25-1005 Dzesi

Gbedasi: 63-0901M Dzesi



BranhamTabernacle.org

Dzesi Ƒe Ŋugbetɔ Lɔlɔ̃tɔ,

Ne míeva ƒo ƒu la, míeƒoa nu tso Gbedeasi la ŋu ko o, míeƒoa ƒu be míazã Ʋua, be míazã Dzesi la; eye Dzesi lae nye gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi! Emae nye ŋkeke sia ƒe Gbedeasi! Emae nye ɣeyiɣi sia ƒe Gbedeasi.

Míezã Dzesi ma na mía ɖokuiwo, míaƒe aƒewo, kple míaƒe ƒomewo. Ŋu mele miakpem o. Míetsɔ ɖeke kuɖe amesi nyae ŋu o. Míedi be amesiame nanyae, ame sia ame si va yina la nakpɔe eye wòanya be: Míenye Nyaƒoka Mewo. Míenye Nyaƒoka Ƒe. Míenye Mawu ƒe Nyaƒoka Ŋugbetɔ.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe = Dzesi = Gbedeasi. Wo katã wole ɖeka. Miate ŋu ama wo dome o. Fofo, Vi, Gbɔgbɔ Kɔkɔe = Aƒetɔ Yesu Kristo. Miate ŋu ama wo dome o. Gbedeasi = Gbedeasitsɔla. Meka nusi ɖeklemiɖelawo gblɔ o la, NYAGBLƆƉILA LA GBLƆ BE, miate ŋu ama wo dome o.

Mawu ye nye miaƒe dzidzɔ. Mawu ye nye miaƒe ŋusẽ. Gbedeasi sia nyanya, anya be Enye Nyateƒe ɖeka kolia, Anya be Enye Dzesi la, emae nye nusi su na mí. Ame aɖewo ate ŋu agblɔ be, “Mexɔe Se. Mexɔe Se. Mexɔe se be Enye Nyateƒe. Melɔ̃ Xɔe be Enye Nyateƒe la.” Ekatã nyo, gake kokoko la Ele be woazãe.

Nyagblɔɖila gblɔ be Gbedeasi sia nye Dzesi la na egbea. Gbedeasi sia nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Ne Gbedeasi sia ƒe Ɖeɖefia aɖe le miasi la, miate ŋu akpɔ gaƒoƒo si me míele la kɔte. Ame geɖe alegbegbe le gbɔgblɔm be, “Mexɔe Se. Mawu dɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa. Enye gaƒoƒoa ƒe Gbedeasi,” gake woƒo adegbe to gbɔgblɔ be yewomeƒoa, eye yewomaƒo, Dzesi la ŋutɔŋutɔ ƒe Gbe le yewoƒe hamewo me o.

Mawu meƒo nu to Eƒe dɔla sesẽ la dzi hegblɔ nya aɖe ko o negbe ɖe gɔmesese aɖe le eŋu hafi. Egblɔ na mí be yefia nu mí to kpɔɖenuwo kple vɔvɔliwo dzi. Le Gbedeasi sia me la, nyagblɔɖila la yi eme tsitotsito be yeagblɔ nusi Raxab kple eƒe ƒomea wɔ be woakpɔ ƉEƉE, be woazu Ŋugbetɔ la na mí. Eƒe nyame kɔ kuɖe nusi nyɔnua wɔ la ŋu.

Esi nyaƒoka ŋutsuviawo ƒo “NYAƑOKA” la…milala vie, nukae gbedeasitsɔla ma wɔ? Woƒo nyaƒoka aɖe. Emegbea nukae wòwɔ? Ewɔ eƒe aƒe NYAƑOKA HAME. Mekpe ŋu nɛ be wòagblɔ be, “Mikpɔ ka dzĩ ma ɖa, ema gɔme yenye be NYAƑOKA HAME ye menye”o.

Miesusu be ɖee wògblɔ be, “Ẽ, mexɔ gbedeasitsɔla la kple Gbedeasi la dzi se, gake míegaƒoa Nyaƒokawo le míaƒe hame la me o. Pastɔ aɖe le asinye si gblɔna be O, ɖeko wòle be wòaɖe gbeƒã Aɖaxlẽ nya siwo nyaƒokawo gblɔna.” Miesusui be akpɔ ɖeɖea …???

Ezã dzesi la, eye eƒe aƒe la kpɔ ɖeɖe, loo etsrɔ̃ le afima le afisi wònɔ.

Miese be mawunyagbɔla geɖewo doa taflatse le nyaƒokawo ƒoƒo ŋu, gake wo dometɔ akpa gãtɔ katã gblɔ be: “Nyagblɔɖila la megblɔ kpɔ be woaƒo nyaƒokawo le hamea me o.”

Nyagblɔɖila gblɔ be Raxab wɔ eƒe hame, eye eƒe hame la ƒo Nyaƒokawo. Eye esi wòƒo Nyaƒokawo le eƒe hame me ta la, eya, kple eƒe NYAƑOKA Hame la katã, nɔ DZESI la te eye wokpɔ ɖede. Hame bubu ɖesiaɖe tsrɔ̃.

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo, taflatse, nyemele gbɔgblɔm be pastɔ mate ŋu aɖe gbeƒã Gbedeasi sia o, alo be menyo ne ewɔnɛ o. Le nye ŋutɔ nye mɔ nu la, mele gbeƒã ɖem fifia to lɛta sia dzi, gake miʋu miaƒe dzi eye miaɖo to nusi nyagblɔɖila la le gbɔgblɔm hele tokla nam mi tso eŋu. Ne miaƒe pastɔ mele eƒom o, alo maƒo, ƒo nyaƒokawo le miaƒe hamea me o to taflatse aɖe ƒomevi nana me la; nukakee wòɖanye, le Nya la nu o, meka alesi gbegbe wògblɔ be mexɔ gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi dzi se o, le nusi mexɔ se be Nya la gblɔ nu la, Dzesi la, gaƒoƒo la ƒe Gbedeasi la, womele ezãm o.

Kwasiɖagbe sia, mele miakpem be miava se Gbedeasi: Dzesi 63-0901M kple Branham ƒe Agbadɔ le ŊDƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi. Ne miate ŋu awɔ ɖeka kpli mí o la, miƒo Dzesi ƒe Gbedeasi ɖesiaɖe, eye mizã Esia.

Nɔvi. Joseph Branham

Ŋɔŋlɔ siwo woaxlẽ hafi ase Gbedeasi la:
Mose I, 4:10
Mose II, ta 12 lia
Yosua ta 12 lia
Dɔwɔwɔwo 16:31 / 19:1-7
Romatɔwo 8:1
Korintotɔwo I, 12:13
Efesotɔwo 2:12 / 4:30
Hebritɔwo 6:4 / 9:11-14 / 10:26-29 / 11:37 / 12:24 / 13:8, 10-20
Yohanes Kɔkɔe 14:12