24-0908 Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me

Gbedasi: 65-0822M Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me


BranhamTabernacle.org

Branham Ƒe Agbadɔ Lɔlɔ̃tɔ,
Aleke gbegbe woyra míaƒe ŋkuwoe; elabena wokpɔa nu. Aleke gbegbe woyra míaƒe towoe; elabena wosea nue. Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo míekpɔ kple esiwo míese, gake womewɔe o. MÍEKPƆ HESE MAWU ƑE GBE SIA.
Mawu ŋutɔ tiae be yeaŋlɔ Yeƒe Biblia to Yeƒe nyagblɔɖilawo dzi. Mawu ŋutɔ hã tiae be yeaɖe Yeƒe nyaɣaɣlawo katã afia Yeƒe Ŋugbetɔ to Yeƒe nyagblɔɖila dzi. Enye Eƒe nyenyewo, Eƒe Nya si wòɖe gblɔ, si na Nua katã zu Eƒe akpa aɖe.
Esi míaƒe agbenɔɣia ɖo la, Ena Eƒe nyagblɔɖila va ɖo le ɣeyiɣi ma ke me. Egbɔ ɖe eme eye wòƒo nu to edzi. Enye Eƒe mɔnu si woɖo ɖi do ŋgɔ eye wònae be wòawɔe. Abe Biblia ene la, Mawu ƒe Nyae wònye, ke menye amegbetɔ ƒe nya o.

Ele be Tɔɖoƒe, si nye nu mamlɛtɔ nanɔ mía si; Nya mamlɛtɔ. Ame aɖewo gblɔna be Bibliae nye yewoƒe Tɔɖoƒe, ke menye nusi wogblɔ le nyaƒokawo dzi o; abe ɖe wogblɔ nya tovovo aɖe ene. Ewɔ nuku ŋutɔ alesi Mawu ɣla Eƒe Nya ƒe Ɖeɖefia vavãtɔ ɖe ame geɖe, gake Eɖee fia eye wòna Eme kɔ na Eƒe Ŋugbetɔ alegbegbe. Ame bubuwo mate ŋu awɔ naneke o, woƒe ŋku gbã eye Mawu ƒe Nya si woɖe fia ƒe Ɖeɖefia bliboa mele wo si o.

Mawu ƒo nu le Eƒe Nya (Biblia) me to Eƒe nyagblɔɖila dzi eye wògblɔ na mí be, “Esime Mawu, ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, ”. Eyata, Mawu ƒe nyagblɔɖilawoe ŋlɔ Biblia. Menye woawoe o, ke boŋ Mawue nɔ nu ƒom to wo dzi.

Egblɔ le míaƒe ŋkekea me be yeaɖo Yeƒe nyateƒegbɔgbɔ ɖe mí be wòafia mɔ mí ayi nyateƒewo katã me. Maƒo nu tso eɖokui ŋu o; ke nu sia nu si wòase la, eyae wòagblɔ, eye wòafia nu siwo gbɔna la mí.”

Gbedasi si le nyaƒokawo dzi la nye Mawu ƒe nyateƒe siwo woɖe ɖe go. Mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Enye Mawu Ŋutɔ si le Eƒe Nya la gɔme ɖem esime Wòle Egblɔm le nyaƒokawo dzi.

Dziyiyi aɖeke mele nusi ame bubuwo gblɔna la me o, nusi Mawu gblɔna la me koe. Nusi wogblɔ le nyaƒokawo dzi koe nye Gbe ɖeka si MATRƆ GBEÐE o. Amewo trɔna, susuwo trɔna, gɔmeɖeɖewo trɔna; Mawu ƒe Nya metrɔna gbeɖe o. Ŋugbetɔ la ƒe Tɔɖoƒe ye.

Nyagblɔɖila la tsɔ kpɔɖeŋu aɖe na mí be kpẽkula nye tɔɖoƒe le bɔlƒoƒo me. Eƒe nyae nye mamlɛtɔ. Màte ŋu ake ɖii o. Nusi wògblɔ la, eyae nye ema, etɔ. Azɔ segbalẽ aɖe le kpẽkula si si dzi wòle be wòato. Egblɔa afisi teƒewo le na bɔlu alo vodada, ɣeyiɣi si miele dedie kple ɣeyiɣi si miedo le tome; nusi nye se siwo le bɔlƒoƒo ŋu.

Exlẽa agbalẽ ma hesrɔ̃nɛ ale be ne ele nu ƒom, eye wòwɔ eƒe nyametsotso la, emae nye se la, emae nye nya mamlɛtɔ. Ele be nànɔ anyi kple nusi wògblɔ, nyabiase aɖeke o, nyaʋiʋli aɖeke o, nya sia nya si wòagblɔ la, nenemae wòle be wòanɔ eye womate ŋu atrɔe o. Ŋutikɔkɔe.

Nɔviŋutsu Branham megblɔ be mele be miaɖe gbeƒã, alo afia nu o; ke boŋ egblɔ be woaɖe gbeƒã, eye miaɖo to miaƒe kplɔlawo, gake ele be Mawu ƒe Gbe si le nyaƒokawo dzi nanye miaƒe Tɔɖoƒe.

Ele be blaɖenu sɔti aɖe nanɔ anyi; ne míagblɔe bubui la, nu mamlɛtɔ aɖe. Ele be nu mamlɛtɔ ma nanɔ amesiame si. Enye nya mamlɛtɔ. Teƒe ɖeka koe Mawu na be woakpɔ ema, eyae nye Mawu ƒe Gbe le nyaƒokawo dzi. Enye Mawu ƒe Nya la gɔmeɖeɖe mawumeto. Enye NYA MAMLEA, AMEN LA, ALE AƑETƆ LA GBLƆ ESI LA.

Yesu ŋutɔ gblɔ be míeyɔa wo be “mawuwo,” amesiwo gblɔ Eƒe Nya; eye wonye mawuwo. Egblɔ be esi wotsɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ si ami na nyagblɔɖilawo la, wotsɔ Mawu ƒe Nya la tututu vɛ. Mawu ƒe Nyae nɔ nu ƒom to wo dzi.

Esia tae nyagblɔɖila la dzideƒo nɔ esi alegbegbe ɖo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ʋãnyae wògblɔ Mawu ƒe Nya si me vodada mele o. Mawu tiae na míaƒe agbenɔɣia. Etia Gbedasi si wòagblɔ, míaƒe nyagblɔɖila ƒe dzɔdzɔme kple nusiwo ava yi edzi le míaƒe agbenɔɣia me gɔ̃ hã.

Nya siwo wògblɔ, alesi wòwɔ nue, gbãa ŋku na ame bubuwo, gake ʋua míaƒe ŋkuwo. Edo awu si ƒomevi wòdo gɔ̃ hã nɛ. Eƒe dzɔdzɔme, eƒe didi vevie, nusianu abe alesi wòle be wòanɔ ene. Wotiae bliboe na mí, Mawu ƒe Ŋugbetɔ la.

Esia tae, ne MÍEVA ƑOƑU LA, Enye Gbe si míedi be míaɖo GBÃ be míase. Míexɔe se be míele Nya Dzadzɛ si wogblɔ tso Mawu ƒe dɔla tiatia kple si wotɔ asi la gbɔ sem.

Míenya be ame bubuwo mate ŋu akpɔe alo ase egɔme nenema o, gake egblɔ be yeƒe hamea koe yele nu ƒom na. Nusi Mawu na amebubuwo be woakplɔ la mekpɔ ŋkume nɛ o; Nuɖuɖu si ƒomevi wòtsɔ nyina mí koe kpɔ ŋkume nɛ.

Esia tae míegblɔna be míenye Branham ƒe Agbadɔ, elabena egblɔ be Gbedeasia nye yetɔwo le Agbadɔa me tɔ, alẽha sue si di be yeaxɔ nyaƒokawo ahase wo. Nu si Mawu tsɔ nɛ be wòakplɔ la ye wònɔ nu ƒom na.

Egblɔ be, “ne amewo di be yewoatsaka nuɖuɖu kple nu vovovowo le afima la, xɔ ɖeɖefia la tso Mawu gbɔ eye miwɔ nusi Mawu gblɔ na mi be miawɔ. Nye hã mawɔ nu ma ke. Gake Gbedasi siawo, siwo le nyaƒokawo dzi la, hame sia ɖeɖeko tɔ wonye.”

Aleke Wòwɔe wòle bɔbɔe nyateƒetɔe na Eƒe Ŋugbetɔ be wòakpɔ Mawu ƒe Gbe ahasee eye wòawɔ ɖe Eƒe mɔfiamewo dzi.

Ne èdi be yeawɔ ɖeka kpli mí be míase Gbe ma la, mía katã míaɖo to le game ɖeka dzi Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12:00 me, Jeffersonville ƒe game dzi:

65-0822M- Woɖe Kristo Fia Le Eŋutɔ Ƒe Nya Me”.

Ne màte ŋu awɔ ɖeka kpli mí o la, mele dzi dem ƒo na wò be nàse Gbedasi sia ɣesiaɣi si nàte ŋui.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasia:

Mose II, 4:10-12
Yesaya 53:1-5
Yeremya 1:4-9
Maleaxi 4:5
Luka Kɔkɔe 17:30
Yohanes Kɔkɔe 1:1 / 1:14 / 7:1-3 / 14:12 / 15:24 / 16:13
Galatiatɔwo 1:8
Timoteo II, 3:16-17
Hebritɔwo 1:1-3 / 4:12 / 13:8
Petro II, 1:20-21
Nyaɖeɖefia 1:1-3 / 10:1-7 / 22:18-19