame o; Gbɔgbɔ la, be wòaxɔ nya ɖe akɔ na agbe sia. Ke Yesu dro numa, bene wòate ŋu awɔ avuléle ɖe mía nu, elabena Enya alesi wòvena. Ne èdze dɔ la, Enya alesi èle sesem. Ne wote wò kpɔ la, Enya alesi èle sesem.

Gbesiagbebolo

…kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo. Korintotɔwo II 8:9

25-0128

Mawu Ƒo Nu Na Mose 53-0831

Hameawo egbea, wodometɔ geɖewo, le habɔlawo dim. Ame aɖe si ate ŋu abɔ amewo eye ɖewomahĩ awɔ esia kple ema vie, kple modzaka vie, kple gɔlf ƒoƒo, kple ɖewomahĩ aglotuƒe ʋe aɖewo kple etɔewo.

Azɔ, xexeame le habɔla nyuiwo dim, gake Mawu le amedomeklãlawo dim, amesiwo aklã woɖokuiwo ɖa. “Mido go ɖa le wodome, Nye dukɔ, be miagakpɔ gome le woƒe nuvɔ̃wo me o.” Miklã…

Le Egipte, esime wosavɔ alẽvi la vɔ la, Mawu do vovototo aɖe. Ema I—Israelviwo ɖa le—ɖa le trɔ̃subɔlawo gbɔ, hedo vovototo wodome. Eye Mawu ƒe dukɔ nye dukɔ si le aga, dukɔ kɔkɔe, ame tɔxɛwo, saga, siwo wɔanu tutɔ.

Eyata xexeame mele miagɔme se ge gbeɖe o. Eyata migabu susu kuɖe xexeame ŋu o; mibususu kuɖe Mawu ŋu. Nu vevietɔ lae ma.

Gbesiagbebolo

Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã. Mose I 13:11

25-0127

Fia Fofo La Mí Aɖi Kɔ Na Mí 54-0811

Anyigba nyae be Eya ye. Eʋuʋu kple anyigbaʋuʋu gã aɖe esime Wòku. Ɣleti kple ɣe ɣla woƒe mo. Woƒe Wɔla ŋutɔ ŋutɔ nɔ kukum le Kalvaria. Ɣe ti le ŋdɔkutsu dzatse. Mekpɔ Eyama yi ɖe dzota ƒe ʋɔtruwo gbɔ tẽ. Oo, mese ɖokuinye subɔla zã sia me. Kpɔ ɖa nɔviŋutsu…mekpɔ…Menya nusi ŋu mele nuƒom le. Nyemebu ɖe afu me o. Kpao, amegã. Menya afisi mele tsitre ɖo tututu. Ẽ, amegã. Ke Eɖi tẽ yi ɖe dzota ƒe gɔme nutowo me, ƒo ʋɔtru la. [Nɔviŋutsu Branham le nu dzi ƒom—Tala.] Satana va, gblɔ be, “Amekae le afima?”

Egblɔ be, “Ʋui.”

“Amekae nènye?”
“Ʋui.”

Satana ʋui gblɔ be, “Oo, ke eva ɖo mlɔeba, alo oa? Egblɔ be, “Mesusui be melé wò esime mewu Habel. Esime meƒu Daniel gbe ɖe Dzatawo ƒe dome la, mesusui be melé wò. Mesusui be melé wò esime mede Hebriviawo kpodzo bibi la me. Esime metso ta le Yohanes amenyrɔ̃la ŋu la, mesusui be melé wò, gake azɔ ya, melé wò. Èle afisia. Èva ɖo, alo oa?

“Satana,” nenema Yesu gblɔ, “Tsɔ ku kple tsièƒe ƒe safuiwo nam. Menye tɔwòe wonye o.”

“Oo, ẽ tɔnyee. Tɔnyee wonye, elabena le megbe ɖaa le Eden bɔa me la, Adam wɔ nuvɔ̃.”

Gake Egblɔ be, “Nyee nye Mawu ƒe ɖetugbui le aƒe ƒe Vi si wodzi. Meɖi tso Fofo la ƒe akɔme. Ɖeko Meku le Kalvaria ɖa ye ma, eye Nye Ʋu kpɔtɔ le dzadzam le atsitsoga la ŋu. Meɖi va be mava xɔ ŋgɔ la anɔ.” Esɔ gbe. “Màgado vɔvɔ̃ dzi na ame aɖeke tso esia dzi o. Ènye ameflula kpɔ. Èlé wo, gake womeganye tɔwò azɔ o. Nyee nye nutɔ la.” Esɔ gbe. ” Matsɔ Fiaɖuƒe la me safuiwo ana Nye hame la.” Edo asi ɖa eƒe axa, he safuiawo le eyama ŋu, ƒo mo nɛ, hetu asii ɖe megbe, hedo ʋɔtru la sesĩe alegbegbe be eʋuʋu dzota ƒe ʋɔtru la ƒe kpeƒe le eƒe ŋkuwo me. Aleluya.

Gbesiagbebolo

Eyata wogblɔ be: „Eyi dzi me ʋĩ,“ eye woɖe aboyo aboyomewo yii, eye wòna nunanawo amewo. Efesotɔwo 4:8

25-0126

Nyađeđefia, Ta Ene Akpa III
61-0108

Ke, Mawu, esi medo go yina ɖe gbeadzi be makpe akɔ futɔ la, na madze sii bena gaƒoƒo ɖesiaɖe la gbadagbawo ƒo xlãm le gbedodoɖa me. Oo, aleke gbegbe meɖoa nu ɖe gbadagba mawo ŋu, ne futɔ la te gogo la, gake menya bena gbadagba mawo le te sesiẽ elabena vidadawo kple vifofowo, kple ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo, Kristotɔ siwo kpɔ gbugbɔgadzi wɔ numetoto, siwo nye dukɔ si yina Dziƒo godoo la le woƒe klowo dzi le gbe dom ɖa, “Oo Mawu, na gaɖeɖe!” Eye, Fofo, míele gbe dom ɖa bena Nàna míazɔ age ɖe futɔ la ƒe fli me le afima eye míaɖe luʋɔ xɔasi ɖesiaɖe si le lalam la. Wɔe, Aƒetɔ, eye nàkplɔ wo vɛ tso viviti me yi ɖe Kekeli me. Elabena míebiae le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

Gbesiagbebolo

Eye wòdo lo na wo, le alesi wòle na wo be, woaɖo gbe ɖa ɖaa, eye ɖeɖi nagate wo ŋu o la ŋuti, Luka 18:1

25-0125

Si Va Afisia Kaba 58-0202

Oo, nɔviŋutsu, ŋkeke kae nye esi si me míele agbe le. Biblia gblɔ le ŋkeke sia me be (le Timoteo Evelia me) “Gbɔgbɔ la le nuƒom emekɔ ƒãa be le ŋkeke mamleawo me la woate ɖa le xɔse gbɔ, eye woanye dadalawo, ɖokuidoɖedzilawo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.”

Meva sɔleme etsɔ zãme; nuakatã yɔ fũ kple sno akpa eye menyo be ame nava afisia o. Gake woɖo Basketball ƒe fefe aɖe, ke ɖe wovale be woagbe be ame alafawo nageɖe me. Nukae wònye? Woƒe Mawu lae nye Basketball. Ekema nukae nye miaƒe Mawu la azɔ? Nu lolo aɖe si me woƒu ya ɖo. Nyea mekpɔ dzidzɔ alegbegbe be míaƒe Mawu lae nye Aƒetɔ Yesu Kristo le Eƒe tsitretsitsi ƒe Ameti la me, Wɔla gbagbe vavã Si wɔ dziƒowo kple anyigba. Gake woawo ya di be yewoakpɔ ema, gbɔgbɔ si ƒomevi le wome la heawo yia numa gbɔ. Gbɔgbɔ la le Kristotɔ me hea eyama yia Kristo gbɔ. “Aleke ame aɖe ate ŋu va Gbɔnye negbe Fofonye he eyama va.”

Gbesiagbebolo

Mitsɔ miaƒe tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o. Kolosetɔwo 3:2

25-0124

Nubube 62-0408

Migabu nu be o, minɔ anyi kple Nya la. Migaxɔ naneke si tovovo o, mikpɔtɔ nye nusi tututu Mawu be mianɔ anyi kpli tututu, minɔ anyi kple Nya la. Amen.

Ekpɔ ŋkume na Mawu, Mawu ƒe Nya kpɔ ŋkume Nɛ, eye ne Nya la le mia me la, miawo kple Eƒe Nya kpɔ ŋkume Nɛ. Gake ne miewɔ abe Xawa ene, ke ɖi le Eƒe vi kakɛ aɖe ŋu heɖe nane xɔ eteƒe la, miedo go, le afima tututu. Minɔ anyi kple Nya la. Migana miabu nane be o, mina míatsɔ nusi Nya la gblɔ ko eye Míaxɔe se. Ɖee miawɔea?

Gbesiagbebolo

Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwɔ ŋutsu, eye mise ŋu! Korintotɔwo I 16:13

25-0123

Fia Fofo La Mí Eye Aɖi Kɔ Na Mí 62-0722

Azɔ, nukae wòle be ati nawɔ? Ne miedoe la, nu si ko miawɔ nye be nàwu tsie, eye emegbe la ele be wòano tsi; aŋgbawo le eme, atɔtɔawo le eme,…nusianu le ati la me tututu, gake ele be wòano tsi, ele be wòano tsi wu etɔ gome. Eye ne wòle tsia nom la, etsena ku, aŋgbawo doa, eƒoa se, etsena atɔtɔtɔwo; gake ele be wòayi edzi anɔ tsi nom, anɔ tsi nom, anɔ tsi nom, be wòate ŋu atsi.

Eye ne míetsɔ Mawu ƒe ŋugbedodo aɖe, dee míaƒe dzi me, míeyi edzi le tsii wumee kple xɔse la, ke eyia dzi tsea ku, tsea ku. Aleluya! Ne wodo Kristo ɖe dzi aɖe me, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, nu ɖeka si míewɔna koe nye be míenoa tsi le Mawu ƒe Nya sia me, eye wòtsena ɖeɖekpɔkpɔ, Etsena Mawume dɔyɔyɔ, Etsena ŋutikɔkɔe, Etsena ku. Nusianu si míehiã la le mía me tututu ne wodo mí ɖe Kristo Yesu me.

Nye gɔmeɖeɖe le Eyama ŋu enye si, le Tsi nyenye ŋu: Eyae nye Agbe Tsivudo si memíena o. Miate ŋu abia Eyama nu fũu akpa gbeɖe o. Miate ŋu axɔ Eyama ma dzi se gbeɖe le nusiwo lolowu akpa ta o, enyoa Eyama ŋu be wò nèxɔa Ye dzi se ɖe nu gãwo ta, màte ŋu awɔe wu gbeɖe o.

