24-1013 Patmo Ŋutega La

Gbedasi: 60-1204E Patmo Ŋutega La


BranhamTabernacle.org

Nya Deblibo Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Nukae le edzi yim le Ŋugbetɔa me le xexeame godoo? Míele gegem ɖe Gbɔgbɔ la me, míele tsotsom hele ɣli dom be, “Ŋutikɔkɔe! Aleluya! Mikafu Yehowa!” Mawu le míakɔm hele Eƒe Nya la ɖem fia Eƒe Ŋugbetɔ la.

Nusiwo míexlẽ hese le míaƒe agbemeŋkekewo katã me la le dzedzem azɔ. Agbegbɔgbɔ gã aɖe le edzi yim. Nya la le kekeli klẽm na mí wu tsã.

Míesenɛ le míaƒe luʋɔwo ƒe gogloƒe me ŋutɔ. Nane to vovo, nane le edzi yim. Míele sesem le mía ɖokui me be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le ami sim na mí, tsɔ Eƒe Nya yɔ míaƒe dziwo kple susuwo me fũ.

Míate ŋu ase Eƒe nuƒoƒo na mí be: Menya be futɔ la le avu wɔm kpli mi wu tsã ŋutɔ, gake migavɔ̃ o ɖevi suewo, TƆNYEE MIENYEE. Metsɔ Nye lɔlɔ̃, dzideƒo kple ŋutete na mi. Miɖe Nya la gblɔ ko, eye Mawɔe. Meli kpli mi ɣesiaɣi.

Le míaƒe Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia ŋuti nusɔsrɔ̃ gã me la, míele mɔ kpɔm vevie kwasiɖa sia kwasiɖa na nusi Wòaɖe afia mí le emegbe. Eƒe Nya koe nye míaƒe sitsoƒe, ŋutifafa kple akɔfafa. Míeɖoa to nyuie zi gbɔ zi geɖe geɖe. Xexlẽme ɖesiaɖe si míexlẽa la, míedina be míado ɣli ahakpa abobo sesiẽ esime Nya la le ʋuʋum le míaƒe ŋkume. Kɔkɔdzɔe ƒe Xose la le ɖiɖim ɖe Ŋugbetɔ la dzi , eye wòle míaƒe luʋɔwo me yɔm fũ

Mibu eŋu kpɔ, teƒe bubu aɖeke meli le xexeame si nàte ŋu ayi o, negbe le wò asibidɛwo nu tututu, be nàse Mawu ƒe Gbe aƒo nu na wò eye wòaɖe Eƒe Nya la afia.

Alesi Mawu ɖe nutsyɔnu la ɖa, hee ɖe megbe, eye wòna Yohanes kpɔ eme eye wòkpɔ nusi hame la ƒe agbenɔɣi ɖesiaɖe le wɔwɔ ge, eye Wòŋlɔe ɖe Agbalẽ me Heɖoe ɖe mí. Emegbe esime ɣeyiɣia ƒe blibonyenye va la, Mawu dɔ Eƒe dɔla adrelia sesẽ la ɖa be Wòaɖee agblɔ, eye wòaɖe nusi katã Wòdi be yeagblɔ la afia.

Yohanes ŋlɔ nusi wòkpɔ, gake menya eƒe gɔmesese o. Yesu menyae gɔ̃ hã esime Wònɔ anyigba dzi afisia o. Ame aɖeke le agbenɔɣiawo katã me menya o, vaseɖe egbe, ɣeyiɣi sia, dukɔ sia, MÍ, Eƒe Ŋugbetɔ.

Alesi Wòɖee fia mí be akaɖi adre mawo nɔ agbe kple kekeli hem tso agba gã ma ƒe nunɔamesiwo me. Egblɔ alesi wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe amikawo nyrɔ̃ ɖe eme la na mí. Hame ƒe agbenɔɣi ƒe dɔla ɖesiaɖe nɔ dzo me kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple eƒe amika si nyrɔ ɖe Kristo me, nɔ Kristo ƒe agbe tututu hem eye wònɔ Kekeli ma nam hamea. Ke azɔ, míaƒe ŋkeke mamlɛa ƒe gbedeasitsɔla, gãtɔ kekeake le gbedeasitsɔlawo katã dome la, ɖe agbe ma ke kple Kekeli ma ke ɖe go to agbe si woɣla kple Kristo le Mawu me dzi.

Emegbe míaƒe dɔla sesẽ la gblɔ na mí be menye ɖeko gbedeasitsɔla ɖesiaɖe ɖo teƒenɔnu le afima o, GAKE MÍA DOMETƆ ƉESIAƉE HÃ, Mawu ƒe xɔsetɔ vavãwo. Woɖe mía dometɔ ɖesiaɖe hã ƒe teƒenɔnu le afima fia wòwɔ nuku ŋutɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe le nu hem tso dzɔƒe ɖeka me ke abe gbedeasitsɔlawo ene. Wotsɔ mí katã nyrɔ̃ ɖe agba ɖeka ma ke me. Míeku na mía ɖokui eye MÍAƑE agbe ɣla ɖe, kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ la me.

Alesi wòdea dzi ƒo na mí to gbɔgblɔ be ame aɖeke mate ŋu aɖe mí le Mawu ƒe Asi me o me. Womate ŋu atrɔ asi le míaƒe agbe ŋu o. Míaƒe agbe si wokpɔna la le bibim hele keklẽm, le kekeli kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ɖeɖeɖegowo nam. Míaƒe agbe ememetɔ, si womekpɔna o la ɣla ɖe Mawu me eye Aƒetɔ la ƒe Nya la nyia mí.

Aʋaawo nu sẽ ŋutɔ. Futɔa le dziku dom wu tsã, hele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeaɖe dzi le mía ƒo, ate mí ɖe anyi, gake mate ŋu awɔe o. Mawu ŋutɔ ƒoa nu na mí to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi eye wògblɔna na mí be, MÍENYE EƑE ŊUGBETƆ, AMESIWO WÒTIA, eye Eɖua abosam dzi ƔESIAƔI.

Míaƒe Aƒetɔ Deblibo, si le Eƒe Nya Deblibo la gblɔm, le Ŋutifafa Deblibo nam, Eƒe Ŋugbetɔ Deblibo la.

Abe kokoko ene la, míele xexeame kpem be woava nyrɔ̃ woƒe amika ɖe AGBA GÃ la me, Gbedeasi sia, si wodzra ɖo helé ɖi na Ŋugbetɔ la. Míanɔ ɣli dom sesiẽ ahanɔ abobo kpam le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míanɔ Mawu ƒe Gbe sem wòaƒo nu aɖe nusi dzɔ le: Patmo Ŋutega La 60-1204E me afia.

Nɔvi. Joseph Branham