24-1117 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La

Gbedasi: 60-1209 Sardes Hame Ƒe Agbenɔɣi La


BranhamTabernacle.org

Nyaƒokatɔ Lɔlɔ̃tɔwo,

Aleke gbegbe wònye dzidzɔ na mí enye si be woyɔ mí be “Nyaƒokatɔwo”. Míaƒe dziwo ƒua du kple dzo kwasiɖa sia kwasiɖa esi míenya be míawɔ ɖeka ɖe du le xexeame godoo to Mawu ƒe Gbe si le nu ƒom na mí sese me.

Míenya be, ɖikeke ɖeka pɛ hã ƒe vɔvɔli aɖeke manɔmee la, míele Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu deblibo la me to anyinɔnɔ kple Eƒe Nya la me; toɖoɖo Eƒe Gbe to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia sese la dzi.

Gbedeasitsɔla si Wòtia na míaƒe ŋkekea ye nye William Marrion Branham. Eyae nye Mawu ƒe akaɖi na xexeame, si ɖea Mawu ƒe kekeli fiana. Ele Eƒe Nya Dzadzɛ Ŋugbetɔ tiatia la yɔm to Eƒe dɔla dzi.

To Eƒe Nya la sɔsrɔ̃ nyuie me la, Eɖee fia mí to Eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi be William Marrion Branham ye nye dɔla si Wòtia be yeatsɔ Eƒe Ɖeɖefia kple Subɔsubɔdɔ ana na míaƒe ŋkekea. Míekpɔ Eƒe dɔla, MÍAƑE ƔLETIVI, le Eƒe nuɖusi me esi Wòle Eƒe ŋusẽ name be wòaɖe Eƒe Nya la afia eye wòayɔ Eƒe Ŋugbetɔ la do goe.

Ena Eya ŋutɔ ƒe Ɖeɖefia blibo la mí. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzesi Eɖokui fia mí to Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe agbenɔnɔ me; dɔla si Wòtia be wòanye Eƒe ŋkuwo na míaƒe ŋkekea.

Alesi míaƒe dziwo bia le mía me esi Wògblɔa na mí kple Gbedeasi ɖesiaɖe be enye Yeƒe tameɖoɖo be yeakplɔ mí ava Yeɖokui gbɔ; be míenye Eƒe Nya Ŋugbetɔ.

Elɔ̃a alesi Wòtia mí hafi woɖo xexeame gɔme anyi le YE ME la gbɔgblɔ na mí zi gbɔ zi geɖe. Alesi Wònya mí helɔ̃ mí do ŋgɔ.

Alesi míelɔ̃a Eyama sese wòanɔ nuƒome eye wògblɔna na mí be Eƒe Ʋu ye ɖe mí eye míate ŋu ava fɔbubu me GBEÐE o. Míate ŋu anɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me gbeɖe o, elabena womate ŋu abu nuvɔ̃ ɖe mía ŋu o.

Alesi míanɔ anyi Kplii esi wòaxɔ Eƒe anyigbadzifiazikpui si nye Dawid tɔ, eye míaɖu fia Kplii; abe alesi Wòwɔe le dziƒo ene, kple ŋusẽ kple atsekpakpa ɖe anyigba blibo la katã dzi. Agbe sia ƒe tetekpɔ kple dodokpɔwo maɖi naneke o le ɣemaɣi.

Gake Exlɔ̃ nu mí hã kuɖe alesi wòle be míaɖɔ ŋu ɖoe ŋu. Be le agbenɔɣiwo katã me la, weinti eveawo tsi ɖe wo nɔewo xa. Alesi futɔa te ɖe ŋu alea gbegbe ɣesiaɣie; fluna ame ale gbegbe. Mawu tia Yuda gɔ̃ hã, eye wòfia nui le nyateƒe me. Egblɔ nyaɣaɣlawo ŋuti sidzedze na amewo. Wotsɔ ŋusẽ ƒe subɔsubɔdɔ aɖe nɛ eye wòda gbe le dɔnɔwo ŋu eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Gake mete ŋu yi mɔa ƒe nuwuwu o.

Màte ŋu ayi kple Nya la ƒe akpa aɖe ko o, ele be nàxɔ Nya la KATÃ. Ame aɖewo li siwo dze abe ɖe woƒo wo ɖokui ɖe Mawu ƒe nuwo me alafa ɖe alafa dzi kloe ene, gake o.

Egblɔ be mesu be Yeŋutɔ yeawɔ ɖeka kple hame bliboa, alo Efesotɔwo ene ƒe subɔsubɔdɔ atɔ̃awo gɔ̃ hã o. Exlɔ̃ nu mí be le agbenɔɣi ɖesiaɖe me la, hamea trana, eye menye hameviwo ɖeɖekoe o ke boŋ nunɔlawo ƒe hatsotsoa hã — alẽkplɔlawo tɔ medzɔ o tututu ko abe alẽawo hã ene.