Gbesiagbebolo

Ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me. Yohanes 4:14

25-0122

Migavɔ̃ O Nyee
61-0224

Esime Yesu nye Mawu zu ŋutilã la, Mawu ƒe Blibodede la nɔ Eyama me. Gbɔgbɔ la nɔ Esi dzidzeme manɔmee. Ele míasi kple dzidzeme. Azɔ, nukae ne èdo go le afisia be yeaku tsi ga—gati ɖɔɖɔ ɖeka do le atsiaƒu la me. Enyo, emae—emae nye nusi nɔ Yesu si, atsiaƒu blibo la; gake nye kpli wò ya la gati ɖɔɖɔ ɖeka koe le míasi. Vovototo lae ma. Miadae ƒu kpɔ gbeɖe o. Mele nɛ be míanɔ Eyama si o, gake elena mí be míanɔ Eyama si. Gake ne mietsɔ tsi gati ɖeka ma yi ɖe numekuƒe la, nuwɔwɔ mawo ke si le atsiaƒua katã me lae le tsi gati ɖɔɖɔ la me.

Eye esime Mawu le Pentekoste ŋkeke la dzi, esime Wòɖi va abe ya sesẽ ene la, ɖee miede dzesia? Enye Dzo Lilikpo la. Gake ɖee miede dzesii be Ema Eɖokui tso Dzo Lilikpo ma me, ma Eɖokui ɖe Etɔwo dome, eye dzo ƒe aɖewo dze ɖe wodometɔ ɖe sia ɖe dzi? Mawu si le Eɖokui mam na Eƒe Hame la. Mewɔ moya o be Eƒonu be, “Afikake eve kple etɔ̃ ƒoƒu le Nye Ŋkɔ me, Manɔ wodome.

Gbesiagbebolo

Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me. Galatiatɔwo 3:28

25-0121

Yesu Dzi Kpɔkpɔ
64-0122

Azɔ míekpɔe be Maria kpɔ tsitretsitsi kple Agbe.

Nenema ke Yairo, nunɔla sue la, adzame xosetɔ la hã wɔ, wɔe be esime wòkpɔ Yesu hekpɔ Eyama dzi la, ekpɔ tsitretsitsi kple Agbe.

Dɔwuinɔwo kpɔ Eyama dzi, gbeɖeka, eye wokpɔ abolo si léa ame ɖe te; kpɔɖeŋu be dɔwuinɔ egbea la ate ŋu kpɔ Agbe Bolo, menye akpɔ dzixɔse o. Menye gɔmeɖola ye miekpɔa o, menye nudzraɖola ye miekpɔa o; Agbe ye miekpɔa ne miekpɔ Kristo, Agbe Bolo la.

Adzodala si nɔ kudɔ ƒom la kpɔ Eyama dzi, le xaxaɣi me, eye nuka wòkpɔ? Ekpɔ Eƒe tsɔtsɔke. Ame bubu ka dzi wòagate ŋu kpɔ? Romatɔwo ƒe dziɖuɖu matsɔe ke o. Ame bubu aɖeke matsɔe ke o. Gake ekpɔ Yesu dzi, le eƒe xaxa me, eye wòkpɔ Ame aɖe Si ate ŋu tsɔ ke eyama.

Nɔvinyeŋutsu, nɔvinyenyɔnu, le zã sia me, ne èle nɔnɔme ma ke me abe eya ene le ɣeyiɣi ma me, le fɔbubu ƒe sekeli me; eye ènyae be, ne èku, zã sia me, abe Pentekostetɔ yɔyrɔe ene, alo nukake èɖanye la, ènya afisi yim nèle. Kpɔ Eyama dzi, zã sia me, Ame ɖeka Si ate ŋu awɔ wò ablɔɖevi. Ame aɖe, zã sia me, ne hamevi ɖeɖeko pɛ ko ye nènye, eye mènya nusi gɔme nye Kristo ƒe tsitretsitsi be wòanɔ agbe le amegbetɔ ƒe dzi me o la, kpɔ Eyama dzi. Enye Mawu, ke Eya ɖeka ko. Àkpɔ tsɔtsɔke abe alesi adzodala dahe, gã, si lé nuvɔ̃ dɔ sia, ku ɖe Atsitsoga ŋu kpɔe ene.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim. Luka 23:43

25-0120

Xɔse Nye Nu Vavãtɔ La
47-0412

Ke amewo gblɔna nam be xɔse le yewo si eye wogblɔna be yewo mate ŋu xɔ Mawume Dɔyɔyɔ dzi se oa? Xɔ̃wo, ne miexɔ Mawume dɔyɔyɔ dzi se o la, miebu. Esɔ gbe. Aleke yi ge nèle, ne xɔse mate ŋu nɔ asiwò kakaka be Mawu wòapati ŋutilã sia be wòakɔ Eɖokui ŋuti le me o la, aleke gbegbe xɔse le asiwò nɔ ge be nàxɔ se be Mawu atsɔ kuku xoxo sia aɖatsɔe wɔ makumaku be wòakɔe dzo mahã. Mawume dɔyɔyɔ tẽ ye ma. Oo, míatɔwo, dziɖeleameƒo dziŋɔwo le anyi nɔ ge le ʋɔnudrɔ̃gbe, le tsitretsitsi gbe. Esɔ gbe.

Gbesiagbebolo

Ke neɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖi aɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la. Yakobo 1:6

25-0119

Dɔdeasi La Ƒe Kpeɖodzi
62-0122

Biblia gblɔ be, “Nyanyui la meva mía gbɔ le nya ɖeɖeko me o, ke boŋ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ, ɖeɖeɖegowo me.” Le gbɔgblɔ bubuwo me la, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye le Mawu ƒe Nya la tsɔm eye wòle Eɖem ɖe go.” Mikpɔea? Eye, ne menye nenema o la, mɔ ɖeka kolia si dzi Marko 16 ƒe dzesiwo ate ŋu ato adze xɔsetɔ la yome enye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ axɔ Mawu ƒe Nya la eye wòaɖee afia ameawo. Yema. Azɔ, xɔse na Nya ma nɔa agbe. Mikpɔea?

Nya lae nye Mawu. “Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu.” Eye emegbe la Yesu gblɔ be, “Ne miele Menye, eye Nye Nya le mia me la, mibia nusi miedi la, woawɔe na mi.” Mikpɔea? Emae nye Kristo gbɔ nɔnɔ le Nya la me. Migayi ɖusime alo miame o. Minɔ egbɔ tututu. Mikpɔea? Ke emegbe le nyateƒe me la, menye miaƒe Nyae o, ekema. Eƒe Nyae, eye ŋusẽ kple atsekpakpa le Eƒe Nya la Megbe.

Gbesiagbebolo

Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la. Korintotɔwo I 15:58

25-0118

25-0117

Dɔdeasi La Ƒe Kpeɖodzi
62-0122

Biblia gblɔ be, “Nyanyui la meva mía gbɔ le nya ɖeɖeko me o, ke boŋ to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ, ɖeɖeɖegowo me.” Le gbɔgblɔ bubuwo me la, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Wònye le Mawu ƒe Nya la tsɔm eye wòle Eɖem ɖe go.” Mikpɔea? Eye, ne menye nenema o la, mɔ ɖeka kolia si dzi Marko 16 ƒe dzesiwo ate ŋu ato adze xɔsetɔ la yome enye be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la Ŋutɔ axɔ Mawu ƒe Nya la eye wòaɖee afia ameawo. Yema. Azɔ, xɔse na Nya ma nɔa agbe. Mikpɔea?

Nya lae nye Mawu. “Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu.” Eye emegbe la Yesu gblɔ be, “Ne miele Menye, eye Nye Nya le mia me la, mibia nusi miedi la, woawɔe na mi.” Mikpɔea? Emae nye Kristo gbɔ nɔnɔ le Nya la me. Migayi ɖusime alo miame o. Minɔ egbɔ tututu. Mikpɔea? Ke emegbe le nyateƒe me la, menye miaƒe Nyae o, ekema. Eƒe Nyae, eye ŋusẽ kple atsekpakpa le Eƒe Nya la Megbe.

Gbesiagbebolo

Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la. Korintotɔwo I 15:58

25-0116

Tsido Siwo Gɔme Ŋɔ
64-0726E

Alo, gbeɖeka esi Welsh ƒe nyɔ̃nyɔ̃ nɔ edzi yim la, bubume aɖewo tso Amerika va. Nemem Dɔkta Mawuŋutinusrɔ̃lawo ƒe ɖewoe yi ɖe Wales, be woanya afisi ke kple nusi koŋ ƒe nya gblɔm wole la. Eyata wodo awu hefɔ̃ woƒe kɔla ɖe te, kple aga-ɖekɛ kukuwo, hele mɔ dzi va yina.

Eye kpovitɔ suea ɖe zɔ va, hele eƒe kpotivi la trom le asibidɛ nu, hele aku lam, “Le Atitsoga ŋu afisi nye Ɖela ku ɖo, afi ma la mefa avi ɖe nye ŋutikɔklɔ ta; afima wohlẽ Ʋu ɖe nye dzi ŋu, bubu na Eƒe Ŋkɔ,” hele yiyim le mɔa dzi.

Ale wogblɔ bena, “Amesia ɖi mawusubɔla aɖe. Miayi aɖabie se.”

Eye wogblɔ nɛ be, “Ametsitsia!”

Ebe, “Agoe, amegã?”

Egblɔ be, “Amerikae mietso va afisia. Mienye amedɔdɔwo. Mieva afisia be miaku nu me tso Welsh ƒe nyɔ̃nyɔ̃, si woyɔna la ŋuti. Mienye Dɔkta Mawuŋutinusrɔ̃lawo, ke mieva afisia be míalé ŋku ɖe eŋu.” Egblɔ bena, “Míedi be míanya afisi nyɔ̃nyɔ̃ la le, kple afisi wole ewɔm le.”

Egblɔ bena, “Amegã, mieva ɖo vɔ. Nyee nye Welsh ƒe nyɔ̃nyɔ̃ la.” Amen! “Welsh ƒe nyɔ̃nyɔ̃ la le menye. Afisiae wòle.”

Nenemae wonɔna ne èle agbe le Agbetsi Vudo la gbɔ. Ele agbe ɣesiaɣi, hele fiefem ɖaa ɖaa, ɖaa ɖaa. Nuwuwu meli Nɛ o.

Gbesiagbebolo

Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme. Psalmowo 23:3

25-0115

Hiob
55-0223

Mawu wɔa nuwo katã tim hea nyuie vana amesiwo katã lɔ̃na Eyama, ke aleke nàte ŋu agu? Ðeko màte ŋu agu o; gugu mɔ aɖeke meli o.

Ne ɖeko Hamea ate ŋu kpɔ ema vavã la. Ne àte ŋu akpɔ wò tsitrenɔƒe teƒe le Kristo me la, ekema ɖeko nu bubu siawo katã nu ayi abe vɔvɔli ene. Amesiame si vana Mawu gbɔ, nyateƒee, elebe miaɖo miaƒe vɔvɔliwo, kple tetekpɔwo, kple vɔvɔ̃wo, kple bubuawo, gake ɖeko migatsaka le eŋu o. Nukae nye fukpekpe vi aɖe hena ɣeyiɣi kpui aɖe, esi míenya be Mawu ƒe ŋutikɔkɔe adze le ŋkeke mamlɛawo me ne Yesu ava, esime woawɔ mí abe Eyama ene? Ðeko wòle nusianu ŋuti dɔwɔm. Ɖee nènya be, ɖewohĩ ne èdze dɔ, nane dzɔ ɖe dziwò la, be ɖewohĩ Mawu wònye wɔ ema be wòahe wò ɖe Ye ŋu vie koa?

Gbesiagbebolo

Elabena azɔ la, ne miawo miele tsitre sesĩe le Aƒetɔ me la, míele agbe. Tesalonikatɔwo I 3:8

25-0114

Nusiwo Lava Nɔ Anyi
65-1205

Nu ɖeka ko pɛ Yesu bia, le Eƒe gbedodoɖa na Fofo la me. Mienya nusi numa nyea? Nu ɖeka pɛ, le Eƒe vɔsasa la katã si Wòwɔ le anyigba dzi afii, agbe si Wònɔ, mɔ si dzi Wòzɔ la megbe. Ebia nu ɖeka, “Bene afisi Mele la, woawo hã woanɔe.” Ebia míaƒe nɔvikadede. Eyae nye nu ɖeka hɔ̃ si Wòbia Fofo la le gbedodoɖa me, miaƒe hadede heyi ɖaa. Ne miedi be miaxlẽ esia la ele Yohanes Kɔkɔe 17, kpukpui 24 lia me. Ke aleke gbegbe míadi Eyama vevie?

Gbesiagbebolo

Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi. Yohanes 17:24

25-0113

Nukae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe?
59-1216

Megblɔ be, “Satana, wò si le nu ƒom na nye dzitsinya la, medi be mabia nya ʋeea ɖewo wò: Amekae nye amesi ŋu Hebrivi nyagblɔɖilawo gblɔ le be ele vava ge? Amekae nye Mesia si wosi ami na? Nukae nɔ amemawo siwo Kpɔe doŋgɔ hegblɔ Eƒe agbenɔnɔ daɖi, ƒe akpewo doŋgɔ na Eƒe afisia vava la dzi? Amekae gblɔe ɖi pɛpɛpɛ nenema? Eye esi Wòva la, wogblɔ bena, ‘Wobui ɖe dzidalawo dome,’ eye Wòwɔe nenema. ‘Wode abi eŋu ɖe míaƒe dzidadawo ta,’ eye Wòwɔe nenema. ‘Woɖe Eƒe yɔdo ɖe kesinɔtɔwo dome, gake Egafɔ, le ŋkeke etɔ̃agbe,’ eye Wòwɔe nenema. Ke gawu la Edo Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋugbe, eye Mexɔe. Eyata enyo na wò wu be nànɔ adzɔge le Eŋu, elabena woŋlɔe ɖi le Nya la me, eye Nya sia nya nye nyateƒe.” Kasia wòdzo. Tsɔ Nya la nɛ ko, ema su. Mate ŋu anɔ tsitre ɖe Nya ma nu o, elabena wogbɔ ɖe Eme.

Gbesiagbebolo

Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“ Mateo 4:4

25-0112

O Aƒetɔ, Zi Ɖeka Ake 63-0628M

Ŋutinya aɖeke meli, le afia ɖeke, afisi hame aɖe wɔ ɖoɖo le kpɔ o, negbe esi ge, eye wodometɔ ɖe sia ɖe ge, womegafɔ ɖe tsitre ake o.

Israel viwo, le kpɔɖeŋu me la, elebe woakplɔ Dzo Lilikpo la ɖo. Eye elebe woanɔ gbesɔsɔ zã ɖe sia ɖe, menye be woawɔ ɖoɖo eye woanɔ anyi ɖe afisia o, gake woaɖe zɔ kple Dzoa.
Nusi Mawu di be Yeƒe dukɔ newɔ ye ma, wòaɖe zɔ kple Gbɔgbɔ la, wòaɖezɔ kple ɣeyiɣi la!

Miagblɔ be, “Enyo, Nɔviŋutsu Branham, tsidzadza ƒomevi ɖe sia ɖe nɔ míasi, kple tsidzadza ememetɔwo kple tsidzadza egodo tɔ.”

Gɔmesese le miasi. Nyemetsɔ ɖeke le me na ɖeɖefia si ƒomevi wònye, kple alesi wòdze nyuie o, ne mele Mawu ƒe Nya ŋu o la, miɖe asi le eŋue. Kpɔɖeŋu la le gbedadaƒo lae nye esie, Aƒetɔ la ƒe Nya lae.

Gbesiagbebolo

Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu. Romatɔwo 8:1

25-0111

Miɖe Ʋewo Ɖe Bali La Me
56-0728

Fiam wò hadodo, magblɔ amesi nènye na wò. Na mazɔ geɖe wò aƒe me. Na makpɔ nusi le ʋuʋu ɖi ɖe kplɔ dzi. Na makpɔ alesi wode dzesi Biblia ma. Na makpɔ afisi Eƒe Nyateƒe
Ŋutinya xoxoawo li.
Nà mase hagbe si ƒomevi nèƒona le wò radio dzi. Nà makpɔ foto si ƒomeviwo le asiwò le wò aƒe me. Magblɔ nusi wotsɔ wɔwò na wò. Ẽ, amegã. Nusi ɖum wò luʋɔ le ye ma. Meka nusi wò ɖaseɖiɖi nye o la, wò kutsetsewo ɖea nusi nènye fiana. Esɔ gbe.

Oo, nyateƒe ye ɖe. Wò luʋɔ ɖua nane. Eye kakee nye wò luʋɔ ƒe dzesidede la, numae nye nusi wòa—wòafia. Susumatae Yesu gblɔ be, “Mianya wo to woƒe kutsetse me.”

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe! Mateo 7:20

25-0110

Tɔgbuigã Abraham
64-0207

Azɔ, Abraham nye ame gbɔloa ɖe ko, menye nane si le tɔxɛ o. Mawu meyɔe kpɔ o, le nusi woŋlɔ ɖi na mí nu, vaseɖe esime wòxɔ ƒe blaadre vɔ atɔ̃. Esrɔ̃a, si nye tɔvianyɔnu la, xɔ ƒe blaadẽ vɔ atɔ̃ le ɣemaɣi me, ɖewohĩ wonɔ agbe ɖe du tso esime wonye sɔhɛwo. Ke etsi ko, eye medzi vi o. Mawu bia kaklã blibo, be wòklã eɖokui ɖa tso xexeame ƒe nu mamleawo gbɔ, eye tso eƒe dukɔ la katã gbɔ, kpakple eƒe ƒometɔwo gbɔ. Nu tɔxɛ aɖe li nɛ be wòawɔ.

Eye ne Mawu kpɔ mɔ be nàwɔ nu tɔxɛa ɖe la, Ebiana kaklã blibo tso ɖikeke ɖesiaɖe gbɔ. Ele be miava toɖoɖo blibo gbɔ, be miaɖo to nusi Wògblɔ. Mawu bianɛ. Màte ŋu awɔe to mɔ bubu dzi o. Ke, azɔ, Edana kpɔɖeŋu ɖi ɣesiaɣi, ke eyae nye Eƒe kpɔɖeŋu la, si nye kaklã blibo tso eƒe ƒome katã gbɔ, eƒe ƒometɔwo katã, kple bubuawo gbɔ, be wòzɔ kaklã ɖe aga ƒe agbe na Mawu.

Gbesiagbebolo

Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi.

Korintotɔwo II 6:17

25-0109

Hebritɔwo, Ta Adre #2
57-0922E

Ke mi amesiwo ƒe dziku ɖa wu saka ƒe nume, siwo tua nya ɖo ɖe ame ŋu, womate ŋu ado dzi atsɔ ame o, kple nuwo nenema. Mikpɔ nyuie. Eɖi fɔ ne ègblɔ nya ɖeka pɛ ɖe nɔviwòŋutsu ŋu si mele teƒe o, si mesɔ gbe o, anɔ tsa ɖim ahanɔ eŋu gblẽm. Mehiã be naƒo hɛ ɖe ame ƒe dzime be nàwui o. Nàte ŋu agblẽ nɔnɔme si le esi ke èwui, èwu hoɖoɖo si le esi la. Ƒo nu tsitre ɖe wò kplɔla si le afisia ŋu, gblɔ nya gbegblẽ aɖe kuɖe eŋu, egasɔ kple ne èda tui. Egblɔ nane si mele teƒe o tso eŋu, enyo, esia awu eƒe hoɖoɖo le amewo gbɔ kple nuwo nenema, ke èɖi fɔ le eme. Eyae nye nusi Yesu gblɔ.

Gbesiagbebolo

Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o… Luka 3:14

25-0108

Takpekpe 60-1125

Ŋutsu aɖe gblɔ eteƒe medidi o, egblɔ be, “Nye—nyemedi be maɖe fu na Mawu o. Ènya me—menya be edzan eteƒe mekɔ o.” Abunenya. “Nye—nyemedi o…” Enyo, miate ŋu azã Eƒe yayra gbogboawo woavɔ o. Ɖee miate ŋu abu eŋu kpɔ be tɔmelã sue aɖe si didi abe inch afã ene, si le egodo le Pasifik Ƒua titina la agblɔ be, “Anyo be mano tsi sia kple akɔŋta, ’elabena ɖewohĩ enu atso nama”?

Ɖee miate ŋu abu eŋu be afi sue aɖe si lolo alea gbegbe le Egipte ƒe ava gãwo te anɔ gbɔgblɔm be, “Anyo wu be maɖu nu, mamã nuɖuɖua ɖe nuku eve gbeɖeka ko anyi ɖokuinye le vuvɔŋɔli sia, ɖewohĩ enu atso hafi nuŋeŋe yeyea nava”? Ema ɖi kokoe. Enyo, eɖi kokoe nenema gbegbe zi gbɔ zi eve, zi gbɔ zi akpe ɖeka, be miasusu be miate ŋu azã Mawu nublanuikpɔla ƒe nublanuikpɔkpɔwo woavɔ. Nukatae, Ele agbagba dzem be yeazi yeƒe mɔ dzi ɖe mewò. “Mibia nu geɖe, ne miaƒe dzidzɔ nayɔ fũ.” Mɔ aɖeke meli si dzi woato azã Eyama wòavɔ o.

Abe pɔmpi ene, gawu miele ezim la, tsia fana wu. Oo, ke melɔ̃a esia. Ðeko miayi edzi anɔ ezim, anɔ agbe le nugbɔa afisi ŋutikɔkɔea le dodom le la gbɔ. Melɔ̃a ema.

Gbesiagbebolo

…nye kplu yɔ gba go. Psalmowo 23:5

25-0107

Kristo Si Wode dzesii Le Agbenɔɣiwo Katã Me 64-0401

Yesu mía Aƒetɔ gblɔ be, “Abe alesi wònɔ le Lot ƒe ŋkekewo me ene la, nenema kee wòanɔ le Vava la me,” azɔ minɔ ŋudzɔ, “ne wole Amegbetɔvi la ɖem ɖe go la, wole eɖem fia la,” Luka 17. “Ne wole Amegbetɔvi la, ɖem fia, le ŋkeke mamlɛawo me. Wole Amegbetɔvi la ɖem fia, Eƒe Nyanyui la le dzesi dem Eyama abe alesi wònɔ le Lot ƒe ŋkekewo me ene.”

Mikpɔ alesi wɔm wole fifia la, dukɔ trogbowo. Oo, míatɔwo! Mikpɔ ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo ɖa, eye mikpɔ nusi le míasi fifia la. Hame la nye ŋunyɔ̃. Dukɔa nye ŋunyɔ̃, kple nu bliboa. Ele dzi gbɔ tɔm na Mawu, tso dzi, anyigba ƒe tu me. Nu bliboa nye ŋunyɔ̃.

Le dzɔdzɔmeɖoƒe ŋu, kple le nulékpɔa me hã la, wodzra kpeadzi ɖo. Ðe ɣeyiɣia mede be Mawu natrɔ ava le amegbetɔ ƒe ŋutilã me, “Nya si ɖa wu yi nuevee, kple dzimesusuwo kpakple tameɖoɖowo nyala,” be wòadze le kpea dzi, awɔ Yesu Kristo wòanye eyama ke etsɔ, egbea, yiɖe mavɔmavɔ me oa! Enye Nya si ƒe ŋugbe wodo si wona na ŋkeke sia. Míele agbe le ŋkeke sia me, eye Mawu le afisia kpli mí, be yeaɖe ema ɖe go eye wòawɔe nuvavãe.

Gbesiagbebolo

Nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia. Luka 17:30

25-0106

Kpẽwo Ƒe Azã
64-0719M

Azɔ Biblia gblɔ bena Wole Eɖe ge do go le hamea me, le Hame ƒe Agbenɔɣi Adrelia me. Wole eɖe ge do go le hamea me. Ado viviti keŋkeŋ, aɖadzo…Afikae wòle viviti dom le mahã? Ele gegem ɖe subɔsubɔha sia me, geɖe hawo ƒe ƒuƒoƒo sia me, Xexeame Hawo ƒe Aɖaŋuɖeha me. E…Woɖee do go keŋkeŋ. Eƒe Nya, womateŋu lɔ̃ ɖe dzi Kpli o. Míenyae be womate ŋui o. Womateŋu lɔ̃ ɖe dzi gɔ hã le woŋutɔwo ƒe kɔmehatsotso suewo me o; Aleke wole elɔ̃ ge ɖe dzi le Ema mee? Eyata, wotsɔ lã la ƒe dzesi bubu, nɔnɔme aɖe na lã la. Miɖo ŋku dzi be, Biblia gblɔ be, “Wowɔ nɔnɔme aɖe na lã la.”

Azɔ Dukɔ Ƒoƒu siawo nye xexlẽme wuietɔ̃ kokoko. Edze egɔme kple dukɔ wuietɔ̃, dutanyigba wuietɔ̃; ɣletivi wuietɔ̃, agbaka wuietɔ̃; xexlẽme wuietɔ̃, eye kokoko la nyɔnu. Edze le Nyaɖeɖefia ta wuietɔ̃lia me. Azɔ, gbã la, enye alẽvi; tufafa, vovokpɔkpɔ le nuƒoƒo me, vovokpɔkpɔ le subɔsubɔ me, kple etɔeawo; ke emegbe la woxɔ ŋusẽ, eye wòƒo nu kple ŋusẽ siwo katã nɔ ʋɔdriba la si do ŋgɔ na eyama. Nukae wònye? Nukae nye ʋɔdriba la? Roma. Mikpɔea, dzesi aɖe nɔ eŋu, nɔnɔme aɖe na lã la, be woatsitre ɖe Mawu ƒe Hame vavã la ŋu. Le kɔmahatsɔŋkɔ mawo te, awɔ fu nu sia! Gake, ne wodze ewɔwɔ gɔme la:

Alẽvi la akplɔ Eƒe Srɔ̃ la be wòanɔ Eƒe axa dzi ɖaa…

Gbesiagbebolo

Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.

Nyaɖeɖefia 13:8

25-0105

Gbɔgbɔ Ƒe Dzesidede 60-0308

Meka alesi nufiala aɖe le gã o, alesi wònye tagomenunyala o, alo alesi eƒe nunana wɔadɔ o la, ne mele agbagba dzem be yeawɔ nane na Kristo ƒe Ŋutilã la ƒe viɖe o la, miaŋutɔ miaƒe gbɔgbɔme dzesidede agblɔe na mi be ema gblẽ. Meka alesi wòɖade pɛpɛpɛe, alesi wòde bliboe, alesi wòle o, egblẽ ne womezãe na Yesu Kristo ƒe Ŋutilã o.

Be wòawɔ nane la, ɖewohĩ nunana gã aɖe le esi si wòate ŋu atsɔ he amewo va ɖe du kple tagomenunya gã aɖe alo gbɔgbɔmeŋusẽ aɖe, wɔe be ate ŋu ahe amewo va ɖe du, eye ɖewohĩ ele agbagba dzem be yeatsɔ nunana ma aɖawɔ eɖokui amexɔ ŋkɔ alebe wòaxɔ ŋkɔ gã, ale be nɔvi bubuwo nakpɔ eyama abe ame gã aɖe ene. Ekema ema gblẽ. Ðewohĩ ele agbagba dzem be yeawɔ—be yeatu nane ɖo koŋ le afisia si wòdi be ame bubu ɖesiaɖe nado le nɔnɔmetata la me eye woana ye kple yeƒe hatsotsoa yewoanɔ nɔnɔmetata la me. Ema gakpɔtɔ gblẽ, mikpɔea.

Gake ne Mawu ƒe nunana le esi eye wòle agbagba dzem be yeatu Kristo ƒe Ŋutilã ɖo la, ekema nyemetsɔ ɖeke le nusi me wòle o. Menye amea ye miele dzesi dem o, gbɔgbɔ la, agbe si le amea mee miele dzesi dem. Eye nu mae Mawu gblɔ na mí be míawɔ.

Gbesiagbebolo

Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame. Yohanes I 4:1

25-0104

Gbeɖiɖi Si Me Mekɔ O 62-0714

Azɔ, ke ne biabia aɖe li la…Ŋutsuwo vaa, gblɔna be, “Èsusu be egblẽ be woano atama?”

“Nuka tae miele nyabiam tso eŋu? Ne biabia aɖee le miaƒe susu me la, ke miɖe asi le eŋu.” Elabena nu sia nu si miewɔna le xɔse me o la, nye nuvɔ̃. Esɔ gbe. Elebe wòanye le xɔse me. Alea ɖe aleke miate ŋu ano atama eye xɔse aganɔ miasi? Mikpɔea? Enye…Le miaŋutɔ miaƒe dzitsinya me ɖaa ke la, ele miafiam be miatɔ medzɔ o. Eyata ne kakaɖedzi mele eŋu o la, anyo na mi wu be miaɖe asi le eŋu, ’elabena ema ate ŋu anye nu ɖeka si alé mi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea godo.

“Oo” Miegblɔa be, “Nɔviŋutsu Branham, nu vi ma ɖeka gbegbea?”

Nu vi ma ɖeka gbegbe awɔe, tomaɖomaɖo Mawu ƒe sedede ɖeka ko.

Gbesiagbebolo

Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la. Efesotɔwo 4:30

25-0102

Gbɔgbɔ kɔkɔe La Ƒe Amekpɔkplɔ
56-0219

Azɔ egbe la, nu lae nye ema egbea ne míekpɔ amewo, eye amewo bɔbɔ woɖokuiwo alegbegbe le ŋkeke sia me ɖe kpodzodzo ɖe nu sue aɖe si hea amewo ƒe ŋku vana me te, wɔe be enana be nàva nɔ nya biam ɖokuiwò ɣeaɖewoɣi ɖeƒomevie. Migasusu gbeɖe be ame aɖe le tame—tame na bubu o. Kpao, amegã, meka amesi wònye o, ne ɖeko wònye ametsitsi vi sue aɖe le egodo le afisia si mana agbalẽviwo le egodo le mɔ dzi hã, kple ne wònye Billy Graham aɖe—aɖe la.

Meka amesi wònye o, ne wònye Mawu ƒe dɔtsɔla la, midebubu woŋu nenema ke, ame sia ame. Ɖeke meganɔ miasi ɖe bubu tame, kple esiwo mielɔ̃a wu o. Emawo mele míasi o. Migawɔ ema o. Eye migade bubu ame aɖe ŋu wu bubu o. Minye…Mina—mina ame sia ame nanɔ ɖoƒe ɖeka.

Ke nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu, le Yesu Ŋkɔ xɔasi me, meɖe kuku mibu mia nɔviŋutsu bɔbɔ eɖokui ŋu abe nɔviŋutsu mawo ƒe ame si nye mlɔetɔ wu. Mikpɔea? Tututu abe..Me—me nyeme le egblɔm be matsɔ bɔbɔ ɖokuinye o, mele egblɔm tso nye dzi me elabena eyae medi be magblɔ. Yesu Kristo ƒe teƒe ye mele agbagba dzem be manɔ na mi (Mikpɔea?), Yesu Kristo Mawu ƒe Vi la.

Gbesiagbebolo

Ke ne miele ame ŋku me kpɔm la, miewɔ nuvɔ̃, eye se la ƒoe ɖe mia nu miedze sii be, sedzidalawo mienye. Yakobo 2:9

25-0101

Ɖasefowo
53-0405E

Yesu nyae be, hafi apostolo siawo nate ŋu do go aɖanye ɖasefo nyuie aɖe la, be elebe woawɔ numetoto kuɖe nusi ŋu wole ɖasefo nyem le. Ɖee ema manyo, egbea, ne biblia suku ɖe sia ɖe wɔ numa ke, na Kristotɔ ɖe sia ɖe wɔ numa kea? Ɖeko mialɔ̃ ava sɔleme ko agblɔ be, “Azɔ mele Yesu xɔm abe nye Ɖela tɔxɛ enea. Mele afisia tsi ge anɔ sẽ ɖe esime maxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe amenyɔnyrɔ̃, ke emegbe la medo yina be manye ɖasefo.” Mikpɔea? Nuwo woato vovo. Ɖee miebui nenema oa? [ Ƒuƒoƒe la gblɔ be, “Amen.”—TALA]
Ɖaseɖiɖi tutu, kaka mawo manɔ míasi o.

Amewo ɖia ɖase hegblɔa be yewonye Kristotɔ, hedoa go ɖanɔa agbe bubuwo. Ke dzimaxɔsetɔ la gena ɖe me hekpɔa ema, egblɔa be, “Enyo, kpɔ afima ɖa! Nenemae wo…” Ke abosam le asi fia ge wo kokoko, hã. Ɖeko miate ŋu aku ɖe ema ŋu. Enye asitsala. Eye migaɖigbɔ eƒe ŋutete kple asitsaɖoƒewo o, elabena enya nusi ŋu nua katã ku ɖo.a?

Gbesiagbebolo

elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ. II Korintotɔwo 3:3

An Independent Church of the WORD,