25-0126 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II

Gbedasi: 61-0618 Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II


BranhamTabernacle.org

Gbɔɖemexɔla Lɔlɔ̃tɔwo,

Esiae nye Vuvɔŋɔli nyuitɔ kekeake le míaƒe agbe me vavã. Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe. Wotre maí nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la; Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nutrenu be nusianu si ta Kristo ku ɖo la nye mía tɔ.

Míaƒe domenyinu ƒe awobanu, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le mía si azɔ. Enye kakaɖedzi, fe si woxe do ŋgɔ, be woxɔ mí ɖe Kristo me. Míele ɖiɖim ɖe eme le Mawu ƒe ŋugbedodowo me, mlɔ Eƒe Ɣe keklẽ ƒe dzoxɔxɔ me; Eƒe Nya si dzi woɖo kpe, Eƒe Gbe sese.

Enye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe awobanu. Míetsi dzi be ɖe míele yiyim ɖe Afima alo míele yiyim oa, MÍELE YIYIM! Aleke míewɔ nya ema? Mawu gblɔe nenema! Mawu do eƒe ŋugbe eye míexɔ awobanu la. Míexɔe vɔ eye Kristo lɔ̃ xɔ mí.

Mɔ aɖeke meli si dzi míato ate ɖa le Eŋu o…le nyateƒe me la, míele afima! Nusi wòle be míawɔ koe nye be míalala; Eɖiɖi le Fofo Ɖela dɔwɔm fifi laa tututu. Eƒe awobanu le mía si fifia. Ðeko míele ɣeyiɣi si wòatrɔ ava ɖe mía ta la lalam. Emegbe le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, mí katã míadzo ayi ɖe Srɔ̃ɖeɖe ƒe Srɔ̃ɖenuɖuɖu la me.

Be míabu nusiwo katã le ŋgɔ na mí ŋu ko. Míaƒe susu mate ŋu axɔe ekatã ɖe eme o. Gbesiagbe ele Eƒe Nya la me ɖem fia geɖe wu, hele kakaɖedzi nam be ŋugbedodo gã siawo nye mía tɔ.

Xexeame le gbegblẽm; dzowo, anyigbaʋuʋuwo, kple zitɔtɔ le afisiafi, ke woxɔe se be xɔnametɔ yeye aɖe le yewo si si axɔ na xexeame, eye wòahe yewoƒe Nunyoname ƒe Ɣeyiɣi vɛ. Míexɔ míaƒe Ðela xoxo eye míele agbe le míaƒe Nunyoname ƒe Ɣeyiɣi la me.

Fifia Ele mía dzram ɖo ɖe Ɖeɖefia geɖe wu ŋu esi míage ɖe Nyaɖeɖefia ƒe ta 5 lia me. Ele kpea dzi dzram ɖo ɖe afisia na Nutrenu Adreawo ƒe ʋuʋu. Abe alesi wòwɔe le Nyaɖeɖefia ƒe ta 1 gbã me ene, si ʋu mɔ na Hame ƒe Agbenɔɣi Adreawo.

Aleke Vuvɔŋɔli ƒe akpa mamlɛa anɔ na Ŋugbetɔ la? Mina míakpɔe do ŋgɔ vie:

Azɔ, ɣeyiɣi mele asinye o. Meŋlɔe ɖi, tometi aɖewo le eŋu le afisia, gake míaƒe kpekpe si gbɔna hafi míate ŋu age ɖe esia me la…Ðewohĩ ne megbɔ tso nye mɔkeke alo ɣeyiɣi bubu aɖe me la, medi be matsɔ Daniel ƒe kwasiɖa blaadre siawo eye mablae ɖe me afisia tututu, eye mafia afisi wòkplɔe yi Pentekoste ƒe Yubili la le, eye wògbugbɔe vɛ enumake kple fu…adre mawo be woaʋu nutrenu adremawo le afisia hafi míadzo teti, eye míaɖee afia be ele nuwuwu, esiawo…

Ɣeyiɣi wɔnuku kae nye si Aƒetɔ la dzra ɖo ɖi na Eƒe Ŋugbetɔ. Ele nuklom le Eɖokui ŋu le Eƒe Nya me na mí geɖe wu tsã. Ele dzidem ƒo na mí be míenye Eƒe ame tiatia siwo ta wòle vavam ɖo. Ele gbɔgblɔm na mí be míele Yeƒe lɔlɔ̃nu Deblibo la me to Yeƒe Gbe, kple Yeƒe Nya gbɔ nɔnɔ me.

Nuka wɔm míele? Naneke gobi o, Gbɔgbɔm ɖe eme! Le lalam! Agbagbadzedze megali o, tɔtɔtɔtɔ megali o, MÍELE GBƆƉEME XƆM LE EDZI!

Va xɔ gbɔɖeme kpli mí Kwasiɖagbe sia le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game dzi, esi míele Mawu ƒe Gbe si DZI WOÐO KPE la se ge wòahe Gbedeasi:
61-0618 – “Nyaɖeɖefia, Ta Atɔ̃ Akpa II” vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham