24-0512 Biabiawo kple Ŋuðoðowo #3

Gbedasi: 64-0830M Biabiawo kple Ŋuðoðowo #3

PDF

BranhamTabernacle.org

Ŋugbetɔ Ɖetugbui Dzadzɛ Lɔlɔ̃tɔ,

Alegbegbe melɔ̃na be made dzi ƒo na mi kɔsiɖa sia kɔsiɖa be Miazi Play aɖase Mawu ƒe Gbe na míaƒe ŋkeke. Elabena Menyae be Enye Mawu ƒe Ɖoɖo Deblibo na míaƒe ŋkeke.

Menye nusi gblɔm Joseph Branham le alo xɔm le sesem ye o. Nusi Mawu ƒe Gbe si dzi woɖo kpe gblɔ na mí ye:

Menye Mawu ƒe Gbe na mi.

Ne Gbedeasi sia ƒe ɖeɖefia aɖe le miasi kura la, numegbe ɖeka sue ma ɖeɖe su xoxo na mi be miagblɔ na amesiame si miedo go; xɔsetɔ ɖe sia ɖe, agblɔ na miaƒe hameawo, bena Gbe ma yenye Gbe vevietɔ si WÒLE BE MIASE.

Be míasusui be Nya siwo tututu míesena ne míele Play Zim la nye Mawu ƒe Gbe si le nuƒom na mí teŋ. Fofo na wolé ɖi ɖe mɔ̃ dzi hedzrae ɖo ɖi alebe Míazi Play ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe; alebe míase Eyama wòade dziƒo na mí, ayra mí, asi ami na mí, aɖanya míaƒe vɔvɔ̃ kple ɖikekewo katã do goe, esia katã to Play Zizi dzi ko.

Nukake míehĩa kasia la, Míazi Play, ke yenye ekem. Ele afima be yeaɖo ŋku dzi na mí be MÍENYE NYA LA. Eli kpli mí, ƒo xlã mí, LE MÍAME. Satana nye ameflula. Woɖu dzi. Naneke mate ŋu xɔ Nya ma le míasi o. Mawu Tsɔe na mí to Eƒe nunyadaɖi dzi, esime wònyae be míenye Eƒe Ŋugbetɔ. Míenɔ anyi kple Eyama tso gɔmedzedzea me ke.

Gbe Kae míate ŋu ase si alolo wu Gbe ɖeka si dzi Dzo Lilikpo la ɖo kpe be enye Mawu ƒe Gbe?

Gbe bubu aɖeke meli o.

Nya kae Gbe ma gblɔ na mí kɔsiɖa si vayi me?

Mebia mi be maxɔ ɖaa, eye ema sigbe nɔvinyeŋutsu kple nyɔnu ene. Mienye vinyewo; me—menye mia fofo le Nyanyuie la me, menye fofo abe alesi fada aɖe le ene o, menye—menye mia fofo le Nyanyuie la me abe alesi Paulo gblɔ le afima ene. Medzi mi na Kristo, ke azɔ, me—medo mia ŋugbe na Kristo; emae nye atsɔ mi na Kristo abe ɖetugbui dzadzɛ ene. Migaɖe dzi le ƒonye o! Migaɖe dzi le ƒonye o! Minɔ anyi nenema ɖetugbui dzadzɛ.

Elebe míanɔ anyi ɖetugbui dzadzɛ na Nya la, Gbe ma. Elabena na míawo la, MƆNU ƉEKA koe li be míakaɖe dzi be míele ema wɔm eyae nye: PLAY ZIZI.

Ne miexɔ dzinye se be menye nusi gblɔm miele la, Mawu ƒe subɔla, nyagblɔɖila la, miɖo to nusi gblɔm mele na mi. Mikpɔea? Ate ŋu anye be mimase egɔme o, ke ne miese egɔme o la, ekema miwɔ nusi megblɔ na mi be miawɔ la ko.

Ẽ, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋutsu amesiamina bubuwo li, eye le Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me, mele gbedom ɖa be manye ŋutsumawo dometɔ ɖeka. Mexɔe se be Eyɔm be malé Yeƒe Nya ɖe asi le miaŋgɔ aɖafia si Gbedeasi sia, Mawu ƒe Nya, Gbe ma mi.

Abe alesi Petro gblɔe ene la, nyemagbe ŋkuɖoɖodzi na mi ɣesiaɣi bena GBE ƉEKA KOE li si Mawu yɔ be yeaɖe Yeƒe Nya fia o. Gbe Ɖeka si dzi Mawu ɖo kpe. Gbe ɖeka si gblɔ be, “Miɖo to Eyama” Gbe ɖeka si Mawu gblɔ be, “Menye Mawu ƒe Gbe na mi.”

Miɖo ŋku esia dzi kple miaƒe dzi blibo be: Minɔ anyi kple Nya ma! Migadzo le Nya ma gbɔ o! Nusianu si to vo Nɛ la, miɖe asi le eŋu, meka nusi wònye o. Ekema mianyae be Ele eteƒe.

Kakaɖedzitɔe la mese nusita wosea nye gɔme baɖa alegbegbe eye bena ame aɖewo sena le woɖokuiwo me be metsitre ɖe mawunyagblɔlawo katã ŋu; bena mexɔe se be mele be ame aɖeke negblɔ mawunya o. “Ne mieɖo to mawunyagblɔla bubu aɖe wu Nɔviŋutsu Branham la, mienye Ŋugbetɔ la o.” Abe alesi megblɔe zi geɖe alegbegbe ene la, nyemegblɔ nya ma kpɔ hexɔ ema se kpɔ gbeɖe o.

Nyagblɔɖila ɖe egɔme nyuie ŋutɔ kɔsiɖa si vayi me pɛpɛpɛ alesi mele esem ene kple nusi dzi mexɔse.

Gbedeasi hame etɔ̃ bubuwo teti nɔ Jeffersonville nutoa me ɣeyiɣi si me Nɔviŋutsu Branham nɔ afisia. Le Kɔsiɖagbe si vayi ƒe takpekpea me la, egblɔ be kɔmegbadɔ pastɔ mawo menɔ anyi na ɣetrɔme takpekpe la o. Wowɔ woŋutɔ ƒe ɣetrɔ takpekpeawo. Alea, womese le woɖokui me be yeawoava ɖo to Nɔviŋutsu Branham na ɣetrɔ me takpekpe la o, gake be yewoawɔ takpekpe le yewoƒe hameawo me. Woaƒe nyametsotso kple alesi wose be wokplɔ yewo be yewoawɔ yema, ke Nɔviŋutsu Branham lɔ̃ ɖe dzi.

Egbe hame geɖewo kpɔtɔ le Jeffersonville ƒe nutoa me. Elebe woawo hã woawɔ abe alesi wose be Aƒetɔ la kplɔ yewo be yewoawɔ ene. Ne womese be yewoaƒo nyaƒokawo o la, woakafu Aƒetɔ la, wole nusi wose be wokplɔ yewo be yewoawɔ wɔm, ke numae wòle be woawɔ. Wokpɔtɔ nye míanɔviŋutsu kple nyɔnuwo eye wolɔ̃na Gbedeasi sia. Gake elebe míawɔ nusi míese be wokplɔ mí be míawɔ: Míazi Play. Míedi be míase nyagblɔɖila la.

Abe alesi Nɔviŋutsu Branham wɔe le Dasiamime 30, ƒe 1964 ene la, mele miakpem le ƔETRƆ ga 12 me, Jeffersonville ƒe game, esime zi ɖeka ake la míase nyagblɔɖila wòahe Gbedeasi: 64-0830M Biabiawo Kple Ŋuɖoɖowo #3 vɛ na mí.

Nɔvi. Joseph Branham