Eyata to Eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ƒe aɖaŋuɖoɖo si wòɖo kplikpaa me la, Etsɔ Eɖokui va kpea dzi le míaƒe agbenɔɣia me abe Alẽkplɔla Gãtɔ ene le Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia ƒe subɔsubɔdɔa me be wòakplɔ Yeƒe dukɔ atrɔ ayi nyateƒea kple nyateƒe ma ƒe ŋusẽ gbogbo la gbɔ.

Ele Eƒe gbedeasitsɔla me eye amesi adi be Mawu ƒe blibonyenye nanɔ yesi la adze gbedeasitsɔla la yome abe alesi gbedeasitsɔla la nye Aƒetɔ la yomedzela to Eƒe Nya dzi ene.

Medi be Mawu ƒe blibonyenye nanɔ asinye eye madze Eƒe gbedeasitsɔla yome. Eyata na mí, Branham ƒe Agbadɔ la, mɔ ɖeka kolia si dzi míato adze gbedeasitsɔla la yome esi wòle Aƒetɔ la yome dzem to Eƒe Nya dzi la, yenye be MÍAZI PLAY dzi eye míase Mawu ƒe Gbe Dzadzɛ la wòagblɔ nya siwo medana o na mí.

Mehiã be míasusu alo alé ŋku ɖe nusi sem míele ŋu o, ɖeko wòle be míazi Play dzi eye míaxɔ Nya ɖesiaɖe si sem míele la dzi ase.

Mese Nɔviŋutsu Branham gblɔ nya si gbɔna la gbeɖeka ŋdi kanya le Voice radio dzi. Esi Mesee la, eva nye dzi me be alea tututue me / míesena le mía ɖokui me ne míegblɔ be:

ÐEKO MÍEZIA PLAY HESENA NYAƑOKAWO.

Eɖi míaƒe Xɔse ƒe nyagbɔgblɔ nam.

Susuma tae mexɔa Gbedasi sia dzi se, enye be Etso Mawu ƒe Nya la me. Eye nusianu si le Mawu ƒe Nya godo la, nyemexɔe se o. Ate ŋu anɔ nenema, gake kokoko la, ɖeko manɔ anyi kple nusi Mawu gblɔ la, eye emegbe maka ɖe edzi be tɔnye dzɔ. Azɔ, Mawu ate ŋu awɔ nusi Wòdi. Eyae nye Mawu. Gake zi alesi mele Eƒe Nya la gbɔ ko la, ekema menya be ele eteƒe. Mexɔe se.

Ŋutikɔkɔe, egblɔe wòde BLIBO ale gbegbe. Subɔsubɔdɔ bubuawo katã ateŋu anyee, elabena Mawu ateŋu awɔ nusi Wòdi, kple amesi Wòdi, Enye Mawu. Gake zi alesi meli kpli Eƒe Nya, Eƒe Gbe, Nyaƒokawo ko la, ekema menya be ele eteƒe. Mexɔe se.

Menya be ame geɖewo xlẽa nye lɛtawo eye wosea nya si megblɔna kple nusi mexɔ se be enye Aƒetɔ la ƒe Lɔlɔ̃nu na míaƒe hame la gɔme baɖa. Magagblɔe ɖokuibɔbɔtɔe dzro abe alesi nyagblɔɖila la gblɔe ene be: “Nye hame ɖeɖeko tɔe nye lɛta siawo. Amesiwo di be yewoayɔ Branham ƒe Agbadɔa be yewoƒe hame. Amesiwo DI BE WOADE DZESI YEWO EYE WOAYƆ YEWO BE NYAƑOKA TƆWO”.

Ne mielɔ̃ ɖe nusi megblɔ kple mexɔ se dzi o la, ekema enyo 100% nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo. Nye lɛtawo menye miatɔ alo tsi tre ɖe miawo alo miaƒe hamewo ŋu o. Miaƒe hame le eɖokui si eye ele be miawɔ abe alesi miese le mia ɖokui me be wokplɔ mi be yewoawɔ ene, gake le Nya la nu la, nenema ke mía tɔ hã le, eye esiae nye nusi míexɔ se be enye Mawu ƒe mɔ si wota na mí.

Míexɔa amesiame ɣesiaɣi be woawɔ ɖeka kpli mí Kwasiɖagbe ɖesiaɖe le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi. Kwasiɖa sia me la, Mawu ƒe Ɣletivi na míaƒe agbenɔɣia, William Marrion Branham, atsɔ Gbedasi, 60-1209 Sardes Hame La ƒe Agbenɔɣi vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham