24-0804 Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

Gbedasi: 65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi

PDF


BranhamTabernacle.org

Mana Ɣaɣla Ɖula Lɔlɔ̃awo,

Mawu dɔ Eƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia be wòakplɔ Yeƒe Ŋugbetɔ; menye ame bubu o, menye amewo ƒe hatsotso o, ke boŋ AME ÐEKA, elabena Gbedasi la kple Eƒe gbedasitsɔla le ɖeka. Mawu ƒe Nya mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o. Egblɔe na Eƒe Ŋugbetɔ to amegbetɔ ƒe nuyiwo dzi eye Míexɔe se abe alesi tututu Wògblɔe ene.

Ele be míakpɔ nyuie ale gbegbe egbea kuɖe gbe si le mía kplɔm, kple nusi gblɔm wòle na mí ŋu. Míaƒe dzeƒe mavɔ ŋutɔŋutɔ la nɔ te ɖe nyametsotso ma tututu dzi; eyata ele be míatso nya me le gbe si nye gbe vevietɔ kekeake si wòle be míase ŋu. Gbe ka dzie Mawu ɖo kpee? Gbe ka sie Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi lee? Mate ŋu anye nye gbe, nye nyawo, nye nufiafia o, gake Ele be wòanye Nya la, eyata ele be míayi Nya la gbɔ akpɔ nusi Wògblɔ na mí.

Ðe Wògblɔ na mí be Afɔ subɔsubɔdɔ atɔ̃awo ɖe tsitre be woakplɔ mí le nuwuwua? Míele ekpɔm nyuie le Nya la me be woƒe teƒe le wo si; teƒe veviewo ŋutɔ, gake ɖe Nya la gblɔ le AFIAƉE be woawoe anye amesiwo si gbe vevietɔwo kekeake si WÒLE BE míase hafi anye Ŋugbetɔ la lea?

Nyagblɔɖila la gblɔ na mí be ame geɖewo atso le ŋkeke mamlɛawo me siwo adze agbagba be yewo awɔdɔ na Mawu Eƒe lɔlɔ̃nu manɔmee. Ayra woƒe subɔsubɔdɔa, gake menye Eƒe mɔ deblibo si dzi woato akplɔ Eƒe Ŋugbetɔ lae ma o. Egblɔ be Eƒe Lɔlɔ̃nu deblibo nye, eye wòakpɔtɔ anye nenema ɣesiaɣi, be woase yeƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe ƒe Gbe kple axɔe ase. Elabena Eya, ke Eya ɖeɖeko, si ye ale Aƒetɔ la Gblɔ Esi la le. Esia tae Wòdɔ Eƒe dɔla ɖo; nusita Wòtia eyama ɖo; nusita Wòna Wolé ɖi ɖe mɔ̃ dzi yema. Enye Gbɔgbɔme Nuɖuɖu Le Eɖuɣi, Mana Ɣaɣla, na Eƒe Ŋugbetɔ la.

Elabena le agbenɔɣi adreawo me la, nyemekpɔ naneke o negbe amesiwo dea bubu woŋutɔ ƒe nya ŋu wu Tɔnye. Eyata le agbenɔɣi sia ƒe nuwuwu la, mele miatum ƒu gbe tso Nye nu me. Nua katã wu enu. Mele nu ƒo ge nyuie. Ẽ, mele afisia le Hame la ƒe titina. Mawu ƒe Amen, nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ aɖe Eɖokui afia eye ANYE TSO NYE NYAGBLƆƉILA DZI.” Oo, ẽ, nenemae wòle.

Le agbenɔɣi adreawo me la bubuwo dea bubu woƒe nya ŋu wu Tɔnye. Ele be miabia mia ɖokui be, ɖe esia mele dzɔdzɔm le mía dome fifia o mahã? “Migaƒo nyaƒokawo le sɔleme o, gake ele be miaɖo to miaƒe pastɔ ya, ɖeko nyaƒokawo ya miƒowo le miaƒe aƒeme ko”. Wometsɔa Eƒe Gbe si le nyaƒoka dzi ɖoa ɖoƒe abe Gbe vevitɔ kekeake ene o, ke boŋ woƒe gbe ye.

Wole woɖokui fiam amewo, kple WOƑE subɔsubɔdɔa ƒe vevienyenye, WOƑE yɔyɔ be woaɖe gbeƒã Nya la, be woakplɔ Ŋugbetɔ la; gake Ŋugbetɔ la mate ŋu ado dzi ɖe enu o. Womalɔ̃ awɔe o. Womalɔ̃ axɔe o. Womawɔ kpɔmewɔe le Eŋu o; Mawu ƒe Gbe ye ke menye nu bubu aɖeke o. Nenemae Nya la gblɔ.

Nyabiase si le amewo ƒe susuwo me egbea enye be: Amekae Mawu tia be wòaxɔ ŋgɔ na Eƒe Ŋugbetɔ, nyaƒokawo alo subɔsubɔdɔ atɔ̃awoa? Ðe subɔsubɔdɔa ana Ŋugbetɔsrɔ̃a nade bliboa? Ðe subɔsubɔdɔa afia mɔ Ŋugbetɔa? Le Mawu ƒe Nya nu la, menye Eƒe mɔ kpɔ gbeɖe o.

Ame geɖewo alegbegbe li egbea siwo gblɔna be yewodze Gbedasi sia yome eye yewoxɔe se ƒe geɖe geɖewo, gake fifia wole subɔsubɔdɔ LA ɖom gbe vevietɔ kekeake si wòle be miase.

Subɔsubɔdɔ ka yome nàdze le ekema? Subɔsubɔdɔ ka dzie nàda wò dzeƒe mavɔ ɖo? Wo katã wogblɔna be Mawu yɔ yewo be yewoaɖe gbeƒã Gbedeasia. Nyemegbe alo ke ɖi nya ma o, gake mawunyagblɔla siwo ɖo hoho ɖe amewo dzi kekeake wu le subɔsubɔdɔ atɔ̃awo dometɔ aɖewo me gblɔ be, “Menye Mawu ƒe Gbe ye o, William Branham ƒe gbe koe”. Bubuwo gblɔna be, “ame ɖeka ƒe Gbedasi ƒe ŋkekewo wu enu”, alo “Gbedasi sia menye Tɔɖoƒe la o”. Amesi le mia kplɔm ye ma?

Ame siwo ɖe gbeƒã le woƒe takpekpegã alafa geɖewo me; kplɔla gãwo le subɔsubɔdɔ atɔ̃awo me, AZƆ wole nugbem le Gbedasia gbɔ hele GBƆGBLƆM be, “Gbedasi sia nye alakpa”.

Subɔsubɔdɔa katã ƒe akpa gãtɔa gblɔna egbea be, “mele be miase Mawu ƒe dɔla ƒe Gbe le hamea me o, mise le miaƒe aƒewo me ko.” “Nɔviŋutsu Branham megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”

Ema nye nusi dzi womate ŋu axɔ ase o. Nyemate ŋu axɔe ase be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si gblɔ be yewoxɔ Gbedasi sia dzi se, be Nɔviŋutsu Branham nye Mawu ƒe dɔla gbedeasitsɔla adrelia, Amegbetɔ Vi si le nu ƒom la, adze beblenya me abe ema ene o. Ele be wòana dɔme naɖu wò. Ne ènye Ŋugbetɔ la, AWƆE.

Mawu metrɔa Eƒe susu le Eƒe Nya la ŋu gbeɖe o. Etiana ame ɖeka kokoko be wòakplɔ Yetɔwo. Bubuawo ƒe teƒe li, gake ele be woakplɔ ameawo ayi ame ɖeka ma si WÒtia be wòakplɔ ameawo gbɔ. Minyɔ lo amewo. Mise nya si gblɔm mawunyagblɔla siawo le na mi. Nɔviŋutsu Branham ƒe nyagbɔgblɔ siwo zãm wole tsɔ le woƒe subɔsubɔdɔa ɖom ɖe nyagblɔɖila la tɔ ŋgɔ. Aleke ame aɖe ƒe subɔsubɔdɔ ate ŋu anɔ vevie wu be woase Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe si Wòɖe fia be enye Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi sese?

Egblɔ na mí gagblɔ na mí be, amesiamina vavãwo ate ŋu anɔ anyi, kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe vavãtɔ le wo dzi, evɔ wonye alakpatɔwo. MƆ ÐEKA koe li si dzi miato akpɔ kakaɖedzi, MINƆ ANYI KPLE NYA GƆMEDZETƆA, elabena Gbedasi sia kple gbedasitsɔla la le ɖeka. Gbe ɖeka koe Mawu tia be Wòanye Ale Aƒetɔ La la Gblɔ Esi…ÐEKA.

Subɔsubɔdɔ vavãtɔ la agblɔ na mi be NANEKE mele vevie wu Mawu ƒe Nya sese tso Mawu ƒe Gbe me le nyaƒoka dzi o. Woate ŋu aɖe gbeƒã, afia nu, alo nusianu si woyɔ wo be woawɔ, GAKE ELE BE WOAÐO MAWU ƑE GBE GBÃTƆ; GAKE WOMELE EWƆM O, KE WOLE WOƑE SUBƆSUBƆDƆ ÐOM GBÃTƆ. Woƒe nuwɔnawo ŋutɔ ɖo kpe nusi dzi woxɔ se dzi.

Woƒoa asa na biabia si ku ɖe Mawu ƒe Gbe dada ɖe woƒe nyagblɔtiwo dzi ŋuɖoɖo le esia gbɔgblɔ me be, Nɔviŋutsu Joseph mexɔ mawunyagblɔlawo dzi se o. Mexɔ sɔlemedede dzi se o. Wole ame subɔm. Wole Joseph ƒe nufiafia ma yome dzem. Ele kɔmahatsɔŋkɔ ɖom to nyaƒoka ɖeka mawo ke ƒoƒo kple sese me. Ameawo ƒe susu ɖeɖe ɖa le nyabiase vevitɔa ŋu ko. Woƒe nuwɔna ɖoa kpe nusi dzi woxɔ se dzi to nusi wofiana woƒe amewo dzi, YEWOƑE SUBƆSUBƆDƆ GBÃ.

Wogblɔna be, woana amewo nase nyaƒoka ɖeka ma ke le game ɖeka me la nye kɔmahatsɔŋkɔ. Ðee menye nusi tututu Nɔviŋutsu Branham wɔ esime wònɔ afisia oa; atsa amewo ɖe ka dzi be wokatã woase Gbedasia katã le game ɖeka me oa?

Bia ɖokuiwò be, ɖee Nɔviŋutsu Branham le afisia egbea le ŋutilã me la, ɖe Ŋugbetɔ la katã MAGEƉE KA DZI be yewo katã yewoaɖo to eyama le game ɖeka me mahã? Ðe madze agbagba be yeaƒo Ŋugbetɔ la nu ƒu aƒo xlã EƑE SUBƆSUBƆDƆA abe alesi wòwɔe hafi Mawu kplɔe yi aƒeme ene oa?

Mina matsɔ nane ade eme le afisia. Ðeklemiɖelawo agblɔ be, kpɔ ɖa, egadzo vɔ lo, le gbetem ɖe amea dzi akpa; wole ame, William Marrion Branham ɖo kplɔm !! Mina míakpɔ nusi Nya la gblɔ tso ema hã ŋu ɖa ko:

Le dɔla adrelia ƒe ŋkekewo me, le Laodikea ƒe agbenɔɣi ŋkekewo me la, eƒe gbedeasitsɔla aɖe Mawu ƒe nya ɣaɣlawo afia abe alesi woɖee fia Paulo ene. Aƒo nu, eye amesiwo axɔ nyagblɔɖila ma le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la axɔ nyagblɔɖila ma ƒe subɔsubɔdɔa ƒe viɖe.

Esia le dziku do ge na abosam wu ame bubu, eye aƒo nu ɖe ŋunye geɖe wu, gake tɔnyewo, anyo wu be miatsɔ Nya la alé ŋku ɖe esia ŋu. Menye esi megblɔe tae o, ao, ekema manɔ abe ame bubu ɖesiaɖe ene, ke boŋ miʋu miaƒe dziwo kple susuwo eye miatsɔ Nya la alé ŋku ɖe eŋu. Menye nusi ame bubu aɖeke gblɔ alo esi gɔme wòɖe na mi o, ke boŋ nya si Mawu ƒe nyagblɔɖila gblɔ.

Le lɛta sia megbe la, wole nɔviŋutsu Branham ƒe nyagbɔgblɔ ɖe nyagbɔgblɔ kpeɖe nyagbɔgblɔ ŋu tsɔ ge ana mi , ke mele AMEN ɖem nyagbɔgblɔ ɖesiaɖe dzi, GAKE ƉE KAE KU ƉE NU VEVIETƆA YA ŊU? Ðe wole nyagbɔgblɔawo zãm tsɔ le gbɔgblɔm na mi be nyagblɔɖila la sese yenye nusi wòle be miawɔ, lo WOƑE SUBƆSUBƆDƆA bɔŋue? Ne woɖo ŋu be Gbedasia ye, nyagblɔɖila ye la, ekema migblɔ na wo be elebe woaɖo Gbe ma GBÃ teƒe le miaƒe hamea me.

Le amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko nu la, amesiame nya be afisi ame geɖe le la, nukpɔsusu vovovo gɔ̃ hã nɔa nufiafia gã aɖe ƒe akpa sue siwo wo katã wolé ɖe asi ŋu.

Afimae wòle. Nɔvi Branham ƒe nyagbɔgblɔ ɖeka sia le gbɔgblɔm na wò be mate ŋu, eye MANYE, ame ƒe hatsotso o. Menye subɔsubɔdɔae awɔ amewo ɖekae o elabena le amegbetɔ ƒe nuwɔna ɖeɖeko dzi la, woma ɖe nufiafia gãwo ƒe akpa suewo dzi, wo katã womate ŋu alɔ̃ ɖe edzi kple wonɔewo o, eyata ele be nàtrɔ ayi ɖe GƆMEDZEDZE NYA la gbɔ.

Ekema amekae akpɔ vodadamanɔŋu ƒe ŋusẽ si woagbugbɔ aɖo anyi le ɣeyiɣi mamlɛ sia me, elabena agbenɔɣi mamlɛ sia atrɔ ayi Ŋugbetɔ Nya Dzadzɛ la ƒe ɖeɖeɖego gbɔ?

AMEKAE akplɔ mí? GBE ÐEKA si si vodadamanɔŋu ƒe ŋusẽ le akplɔ Ŋugbetɔ la.

Ema fia be Nya la agasu mía si ake abe alesi wonae bliboe, eye wose egɔme bliboe le Paulo ƒe ŋkekeawo me ene.

Ŋutikɔkɔe…Wotsɔe na bliboe eye wose egɔme bliboe. Mehiã gɔmeɖeɖe aɖeke o, le esi wotsɔe na bliboe, eye mí Ŋugbetɔ la, míese Nya ɖesiaɖe gɔme bliboe hexɔe se ta.

Yenye ema. Ele nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe la ɖom ɖa.

Ele nyagblɔɖila aɖe ɖom ɖa le ƒe akpe eve kloe megbe.

Ele ame aɖe si didi boo tso ɖoɖowɔha, sukudede, kple subɔsubɔ ƒe xexeame gbɔ ɖom ɖa ale gbegbe be abe Yohanes Amenyrɔ̃la kple gbaɖegbe Eliya ene la,

Mawu gbɔ koe wòase nu tso

“Ale Aƒetɔ La Gblɔ Esi” anɔ esi eye wòaƒo nu ɖe Mawu teƒe.
Anye Mawu ƒe nu

EYA, ABE ALESI WOÐE GBLƆ LE MALEAXI 4:6 ME ENE LA, ATRƆ ÐEVIWO ƑE DZI ÐE FOFOWO ŊU.

Akplɔ ŋkeke mamlɛa ƒe ame tiatiawo agbɔe eye woase nyagblɔɖila aɖe si dzi woɖo kpe la wòagblɔ nyateƒea tututu abe alesi wònɔ kple Paulo ene.

Agbugbɔ nyateƒea aɖo anyi abe alesi wònɔ wo si ene.

Eye amesiwo wotia kplii le ŋkeke ma dzi la woanye amesiwo aɖe Aƒetɔ la afia vavã eye woanye Eƒe Ŋutilã ahanye Eƒe gbe eye woawɔ Eƒe dɔwɔwɔwo. Aleluya! Mikpɔea?

Míele Ekpɔm. Míexɔe Se. Míele dzudzɔm ɖe Edzi.

Wokpe mi be miava wɔ ɖeka kple mí esime míase Mawu ƒe nu, Gbe si awɔ Yesu Kristo ƒe Ŋugbetɔ la ɖekae, Eƒe nyagblɔɖila si dzi woɖo kpe, esi wòle nyateƒe la tututu na ge mí, le ŊDƆ ga 12, Jeffersonville ƒe game dzi.

Nɔviŋutsu. Joseph Branham

65-0725M Amesiaminawo Le Nuwuwuɣi